Nukae Yehowa Ðasefowo Xɔ Se?
“Míedi be míase nusi nèxɔ se la atso nuwò, elabena nusi míenya koe nye be wogblɔa nya ɖe kɔmama sia ŋu le afisiafi.” (Dɔwɔwɔwo 28:22) Dumemegã siawo siwo nɔ Roma le ƒe alafa gbãtɔ me la ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Wodi be yewoase nya tso amea ŋutɔ gbɔ tsɔ wu be yewoasee tso ɖeklemiɖelawo ɖeɖeko gbɔ.
Nenema kee egbea la wogblɔa nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu zi geɖe, eye anye vodada be woakpɔ mɔ be woase nyateƒea tso amesiwo bua nazã ɖe wo ŋu la gbɔ. Eyata enye dzidzɔ na mí be míaɖe míaƒe nufiafia veviwo dometɔa ɖewo me na wò.
Biblia la, Yesu Kristo, Kple Mawu
Míexɔe se be ‘Ŋɔŋlɔa katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye wònyo.’ (Timoteo II, 3:16) Eye togbɔ be ame aɖewo gblɔ be menye Kristotɔ ŋutɔŋutɔwoe míenye o hã la, esia menye nyateƒe o. Míelɔ̃ ɖe apostolo Petro ƒe ɖaseɖiɖi ku ɖe Yesu Kristo ŋu la dzi bliboe be: “Ŋkɔ bubu aɖeke mele dziƒoa te, si wona amegbetɔwo, le esi me wòle be, míakpɔ xɔxɔ la le o.”—Dɔwɔwɔwo 4:12.
Gake esi Yesu gblɔ be yenye “Mawu ƒe Vi” eye be “Fofo . . . la dɔm ɖa” ta la, Yehowa Ðasefowo xɔe se be Mawu lolo wu Yesu. (Yohanes 10:36, New World Translation; 6:57) Yesu ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be: “Fofo [la] . . . lolo wum.” (Yohanes 14:28; 8:28) Eyata míexɔe se be Yesu le tasɔsɔ me kple Fofoa abe alesi Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la gblɔna ene la o. Ke boŋ míexɔe se be Mawue wɔe eye wòle Eyama te.—Kolosetɔwo 1:15; Korintotɔwo I, 11:3.
Le Eʋegbe me la Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa. Biblia la gblɔ be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Le gbeƒãɖeɖe sia nu la, Yesu te gbe ɖe Mawu ƒe ŋkɔ dzi vevie, eye wòfia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ!” Eye eya ŋutɔ do gbe ɖa na Mawu be: “Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe . . . nam.”—Mateo 6:9; Yohanes 17:6.
Yehowa Ðasefowo xɔe se be ele be yewoanɔ abe Yesu ene le Mawu ƒe ŋkɔ kple tameɖoɖowo fiafia ame bubuwo me. Eyata míetsɔ ŋkɔ be Yehowa Ðasefowo elabena míesrɔ̃a Yesu, “Ðaseɖila Nyateƒetɔ” la. (Nyaɖeɖefia 1:5; 3:14) Esɔ be Yesaya 43:10 gblɔ na dukɔ si nye Mawu ƒe teƒenɔlawo la be: “Yehowa be: Miawoe nye nye ɖasefowo kple nye dala, si metia.”
Mawu ƒe Fiaɖuƒe
Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be, “Wò fiaɖuƒe nava!” eye wòna Fiaɖuƒe ma zu eƒe nufiafia ƒe tanya vevitɔ. (Mateo 6:10; Luka 4:43) Yehowa Ðasefowo xɔe se be Fiaɖuƒe la nye dziɖuɖu ŋutɔŋutɔ si tso dziƒo, aɖu anyigba la dzi, eye Yesu Kristoe wotsɔ ɖo eƒe Fia si womekpɔna o. Biblia gblɔ be: “Dziɖuɖu le abɔta nɛ . . . Eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa” o.—Yesaya 9:5, 6.
Gake menye Yesu Kristo ɖeka koe anye Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe fia o. Dziɖuhati geɖewo anɔ esi le dziƒo. Apostolo Paulo ŋlɔe bena: “Ne míedo dzi la, míaɖu fia hã kpakplii.” (Timoteo II, 2:12) Biblia ɖee fia be amegbetɔ siwo woafɔ ɖe tsitre be woaɖu fia kple Kristo le dziƒo la nye “ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi” la ko.—Nyaɖeɖefia 14:1, 3.
Ele be amesiwo nye eteviwo la nanɔ dziɖuɖu ɖesiaɖe si, eye Yehowa Ðasefowo xɔe se be hekpe ɖe dziƒodziɖula siawo ŋu la ame biliɔn geɖe woakpɔ agbe mavɔ. Mlɔeba la Mawu ƒe Fiaɖuƒea te vi siawo siwo dze la ayɔ anyigba si wotrɔ wòzu paradiso si nya kpɔ la dzi, eye wo katã woabɔbɔ ɖe Kristo kple eƒe dziɖuhatiawo ƒe fiaɖuɖu te. Eyata Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi vevie be womatsrɔ̃ anyigba la gbeɖe o eye Biblia ƒe ŋugbedodo la ava me be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29; 104:5.
