Ta 22
Vɔ̃ Gbãtɔ—Ʋetsuviwo
1. Ne mawudɔlawo ku kpẽawo la, amekawoe ɖea gbe ƒãe, eye nukae kpẽkuku atɔ̃lia ɖe gbe ƒãe?
MAWUDƆLA atɔ̃lia dzra ɖo be yeaku yeƒe kpẽa. Woku dziƒokpẽ ene xoxo, eye wohe fukpekpe ene va anyigba ƒe akpa etɔ̃lia—si nye Kristodukɔa—si ŋu Yehowa buna be mokaka le wu la dzi. Woklo nu le kudɔ si ƒom wòle la dzi. Esime mawudɔlawo le kpẽawo kum la, gbeƒãɖela amegbetɔwo ɖea gbe ƒãe le anyigba dzi. Fifia ɣeyiɣia de be mawudɔla atɔ̃lia ƒe kpẽkukua naɖe gbe ƒã vɔ̃ gbãtɔa, si dzi ŋɔ wu nusiwo do ŋgɔ nɛ la gɔ̃ hã. Eku ɖe ʋetsuviwo ƒe fuwɔame dziŋɔ aɖe ŋu. Gake gbã la, mina míadzro ŋɔŋlɔ bubu siwo akpe ɖe mía ŋu be míase fukpekpe sia gɔme nyuie wu la me.
2. Biblia ƒe agbalẽ kae ƒo nu tso ʋetsuviwo ƒe fuwɔame si ɖi esi Yohanes kpɔ la ŋu, eye dɔ kae wòwɔ ɖe blema Israel dzi?
2 Biblia ƒe agbalẽ si nye Yoel, si woŋlɔ le ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. me la ƒo nu tso nudzodzoe siwo ŋu ʋetsuviwo kpe ɖo ƒe fuwɔame aɖe si ɖi esi Yohanes kpɔ la ŋu. (Yoel 2:1-11, 25)a Aɖe fu geɖe ŋutɔ na Israel si gbe xɔse la, gake ana Yudatɔ ɖekaɖekawo natrɔ dzime eye Yehowa nagakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu ake. (Yoel 2:6, 12-14) Ne ɣeyiɣi ma ɖo la, Yehowa akɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe “ŋutilãwo katã” dzi, eye dzesi dziŋɔwo kple nukunu dovoɖinamewo ado ŋgɔ na “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” ƒe vava.—Yoel 2:11; 3:1-5.
Ƒe Alafa Gbãtɔ me Fukpekpe
3, 4. (a) Ɣekaɣie Yoel ta 2 ƒe emevava aɖe va, eye alekee? (b) Aleke fuwɔame si le abe ʋetsuviwo tɔ ene va le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. mee, eye ɣeyiɣi didi kae fuwɔamea yi edzi?
3 Yoel ta 2 ƒe emevava aɖe va le ƒe alafa gbãtɔ me. Ɣemaɣi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzie wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi tsɔ si ami na Kristotɔ gbãtɔwo hedo ŋusẽ wo be wogblɔ “Mawu ƒe nu dzɔtsuwo” le gbegbɔgblɔ geɖe me. Esia na ameha gã aɖe va ƒo ƒu. Apostolo Petro ƒo nu na nukpɔla mawo siwo ƒe mo wɔ yaa la heyɔ nya tso Yoel 3:1, 2 me eye wòɖe eme be wole eƒe emevava teƒe kpɔm. (Dɔwɔwɔwo 2:1-21) Gake nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be nudzodzoewo he fukpekpe ŋutɔŋutɔ vɛ ɣemaɣi esi ɖe fu na ame aɖewo hena ame bubuwo trɔ dzime o.
