Ta 24
Gbedasi si Le Vivim Hele Vevem
Ŋutega 6—Nyaɖeɖefia 10:1–11:19
Nyati: Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sue la ƒe ŋutega; gbedoxɔ me nuteƒekpɔkpɔwo; kpẽ adrelia kuku
Emevaɣi: Tso esime woɖo Yesu fiae le ƒe 1914 me vaseɖe xaxa gã la dzi
1, 2. (a) Nukae do tso vɔ̃ evelia me, eye ɣekaɣie woagblɔ be vɔ̃ sia wu nu? (b) Amekae Yohanes kpɔ azɔ be ele ɖiɖim tso dziƒo?
VƆ̃ EVELIA gblẽ nu ŋutɔ. Ewɔ fu Kristodukɔa kple eƒe ŋgɔnɔla siwo nye “amewo ƒe akpa etɔ̃lia,” eye wòto ema dzi ɖe ha wo be woku le gbɔgbɔ me. (Nyaɖeɖefia 9:15) Le ema megbe la, Yohanes anya nɔ nusi vɔ̃ etɔ̃lia ahe vɛ la biam eɖokui. Gake tɔ gbɔ! Vɔ̃ evelia mewu nu haɖe o—mawu nu o vaseɖe esime míaɖo akpa si woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 11:14 me la. Do ŋgɔ na ema la, Yohanes akpɔ nuwo ƒe tɔtrɔ si me eya ŋutɔ akpɔ gome le. Edze egɔme kple nukpɔkpɔ dziŋɔ aɖe:
2 “Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ bubu aɖe le ɖiɖim tso dziƒo le alilikpo me, eye anyieʋɔ le eƒe ta me, eye eƒe ŋku me le abe ɣe ene, eye eƒe afɔwo le abe dzosɔtiwo ene.”—Nyaɖeɖefia 10:1.
3. (a) Amekae nye “mawudɔla sesẽ” la? (b) Nukae anyieʋɔ si le eta la fia?
3 Amekae nye “mawudɔla sesẽ” sia? Edze ƒã be eyae nye Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la si le dɔ bubu aɖe wɔm. Wotsɔ alilikpo si ana womakpɔe o ɖo atsyɔ̃ nɛ, esi ɖo ŋku Yohanes ƒe nya siwo wògblɔ tso Yesu ŋu do ŋgɔ la dzi na mí. “Kpɔ ɖa, egbɔna kple alilikpowo, eye ŋku sia ŋku lakpɔe, eye amesiwo ƒo nu ɖee hã, lakpɔe.” (Nyaɖeɖefia 1:7; tsɔe sɔ kple Mateo 17:2-5.) Anyieʋɔ si le eta la ɖo ŋku Yehowa ƒe fiazikpui la kple eƒe “anyieʋɔ, si ŋuti le abe smaragd-kpe ene” la ƒe ŋutega si Yohanes kpɔ do ŋgɔ la dzi na mí. (Nyaɖeɖefia 4:3; tsɔe sɔ kple Xezekiel 1:28.) Anyieʋɔ ma fia tomefafa kple ŋutifafa si le Mawu ƒe fiazikpuia ŋu. Nenema kee anyieʋɔ sia si le mawudɔla la ta aɖee afia be enye ŋutifafa ƒe dɔla tɔxɛ, si nye Yehowa ƒe “Ŋutifafafia” si ŋuti nya wogblɔ ɖi la.—Yesaya 9:5, 6.
4. Nukae esiawo fia: (a) mawudɔla sesẽ la ƒe mo si le “abe ɣe ene”? (b) mawudɔla la ƒe afɔ siwo le “abe dzosɔtiwo ene”?
4 Mawudɔla sesẽ la ƒe mo nɔ “abe ɣe ene.” Do ŋgɔ le ŋutega si me Yohanes kpɔ Yesu wòle Mawu ƒe gbedoxɔa me la me la, ede dzesii be Yesu ƒe mo nɔ “abe alesi ɣe klẽna sesĩe ene.” (Nyaɖeɖefia 1:16) Abe “dzɔdzɔenyenye ƒe ɣe” la ene la, Yesu klẽna eye gbedada nɔa eƒe aʋalawo me be wòaɖe vi na amesiwo vɔ̃a Yehowa ƒe ŋkɔ la. (Maleaxi 3:20) Menye mawudɔla sia ƒe mo koe ŋutikɔkɔe nɔ o ke boŋ eƒe afɔwo hã le “abe dzosɔtiwo ene.” Eƒe tsitrenɔnɔ sesĩe la nye Amesi Yehowa tsɔ “ŋusẽ katã, si le dziƒo kple anyigba dzi” na la tɔ.—Mateo 28:18; Nyaɖeɖefia 1:14, 15.