Gake aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea avae? To amewo katã ƒe bɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te faa dzia? Ðe ema teƒe la Biblia ɖee fia nunyatɔe be Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe vava abia be Mawu nade nu anyigba ƒe nyawo me tẽ, be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Ɣekaɣie Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava? Le Biblia ƒe nyagblɔɖi siwo le eme vam fifia la ta la, Yehowa Ðasefowo xɔe se be ele vava ge kpuie. Míele kpewòm be nadzro nyagblɔɖi siwo gblɔ nusiwo adze le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” ŋu ɖi la dometɔ aɖewo me. Woŋlɔ wo ɖe Mateo 24:3-14; Luka 21:7-13, 25-31; kple Timoteo II, 3:1-5.
Esi ‘míelɔ̃ Yehowa mía Mawu la kple míaƒe dzi blibo, luʋɔ blibo, tamesusu blibo, kple ŋusẽ blibo, eye míelɔ̃ mía havi abe mía ɖokui ene’ ta la, dukɔ, ŋutigbalẽ kple hadomenɔƒe mede mama mía dome o. (Marko 12:30, 31) Wonya mí nyuie le lɔlɔ̃ si dzena le mía nɔvi Kristotɔ siwo le dukɔwo katã me dome la ta. (Yohanes 13:35; Yohanes I, 3:10-12) Eyata míedea akpa aɖeke dzi le dukɔ mawo ƒe dunyahehe me o. Míedzea agbagba be míanɔ abe Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo ene, amesiwo ŋuti wògblɔ le be: “Womenye xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW) Míexɔe se be ɖeɖe ɖe vovo tso xexeame gbɔ fia be woaƒo asa na agbegbegblẽnɔnɔ si bɔ egbea la, esiwo dometɔ aɖewoe nye aʋatsokaka, fififi, matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, ŋutsu kple ŋutsu alo nyɔnu kple nyɔnu ƒe gbɔdɔdɔ, ʋu zazã ɖe mɔ gbegblẽ nu, trɔ̃subɔsubɔ kple nu mawo tɔgbe siwo ŋu woƒo nu tsi tre ɖo le Biblia me.—Korintotɔwo I, 6:9-11; Efesotɔwo 5:3-5; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.
Mɔkpɔkpɔ Hena Etsɔ Me
Yehowa Ðasefowo xɔe se be menye agbe si míele fifia le xexe sia me koe Ii o. Míexɔe se be Yehowa dɔ Kristo va anyigba dzi be wòakɔ eƒe ʋu ɖi abe tafe ene be dzɔdzɔenyenye ƒe tenɔnɔ nate ŋu anɔ amegbetɔwo si le Mawu ŋku me eye woakpɔ agbe mavɔ le nuɖoanyi yeye me. Abe alesi Yesu ƒe apostolo aɖe gblɔe ene la: “Wotso afia na mí to eƒe ʋu me.” (Romatɔwo 5:9; Mateo 20:28) Yehowa Ðasefowo da akpe na Mawu kple Via vevie le tafe ƒe ɖoɖo sia si wɔe be woate ŋu anɔ agbe le etsɔ me la ta.
Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi bliboe be to tsitretsitsi tso ku me le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te dzi la, woaganɔ agbe le etsɔ me. Míexɔe se be abe alesi Biblia fia ene la, ne ame ku la eƒe anyinɔnɔ nu yi ŋutɔŋutɔ eye “gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.” (Psalmo 146:3, 4; Xezekiel 18:4; Nyagblɔla 9:5) Ẽ, agbe si ame kukuwo anɔ le etsɔ me la nɔ te ɖe ŋku si Mawu aɖo wo dzi le tsitretsitsi me la dzi.—Yohanes 5:28, 29.
Gake Yehowa Ðasefowo ka ɖe edzi be ame geɖe siwo le agbe fifia la atsi agbe ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea he fifi dziɖuɖuwo katã va nuwuwue eye abe alesi Noa kple eƒe ƒomea tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me ene la, woayi edzi ase vivi le agbe me tegbee le anyigba si ŋu wokɔ dzi. (Mateo 24:36-39; Petro II, 3:5-7, 13) Gake míexɔe se be agbetsitsi nɔ te ɖe Yehowa ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo dzi abe alesi Biblia gblɔe ene be: “Xexeame va yina . . . ; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17; Psalmo 37:11; Nyaɖeɖefia 7:9, 13-15; 21:1-5.
Edze ƒã be míate ŋu agblɔ nusiwo katã dzi Yehowa Ðasefowo xɔ se la ɖe afisia o, gake míele asi miam wò be nàxɔ numeɖeɖe bubuwo.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]
Míetsɔ ŋkɔ be Yehowa Ðasefowo elabena míesrɔ̃a Yesu