4 Ðe kpɔɖeŋu ƒe fukpekpe va le ŋkeke mawo mea? Ẽ! Eva tso Kristotɔ siwo wosi ami na yeye la ƒe gbeƒãɖeɖe madzudzɔmadzudzɔe la me.b To wo dzi la, Yehowa mia asi Yudatɔ siwo aɖo to la be woatrɔ dzime eye woaxɔ yayrawo tso ye gbɔ. (Dɔwɔwɔwo 2:38-40; 3:19) Amesiwo wɔ ɖe edzi la kpɔ eƒe amenuveve si de ŋgɔ. Gake ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo va zu abe ʋetsuviwo ƒe ha gblẽnu ene na amesiwo gbe amekpekpea dzi wɔwɔ. Tso Yerusalem la, wokaka ɖe Yudea kple Samaria katã. Eteƒe medidi hafi wonɔ afisiafi o, eye wonɔ fu wɔm Yudatɔ dzimaxɔsetɔwo to gbeƒãɖeɖe Yesu ƒe tsitretsitsia kple nusiwo katã esia fia la le dutoƒo dzi. (Dɔwɔwɔwo 1:8; 4:18-20; 5:17-21, 28, 29, 40-42; 17:5, 6; 21:27-30) Fuwɔame ma yi edzi vaseɖe “ŋkeke gã dziŋɔ” la dzi le ƒe 70 M.Ŋ. me esime Yehowa na Roma-ʋakɔwo ho ɖe Yerusalem ŋu hetsrɔ̃e. Kristotɔ siwo yɔ Yehowa ŋkɔ le xɔse me koe kpɔ ɖeɖe.—Yoel 3:5; Dɔwɔwɔwo 2:20, 21; Lododowo 18:10.
Ƒe Alafa 20 Lia me Fuwɔame La
5. Aleke Yoel ƒe nyagblɔɖia va emee tso ƒe 1919 me?
5 Gɔmesese le eŋu be míate ŋu akpɔ mɔ be emevava mamlea nanɔ Yoel ƒe nyagblɔɖia si le nuwuɣia me. Aleke esia va eme nyateƒe enye si! Le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si wowɔ le Cedar Point, Ohio, U.S.A., le September 1-8, 1919 me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔa kɔkɔ ɖi ɖedzesi aɖe ʋã eƒe amewo be woawɔ ɖoɖo ɖe xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ ŋu. Le amesiwo katã be yewonye Kristotɔwo dome la, woawo ɖeɖekoe dze agbagba ɖesiaɖe be yewoaɖe gbe ƒã nya nyui la be woɖo Yesu zi dzi wònye Fia le dziƒo esi wokpɔ esia dze sii. Woƒe ɖase ɖiɖi madzudzɔmadzudzɔe le nyagblɔɖi ƒe emevava me la va zu fuwɔame na Kristodukɔa si gbe xɔse la.—Mateo 24:3-8, 14; Dɔwɔwɔwo 1:8.
6. (a) Nukae Yohanes kpɔ esime mawudɔla atɔ̃lia ku eƒe kpẽa? (b) Amekae “ɣletivi” sia tsi tre ɖi na, eye nukatae?
6 Nyaɖeɖefia, si woŋlɔ anɔ abe ƒe 26 ene le Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ megbe, la hã ƒo nu tso fuwɔame ma ŋu. Nukae wògblɔ kpe ɖe Yoel ƒe nya la ŋu? Mina míatrɔ ɖe nya si ta Yohanes ka la ŋu: “Eye mawudɔla atɔ̃lia ku kpẽ la, eye mekpɔ ɣletivi, si ge tso dziƒo la dze anyigba, eye wotsɔ aʋli me vudo ƒe safui nɛ.” (Nyaɖeɖefia 9:1) “Ɣletivi” sia to vovo tso Nyaɖeɖefia 8:10 tɔ si Yohanes kpɔ wònɔ gegem la gbɔ. Ekpɔ “ɣletivi, si ge tso dziƒo,” esi wode dɔ asi na azɔ ku ɖe anyigba sia ŋu. Gbɔgbɔe amesia nyea alo ŋutilãmemee? Wogblɔ emegbe be amesi si “aʋli me vudo ƒe safui” sia le la tsɔ Satana ƒu gbe ɖe “aʋli me.” (Nyaɖeɖefia 20:1-3) Eyata ele be wòanye gbɔgbɔmeme ŋusẽtɔ aɖe. Yohanes gblɔ na mí le Nyaɖeɖefia 9:11 me be “fia aɖe” le ʋetsuviawo si “si nye aʋli me dɔla la.” Ele be kpukpui eveawo siaa naku ɖe ame ɖeka ma ke ŋu elabena gɔmesese le eme be mawudɔla si si aʋli me safuia le la ke nanye aʋli me dɔla la. Eye ɣletivi la atsi tre ɖi na Yehowa ƒe Fia si wòɖo la, elabena Fia ɖeka si nye mawudɔla dzi koe Kristotɔ amesiaminawo da asi ɖo, amesi nye Yesu Kristo.—Kolosetɔwo 1:13; Korintotɔwo I, 15:25.
