Ta 2
Mikafu Yehowa be Eyae nye Mawu Vavã La
1. (a) Amekae nye Mawu vavã la? (b) Esi míele nu srɔ̃m ku ɖe eyama ŋu la, aleke wòle be wòawɔ dɔ ɖe mía ŋutɔwo míaƒe agbenɔnɔ dzie?
APOSTOLO Paulo ŋlɔe ɖo ɖe hati Kristotɔwo be togbɔ be nu geɖewo li woyɔna be mawuwo hã la, “Mawu ɖeka, si nye Fofo . . . kple Aƒetɔ ɖeka, si nye Yesu Kristo, . . . la, li na mí.” (Kor. I, 8:5, 6) “Mawu ɖeka” si ŋuti Paulo ƒo nu le lae nye Yehowa, nuwo katã Wɔla la. (Mose V, 6:4; Nyaɖ. 4:11) Ŋudzedzekpɔla siwo srɔ̃a nu le eƒe nɔnɔmewo kple nusiwo wòwɔ na ameƒomea ŋu la kpɔnɛ be eƒe nu léa dzi na yewo vevie. Nukae doa go tsoa eme? Ðeko wònye nusi sɔ ɖe dzɔdzɔme nu na wo be woatsɔ nyagbɔgblɔ kple nuwɔna siaa akafu Ame ma si ƒe nuwɔna nya kpɔ na wo vevie la. Esi woƒe lɔlɔ̃ na Mawu le dzidzim ɖe edzi la, eƒonɛ ɖe wo nu be woaƒo nu tso eyama ŋu na ame bubuwo, eye wodina be yewoasrɔ̃ eyama alesi yewoate ŋui abe amegbetɔwo ene. Biblia la de dzi ƒo na mí katã be míawɔ nu ma esime wògblɔ be: “Mizu Mawu-srɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene, eye mizɔ le lɔlɔ̃ me.” (Ef. 5:1, 2) Be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, ehiã be míanya Yehowa abe alesi wòle ŋutɔŋutɔ ene.
Amesi Ƒomevi Yehowa Nye
2. Nukawoe nye Mawu ƒe nɔnɔme ɖedzesi siwo ʋãa mí be míakafu eyama la dometɔ aɖewo?
2 Le Biblia katã me la míekpɔa nyagbɔgblɔ tẽ geɖe siwo fia asi Mawu ƒe nɔnɔme ɖedzesiawo. Ne exlẽ esiawo la, gbɔ dzi ɖi nabu tame tso nusi tututu nɔnɔmeawo nye kple alesi wole vevie na wòe la ŋuti. Le kpɔɖeŋu me: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yoh. I, 4:8) “Eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) ‘Eya si nunya le.’ (Hiob 12:13) “Ŋusẽ geɖe” le esi. (Yes. 40:26) Esi nele ŋugble dem le nɔnɔme siawo ŋuti la, ɖe alesi Mawu le la meʋã wò be nakafu eyama oa?
3. Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa bubu kawoe ʋãa ame vevie?
3 Be míaganya nu geɖe le Yehowa ƒe amenyenye lédzinamea ŋuti la, Bibla gblɔ na mí be enye “nublanuikpɔla kple amenuveve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6) “Aƒetɔ [Yehowa], wò dɔme nyo, eye nelɔ̃a tsɔtsɔke.” (Ps. 86:5) “Yehowa ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ amesiwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.” (Kron. II, 16:9) “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” (Dɔw. 10:34, 35) Yehowa ‘nana nu faa’ eye eyae nye ‘Mawu dzidzɔtɔ’ la. (Yak. 1:5; Tim. I, 1:11) Gbɔɖeme ka gbegbee nye si wònana ame be woasubɔ Mawu sia si ɖeke mesɔ kplii o eye woakpɔ eƒe beléle si me lɔlɔ̃ le la!
4. (a) Ðokuitsɔtsɔna ka ƒomevie Yehowa dina, eye aleke wòle vevie? (b) Nuka mee Psalmo 34:4 mia asi mí be míakpɔ gome le?
