INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-13 axa 2-6
  • Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi
  • Nusita Nàte ŋu Aka ɖe Biblia Dzi
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Etsi Tre ɖe Eɖokui Ŋua?
  • Ŋutinya Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya
  • Etsɔme Gbɔgblɔ Di
  • Biblia La—Agbalẽ si Tso Mawu Gbɔ
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzia?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Ƒe Gɔmedzegbalẽ
  • Biblia La—Agbalẽ Si Tso Mawu Gbɔ
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
Kpɔ Bubuwo
Nusita Nàte ŋu Aka ɖe Biblia Dzi
T-13 axa 2-6

Nusita Nàte Ŋu Aka Ðe Biblia Dzi

Ame aɖewo gblɔna be kakaɖedzi mele Biblia ŋu o, eye ame geɖe da asi ɖe woƒe nukpɔsusuawo dzi. Eyata egbea ame geɖe buna nusi Biblia gbIɔ la be mele be woaka ɖe edzi o.

Gake nusi Yesu Kristo gblɔ na Mawu le gbedodoɖa me la nana kakaɖedzi ame, be: “Wò nya la enye nyateƒe.” Eye Biblia ŋutɔ gbIɔ be Mawu ƒe gbɔgbɔ dzie woto ŋlɔe.—Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16.

Nukae nye wò susu le esia ŋu? De gɔmesese nyui Ii si ta woaka ɖe Biblia dzia? Alo ɖe ɖaseɖiɖi ŋutɔŋutɔ Ii si fia be womate ŋu aka ɖe Biblia dzi o, etsia tre ɖe eɖokui ŋu eye eƒe nya metoa mɔ ɖeka oa?

Etsi Tre ɖe Eɖokui Ŋua?

Togbɔ be ame aɖewo agblɔ be Biblia tsia tre ɖe eɖokui ŋu hã la, ɖe ame aɖe ɖe eƒe kpɔɖeŋu ŋutɔŋutɔ fia wò kpɔa? Míekpɔ ɖeke si tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kpɔ o. Nyateƒee, adze abe ɖe Biblia ƒe nuŋlɔɖi aɖewo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene. Gake zi geɖe la, nyawo manyamanya tsitotsito kple ɣeyiɣia ƒe nɔnɔmewo manyamanyae nye kuxia.

Le kpɔɖeŋu me, ame aɖewo ahe susu ayi nusi wobu be enye vovototo le Biblia ƒe nya me la dzi ahabia be: ‘Afikae Kain kpɔ srɔ̃ le ɖe?’ Wotsɔnɛ ko be Kain kple Habel ɖeɖekoe nye Adam kple Xawa ƒe viwo. Gake susu ma nɔ te ɖe nusi Biblia gbIɔ la gɔmemasemase dzi. Biblia ɖe eme be Adam dzi ‘ŋutsuwo kple nyɔnuwo.’ (Mose I, 5:4) Eyata Kain ɖe nɔvianyɔnu alo nɔviawo ƒe vinyɔnuwo dometɔ ɖeka.

Zi geɖe la ɖeko ɖeklemiɖelawo le nya siwo atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu dim, eyata woagblɔ be: ‘Biblia-ŋlɔla Mateo gbIɔ be aʋafia aɖe va bia kpekpeɖeŋu tso Yesu gbɔ, evɔ Luka gbIɔ be eƒe ame dɔdɔwoe va bia. Kae nye nyateƒea?’ (Mateo 8:5, 6; Luka 7:2, 3) Gake ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ŋutɔŋutɔa?