7. (a) Nukae dzɔ esime woʋu nu le “aʋli me vudo la” nu? (b) Nukae nye “aʋli” la, eye amekawoe nɔ eme ɣeyiɣi kpui aɖe?
7 Nya la yi edzi be: “Eye wòʋu aʋli me vudo la nu, eye dzudzɔ tu tso vudo la me abe kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ ene, eye ɣe kple yame do viviti le vudo la ƒe dzudzɔ la ŋuti. Eye ʋetsuviwo do go tso dzudzɔ la me ɖe anyigba la dzi, eye wona ŋusẽ wo, abe alesi ŋusẽ le anyigba dzi dziɖegbewo ŋu ene.” (Nyaɖeɖefia 9:2, 3) Le Ŋɔŋlɔa ƒe nya nu la, “aʋli me” nye dɔmawɔmawɔ alo ku gɔ̃ hã ƒe teƒe. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 10:7; Nyaɖeɖefia 17:8; 20:1, 3.) Yesu nɔviwo ƒe ha sue la nɔ dɔmawɔmawɔ ƒe “aʋli” ma tɔgbe aɖe me ɣeyiɣi kpui aɖe le xexemeʋa gbãtɔ ƒe nuwuwu (ƒe 1918-19). Gake esime Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔ ɖe eƒe dɔla siwo trɔ dzime dzi le ƒe 1919 me la, wodo bibibi be yewoakpe akɔ kple dɔ si le yewo ŋgɔ ƒe gbetɔame la.
8. Aleke “dzudzɔ” gbogbo aɖe tue esime woɖe asi le ʋetsuviawo ŋu?
8 Abe alesi Yohanes kpɔe ene la, dzudzɔ gbogbo aɖe tu abe “kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ” ene esime woɖe asi le ʋetsuviawo ŋu.c Nenemae wònɔ le ƒe 1919 me. Nɔnɔmea do blukɔ na Kristodukɔa kple xexeame. (Tsɔe sɔ kple Yoel 3:3, 4.) Asi si woɖe le ʋetsuvi mawo siwo nye Yohanes habɔbɔa ŋu la nye Kristodukɔa ƒe osɔfo siwo wɔ ɖoɖo heɖo nugbe be woatsi Fiaɖuƒedɔa nu tegbee eye wogbe nu le Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbɔ azɔ la dzi ɖuɖu ŋutɔŋutɔ. Viviti si le abe dzudzɔ ene ƒe ɖaseɖiɖi dze kaka ɖe Kristodukɔ si gbe xɔse la dzi gɔme esime Mawu na ŋusẽ ʋetsuviwo ƒe ha ma eye wodze eŋudɔ wɔwɔ gɔme le gbeƒãɖeɖe ʋɔnudrɔ̃gbedasi sesẽwo me. Kristodukɔa ƒe “ɣe”—si nye alesi wòdze abe kekelitsoƒe ene—la do viviti eye “yame” yɔ fũ kple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe gbeƒãɖeɖewo esime woɖee fia be xexeme sia ƒe “yameŋusẽ ƒe fia” lae nye Kristodukɔa ƒe mawu.—Efesotɔwo 2:2; Yohanes 12:31; Yohanes I, 5:19.
Ʋetsuvi Wɔfuame Mawo!
