Ta 4
Amesi Ŋuti Nyagblɔɖilawo Katã Ði Ðase Le
1. Nukae nyateƒe siwo ku ɖe agbe si Yesu nɔ hafi va zu amegbetɔ ŋu la ɖe fia ku ɖe woa kple Yehowa dome ƒomedodo ŋuti?
ESI Yesu nɔ nu ƒom le ƒomedodo nyui si le eya ŋutɔ kple Yehowa dome ŋuti la, egblɔ be: “Fofo la lɔ̃a Via, eye nusiwo katã wɔm eya ŋutɔ le la, efianɛ.” (Yoh. 5:19, 20) Alesi ƒomedodo ma le kplikplikplie la dze egɔme le ewɔɣi ƒe akpe geɖe hafi wodzii abe amegbetɔ ene. Eyae nye Mawu ƒe Tenuvi, amesi Yehowa ɖeka ko wɔ. Ŋgɔgbevi si wolɔ̃ vevie ma dzie woto wɔ nu bubu ɖesiaɖe le dziƒo kple anyigba dzi. Esubɔ abe Mawu ƒe Nya alo Nyanuɖela hã ene, amesi dzi woto gblɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na ame bubuwo. Amesia si nye Vi si gbɔ Mawu melɔ̃a nu le o lae va zu amegbetɔ Yesu Kristo.—Kol. 1:15, 16; Yoh. 1:14; 12:49, 50.
2. Aleke gbegbe Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ku ɖe Yesu ŋue?
2 Hafi woadzii nukutɔe abe amegbetɔ ene la, woŋlɔ nya geɖe siwo tso gbɔgbɔ me la ɖi ku ɖe eyama ŋu. Abe alesi apostolo Petro ɖi ɖasee na Kornelio ene la, “Eyama ŋuti nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le.” (Dɔw. 10:43) Woƒo nu tso akpa si Yesu wɔna le tadedeagu dzadzɛ me la ŋuti le Biblia me ale gbegbe be mawudɔla aɖe gblɔ na apostolo Yohanes be: “De ta agu na Mawu ko! Elabena Yesu ƒe ɖaseɖiɖi la enye nyagblɔɖigbɔgbɔ.” (Nyaɖ. 19:10) Nyagblɔɖi mawo fia asi eyama wòdze ƒã eye wohea susu yi Mawu ƒe tameɖoɖoa ƒe akpa siwo ku ɖe eyama ŋu eye wole vevie na mí egbea la dzi.
Nusi Nyagblɔɖiawo Ðe Fia
3. (a) Le nyagblɔɖi si le Mose I, 3:14, 15 me la, amekawoe esiawo tsi tre ɖi na: “Da la”? “Nyɔnu la”? ‘Da la ƒe dzidzime’? (b) Nukatae ‘ta si woagbã na da la’ anɔ vevie na Yehowa ƒe subɔlawo?
3 Wogblɔ nyagblɔɖi mawo ƒe gbãtɔ le aglãdzedze le Eden la megbe. Enɔ ʋɔnudrɔ̃nya si Yehowa gblɔ na da la me. Yehowa gblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la aɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:14, 15) Nukae ema fia? Le Mawu ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi me la nyagblɔɖi bubuwo kɔ eme hekekee ɖe nu. Emetsonue nye be míenya be amesi wònɔ nua ƒom na, amesi teƒe da la nɔ, lae nye Satana Abosam. “Nyɔnu la” enye Yehowa ŋutɔ ƒe dziƒohabɔbɔ wɔnuteƒe si le abe srɔ̃nyɔnu wɔnuteƒe ene nɛ. ‘Da la ƒe dzidzime’ la lɔ mawudɔla kple amegbetɔ siwo ɖea Abosam ƒe gbɔgbɔa fiana, amesiwo tsia tre ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu la ɖe eme. Le alesi Abosam wɔ da la ŋudɔe le Eden ta la, woate ŋu ase egɔme le nyagblɔɖia me be ‘ta si woagbã na da la’ ku ɖe Mawu ƒe vi dzeaglã sia si gblẽ Yehowa ŋu hehe nuxaxa gã aɖe va ameƒomea dzie la ƒe tsɔtsrɔ̃ mlɔeba la ŋu. Gake le amesi anye ‘dzidzimevi’ si agbã ta la gome la, esia kpɔtɔ nye nya ɣaɣla kɔkɔe ɣeyiɣi didi aɖe.—Rom. 16:25, 26.