4 Nusi sɔ ɖe eƒe nɔnɔmewo nue nye nyateƒe si wònye be enye “Mawu ʋãŋu.” (Mose II, 20:5) Be míasubɔe wòadze eŋu la, ele be míatsɔ mía ɖokui nɛ bliboe. Míate ŋu alɔ̃ xexeame si ƒe mawue nye Satana la hã o. (Yoh. I, 2:15-17; Kor. II, 4:3, 4) Yehowa kpɔna alakpadzɔdzɔenyenye dzro ko la dzea sii. Menye nusi míewɔna koe wònya nyuie o ke boŋ enya alesi míesena le mía ɖokui me ɖe eŋu kple amesiwo ƒomevi míele agbagba dzem be míanye la hã. Ne míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye vavã la, ekpena ɖe mía ŋu. (Yer. 17:10; Lod. 15:9) Le amesi ƒomevi Yehowa nye ta la, ame miliɔn geɖe siwo le anyigba katã dzi la tsɔ dzidzɔ xɔ Biblia ƒe hakpala la ƒe amekpekpe si wòŋlɔ bena: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Ps. 34:4) Èle wo domea?
5. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ viɖe blibo tso míaƒe nusɔsrɔ̃ le Yehowa ƒe amenyenye ŋu la me?
5 Wò didi be yeaƒo nu tso Mawu ŋuti la ade to ɖe edzi eye akpɔ kpekpeɖeŋu geɖe le wò agbagbadzedze be nasrɔ̃ eyama la me nenye be nedzro eƒe nɔnɔme deŋgɔawo me nyuie. Di (1) nusi tututu nɔnɔmea ɖesiaɖe nye kple ɖewohi̇̃ nusi na wòto vovo tso nɔnɔme bubuwo gbɔ, (2) alesi Yehowa ɖee fiae kple amesiwo wòɖee fiae, kpakple (3) alesi nate ŋu aɖee afia alo alesi dze be wòawɔ dɔ ɖe wò nukpɔsusu dzie la nanya.
6. Le lɔlɔ̃ ŋudɔwɔwɔ abe kpɔɖeŋu ene me la, ɖe alesi nate ŋu adzro Yehowa ƒe nɔnɔmewo me akpɔ la fia. Wɔ esia to nyabiabia siwo le memamã sia ƒe nuwuwu la ŋu si naɖo dzi, eye natsɔ ŋɔŋlɔwo ade wò ŋuɖoɖoawo me.
6 De ŋugble tso kpɔɖeŋu ɖeka pɛ ŋu le afisia. Esi Bibla gblɔ be “Mawu enye lɔlɔ̃” la, nukae wòfia? (Yoh. I, 4:8) Lɔlɔ̃ ƒomevi vovovowoe li. Hela-nyagbe si wozã le kpukpui sia mee nye a·gaʹpe, esi ku ɖe lɔlɔ̃ si de ŋgɔ wu ɖesiaɖe eye Yehowa Mawu ŋutɔ ɖenɛ fiana la ŋuti. Lɔlɔ̃ ma nye ɖokuitɔmadimadi blibo ɖeɖe fia. Esi ema le susu me na wò la, wò ŋutɔ wɔ ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la ŋudɔ naɖo nyabiabia siwo le ete la ŋu.
Aleke nɔnɔme sia dze le Yehowa ƒe nuwɔwɔwo mee? (Dɔw. 14:16, 17)
Nukae nye lɔlɔ̃ si le Yehowa si na amegbetɔƒomea la ƒe kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe ta? (Yoh. 3:16) Amegbetɔ ƒe nu nyui wɔwɔ tae Yehowa wɔ esia? (Rom. 5:8)
Aleke wòle be nusi Yehowa wɔ to Via dzi la nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míezãna míaƒe agbee la dzi? (Kor. II, 5:14, 15, 18, 19)
Mɔ kawo nue mí abe Kristotɔwo ene la míate ŋu aɖee afia be lɔlɔ̃ ma ƒomevi kee le mía si na hati Kristotɔwo? (Kor. I, 13:4-7; Yoh. I, 4:10, 11; 3:16-18)
Amekawo hãe wòle be míaɖe lɔlɔ̃ afia, eye alekee? (Mat. 5:43-48; 28:19, 20; Gal. 6:10)
7. Le wò ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la, aleke nate ŋu akpɔ nya mawo tɔgbe ku ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme bubuawo ŋue?
7 Ðe nadi be yeadzro Yehowa ƒe nɔnɔme bubuawo dometɔ aɖewo hã mea? Abe gɔmedzedze ene la, le ɖokuisinusɔsrɔ̃ me la nukata madzro “dzɔdzɔenyenye” kple “nunya” kple ɖewohi̇̃ “amenuveve” kpakple “nublanuikpɔkpɔ” me akpɔ o? To Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo ƒe nyadiƒewo kpakple Biblia ƒe nyadigbalẽ ŋudɔwɔwɔ dzi la, àkpɔ nya geɖe si kɔ nu me.
Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woasrɔ̃ Nyateƒea Ku Ðe Mawu Ŋu
8. (a) Mawu kawoe xexeametɔwo subɔna? (b) Ameka gbɔe tɔtɔ sia katã tso, eye nukatae negblɔ nenema?
8 Amegbetɔwo dea ta agu na mawu bubu miliɔn geɖe, esi tsi tre ɖe Mawu vavã la ƒe tadedeagu ŋu. Le ƒe alafa enelia me la, Kristodukɔa va xɔ “Mawuɖekaetɔ̃” ƒe nufiafia si nye Babilontɔwo, Egiptetɔwo, Hindutɔwo kple Buddhatɔwo ƒe nufiafia do ŋgɔ na ɣemaɣi la. Hekpe ɖe Mawu ŋuti nufiafia sia ŋu la, dziɖula ŋusẽtɔwo kpakple kametela kple hadzila ɖedzesiwo li, amesiwo wotsɔ wɔ mawuwoe. Kɔba, ame ɖokui kple gbɔdɔdɔ hã va zu mawu siwo wosubɔna vevie. Ameka gbɔe nusiawo katã tso? Satana Abosam, “xexe sia me mawu lae.” (Kor. II, 4:4; Kor. I, 10:20) Etoa ayemɔ ɖesiaɖe ƒomevi dzi dzea agbagba be yeatrɔ amewo ɖa le Yehowa yome, alo yeana woƒe ɖokuitsɔtsɔna manye blibo o ya teti.
9. Nukae nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpe ɖe ame ŋu be wòasrɔ̃ nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu?
9 Ame mawo ɖagblɔ be yewonye Kristotɔwo alo ame bubuwo o, aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋue be woanya nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu? Mɔ nyuitɔwo kekeake dometɔ ɖekae nye be míafia nusi Biblia ŋutɔ gblɔ ku ɖe amesi nye Mawu vavã la kpakple amesi ƒomevi wònye ŋuti la wo le kpekpeɖeŋu ƒe mɔ nu. Azɔ ehiã be míatsɔ agbenɔnɔ si ɖea mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo fiana le mía ŋutɔwo míaƒe agbe me la akpe ɖe esia ŋu.—Pet. I, 2:12.
10. Ne míele nu ƒom kple amesi xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la, nukatae nunya mele eme be míasusu be míenya nusi tututu dzi wòxɔ se la o?
10 Gake ne Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo me tɔ aɖewo ʋli nya kpli wò hegblɔ be “Mawuɖekaetɔ̃” si dzi yewoxɔ se la sɔ ɖe Ŋɔŋlɔa nu ɖe? Gbã la, kpɔe dze sii be togbɔ be nya siwo sɔlemehawo gblɔna ku ɖe “Mawuɖekaetɔ̃” ƒe nufiafia ŋuti la li hã la, nukpɔsusu aɖewo le ame geɖe si, esiwo nye woa ŋutɔwo tɔ. Gblɔe na wo be woaɖe eme, eye nakpe ɖe wo ŋu be woatsɔ woƒe dzixɔsewo asɔ kple nusi le woa ŋutɔwo ƒe Biblia me. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la nagade dzi ƒo na wo be woatsɔ woƒe sɔlemeha ƒe nufiafia la asɔ kple Mawu ƒe Nya la.
11. Le nya vevi atɔ̃awo me dzodzro ɖekaɖekae me la, wɔ nyabiabia kple ŋɔŋlɔ siwo woŋlɔ kpe ɖe memamã sia ŋu la ŋudɔ be nabu tame le alesi “Mawuɖekaetɔ̃” ƒe nufiafia la mesɔ ɖe ŋɔŋlɔawo nu o la ŋuti.
11 Esime wò didi be nakpe ɖe amesiwo ƒe dzime kɔ ŋu la le susu me na wò la, de ŋugble le alesi nate ŋu awɔ kpukpui siwo wode dzesii ɖe ete la ŋudɔ ana woabu tame le nya vevi siwo ŋu ŋɔŋlɔ siawo le ŋue la ŋuti:
(1) Amesiwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la dometɔ aɖewo tea gbe ɖe edzi be Dziƒome etɔ̃ (Fofo la, Vi la kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la) ye li gake wonye Mawu ɖeka ko.