9. Aʋawɔwɔ ƒe mɔfiafia kawoe wona ʋetsuviawo?
9 Aʋawɔwɔ ƒe mɔfiafia kawoe wona ʋetsuvi mawo? Yohanes ka nya ta be: “Eye wogblɔ na wo bena, woagawɔ vɔ̃ anyigba dzi gbe mumu alo aŋgba alo ati aɖeke o, negbe amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko. Eye wona ŋusẽ wo be, woagawu wo o, ke boŋ bene woawɔ fu wo ɣleti atɔ̃ sɔŋ; eye woƒe fuwɔwɔ la le abe dziɖegbe ƒe ametete ƒe fuwɔame ene. Eye le ŋkeke mawo me la amewo adi ku, eye womele ekpɔ ge o, eye woadi vevie be, yewoaku, eye ku asi le wo gbɔ.”—Nyaɖeɖefia 9:4-6.
10. (a) Amekawo dzie fuwɔamea va gbã, eye dɔ kae wòwɔ ɖe wo dzi? (b) Fuwɔame ka ƒomevie wòlɔ ɖe eme? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔ hã.)
10 De dzesie be womehe fukpekpe sia va ameawo alo ame ŋkuta siwo le wo dome—siwo nye ‘anyigba dzi gbe mumu alo aŋgbawo’—la dzi gbã o. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 8:7.) Ʋetsuviawo awɔ nuvevi amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la ɖeɖeko, amesiwo nye Kristodukɔa me tɔ siwo gblɔna be wotre yewo nu gake woƒe nuwɔnawo ɖee fia be aʋatsoe nya ma nye la. (Efesotɔwo 1:13, 14) Eyata egbegbe ʋetsuvi siawo ƒe nyagbɔgblɔ wɔfuameawo yi na Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo gbã. Aleke gbegbe wòanya wɔ fu dadala siawo godoo enye si esime wosee woɖe gbe ƒãe le dutoƒo be menye ɖeko womele woƒe alẽhawo kplɔm yina dziƒoe o, ke woa ŋutɔwo hã womayi afima o!d Le nyateƒe me la, ‘ŋkuagbãtɔ nafia mɔ ŋkuagbãtɔ’ ƒe nyae wònye!—Mateo 15:14.
11. (a) Ɣeyiɣi didi kae wona ŋusẽ ʋetsuviawo be woawɔ fu Mawu ƒe futɔwo, eye nukatae ema menye ɣeyiɣi kpui aɖe o? (b) Aleke fuwɔamea nu sẽe?
11 Fukpekpe la nɔ anyi ɣleti atɔ̃. Ɣeyiɣi kpui ŋutɔe wònyea? Menye le ʋetsuvi ŋutɔŋutɔ gome o. Ɣleti atɔ̃e nye nudzodzoe siawo ƒe agbenɔɣi. Eyata egbegbeʋetsuviawo yia edzi nɔa Mawu ƒe futɔwo tem zi alesi wole agbe. Gawu la, fukpekpea nu sẽ ale gbegbe be ameawo di be yewoaku. Nyateƒee, nuŋlɔɖi aɖeke mele mía si si fia be amesiwo ʋetsuviawo te la dometɔ aɖeke dze agbagba be yeawu ye ɖokui o. Gake nyagbɔgblɔa kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ alesi fuwɔamea nu sẽe—abe dziɖegbewo ƒe ametete madzudzɔmadzudzɔe ene. Ele abe fu si Yeremya kpɔ do ŋgɔ be Israel-vi maɖianukware mawo siwo Babilontɔ aʋadziɖulawo aka ahlẽ, amesiwo ku adzɔ dzi na wu agbe la, akpe ene.—Yeremya 8:3; kpɔ Nyagblɔla 4:2, 3 hã.
12. Nukatae wona ŋusẽ ʋetsuviawo be woawɔ fu Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le gbɔgbɔ me gake womawu wo o?
12 Nukatae wona ŋusẽ wo be woawɔ fu amesiawo le gbɔgbɔ me eye woagawu wo o? Vɔ̃ gbãtɔe esia nye le Kristodukɔa ƒe aʋatsokaka kple eƒe kpododonu ɖeɖe ɖe go me, gake emegbe esime Aƒetɔ ƒe ŋkekea le edzi yim la ko hafi woaɖe ha alesi wòle abe nu kuku ene le gbɔgbɔ me la bliboe. Vɔ̃ evelia mee woawu amewo ƒe akpa etɔ̃lia le.—Nyaɖeɖefia 1:10; 9:12, 18; 11:14.