5. Nukae Yohanes kpɔ le mawudɔla sesẽ la si?
5 Yohanes yi edzi gblɔ be: “Eye agbalẽvi, si woʋu la, le esi, eye wòtsɔ eƒe nuɖusifɔ da ɖe atsiaƒu dzi, eye wòtsɔ eƒe miãfɔ da ɖe anyigba dzi.” (Nyaɖeɖefia 10:2) Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ bubua? Ẽ, gake fifia ya la, wometre enu o. Míate ŋu akpɔ mɔ be eteƒe madidi o mía kple Yohanes míakpɔ nu dodzidzɔname bubu siwo woagaɖe ɖe go la. Gake gbã la, wona nɔnɔme siwo me nusi kplɔe ɖo la adzɔ le la mí.
6. (a) Nukatae wòsɔ be Yesu ƒe afɔwo le anyigba kple atsiaƒu dzi? (b) Ɣekaɣie Psalmo 8:6-9 va eme keŋkeŋ?
6 Mina míatrɔ ayi alesi woƒo nu tso Yesu ŋue la dzi. Eƒe afɔ siwo le abe dzo ene la le anyigba kple atsiaƒu, siwo dzi wòkpɔ ŋusẽ blibo ɖo azɔ, la dzi. Ðeko wòle abe alesi wogblɔe ɖe nyagblɔɖi ƒe hadzidzia me ene be: “Esusɔ vie, [wò Yehowa] nèna [Yesu sɔ] kple [amesiwo ɖi] Mawu kloe, eye nètsɔ bubu kple ŋutikɔkɔe ɖɔ nɛ. Ètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo nu, eye nètsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te: alẽwo kple nyiwo siaa hekpe ɖe gbemelãwo hã ŋu, dziƒoxeviwo kple ƒumelãwo kpakple nusianu, si zɔa atsiaƒu me.” (Psalmo 8:6-9; kpɔ Hebritɔwo 2:5-9 hã.) Psalmo sia va eme keŋkeŋ le ƒe 1914 me esime woɖo Yesu Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fiae eye nuwuɣia dze egɔme. Eyata nusi Yohanes kpɔ le ŋutega me le afisia la le dɔ wɔm tso ƒe ma dzi.—Psalmo 110:1-6; Dɔwɔwɔwo 2:34-36; Daniel 12:4.
Dziɖegbe Adreawo
7. Aleke mawudɔla sesẽ la do ɣlie, eye nukae eƒe ɣlidodoa fia?
7 Mawudɔla sesẽ sia ŋutɔ tso alesi Yohanes nɔ ekpɔmee la me: “Eye [mawudɔla la do] ɣli kple gbe gã aɖe, abe alesi dzata ɖea gbe ene, eye esime wòdo ɣli la, dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go.” (Nyaɖeɖefia 10:3) Ɣlidodo sesĩe nenema ahe Yohanes ƒe susu ahaɖo kpe edzi be Yesue nye “dzata, si tso Yuda ƒe to la me” vavã. (Nyaɖeɖefia 5:5) Yohanes anya hã be wogblɔna ɣeaɖewoɣi be Yehowa hã “le gbe ɖem.” Le nyagblɔɖi me la, Yehowa ƒe gbeɖeɖe ɖea gbe ƒã gbɔgbɔ me Israel nu ƒoƒo ƒu ake kple ‘Yehowa ƒe tsɔtsrɔ̃ŋkeke la’ ƒe vava. (Hosea 11:10; Yoel 4:14, 16; Amos 1:2; 3:7, 8) Ekema eme kɔ ƒã be mawudɔla sesẽ sia ƒe gbeɖeɖe abe dzata ene la fia be nu gã mawo tɔgbe adzɔ ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi. Ebia tso dziɖegbe adreawo si be woaƒo nu.