4. Aleke amesiwo ƒe ƒome me Yesu dzɔ tso la nye kpekpeɖeŋu be woadze sii be eyae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la?
4 Le amegbetɔ ƒe ŋutinya si anɔ abe ƒe 2,000 ene megbe la Yehowa na numeɖeɖe bubuwo. Eɖee fia be Dzidzimevi la ado le Abraham ƒe ƒome me. (Mose I, 22:15-18) Gake dzidzime si tututu me Dzidzimevia ado tso la manɔ te ɖe ŋutilã me dzidzime dzro ko dzi o, ke boŋ anɔ te ɖe Mawu ƒe tiatia dzi. Togbɔ be Abraham lɔ̃ via Ismael si kosivi Hagar dzi nɛ la hã la, Yehowa gblɔe kã be: “Mabla nu kple Isak, amesi Sara adzi na wò.” (Mose I, 17:18-21; 21:8-12) Emegbe la woɖo kpe nubabla ma dzi, gake menye na Isak ƒe ŋgɔgbevi Esau o, ke boŋ na Yakob, amesi me Israel ƒe to 12 la do tso. (Mose I, 28:10-14) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la woɖee fia be woadzi Dzidzimevia ɖe Yuda-toa me le Dawid ƒe aƒe me.—Mose I, 49:10; Kron. I, 17:3, 4, 11-14.
5. Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzedze kura gɔ̃ hã la, nu bubu kae na wòdze ƒã be eyae nye Mesia la?
5 Ƒe 700 kple vɔ do ŋgɔ la Biblia yɔ Betlexem be afimae woadzi Dzidzimevi la le abe amegbetɔ ene gake eɖee fia hã be enye amesi nɔ anyi “tso tititi le gbaɖegbe ʋi̇̃ ke,” esi nye tso ɣeyiɣi si me wowɔe le dziƒo. (Mixa 5:1) Wogblɔ ɣeyiɣi si me wòado le anyigba dzi abe Yehowa ƒe Amesiamina, Mesia la, ene la ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi. (Dan. 9:24-26) Eye esime wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami nɛ la gbe aɖe ɖi tso dziƒo gblɔ amesi wònye. (Mat. 3:16, 17) Eyata esi Filipo va zu Yesu yomedzela vɔ la, ete ŋu gblɔ kple kakaɖedzi be: “Míekpɔ Yesu, [amesi] Yosef [xɔ abe via ene] tso Nazaret, amesi ŋuti woŋlɔ ɖi le le Mose ƒe Se la kple Nyagblɔɖilawo me.”—Yoh. 1:45
6. (a) Le Yesu ƒe ku megbe la, nukae eyomedzelawo va kpɔ dze sii? (b) Ameka koŋ ye nye ‘nyɔnu la ƒe dzidzimevi,’ eye ta si wòagbã na da la gɔme ɖe?
6 Le ema megbe la Yesu yomedzelawo va kpɔe dze sii be wogblɔ nya geɖe siwo ku ɖe eyama ŋu la ɖe Ŋɔŋlɔ siwo tso gbɔgbɔ me la me. Le eƒe ku kple tsitretsitsi megbe la eya ŋutɔ ɖe “nusiwo le ŋɔŋlɔawo katã me le eŋuti la, ƒe gɔme fia wo.” (Luka 24:27) Edze ƒã azɔ be Yesu koŋ enye ‘nyɔnu la ƒe dzidzimevi,’ amesi agbã ta na “da” la ale gbegbe be agbã Satana gudugudu aɖee ɖa kura mlɔeba. To Yesu dzi la Mawu ƒe ŋugbe siwo katã wòdo na amegbetɔƒomea, esiwo nye nusiwo míele mɔ kpɔm na vevie la, woava eme.—Kor. II, 1:20.
7. Hekpe ɖe amesi ŋu wole nu ƒom le le nyagblɔɖi siawo me nyanya ŋu la, nu bubu ka me dzodzroe aɖe vi na mí?
7 Esime nexlẽ nyagblɔɖi siawo dometɔ aɖewo zi gbatɔ̃ la, ɖewohi̇̃ wò hã ebia abe alesi Etiopia-ƒedzikpɔla la bia ene be, “Ameka ŋuti nyagblɔɖila la gblɔ esia ɖo?” Gake esi woɖo nyaa ŋu na aƒedzikpɔla la, mena nya la tɔ ɖe afima o. Esi ŋutsua lé to ɖe Filipo ƒe numeɖeɖea ŋu nyuie vɔ la, ekpɔe dze sii be ŋudzedze kpɔkpɔ ɖe alesi Yesu na nyagblɔɖia va emee ŋu la bia be yeawɔ nane, esi nye be yeaxɔ nyɔnyrɔ̃. (Dɔw. 8:32-38; Yes. 53:3-9) Ðe míawo hã míewɔa nu nenema kea? Ɣeaɖewoɣi la alesi wogblɔ nya aɖe ɖie ye ʋaã mí vevie, alo nyataƒoƒo siwo wowɔ le Biblia ŋutɔ me esime woɖe emevava fia lae wɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi.
8. Wodzro nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu ene siwo ku ɖe Yesu Kristo ŋu me le afisia. Mibu nyabiabia kple ŋɔŋlɔ siwo woŋlɔ ɖe afisia be woafia alesi nyagblɔɖi siawo lɔ mí ɖe emee la ŋu. Midzro wo me ɖekaɖeka.
8 De dzesi alesi wòle aleae le nyagblɔɖi ƒe ŋugbedodo kple kpɔɖeŋu siwo gbɔna ku ɖe Yesu Kristo ŋu la me. To ŋɔŋlɔ siwo woyɔ la ƒe kpekpeɖeŋu dzi la ɖo nyabiabiaawo ŋu.
(1) Aleke nuŋɔŋlɔ si ku ɖe alesi Abraham tsɔ Isak sa vɔe kloe ŋu la kpe ɖe mía ŋue be míakpɔ ŋudzedze ɖe nusi Yehowa wɔ esime wòxe tafea to Via dzi la ŋu? (Yoh. 3:16; Mose I, 22:1-18 [de dzesi alesi woƒo nu tso Isak ŋue le kpukpui 2 me.])
Kakaɖedzi kae wòle be esia nana mí? (Rom. 8:32, 38, 39)
Gake nukae wòbia tso mía si? (Mose I, 22:18; Yoh. 3:36)
(2) Esi Biblia ɖee fia be Yesue nye nyagblɔɖila si le abe Mose ene la, agbanɔamedzi si menye fefenya o ka dzie wòɖo ŋkui na mí? (Dɔw. 3:22, 23; Mose V, 18:15-19)
Nukawoe nye nusiwo Yesu gblɔ na mí la dometɔ aɖewo, eye nukatae wosɔ ɖe ɣeyiɣia dzi fifia? (Mat. 28:18-20; 19:4-9; 18:3-6)
(3) Esime Biblia nɔ nusi ƒe vɔvɔli Aron ƒe nunɔlanyenyea nye me ɖem la, nunɔlagã ƒe nɔnɔme ʋãme kawo siwo le Yesu si la dzie wòhe susu yie? (Heb. 4:15–5:3; 7:26-28)
Eyata aleke wòle be míase le mía ɖokui me ku ɖe tete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me to Kristo dzi hena kpekpeɖeŋu be míaɖu míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi la ŋue?
(4) Le alesi Yesu ƒe vɔsa ƒo ɖesiaɖe tae (exɔ ɖe esiwo katã wosa le Mose ƒe Sea te teƒe) ta la, nukatae wòle be míakpɔ nyuie ŋutɔ be míaƒo asa na nusianu si míenya be medzea Mawu ŋu o la wɔwɔ wòazu nu mãme? (Heb. 10:26, 27)
Ne míekpɔ ŋudzedze ɖe agbe ƒe mɔkpɔkpɔ si Yesu ƒe vɔsa wɔe be míate ŋu akpɔ ŋu vavã la, nukawoe míado vevie be míawɔ? (Heb. 10:19-25)
Aleke Míate Ŋu Aɖe Kristo Dzi Si Míexɔ Se La Afiae?