Ʋetsuvi Siwo Wobla Aʋakpa Na
13. Aleke ʋetsuviawo ƒe dzedzeme le?
13 Ʋetsuvi mawo ƒe dzedzeme ɖe dzesi ale gbegbe! Yohanes ƒo nu tso eŋu be: “Eye ʋetsuviawo ƒe nɔnɔme le abe sɔ, siwo wodzra ɖo hena aʋawɔwɔ ene, eye nane le woƒe ta abe fiakuku, siwo ɖi sika ene, eye woƒe mo le abe amewo ƒe mo ene. Eye taɖa li na wo abe nyɔnuwo ƒe taɖa ene, eye woƒe aɖuwo le abe dzatawo ƒe aɖuwo ene. Eye akɔtakpoxɔnu le wo si abe gakɔtakpoxɔnu ene, eye woƒe aʋalawo me ƒe ɖiɖi le abe tasiaɖam kple sɔ geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi ene.”—Nyaɖeɖefia 9:7-9.
14. Nukatae alesi Yohanes ɖɔ ʋetsuviawoe la sɔ kple Kristotɔwo ƒe habɔbɔ si me wogade dzoe le ƒe 1919 me la?
14 Esia nye Kristotɔwo ƒe habɔbɔ wɔnuteƒe si me wogade dzoe le ƒe 1919 me la ƒe kpɔɖeŋu nyuie. Abe sɔwo ene la, wonɔ klalo hena aʋawɔwɔ, eye wonɔ didim vevie be yewoaʋli nyateƒea ta le mɔ si ŋuti apostolo Paulo ƒo nu le la nu. (Efesotɔwo 6:11-13; Korintotɔwo II, 10:4) Yohanes kpɔ nusi dze abe sikafiakukuwo ene le wo ta. Masɔ be fiakuku ŋutɔŋutɔ nanɔ wo ta o elabena womedzea dziɖuɖu gɔme esime wokpɔtɔ le anyigba dzi o. (Korintotɔwo I, 4:8; Nyaɖeɖefia 20:4) Gake le ƒe 1919 me la, fianyenye ƒe nɔnɔme nɔ wo si xoxo. Wonye Fia la nɔviwo, eye wodzra woƒe dziƒofiakukuawo ɖo ɖi na wo ne woɖi anukware vaseɖe nuwuwu ko.—Timoteo II, 4:8; Petro I, 5:4.
15. Nukae ʋetsuviawo ƒe nusiawo tsi tre ɖi na: (a) gakɔtakpoxɔnuawo? (b) woƒe mo siwo le abe amewo ƒe mo ene? (d) woƒe taɖa si le abe nyɔnu tɔ ene? (ɖ) woƒe aɖu siwo le abe dzatawo tɔ ene? (e) woƒe hoowɔwɔ?
15 Le ŋutega la me la, gakɔtakpoxɔnuwo le ʋetsuviawo si, esiwo tsi tre ɖi na dzɔdzɔenyenye si dome womate ŋu agblẽ o. (Efesotɔwo 6:14-18) Amewo ƒe mo hã le wo si, eye esia fia lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔme la, elabena wowɔ ame ɖe Mawu, amesi nye lɔlɔ̃ la ƒe nɔnɔme me. (Mose I, 1:26; Yohanes I, 4:16) Woƒe taɖa didi abe nyɔnuwo tɔ ene, eye esia tsi tre ɖi na wo ɖokui si wobɔbɔ ɖe woƒe Fia si nye aʋli me dɔla la te la wòsɔ nyuie. Eye woƒe aɖuwo le abe dzata ƒe aɖu ene. Dzata tsɔa eƒe aɖuwo vuvua lãe. Tso ƒe 1919 dzi la, Yohanes habɔbɔa gate ŋu ɖu gbɔgbɔ me nuɖuɖu sesẽ, vevietɔ nyateƒe siwo ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe si dzi ɖum Yesu Kristo si nye “dzata, si tso Yuda ƒe to la me” le la ŋu. Abe alesi dzata tsi tre ɖi na dzideƒo ene la, nenema ke dzideƒo gã aɖe hiã be woadzro gbedasi sia si nu sẽ la me, woadee agbalẽwo me, eye woamãe ɖe xexeame katã. Kpɔɖeŋuʋetsuvi mawo ƒe nuwɔwɔ ɖi hoo ŋutɔ, abe “tasiaɖam kple sɔ geɖe, siwo le du sim yina aʋa la ƒe ɖiɖi” ene. Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, womeɖoe be yewoazi ɖoɖoe o.—Korintotɔwo I, 11:7-15; Nyaɖeɖefia 5:5.