8. Nukawoe nye ‘dziɖegbe adreawo ƒe gbe’?
8 Do ŋgɔ la, Yohanes se dziɖegbe tso Yehowa ƒe fiazikpui la ŋutɔŋutɔ me. (Nyaɖeɖefia 4:5) Le Dawid ƒe ŋkekea me ke la, woƒo nu tso dziɖegbe ŋutɔŋutɔ ŋu ɣeaɖewoɣi be enye “Yehowa ƒe gbe.” (Psalmo 29:3) Le Yesu ƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa wɔɣi la, esi Yehowa ɖe gbe ƒã Eƒe tameɖoɖo be yeakɔ ye ŋutɔ yeƒe ŋkɔ ŋu la, eɖi abe dziɖegbe ene na ame geɖe. (Yohanes 12:28, 29) Eyata gɔmesese le eŋu be woaƒo nya ta be ‘dziɖegbe adreawo ƒe gbe’ nye Yehowa ŋutɔ ƒe nuƒoƒo tso eƒe tameɖoɖowo ŋu. Nyateƒe si wònye be dziɖegbeawo nye ‘adre’ la fia nusi Yohanes se la ƒe blibonyenye.
9. Se kae gbe aɖe si ɖi tso dziƒo de?
9 Gake ɖo to! Gbe bubu aɖe ɖi. Ede se aɖe si awɔ mo yaa na Yohanes: “Eye esime dziɖegbe adreawo ɖe woƒe gbe ɖe go la, medi be, maŋlɔe; eye mese gbe aɖe tso dziƒo le gbɔgblɔm bena: Tre nusiwo dziɖegbe adreawo gblɔ la nu, eye mègaŋlɔ wo o.” (Nyaɖeɖefia 10:4) Yohanes anya di vevie be yease dziɖegbeawo ƒe gbedasi mawo ahaŋlɔ wo, abe alesi egbea Yohanes habɔbɔa lala vevie be Yehowa naɖe eƒe dziƒotameɖoɖowo afia be yewoata wo ɖe agbalẽ me ene. Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi koe ɖeɖefia mawo vana le.—Luka 12:42; kpɔ Daniel 12:8, 9 hã.
Nya Ɣaɣla Kɔkɔe la ƒe Nuwuwu
10. Amekae mawudɔla sesẽ la ta, eye ɖe nyagbɔgblɔ ka dzi?
10 Fifia ya dɔ bubu nɔ Yehowa si na Yohanes gbɔ. Esi dziɖegbe adreawo ɖe gbe vɔ la, mawudɔla sesẽ la gaƒo nu ake: “Eye mawudɔla si mekpɔ wòle tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la do eƒe nuɖusi ɖe dziƒo, eye wòta Amesi le agbe tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me, amesi wɔ dziƒo kple nusiwo le eme kple anyigba kple nusiwo le edzi kpakple atsiaƒu kple nusiwo le eme la bena: ‘Womagahe ɖe megbe azɔ o.’” (Nyaɖeɖefia 10:5, 6, New World Translation) Amekae mawudɔla sesẽ la ta? Yesu si le ŋutikɔkɔe me la meta eɖokui o, ke boŋ eta Ŋusẽkatãtɔ Yehowa, dziƒo kple anyigba Wɔla si mekuna o la. (Yesaya 45:12, 18) To atamkaka sia dzi la, mawudɔla la ka ɖe edzi na Yohanes be Mawu magahe ɖe megbe o.
11, 12. (a) Nukae “womagahe ɖe megbe azɔ o” la fia? (b) Nukae wohe va nuwuwue?
11 Hela-nya si gɔme woɖe ɖe afisia be ‘he ɖe megbe’ lae nye khroʹnos, si gɔmeɖeɖe le nya la nue nye “ɣeyiɣi.” Eyata ame aɖewo se le wo ɖokui me be ele be woaɖe mawudɔla la ƒe nyagbɔgblɔ sia gɔme be: “Ɣeyiɣi aɖeke maganɔ anyi o,” abe ɖe ɣeyiɣi si míenya la awu nu ene. Gake asitɔnudzinyakui mele nya khroʹnos si wozã le afisia la ŋu o. Eyata mefia ɣeyiɣi gbadzaa o, ke boŋ efia “ɣeyiɣi aɖe” alo “ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme aɖe.” Ne woagblɔe le mɔ bubu nu la, Yehowa magana ɣeyiɣi bubu aɖeke (alo, ahe ɖe megbe) o. Wozã Hela-dɔwɔnya aɖe si woɖe tso khroʹnos me la le Hebritɔwo 10:37, afisi Paulo yɔ nya tso Xabakuk 2:3, 4 me heŋlɔe bena “amesi gbɔna la . . . mahe ɖe megbe o.”