Gake ɖe Dɔwɔwɔwo 2:4, 17 ɖee fia be “Gbɔgbɔ Kɔkɔe” la nye amea?
Nukatae wònye kpekpeɖeŋu be woade dzesi ame agbɔsɔsɔ si ŋuti woƒo nu le le ŋɔŋlɔ siwo gbɔna la dometɔ ɖesiaɖe me? (Yoh. 17:20-22; Dɔw. 7:56; Nyaɖ. 7:10)
(2) Ame aɖewo xɔe se be “Mawuɖekaetɔ̃” la me tɔwo katã ƒe ŋutikɔkɔe sɔ, ame aɖeke mede ŋgɔ wu nɔvia alo va anyi wui o, wo katã wole tasɔsɔ me eye wo katã woli tegbee.
Ðe Ŋɔŋlɔawo lɔ̃ ɖe edzia? (Kpɔ Yohanes 14:28; Mateo 24:36; Nyaɖeɖefia 3:14 hena ŋuɖoɖo la.)
(3) Ame aɖewo fiaa asi Yohanes 1:1 abe “Mawuɖekaetɔ̃” la ƒe kpeɖodzi ene. Woʋlia nya be le Helagbe kpukpuia me la nyagbɔgblɔ gbadzaa ƒe nyakui (“aɖe”) mele afisia o eyata ele be woaxlẽ ŋɔŋlɔa ale: “Nya lae nye Mawu,” ke menye “mawu aɖe” o.
Gake ame neni ŋutie woƒo nu le le Yohanes 1:1? Etɔ̃a? Alo eve? Aleke Yohanes 1:18 hã tsi tre ɖe “Mawuɖekaetɔ̃” ƒe nufiafia la ŋue?
Enye nyateƒe be nyagbɔgblɔ gbadzaa ƒe nyakui mele Helagbe me o, gake ele gbegbɔgblɔ geɖe me eye wowɔa eŋudɔ le gbegbɔgblɔ mawo me be woagblɔ nyawo woasɔ. Ne ame aɖe see le eɖokui me be enye vodada be woawɔ nyagbɔgblɔ gbadzaa ƒe nyakuia ŋudɔ ne wole Yohanes 1:1 gɔme ɖem la, ɖe wòadi be woaɖee ɖa le Dɔwɔwɔwo 28:6 hã le Eʋegbe Biblia kple Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo mea? (Abe alesi woɖee fia le An American Translation me ene la, mɔ bubu si nu woaɖe Yohanes 1:1 gɔme ɖo enye be, “Nya la nye dziƒome,” esi fia be dziƒomenyenye ƒe nɔnɔme siwo le Mawu si la kee le eya hã si.)
(4) Amesiwo xɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se la gaʋlia nya be Hebri-nyagbe si gɔme woɖe be “Mawu” le Mose I, 1:26 lae nye El·o·himʹ eye esia nye nu yɔyɔ ɖe agbɔsɔsɔ me le Hebrigbe me eye nusi wòfia ŋutɔŋutɔe nye “Mawuwo.”
Nukatae ema mede Dziƒome etɔ̃ le “Mawu ɖeka” me ƒe nufiafia la dzi o?
Ne efia “Mawuɖekaetɔ̃” le Mose I, 1:1 la, ekema nukae wòfia le Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:23 si me wozã el·o·himʹ na “mawu” le eye Hebri-dɔwɔnya la nye nu ɖeka tɔ ke menye agbɔsɔsɔ tɔ o?
Nukatae wozã Mawu ŋɔŋlɔ ɖe agbɔsɔsɔ me le kpukpui siawo me le Hebrigbe me? Esia nye mɔ ɖeka si dzi Hebrigbe tona ɖea nyonyo ŋutɔ alo gãnyenye fiana. Ne ɖe amesiwo sɔ gbɔ wu ɖeka ŋutie wòku ɖo la, anye ne dɔwɔnya siwo kpe ɖe eŋuti la hã anye agbɔsɔsɔ tɔ, gake le kpɔɖeŋu siwo le etame la me la mele nenema o.
(5) Le alesi sɔlemehawo te gbe ɖe Yesu dzi (kple nyateƒe si wònye be woɖe ŋkɔ Yehowa ɖa le Biblia gɔmeɖeɖe geɖe me) ta la, ne woƒo nu tso Mawu ŋuti la, Yesu ŋuti koe ame aɖewo buna.