16. Nukae “asike” siwo le ʋetsuviawo gɔme “abe dziɖegbewo ene, eye ti le wo nu” la fia?
16 Gbeƒãɖeɖe sia lɔ nu geɖe ɖe eme wu nya si woagblɔ kple nu ko! “Eye asike le wo gɔme abe dziɖegbewo ene, eye ti le wo nu, eye woƒe ŋusẽ le woƒe asikewo me, be woawɔ vɔ̃ amewo ɣleti atɔ̃ sɔŋ.” (Nyaɖeɖefia 9:10) Nukae esia afia? Esime Yehowa Ðasefowo le woƒe Fiaɖuƒedɔa wɔm la, wogblẽa agbalẽwo ɖi—esiwo nye agbalẽ siwo ŋu akpa sesẽ le, magazinewo, agbalẽ gbadzawo, kple trakt siwo sɔ ɖe ɣeyiɣia dzi. Nya siwo me ŋusẽ le siwo nɔ te ɖe Mawu ƒe Nya la dzi le esiawo me be amewo naxlẽ le woƒe aƒewo me, eye ti si ɖi dziɖegbe tɔ la le wo nu elabena woxlɔ̃a nu tso Yehowa ƒe hlɔ̃biaŋkeke si le aƒe tum la ŋu. (Yesaya 61:2) Hafi gbɔgbɔ me ʋetsuviwo ƒe dzidzime si li fifia la ƒe agbenɔɣi nava yi la, woawu Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo gbɔgblɔ ƒe dɔ si Mawu ɖo na wo la nu—woawɔ nuvevi busunyagblɔla kɔlialiatɔwo katã.
17. (a) Nya kae woɖe gbe ƒãe le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe ƒe 1919 takpekpea me si adzi alesi woƒe ɖaseɖiɖia ƒe ti la nu sẽe ɖe edzi? (b) Aleke wowɔ fu osɔfoawoe, eye aleke woawo hã wɔ nu ɖe enue?
17 Dzi dzɔ ʋetsuviwo ƒe ha ma esime woɖe gbe ƒã le magazine yeye aɖe si nye The Golden Age ŋuti le woƒe ƒe 1919 takpekpea me. Enye zi eve le kwasiɖa ɖesiaɖe me ƒe magazine si ŋu wotrɔ asi le be wòadzi alesi woƒe ɖaseɖiɖi ƒe ti la nu sẽe la ɖe edzi.e Eƒe tata 27 lia si nye September 29, 1920 tɔ la klo nu le osɔfowo ƒe alakpanuwɔwɔ le Biblia Nusrɔ̃viwo yome titi le United States le ƒe 1918-19 ƒe ɣeyiɣia me la dzi. Le ƒe 1920 kple 1930 ƒe ƒeawo me la, The Golden Age tsɔ nyati kple nɔnɔmetata ɖikokoe teame bubu siwo ɖe ha osɔfowo ƒe ayenuwɔwɔ le wo ɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me, kple vevietɔ Katoliko-nunɔlawo ƒe nubabla siwo wowɔ kple Fasitɔwo kple Nazitɔwo ƒe ŋutasẽdziɖulawo la wɔ fu wo. Le nu wɔwɔ ɖe ema nu me la, osɔfowo ‘to se dzi wɔ nu vlo’ eye wona nuvlowɔlawo ƒe hawo wɔ anyrãnu ɖe Mawu ƒe amewo ŋu.—Psalmo 94:20.