12 “Womagahe ɖe megbe azɔ o”—aleke nya mawo hedzɔa dzi na Yohanes habɔbɔ si le tsitsim la egbeae! Go ka mee womagahe ɖe megbe le o? Yohanes gblɔe na mí be: “Ke boŋ le mawudɔla adrelia ƒe gbeɖeɖeŋkekewo me, esime woaku kpẽ la, woawu Mawu ƒe nya ɣaɣla la nu le nyanyuie, si wogblɔ fia eƒe dɔla siwo nye nyagblɔɖilawo la nu.” (Nyaɖeɖefia 10:7) Yehowa ƒe ɣeyiɣia de azɔ be wòahe eƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ava eƒe nuwuwu dzidzɔtɔe le ŋutikɔkɔe ƒe dzidzedze me!
13. Nukae nye Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔe la?
13 Nukae nye nya ɣaɣla kɔkɔe sia? Elɔ dzidzimevi si ŋugbe wodo zi gbãtɔ le Eden, amesi va nye Yesu Kristo gbã, la ɖe eme. (Mose I, 3:15; Timoteo I, 3:16) Eku ɖe amesi nyɔnu si me Dzidzimevia ado tso la nye hã ŋu. (Yesaya 54:1; Galatiatɔwo 4:26-28) Hekpe ɖe eŋu la, elɔ dzidzimevi habɔbɔa me tɔ bubuawo kple Fiaɖuƒe si me Dzidzimevia le dzi ɖum le la ɖe eme. (Luka 8:10; Efesotɔwo 3:3-9; Kolosetɔwo 1:26, 27; 2:2; Nyaɖeɖefia 1:5, 6) Ele be woaɖe gbe ƒã Dziƒofiaɖuƒe tɔxɛ sia ŋuti nya nyui la le anyigba katã dzi le nuwuɣia me.—Mateo 24:14.
14. Nukatae wotsɔ vɔ̃ etɔ̃lia ku ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu?
14 Ðikeke mele eme o be esia nye nya nyuitɔ kekeake. Gake le Nyaɖeɖefia 11:14, 15 me la, wotsɔ vɔ̃ etɔ̃lia ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu. Nukatae? Elabena le ameƒomea me tɔ siwo lɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia gome la, nya nyuia si wogblɔ abe kpẽkuku ene be wowu Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea nu—si nye be Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea va ɖo—la nye nya vɔ̃. (Tsɔe sɔ kple Korintotɔwo II, 2:16.) Efia be xexeame ƒe ɖoɖo si dzɔa dzi na wo ŋutɔ la ƒe tsɔtsrɔ̃ gogo. Esi Yehowa ƒe hlɔ̃biaŋkeke gã la le aƒe tum la, dziɖegbe adreawo ƒe gbe siwo me ahom gblẽnu siwo gbɔna ŋuti nuxlɔ̃me mawo le la me le kɔkɔm ɖe edzi eye wo nu le sesẽm ɖe edzi.—Zefanya 1:14-18.
Agbalẽ Ŋɔ́ŋlɔ si Woʋu
15. Nukae gbe si ɖi tso dziƒo kple mawudɔla sesẽ la gblɔ na Yohanes, eye dɔ kae wòwɔ ɖe Yohanes dzi?
15 Esime Yohanes le lalam be woaku kpẽ adrelia sia eye woahe Mawu ƒe nya ɣaɣla kɔkɔea ava nuwuwui la, wogade dɔ bubu asi nɛ: “Eye gbe, si mese tso dziƒo la, gaƒo nu kplim, eye wògblɔ bena: Yi naɖaxɔ agbalẽvi, si le ʋuʋu le mawudɔla, si le tsitre ɖe atsiaƒu kple anyigba dzi la si. Eye meyi mawudɔla la gbɔ yi ɖagblɔ nɛ be wòatsɔ agbalẽvi la nam. Eye wògblɔ nam bena: Xɔe, eye namii, eye wòaɖu dɔme na wò, ke wòavivi le wò nu me abe anyitsi ene. Eye mexɔ agbalẽvi la le mawudɔla la si, eye memii, eye wòvivi le nye nu me abe anyitsi ene, eye enumake esi meɖui la, eɖu dɔme nam. Eye wògblɔ nam bena: Ele na wò be, nagagblɔ nya ɖi le dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti.”—Nyaɖeɖefia 10:8-11.