Gake kpɔɖeŋu kae Yesu ɖo ɖi na mí be míasrɔ̃ le tadedeagu me? (Luka 4:8)
12. Nukatae Yesu yɔ Fofoa be “Mawu vavã ɖeka la” wòsɔ?
12 Togbɔ be woƒo nu le Yesu ŋu le Ŋɔŋlɔawo me be enye ‘mawu aɖe,’ kple “Mawu Kalẽtɔ” hã la, edo kɔkɔ Fofoa eye wòyɔe be “nye Mawu kple miawo hã mia Mawu.” (Yoh. 1:1; 20:17; Yes. 9:5) Elɔ̃ ɖe nya si Mose gblɔ do ŋgɔ la dzi be: “Yehowa enye Mawu, eye bubu aɖeke meli kpe ɖe eŋu o.” (Mose V, 4:35) Yehowa to vovo kura tso nusiwo amewo subɔna, abe legbawo, amegbetɔ siwo wowɔ mawuwoe kple Satana Abosam ene gbɔ. Le vovo toto tso wo katã gbɔ me la, abe alesi Yesu gblɔe ene la, Yehowae nye “Mawu vavã ɖeka la.”—Yoh. 17:3.
‘Zɔ Le Yehowa Ƒe Ŋkɔ Me’
13, 14. Nukae ‘si dzedze’ Yehowa ƒe ŋkɔ kple ‘zɔzɔ le eme’ lɔ ɖe eme?
13 Le ƒe geɖe ƒe tɔtɔ le amesi Mawu nye ŋu megbe la, edzɔa dzi na ame geɖe ne wokpɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ si nye Yehowa la le woƒe Biblia me zi gbãtɔ. (Mose II, 6:3) Gake ne ‘wozɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee’ ko hafi woakpɔ viɖe mavɔ tso sidzedze sia me. (Mixa 4:5) Esia lɔ nu geɖe wu ŋkɔ Yehowa nyanya alo gbɔgblɔ dzro ko be yewonye Yehowa Ðasefowo la ɖe eme.
14 Ku ɖe nusi Mawu ƒe ŋkɔ fia ŋuti la, Psalmo 9:11 gblɔ be: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò . . . Yehowa.” Nukae ema lɔ ɖe eme? Elɔ nu geɖe wu ŋkɔ Yehowa nyanya dzro ko si mefia kokoko be èɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu o la ɖe eme. ‘Si dzedze’ Mawu ƒe ŋkɔ fia le afisia be woakpɔ ŋudzedze ɖe Mawu si ƒomevi Yehowa nye ŋu, woade bubu eƒe ŋusẽ ŋu, eye woawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. Nenema kee ‘zɔzɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me’ fia be woaɖe adzɔgbe nɛ eye woanɔ eteƒe abe eƒe tadeagula ene ahanɔ agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu nyateƒetɔe. (Luka 10:27) Ðe nele ema wɔma?
15. Ne míasubɔ Yehowa tegbee la, nukae gahiã kpe ɖe agbanɔamedzi si míabui be wònye ŋuti?
15 Ne míasubɔ Yehowa tegbee la, ele be nu geɖe naʋã mí wu agbanɔamedzi si wònye ko. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Timoteo si nɔ Mawu subɔm ƒe geɖe xoxo la be: “Do vevie mawusosroɖa.” (Tim. I, 4:7) Dzi mee ɖokuitsɔtsɔna tsona; ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe amesi wole eɖem fia ŋue henɛ vɛ. “Mawusosroɖa” nye bubu deto tsɔtsɔ na Yehowa ŋutɔŋutɔ. Eɖea eyome nɔnɔ lɔlɔ̃tɔe le ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe eyama kple eƒe mɔwo ŋu ta la fiana. Enana míedina be amesiame nade bubu gã aɖe eƒe ŋkɔ ŋu. Nenye be míayi edzi azɔ le Mawu vavã Yehowa ƒe ŋkɔ me tegbee la, ekema ele be míatu “mawusosroɖa” ɖo wòanye míaƒe agbe me taɖodzinu.—Ps. 37:4; Pet. II, 3:11.
Numetoto
● Ameka ƒomevie Yehowa nye? Viɖe kawoe míekpɔna tso eƒe nɔnɔmeawo dometɔ ɖesiaɖe gɔme sese nyuie me?
● Aleke míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋue be woasrɔ̃ nyateƒea ku ɖe Mawu ŋu?
● Nukae ‘si dzedze’ Yehowa kple ‘zɔzɔ le eƒe ŋkɔ me’ lɔ ɖe eme?