9. Nukatae míate ŋu akpɔ ɖeɖe o negbe to Yesu Kristo dzi?
9 Esi apostolo Petro fia Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ si le Yerusalem la alesi nyagblɔɖi va emee ɖe Yesu dzi vɔ la, eƒo nya ta ŋusẽtɔe be: “Menye ame bubu aɖeke me xɔxɔ la le o; elabena ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.” (Dɔw. 4:11, 12; Ps. 118:22) Adam ƒe dzidzimeviwo katã nye nuvɔ̃wɔlawo, eyata wokuna le fɔ si wobu wo le nuvɔ̃ ta la ta eye asixɔxɔ aɖeke mele eŋu si ŋudɔ woate ŋu awɔ abe tafe ene na ame aɖeke o. Gake Yesu de blibo, eye vɔsa ƒe asixɔxɔ le eƒe agbe si wòtsɔ ɖo anyi la ŋu. (Ps. 49:7-10; Heb. 2:9) Exe tafe si ƒe asixɔxɔ sɔ pɛpɛpɛ kple nusi Adam bu na eƒe dzidzimeviwo la na Mawu. Aleke esia ɖe vi na míe?—Tim. I, 2:5, 6.
10. Gblɔ mɔ ɖeka si nu Yesu ƒe vɔsa la ɖe vi na mí ŋutɔe.
10 Ena dzitsinya dzadzɛ te ŋu su mía si le nuvɔ̃ ƒe tsɔtsɔke ta—esi nye nane si de ŋgɔ wu nusi lãwo ƒe vɔsa le Mose ƒe Sea te te ŋu wɔ na Israel. (Dɔw. 13:38, 39; Heb. 9:13, 14) Gake be esia nanɔ mía si la, ebia be míaɖi anukware na mía ɖokui eye míaxɔ Yesu Kristo dzi se vavã. Ðe mía ŋutɔwo míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi gbegbe míehiã Kristo ƒe vɔsae la ŋua? “Ne míegblɔ bena, nuvɔ̃ mele mía ŋu o la, ekema mía ŋutɔ mía ɖokui blem míele, eye nyateƒe mele mía me o. Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bena wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋu.”—Yoh. I, 1:8, 9.
11. Nukatae nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me nye nu vevi aɖe ne dzitsinya nyui asu mía si le Mawu gome?
11 Gake ame aɖewo siwo gblɔna be yewonya be nuvɔ̃wɔlawo yewonye eye wogblɔna be yewoxɔ Kristo dzi se, eye abe alesi Yesu wɔe ene la wokpɔa gome le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nya gbɔgblɔ na ame bubuwo me vaseɖe afi aɖe kura gɔ̃ hã la mexɔ Yesu dzi se bliboe o. Le mɔ ka nu? Abe alesi woɖee fia le Biblia me ene la, esi amewo va zu xɔsetɔwo vavã le ƒe alafa gbãtɔ me la, aleke woɖee fiae le gaglãgbe? Woxɔ nyɔnyrɔ̃. Nukatae? Elabena Yesu de se be ele be nusrɔ̃lawo naxɔ nyɔnyrɔ̃. (Mat. 28:19, 20; Dɔw. 8:12; 18:8) Ne lɔlɔ̃ ƒe ɖoɖo si Yehowa wɔ to Yesu Kristo dzi ʋã ame aɖe ƒe dzi vavã la, mahe ɖe megbe o. Awɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã le eƒe agbe me, atsɔ eɖokui aɖe adzɔgbe na Mawu eye wòatsɔ nyɔnyrɔ̃ɖetsime aɖo kpe esia dzi. Abe alesi Biblia ɖee fia ene la, xɔse ɖeɖe fia to mɔ sia dzi la dzie wotona ‘biaa dzitsinya nyui Mawu.’—Pet. I, 3:21.
12. Ne míekpɔ be míewɔ nuvɔ̃ la, nukae wòle be míawɔ le ŋu, eye nukata?
12 Nyateƒee, le ema megbe la nuvɔ̃ ƒe nɔnɔmewo adze. Ke aleke míawɔ? Apostolo Yohanes gblɔ be: “Meŋlɔ nusiawo ɖo ɖe mi, bene miagawɔ nuvɔ̃ o.” Eyata mele be míabu nuvɔ̃ si le mía me la nu tsɛ o, eɖadze le nuwɔna, nuƒo alo nɔnɔme me o. Gake “ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.” (Yoh. I, 2:1, 2) Ðe ema fia be eɖanye nuka kee míewɔ o, ne míedo gbe ɖa na Mawu be, ‘Tsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ke mí,’ ko la evɔa? Ao. Nusi ana woakpɔ tsɔtsɔke enye dzimetɔtrɔ vavãtɔ. Ðewohi̇̃ hamemegã siwo le Kristo-hamea me la ƒe kpekpeɖeŋu hã ahiã. Ele be míakpɔ alesi nusi míewɔ la menyoe o la adze sii eye wòave mí vevie ale be míadze agbagba ŋutɔŋutɔ be magadzɔ ake o. (Dɔw. 3:19; Yak. 5:13-16) Ne míewɔ esia la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu akpe ɖe mía ŋu. Le avuléle ɖe nuvɔ̃wo ta ƒe asixɔxɔ si le eƒe vɔsa ŋu dzi si míexɔ se ta la, Yehowa agate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu, eye esia le vevie ne míaƒe tadedeagu adze eŋu.
13. (a) Gblɔ mɔ bubu si nu Yesu ƒe vɔsa la ɖe vi na míe. (b) Nukatae míaƒe Mawu-subɔsubɔ mena míedze na fetu sia o? (d) Gake ne xɔse le mía si vavã la, nukae míanɔ wɔwɔm?
13 Yesu ƒe vɔsa la ʋu mɔ hã na mí be míakpɔ agbe mavɔ—le dziƒo na “ha sue” aɖe kple le Paradisonyigba dzi na ameƒomea me tɔ biliɔn geɖe bubuwo. (Luka 12:32; Nyaɖ. 20:11, 12; 21:3, 4) Esia menye fetu si míawɔ dɔ adze na o. Eɖanye dɔ ka gbegbee míawɔ le Yehowa ƒe subɔsubɔ me o, míate ŋu adze be Mawu nanyi agbe ƒe fe le mía si o. Agbe mavɔ nye “Mawu ƒe amenuvevenunana . . . le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Rom. 6:23; Ef. 2:8-10) Gake ne míexɔ nunana ma dzi se eye míekpɔ ŋudzedze ɖe alesi wotsɔe na mí ŋu la, míaɖe esia afia. Ne míekpɔ alesi Yehowa wɔ Yesu ŋudɔ nukutɔe le Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me kple alesi wòle vevie be mí katã míadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome tututu la dze sii la, míana Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nanye nu vevitɔwo dometɔ ɖeka le míaƒe agbe me. Míaƒe xɔse adze le kakaɖedzi si míetsɔna gblɔa Mawu ƒe nunana gã sia ŋuti nya na ame bubuwoe la me.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 20:24.
14. Aleke Yesu Kristo dzi xɔxɔ se ma hea ɖekawɔwɔ vɛ?
14 Ðekawɔwɔ ƒe dɔ nyui kae nye si xɔse ma wɔna! To ema dzi la míetena ɖe Yehowa, Via kple mía nɔewo ŋu kplikplikpli le Kristo-hamea me. (Yoh. I, 3:23, 24) Enana míetsoa aseye be dɔmenyotɔe la Yehowa tsɔ “ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ [negbe Mawu ƒe ŋkɔ ko] ta la [ke Via], bena amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.”—Fil. 2:9-11.
Numetoto
● Esime Mesia la do la, nukatae amesiwo xɔ Mawu ƒe Nya dzi se vavã la nya amesi wònye la kɔte?
● Aleke wòle be nyagblɔɖi ƒe kpɔɖeŋu siwo va eme ɖe Yesu dzi, abe alesi woɖee fia le axa 34 ene la nawɔ dɔ ɖe mía dzie?
● Mɔ kawo nue míekpɔ viɖe tso Yesu ƒe vɔsa la me xoxoe? Aleke míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu afiae?
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 34]
Nyagblɔɖi Ƒe Kpɔɖeŋu Siwo Ku Ðe Yesu Ŋu—Aleke Wòle be Woawɔ Dɔ ɖe Dziwòe?
Isak si Abraham tsɔ na
Mose abe Mawu ƒe nyanuɖela ene
Aron abe nunɔlagã ene
Lãwo ƒe vɔsawo