16. (a) Aleke nuteƒekpɔkpɔ si ɖi Yohanes tɔ la su nyagblɔɖila Xezekiel sie? (b) Nukatae agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sue la vivi le Yohanes ƒe nu me, gake nukatae wòve le dɔme nɛ?
16 Yohanes ƒe nuteƒekpɔkpɔ la ɖi nyagblɔɖila Xezekiel tɔ esime wònɔ aboyo me le Babilon-nyigba dzi. Wode se na eya hã be wòaɖu agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ aɖe si vivi le eƒe nu me. Gake esi wòɖui eƒe dɔgbo yɔ la, ena wòva nye eƒe agbanɔamedzi be wòagblɔ nusiwo me vevesese le ɖi na Israel ƒe aƒe dzeaglã la. (Xezekiel 2:8–3:15) Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ si woʋu si Yesu Kristo si le ŋutikɔkɔe me la tsɔ na Yohanes la hã nye gbedasi si tso Mawu gbɔ. Yohanes aɖe gbe ƒã ku ɖe “dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo” ŋuti. Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sia ɖuɖu vivi enu elabena etso dziƒo. (Tsɔe sɔ kple Psalmo 119:103; Yeremya 15:15, 16.) Gake eve le dɔme nɛ elabena—abe alesi wònɔ le Xezekiel gome do ŋgɔ ene la—egblɔ nudzɔdzɔ siwo mevivi o ɖi na amegbetɔ dzeaglãwo.—Psalmo 145:20.
17. (a) Amekawoe nye amesiwo gblɔ na Yohanes be ‘wòagagblɔ’ nya ɖi ake, eye nukae esia fia? (b) Ɣekaɣie wòle be wɔwɔfia ɖedzesi si Yohanes kpɔ la nava eme?
17 Ðikeke mele eme o be amesiwo gblɔ na Yohanes be wòagagblɔ nya ɖi ake lae nye Yehowa Mawu kple Yesu Kristo. Togbɔ be woɖe aboyo Yohanes wòle Patmo-ƒukpo dzi hã la, egblɔ nya ɖi ku ɖe amewo, dukɔwo, gbegbɔgblɔwo kple fiawo ŋuti xoxo to nya si wòŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me xoxo la dzi. Nya si nye ‘gagblɔ’ la fia be ele be wòaŋlɔ nya susɔe siwo wòŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me la ahaɖe gbe ƒãe. Gake ɖo ŋku edzi be Yohanes le gome kpɔm le nyagblɔɖi ƒe ŋutega la me ŋutɔŋutɔ le afisia. Le nyateƒe me la, nusi wòŋlɔ la nye nyagblɔɖi si ava eme le ƒe 1914 megbe esime mawudɔla sesẽ la va tsi tre ɖe anyigba kple atsiaƒu dzi. Ekema nukae nuwɔwɔ ɖedzesi sia fia na Yohanes habɔbɔa egbea?
Agbalẽ Ŋɔ́ŋlɔ Sue la Egbea
18. Le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze la, aleke Yohanes habɔbɔa tsɔ ɖe le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa mee?
18 Nusi Yohanes kpɔ la nye nuteƒe si Yohanes habɔbɔa kpɔ le Aƒetɔ ƒe ŋkekea ƒe gɔmedzedze la kpɔkpɔ do ŋgɔ si wɔ nuku. Ɣemaɣi la, Yehowa ƒe tameɖoɖowo kple nusi dziɖegbe adreawo fia la ƒe gɔmesese si nɔ wo si la mede blibo o. Gake wotsɔ ɖe le Nyaɖeɖefia me vevie, eye Charles Taze Russell ƒo nu tso eƒe akpa geɖewo ŋu le eƒe agbenɔɣi. Le eƒe ku le ƒe 1916 me megbe la, woƒo eƒe nuŋɔŋlɔwo dometɔ geɖe nu ƒu eye wota wo ɖe agbalẽ si ƒe tanyae nye The Finished Mystery me. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la agbalẽ sia meva dze edzi tututu abe Nyaɖeɖefia ƒe numeɖeɖe ene o. Eva hiã be Kristo nɔviwo ƒe ame susɔeawo nalala vie vaseɖe esime ŋutegawo dze eme vava gɔme be nuŋlɔɖi ma si tso gbɔgbɔ me la ƒe gɔmesese tututu nasu wo si.