Ne amewo wɔ dɔ eye wogblɔ be amesi tututu na wowɔ dɔ lae wɔe la, ɖe nugɔmesela gblɔna be mesɔ oa? Le kpɔɖeŋu me, ne nyatakaka aɖe gbIɔ be dumegã aɖe do mɔ evɔ wònye eƒe aɖaŋudɔwɔlawo kple dɔwɔla bubuwoe do mɔa ŋutɔŋutɔ la, ɖe nègblɔna be enye vodadaa? Kura o! Nenema kee menye nya si mesɔ o be Mateo nagblɔ be aʋafia la bia kpekpeɖeŋu tso Yesu gbɔ, gake abe alesi Luka ŋlɔe ene la, wòabia to eteƒenɔla aɖewo dzi o.

Ne wova nya nya geɖe la, nusiwo dze abe vovototowo ene le Biblia me la meganɔa anyi o.

Ŋutinya Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya

Tsã la ame geɖe ke ɖi be Biblia me nyawo mesɔ le ŋutinya gome o. Le kpɔɖeŋu me, ɖeklemiɖelawo gblɔ be ame aɖewo siwo woyɔ le Biblia me, abe Asur-fia Sargon, Belsazar si nɔ Babilon, kple Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato ene la menɔ anyi o. Gake nusiwo ŋu woke ɖo nyitsɔ laa la ɖo kpe Biblia ƒe nyawo dzi. Eyata ŋutinyaŋlɔla Moshe Pearlman ŋlɔe bena: “Azɔ le vo me la ɖikela siwo ke ɖi Nubabla Xoxoa ƒe akpa siwo nye ŋutinya ƒe nyateƒenyenye la kura gɔ̃ hã va le woƒe nukpɔsusuwo trɔm.”

Ne míaka ɖe Biblia dzi la, ele be wòasɔ le dzɔdzɔmeŋutinunya hã gome. Esɔa? Eteƒe medidi o la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ nya si to vovo na Biblia tɔ la be gɔmedzedze menɔ xexeame katã si o. Gake ɣletiviŋutinunyala Robert Jastrow fia asi nya yeye nyitsɔ laa si tsi tre ɖe esia ŋu heɖe eme be: “Fifia la míekpɔ alesi ɣletiviwo ƒe ɖaseɖiɖi kplɔ mí yi Biblia ƒe nukpɔsusu le xexeame ƒe gɔmedzedze ŋu la gbɔ. Numeɖeɖeawo to vovo, gake nya vevi siwo le ɣletiviŋutinunyalawo ƒe nuŋlɔɖiwo kple Biblia tɔ me ku ɖe Gɔmedzedzea ŋu la sɔ.”—Mose I, 1:1.

Amewo trɔ woƒe nukpɔsusu ku ɖe anyigba ƒe nɔnɔme hã ŋu. The World Book Encyclopedia ɖe eme be: “Anyigba yeyewo didi ƒe ƒudzimɔzɔzɔwo ɖee fia be xexeame le nogoo eye mele gbadzaa abe alesi ame akpa gãtɔ xɔe se ene o.” Gake Biblia gblɔ nyateƒea xoxoxo! Ƒe 2,000 kple vɔ do ŋgɔ na ƒudzimɔzɔzɔ mawo la, Biblia gblɔ le Yesaya 40:22 be: “Amesi le xexeame godoo ta me,” alo abe alesi gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔe ene la, “anyigba nogoo” (Douay), “anyigba kotoo” (Moffatt).

Eyata zi geɖe alesi amegbetɔwo srɔ̃ nui la, zi nenemae ɖaseɖiɖia dzena be woate ŋu aka ɖe Biblia dzi. Britaniatɔwo ƒe Blemanuwo Dzraɖoƒe dzi kpɔla tsãtɔ si nye Aƒetɔ Frederic Kenyon ŋlɔe bena: “Nusiwo do tso eme xoxo la ɖo kpe nusi xɔse aɖe afia la dzi be ɖeko sidzedze ƒe dzidziɖedzi la aɖe vi na Biblia la.”