Wona Kaklã Xexeamedziɖulawo
18. Dɔ kae nɔ ʋetsuviawo si be woawɔ, eye nukae dzɔ le wɔwɔ ɖe kpẽkuku atɔ̃lia dzi me?
18 Dɔ nɔ egbegbeʋetsuviawo si be woawɔ. Ele be woaɖe gbe ƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Ele be woaɖe vodadawo ɖe go. Ele be woadi alẽ siwo bu. Esi ʋetsuviawo nɔ dɔ siawo wɔm la, eƒoe ɖe xexeame nu be wòakpɔe ahade dzesii. Be woawɔ ɖe mawudɔlawo ƒe kpẽkukuawo dzi la, Yohanes habɔbɔa yi edzi ɖe ha Kristodukɔa be edze na Yehowa ƒe fɔbuʋɔnudɔdrɔ̃. Le nu wɔwɔ ɖe kpẽkuku atɔ̃lia nu me la, wote gbe ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo ƒe akpa tɔxɛ aɖe dzi le Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le London si le England la me le May 25-31, 1926. Tameɖoɖo kplikpaa aɖe si ƒe tanyae nye “Ðaseɖiɖi na Xexeamedziɖulawo” kple dutoƒonuƒo aɖe si woƒo le Royal Albert Hall ku ɖe “Nusita Xexemeŋusẽwo Le Zɔzɔm Sɔgɔ̃sɔgɔ̃—Egbɔkpɔnu La” ƒe nyatia ŋue nɔ esia me, eye wota evea siaa me nyawo katã ɖe London-nyadzɔdzɔgbalẽ vevi aɖe me le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Emegbe la, ʋetsuviwo ƒe ha la mã tameɖoɖo kplikpaa ma ƒe trakt miliɔn 50 le xexeame katã—esi nye fuwɔame na osɔfoawo vavã! Le ƒe geɖe megbe la, amewo kpɔtɔ nɔ nu ƒom tso nukokloameŋu teame sia ŋuti le England.
19. Aʋawɔnu bubu kae su kpɔɖeŋu ƒe ʋetsuviawo si, eye nukae wògblɔ ku ɖe London ƒe tameɖoɖowo ƒe gbeƒãɖeɖea ŋuti?
19 Wogana aʋawɔnu bubuwo kpɔɖeŋu ƒe ʋetsuviawo le takpekpe sia me, eye esi ɖe dzesie nye agbalẽ yeye si ƒe tanyae nye Deliverance. Ŋɔŋlɔa me numedzodzro si ku ɖe dzesi si ɖo kpe edzi be wodzi “ŋutsuvi” ƒe dziɖuɖu si nye Kristo ƒe Dziƒofiaɖuƒea le ƒe 1914 me ŋu la nɔ eme. (Mateo 24:3-14; Luka 21:24-26; Nyaɖeɖefia 12:1-10) Le ema megbe la, eyɔ nya tso tameɖoɖowo ƒe gbeƒãɖeɖe si wota le London le ƒe 1917 me eye osɔfo enyi siwo wogblɔ be “wole xexeame ƒe mawunyagblɔla vevitɔwo kekeake dome” de asi ete la me. Wonɔ Protestant-sɔlemeha gãtɔwo teƒe—esiwo nye Baptistɔwo, Kongrigasintɔwo, Presbyteriatɔwo, Episkopaltɔwo kple Methodistɔwo. Tameɖoɖowo ƒe gbeƒãɖeɖe sia gblɔ be “xaxa si li fifia la fia asi Trɔ̃subɔlawo ƒe azã la ƒe nuwuwu” eye be “woakpɔ mɔ be Aƒetɔ la ƒe ɖeɖefia ate ŋu ava ɣesiaɣi.” Ẽ, osɔfo mawo kpɔ Yesu ƒe anyinɔnɔ ƒe dzesi la dze sii! Gake ɖe wodi be yewoawɔ nane tso eŋua? Deliverance-gbalẽa gblɔ na mí be: “Nya la ƒe akpa si wɔ nuku wue nye be amesiwo tututu de asi tameɖoɖowo ƒe gbeƒãɖeɖe la te la va gbe nu le egbɔ emegbe eye wogbe ɖaseɖiɖi si ɖo kpe edzi be míele xexeame ƒe nuwuwu kple Aƒetɔ la ƒe anyinɔnɔ evelia ŋɔli la.”
20. (a) Tiatia kae osɔfowo wɔ ku ɖe ʋetsuviwo ƒe ha la kple woƒe Fia la ŋu? (b) Amekae Yohanes gblɔ be ele ʋetsuviwo ƒe ha la nu, eye nukae nye eŋkɔ?
20 Le esi teƒe be Kristodukɔa ƒe osɔfowo naɖe gbe ƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe si woɖo anyi yeyee la, wotia be yewoanɔ Satana ƒe xexeame yome. Womedi be yewoade ha kple ʋetsuviwo ƒe ha la kple woƒe Fia la o, amesi ŋu Yohanes de dzesii le azɔ be: “Fia aɖe, si nye aʋli me dɔla la, ɖu wo dzi, eye woyɔ eŋkɔ le Hebrigbe me be Abadon [si gɔmee nye “Tsɔtsrɔ̃”], eye woyɔnɛ le Helagbe me be Apolion [si gɔmee nye “Nutsrɔ̃la”].” (Nyaɖeɖefia 9:11) Abe “aʋli me dɔla” kple “Nutsrɔ̃la” ene la, Yesu he vɔ̃ wɔfuame va Kristodukɔa dzi vavã. Gake nu bubuwo gale ŋgɔ gbɔna!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Tsɔ Yoel 2:4, 5, 7 (afisi woƒo nu tso nudzodzoewo ŋu abe sɔwo, amewo kple ŋutsuwo ene, kple be wole hoo wɔm abe tasiaɖam ene) sɔ kple Nyaɖeɖefia 9:7-9; tsɔ Yoel 2:6, 10 (si ɖɔ vevesese si do tso nudzodzoewo ƒe fuwɔamea me la) hã sɔ kple Nyaɖeɖefia 9:2, 5.
b Kpɔ nyati “Wowɔ Ðeka ɖe Dukɔwo Ŋu le Nyametsobali la Me” si le December 1, 1961 ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.
c De dzesii be womate ŋu azã ŋɔŋlɔ sia atsɔ aɖo kpe edzi be dzo nɔ aʋli la me, abe ɖe aʋli la nye dzo mavɔ ƒomevi aɖe ene o. Yohanes gblɔ be yekpɔ dzudzɔ likɔɔ si nɔ “abe” kpodzo gã aɖe ƒe dzudzɔ “ene.” (Nyaɖeɖefia 9:2) Megblɔ be yekpɔ dzo ŋutɔŋutɔ le aʋli la me o.
d Hela-nya si wozã le afisia la tso ba·sa·niʹzo si wozãna ɣeaɖewoɣi na fuwɔame ŋutɔŋutɔ la me; gake woate ŋu azãe na susu me funyafunyawɔwɔ hã. Le kpɔɖeŋu me, míexlẽnɛ le Petro II, 2:8 me be Lot “[wɔa] fu eƒe luʋɔ dzɔdzɔe la” le nu vɔ̃ɖi siwo wòkpɔ le Sodom ta. Subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le apostoloawo ŋɔli la kpe susu me fuwɔame ƒe fu, gake le susu si to vovo kura ta.
e Wotrɔ ŋkɔ na magazine sia be Consolation (Akɔfafa) le ƒe 1937 me kple Awake! (Nyɔ!) le ƒe 1946 me.
[Nɔnɔmetata si le axa 143]
Kpẽ atɔ̃lia kuku he vɔ̃ etɔ̃ ƒe gbãtɔ vɛ
[Nɔnɔmetata si le axa 146]
Wò aŋutrɔ ɖaɖɛwo ƒo ɖe fia ƒe futɔwo ƒe dzi me. (Psalmo 45:6) Wota nutata ɖikokoe si le etame si gbɔ nya sia dze le la tɔgbe geɖe le ƒe 1930 ƒe ƒeawo me eye wote “amesiwo Mawu ƒe nutrenu mele ŋgonu na o la”
[Nɔnɔmetata si le axa 147]
Royal Albert Hall, afisi woɖe agbalẽ si nye Deliverance ɖe go le eye woda asi ɖe “Ðaseɖiɖi na Xexeamedziɖulawo” ƒe tameɖoɖo kplikpaa dzi le