19. (a) Aleke Yehowa Mawu wɔ Yohanes habɔbɔa ŋudɔe hafi woɖe gbe ƒã dziɖegbe adreawo ƒe gbeawo bliboe gɔ̃ hã? (b) Ɣekaɣie wotsɔ agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sue si woʋu la na Yohanes habɔbɔa, eye nukae esia fia na wo?
19 Gake abe Yohanes ene la, Yehowa zã wo hafi woɖe gbe ƒã dziɖegbe adreawo ƒe gbeɖiɖiawo bliboe gɔ̃ hã. Woɖe gbe ƒã kutrikukutɔe ƒe 40 do ŋgɔ na ƒe 1914 eye woʋli sesĩe be yewoayi edzi anɔ dɔ wɔm le xexemeʋa gbãtɔ me. Woɖee fia be yewoe nye amesiwo aƒetɔ la kpɔ be wole nuɖuɖu nam aƒea me tɔwo le ɣeyiɣi nyui dzi esime wòtrɔ gbɔ. (Mateo 24:45-47) Eyata le ƒe 1919 me la, woawoe nye amesiwo wotsɔ agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sue si woʋu la na—esi nye gbedasi si amesiame ate ŋu ase, si woaɖe gbe ƒãe na ameƒomea. Abe Xezekiel ene la, gbedasi nɔ wo si na habɔbɔ mawɔnuteƒe—si nye Kristodukɔa—si gblɔ be yele Mawu subɔm gake le nyateƒe me la, mele esubɔm o la. Abe Yohanes ene la, ele be woagaɖe gbe ƒã ku ɖe “dukɔwo kple trɔ̃subɔlawo kple gbegbɔgblɔwo kple fiawo” ŋuti.
20. Nukae Yohanes ƒe agbalẽ ŋɔ́ŋlɔa ɖuɖu fia?
20 Agbalẽ ŋɔ́ŋlɔa si Yohanes ɖu la nye kpɔɖeŋu si fia be Yesu nɔviwo xɔ dɔdasi sia. Eva zu woƒe akpa aɖe ale gbegbe be wotsɔ Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ƒe akpa sia dze si woe eye wokpɔa nunyiame tso eme. Gake Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃nya siwo mevivi ameƒomea me tɔ geɖewo nu o lae le nusi wòle be woaɖe gbe ƒãe la me. Le nyateƒe me la, fuwɔame siwo wogblɔ ɖi le Nyaɖeɖefia ta 8 me la le eme. Gake evivi Kristotɔ dzimekɔkɔetɔ siawo nu be wonya ʋɔnudɔdrɔ̃ mawo eye wokpɔe dze sii be Yehowa gale yewo ŋudɔ wɔm ake le gbeƒãɖeɖe wo me.—Psalmo 19:10, 11.
21. (a) Aleke agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sue la me gbedasia va vivi ameha gã la hã nue? (b) Nukatae nya nyui la nye nya vɔ̃ na amesiwo ɖi gbɔ̃wo?
21 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, agbalẽ ŋɔ́ŋlɔ sia me gbedasia va vivi “ameha gã, si . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” si wokpɔ be wole hũ ɖem le ŋunyɔnu siwo wokpɔ wole wɔwɔm le Kristodukɔa me ta la hã nu. (Nyaɖeɖefia 7:9; Xezekiel 9:4) Amesiawo hã ɖea gbe ƒã nya nyuia ŋusẽtɔe, eye wotsɔa nya vivi siwo nya se gblɔa Yehowa ƒe ɖoɖo wɔnuku siwo wòwɔ na Kristotɔ siwo ɖi alẽwo la ŋuti nya. (Psalmo 37:11, 29; Kolosetɔwo 4:6) Gake esia nye nya vɔ̃ na amesiwo ɖi gbɔ̃wo. Nukatae? Efia be ele be nuɖoanyi si ŋu woɖoa ŋu ɖo—eye ɖewohĩ ena dzidzeme aɖe si nu va yina wo gɔ̃ hã—la nu nayi. Nya nyui la nye dzɔgbevɔ̃e na wo.—Mateo 25:31-34, 41, 46; tsɔe sɔ kple Mose V, 28:15; Korintotɔwo II, 2:15, 16.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 160]
Yohanes habɔbɔa kple woƒe zɔhɛwo ɖea gbe ƒã gbedasi si le vivim hele vevem la na ameƒomea katã