Etsɔme Gbɔgblɔ Di

Gake ɖe míate ŋu aka ɖe nusiwo Biblia gblɔ be woadzɔ le etsɔme, esiwo ŋu ‘dzɔdzɔenyenye ƒe dziƒo yeye kple anyigba yeye’ ƒe ŋugbedodowo kpe ɖo la dzi ŋutɔŋutɔa? (Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Kakaɖedzi kae dze le Biblia ŋu le ɣeyiɣi siwo va yi me? Enuenu la nya siwo wògblɔ ɖi ƒe alafawo gɔ̃ hã do ŋgɔ la va eme pɛpɛpɛ!

Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ Babilon si sesẽ la mumu ƒu anyi la ɖi ƒe 200 kloe do ŋgɔ hafi wòdzɔ. Le nyateƒe me la eyɔ Mediatɔ siwo va wɔ ɖeka kple Persiatɔwo la be woawoe amui aƒu anyi. Eye togbɔ be ɣemaɣi la womedzi Persia-fia Kores haɖe o hã la, Biblia gblɔe ɖi be awɔ akpa vevi aɖe le aʋadziɖuɖua me. Egblɔ le Frat-tɔsisi me tsi siwo nye takpɔkpɔ na Babilon la ŋu be “woamie,” eye Babilon ƒe “agbowo matsi dodo o.”—Yeremya 50:38; Yesaya 13:17-19; 44:27-45:1.

Nya siawo va eme pɛpɛpɛ abe alesi ŋutinyaŋlɔla Herodotus ka nya ta ene. Azɔ hã Biblia gblɔe ɖi be mlɔeba la Babilon ava zu dudo. Eye nenema tututue wòva emee. Egbea Babilon nye anyiglãgo. (Yesaya 13:20-22; Yeremya 51:37, 41-43) Eye nyagblɔɖi bubu siwo va eme nukutɔe la le Biblia me fũ.

Ekema nukae Biblia gblɔ ɖi ku ɖe fifi xexeame ƒe nuɖoanyia ŋu? Egblɔ be: “Xexeme sia ƒe azã mamlɛa anye fukpekpe ƒe ɣeyiɣi. Ga kple wo ɖokui koe amewo alɔ̃; woanye dadalawo, adegbeƒolawo kple amedzulawo; womabu wo dzilawo o, womanye akpedalawo o, womanɔ kɔkɔe o, womalɔ̃ ame o . . . Woanye amesiwo tsɔa hadzedze ɖoa Mawu teƒe, amesiwo nye mawusubɔlawo le gota gome, gake wogbea nu le eƒe nu ŋutɔŋutɔ nyenye ŋu la.—Timoteo II, 3:1-5, The New English Bible.

Ðikeke manɔmee la míele esia ƒe emevava kpɔm fifia! Gake Biblia gblɔe ɖi be nusiawo hã adzɔ le “xexeme sia ƒe aza mamlɛa” me: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, [eye] dɔwuame [ava].” Hekpe ɖe eŋu la, “anyigbaʋuʋu gã . . . kple dɔvɔ̃wo lava teƒeteƒewo.”—Mateo 24:7; Luka 21:11.

Le nyateƒe me la Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam egbea! Ekema ŋugbedodo siwo meva eme haɖe o, abe “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee,” kple “Woatsɔ woƒe yiwo atu kodziwoe . . . eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ hã azɔ o,” ene ya ɖe?—Psalmo 37:29; Yesaya 2:4.

Ame aɖewo agblɔ be, ‘Nya ma vivi akpa; mate ŋu anye nyateƒe o.’ Gake le nyateƒe me la gɔmesese aɖeke meli si ta míake ɖi mía Wɔla ƒe ŋugbedodowo o. Kakaɖedzi le eƒe Nya ŋu! (Tito 1:2) Ne ègayi ɖaseɖiɖia me dzodzro dzi la, àgava ka ɖe esia dzi geɖe wu.

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Nusiwo do tso eme xoxo la ɖo kpe nusi xɔse aɖe afia la dzi be ɖeko sidzedze ƒe dzidziɖedzi la aɖe vi na Biblia la”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe