INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sh ta 1 axa 4-18
  • Nukatae Nàtsɔ Ðe Le Subɔsubɔha Bubuwo Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Nàtsɔ Ðe Le Subɔsubɔha Bubuwo Me?
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nukata Wòle Be Nàku Eme?
  • Nukae Woatsɔ Ado Subɔsubɔha Akpɔe?
  • ‘Subɔsubɔha si Me Mele la Nyo Nam’
  • Nyabiabia Siwo Hiã Ŋuɖoɖo
  • Mawusubɔsubɔ—Aleke Wòdze Egɔmee?
    Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Ðe Subɔsubɔha Ðesiaɖe Dzea Mawu Ŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
    Ɣeyiɣi Si Me Woaɖe Alakpasubɔsubɔhawo Ða La Ðo Vɔ!
  • Ðe Subɔsubɔhawo Katã Dzea Mawu Ŋua?
    Agbe Mavɔ Mɔ La—Èke Ðe Eŋua?
Kpɔ Bubuwo
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
sh ta 1 axa 4-18

Ta 1

Nukatae Nàtsɔ Ðe Le Subɔsubɔha Bubuwo Me?

1-7. Nukawoe nye xexeame ƒe subɔsubɔhawo ƒe nuwɔnawo dometɔ aɖewo?

EÐANYE afikae nèle o, ɖikekemanɔmee la, wò ŋutɔ ènya alesi mawusubɔsubɔ kpɔa ŋusẽ ɖe ame miliɔn geɖe ƒe agbe dzie, eye ɖewohĩ ekpɔe ɖe wò ŋutɔ wò agbe hã dzi. Le dukɔ siwo me Hindu-subɔsubɔha le me la, zi geɖe la, àkpɔ amewo woanɔ puja—si nye kɔnu aɖe si me wotsɔa yevune, seƒoƒowo kple atikutsetsewo saa vɔe na woƒe mawuwo—wɔm. Nunɔla tsɔa amadede dzẽ alo aŋutiɖiɖi si woyɔna be tilak la sisina ɖe ŋgonu na hameviwo. Ame miliɔn geɖewo hã nyẽa zi yina ɖe Ganges-tɔsisia to be yewoakɔ yewo ɖokui ŋu le eƒe tsia me.

2 Le Katoliko-nyigbawo dzi la, àkpɔ amewo le sɔlemexɔwo kple bisiɔpwo ƒe gbedoxɔ gãwo me woalé atitsoga si ŋu Kristo le alo rosario (gbedoɖadzonu) ɖe asi. Wozãa rosario dzonuawo tsɔ xlẽa gbe siwo wodona ɖa na Maria lae. Eye mesesẽ be nakpɔ nyɔnununɔlawo kple nunɔlawo adze sii o, elabena woƒe awu yibɔ la dea dzesi wo.

3 Le Protestant-nyigbawo dzi la, sɔlemexɔ suewo kple sɔlemexɔ ŋutɔŋutɔwo bɔ, eye le Kwasiɖawo gbe la, hameviwo doa woƒe awu nyuitɔwo eye wodzia ha le sɔleme hesea mawunya. Zi geɖe la, woƒe osɔfowo doa awu yibɔ siwo ƒe kɔme kɔmeblanu si dea dzesi wo be wonye osɔfowo la le.

4 Le Islām-nyigbawo dzi la, àse Moslemtɔ siwo woyɔna be “muezzinwo,” amesiwo yɔa wo tɔwo la ƒe ɣli le woƒe gbedoxɔwo dzi zi atɔ̃ ŋkeke ɖeka, woanɔ hameviwo yɔm na ṣalāt, alo gbedodoɖa si nye kɔnu. Wobua Qur’ān (Koran) Kɔkɔe la be eyae nye agbalẽ si me Islāmtɔwo yɔa nya tsoe. Islāmtɔwo xɔe se be enye ɖeɖefia si Mawu tsɔ na nyagblɔɖila Gabriel eye eya hã tsɔe na nyagblɔɖila Muḥammad le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me.

5 Le Buddha-nyigba geɖewo ƒe ablɔwo dzi la, wokpɔa Buddha-subɔsubɔha ƒe nunɔla saɖagaxɔmenɔlawo, amesiwo lɔ̃a awu ʋlaya siwo ɖi aŋutiɖiɖi, esiwo le yibɔɔ, alo awu dzẽwo la dodo abe mawuvɔvɔ̃ ƒe dzesi ene. Blemagbedoxɔ siwo me Buddha fatu la ƒe kpememewo le la nye kpeɖodzi be Buddhatɔwo ƒe xɔse dzɔɣi teƒe didi.

6 Shinto-subɔsubɔha si bɔ ɖe Japan koŋ la ku ɖe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu, le ƒometrɔ̃xɔwo kple vɔ sasa na tɔgbuiwo me. Japantɔwo doa gbe ɖa ɖe nu tsɛwo kekeake ta faa, wodoa gbe ɖa gɔ̃ hã be sukudodokpɔ nanyo na yewo.

7 Mawusubɔsubɔdɔ bubu si wonya le xexeame katã lae nye alesi amewo tsɔa Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi nɔa aƒeme yi aƒeme yimee hetsia tre ɖe ablɔwo dzi. Esi amesiawo naa magazine siwo nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ta la, amesiame kloe dzea si wo be woawoe nye Yehowa Ðasefowo.

8. Nukae mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme ƒe ŋutinya ɖe fia?

8 Nukae vovototo gã siawo si le mawusubɔsubɔ me le xexeame katã la fia? Eyae nye be ƒe akpe geɖee nye sia si gbɔgbɔmenuhiahiã kple eƒe dzodzro vevie le ameƒomea me. Amegbetɔ nɔ eƒe dodokpɔwo kple agbawo, eƒe ɖikekewo kple eƒe nyabiabiawo, kpakple ku si nye nu masegɔmena la me. Woɖe mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme fia le mɔ vovovo nu esime amewo trɔ ɖe Mawu alo woƒe mawuviwo ŋu hele yayra kple akɔfafa dim. Mawusubɔsubɔ dzea agbagba hã be yeaɖo nyabiabia vevi siawo ŋu: Nukatae míele afisia? Aleke wòle be míanɔ agbee? Nukae ɣeyiɣi si gbɔna la ahe vɛ na ameƒomea?

9. Mɔ ka nue ame akpa gãtɔ ɖenɛ fiana le be mawusubɔsubɔ ƒomevi aɖe le yewo me?

9 Gake ame miliɔn geɖe li siwo gblɔna be yewomele subɔsubɔha aɖeke me o eye yewomexɔ mawu aɖeke hã dzi se o. Wonye mawudzimaxɔselawo. Ame bubu siwo woyɔna be mawumanyalawo hã ƒe dzixɔsee nye be Mawu mele nyanya o eye ɖewohĩ womate ŋu anyae hã o. Gake edze ƒã be ema mefia be wonye amesiwo menɔa agbe ɖe gɔmeɖosewo alo agbenyuinɔnɔsewo nu o, abe alesi gbɔgblɔ be yele subɔsubɔha aɖe me mefia be wonɔa agbe ɖe wo nu o ene. Gake ne míelɔ̃ ɖe edzi be mawusubɔsubɔ nye “ɖokui tsɔtsɔ na gɔmeɖose aɖe; anukwareɖiɖi pɛpɛpɛ alo nuteƒewɔwɔ; agbe nɔnɔ ɖe dzitsinya nyui nu; mawuvɔvɔ̃ ƒe lɔlɔ̃ alo kukuɖenuŋu,” la, ke mawusubɔsubɔ ƒe ɖokuitsɔtsɔna ƒomevi aɖe le ame akpa gãtɔ, siwo dome mawudzimaxɔselawo kple mawumanyalawo hã le la ƒe agbenɔnɔ me.—The Shorter Oxford English Dictionary.

10. Ðe mawusubɔsubɔ kpɔa ŋusẽ ɖe egbexexeame dzia? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe.

10 Míeɖalɔ̃ alo míegbe o, dzixɔse vovovowo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi wɔa dɔ ɖe ame dzi le xexeame katã le esi subɔsubɔhawo sɔ gbɔ alea le xexeme si le zuzum sue ɖe edzi to mɔzɔzɔ kple kadodomɔnu siwo ƒe ablaɖeɖe le tsɔtsɔm ɖe edzi ɖaa la me la ta. Dɔmedzoe helĩhelĩ si do mo ɖa esi ŋutsu aɖe si ame aɖewo yɔ be ‘Moslemtɔ xɔsegbela’ la ta agbalẽ si nye The Satanic Verses, le ƒe 1989 me la nye alesi woate ŋu aɖe mawusubɔsubɔ ƒe seselelãme afiae le xexeame godoo la ŋuti ɖaseɖiɖi si dze ƒã. Islāmtɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo bia be woaxe mɔ ɖe agbalẽa nu eye be kura gɔ̃ hã woawu eŋlɔla. Nukatae amewo nyrãna alea le mawusubɔsubɔ ƒe nyawo me?

11. Nukatae menye nu gbegblẽ be woaku xɔse bubuwo me akpɔ o?

11 Be míaɖo nya ma ŋu la, ehiã be míanya nu tso xexeame ƒe subɔsubɔhawo ƒe dzɔtsoƒe ŋu. Abe alesi Geoffrey Parrinder gblɔe le agbalẽ si nye World Religions—From Ancient History to the Present mee ene la: “Nu sɔsrɔ̃ tso subɔsubɔha vovovowo ŋu la mefia megbe dede le ame ŋutɔ ƒe dzixɔse me o, ke adzii ɖe edzi boŋ ne wokpɔ alesi ame bubuwo di nyateƒe lae eye woƒe nudidia na woƒe agbenɔnɔ nyo ɖe edzi la.” Sidzedze hea nugɔmesese vɛ, eye nugɔmesese nana wogbɔa dzi ɖi na amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo la.

Nukata Wòle Be Nàku Eme?

12. Zi geɖe la, nɔnɔme kawoe kplɔa ame dea subɔsubɔha me?

12 Ðe nèsusui kpɔ alo gblɔ kpɔ be, ‘Mele nye ŋutɔ nye subɔsubɔha me. Nye ŋutɔ nye nyae. Nyemeɖoa dze tso eŋu kple ame bubuwo o,’ mahã? Nyateƒee, mawusubɔsubɔ nye ame ŋutɔ ƒe nya—tso esi wodzi mí teti ko la, mía dzilawo kple míaƒe ƒometɔwo ƒã mawusubɔsubɔ alo agbenyuinɔnɔ ƒe nufiafiawo ɖe susu me na mí. Eyata zi geɖe la, míenɔa mía dzilawo alo mía tɔgbuiwo ƒe subɔsubɔha me. Mawusubɔsubɔ la va zu ƒomekɔnyinyi kloe. Nukae nye nuwɔna ma metsonu? Eyae nye be le mía dometɔ geɖe gome la, ame bubuwoe tia subɔsubɔha na mí. Afisi wodzi mí le kple ɣeyiɣi si me wodzi mí ƒe nya koe wònye. Alo abe alesi ŋutinyaŋlɔla Arnold Toynbee ɖee fia ene la, zi geɖe la, “anyigba la ƒe afisi wodzi [ame] ɖo” ye fiana xɔse si me amea anɔ.

13, 14. Nukatae susu mele eme be woatsɔe be subɔsubɔha si me wodzi ame ɖo la dzea Mawu ŋu kokoko o?

13 Ðe nunya le eme be woasusu be subɔsubɔha si wozi ɖe ame dzi esime wodzii la kokokoe nye nyateƒea katãa? Ne Italia alo Anyiehe Amerika ye wodzi wò le la, ekema tiatia aɖeke meli wu be Katoliko-ha me koe woanyi wò le o. Ne India ye wodzi wò le la, ekema anɔ eme be Hindutɔ kokokoe nanye, alo ne Punjab ye wodzi wò le la, ke ɖewohĩ Sikhtɔe nanye. Ne Pakistan ye dziwòlawo tso la, ekema edze ƒã be Moslemtɔe nanye. Eye ne sɔsɔmisɔnyigba dzie wodzi wò ɖo le ƒe ʋee siwo va yi me la, ɖewohĩ mawudzimaxɔsela koe woanyi wòe.—Galatiatɔwo 1:13, 14; Dɔwɔwɔwo 23:6.

14 Eyata subɔsubɔha si me wodzi ame ɖo la kokokoe nye nyateƒetɔ si dzea Mawu ŋua? Ne nukpɔsusu mae wotsɔ wɔ dɔe le ƒe akpe siwo va yi me la, anye ne ameƒomea me tɔ geɖe aganɔ ŋkumaʋumaʋu ƒe dzosasa kple blema vidzidzisubɔsubɔwo dzi kple taflatsedodo be ‘nusi nyo na tɔgbuinyewo la nyo na nye hã.’

15, 16. Viɖe kawoe le nu sɔsrɔ̃ tso subɔsubɔha bubuwo ŋu me?

15 Esi subɔsubɔ hamehame siawo gbegbe le xexeame le ƒe 6,000 kple edzivɔ siwo va yi me ta la, nusi dzi ame bubuwo xɔ se kple alesi woƒe dzixɔsewo wɔ va dzɔ la gɔme sese nye nusi me woasrɔ̃ nu atsoe eye wòadzi ame ƒe sidzedze ɖe edzi ya teti. Eye ate ŋu aʋu etsɔ me si ŋu kakaɖedzi le wu ƒe mɔnukpɔkpɔ hã ɖi na wò.

16 Le dukɔ geɖe me fifia la, le amedzrowo ƒe tsaɖiɖi kple amehawo ƒe ʋuʋu ta la, subɔsubɔha vovovo me tɔwo te ŋu nɔa nuto ɖeka me. Eyata ame nɔewo ƒe nukpɔsusu gɔme sese ate ŋu ana kadodo kple dzeɖoɖo siwo ɖɔ ʋu wu nanɔ xɔse vovovo me tɔwo dome. Eye ɖewohĩ ate ŋu aɖe fuléle siwo le xexeame siwo tso subɔsubɔha vovovo me nɔnɔ gbɔ la hã ɖa. Nyateƒee, amewo ahe nya vevie le woƒe subɔsubɔdzixɔsewo ŋu, gake gɔmesese aɖeke meli si ta woalé fu ame aɖe le esi eƒe nukpɔsusu to vovo ta o.—Petro I, 3:15; Yohanes I, 4:20, 21; Nyaɖeɖefia 2:6.

17. Nukatae mele be míalé fu amesiwo ƒe mawusubɔsubɔ ƒe susuwo to vovo na mía tɔ o?

17 Blema Yudatɔwo ƒe se gblɔ be: “Mègalé fu wò ƒometɔ le wò dzi me o. Gbe nya na wò ƒometɔ gake mègaɖi fɔ le eta o. Mègabia hlɔ̃ alo nalé mia detɔwo ɖe dɔme o. Lɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene: Nyee nye Aƒetɔ la [Yehowa].” (Mose III, 19:17, 18, Ta) Kristotɔnyenye Gɔmeɖoanyila gblɔ be: “Ke mi, amesiwo le to ɖom la, mele egblɔm na mi bena: Milɔ̃ miaƒe ketɔwo, miwɔ nyui na amesiwo lé fu mi; . . . ekema miaƒe fetu alolo, eye mianye dziƒoʋĩtɔ la ƒe viwo, elabena eya hã ƒe dɔme nyo na ame madakpewo kple ame vɔ̃ɖiwo.” (Luka 6:27, 35) Eye Qur’ān gblɔ gɔmeɖose ma tɔgbe (surah 60:7, MMP) le tanya si nye “Nyɔnu si Woado Akpɔ” te be: “Ate ŋu anye be Allāh ana mia kple amesiwo nèbuna futɔwoe la miazu xɔlɔ̃wo. Eye Allāh Tri Akɔ; eye Allāh tsɔna kena, enye Nublanuikpɔla.”

18. Aleke nusi dzi woxɔ se la le vevie?

18 Gake togbɔ be dzigbɔɖi kple nugɔmesese hiã hã la, mefia be nusi dzi woxɔ se la mele vevie o. Abe alesi ŋutinyaŋlɔla Geoffrey Parrinder gblɔe ene la: “Wogblɔna ɣeaɖewoɣi be subɔsubɔhawo katã ƒe taɖodzinu nye ɖeka, alo wonye mɔ siwo sɔ kple wo nɔewo siwo ɖo ta nyateƒe la gbɔ, alo kura gɔ̃ hã be woƒe nufiafiawo nye ɖeka . . . Gake kakaɖedzitɔe la, blema Aztektɔ siwo tsɔa amesiwo ge ɖe wo si me ƒe dzi si gakpɔtɔ le dɔ wɔm fiana ɣe la ƒe subɔsubɔha menyo de Buddha si nye ame fafa la tɔ nu o.” Gawu la, le tadedeagu gome la, ɖe menye Mawu ŋutɔe le be wòagblɔ nusi dzea eŋu kple nusi medzea eŋu o la oa?—Mixa 6:8.

Nukae Woatsɔ Ado Subɔsubɔha Akpɔe?

19. Aleke wòle be mawusubɔsubɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzie?

19 Togbɔ be dzixɔsewo alo nufiafiawo ƒe ƒuƒoƒo anɔ subɔsubɔhawo ƒe akpa gãtɔ si hã la, zi geɖe la, nusiawo te ŋu nyea mawunyafiafia si tɔtɔ nyamaa ŋutɔ si gɔme ame gbɔlowo mete ŋu sena o. Ke hã la, nusi gbɔ nane tso kple nusi wòahe vɛ la ƒe gɔmeɖose wɔa dɔ le nusianu gome. Ele be subɔsubɔha ƒe nufiafiawo nakpɔ ŋusẽ ɖe eƒe hamevi ɖesiaɖe ƒe amenyenye kple eƒe gbesiagbegbenɔnɔ dzi. Eyata ele be amesiame ƒe agbenɔnɔ nanye subɔsubɔha si me amea le la ƒe nɔnɔme ɖeɖefia. Ŋusẽ kae wò subɔsubɔha kpɔna ɖe dziwò? Ðe subɔsubɔha si me nèle la nana wonyea ame fafa wua? Ðe wonyoa dɔme wu, ɖia anukware hebɔbɔa wo ɖokui, wosea nu gɔme na ame, eye wokpɔa nublanui na ame wua? Susu le nyabiabia siawo me, elabena abe alesi Yesu Kristo si nye subɔsubɔhaŋutinufiala gã aɖe gblɔe ene la: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe.”—Mateo 7:17-20.

20. Nyabiabia kawoe do mo ɖa ku ɖe mawusubɔsubɔ kple ŋutinya ŋu?

20 Kakaɖedzitɔe la, ele be xexeame ƒe ŋutinya nana míatɔ sẽ eye míabia be akpa kae subɔsubɔha wɔ le aʋawɔwɔ gbogbo siwo gblẽ nu le ameƒomea ŋu eye wohe fukpekpe manyagblɔwo vɛ me mahã. Nukatae wowu ame gbogbowo alea gbegbe le subɔsubɔha ƒe ŋkɔ me? Atitsogaʋawo, Ŋutasẽʋɔnuwo, Titinaɣedzeƒe-ʋawo, kple esiwo wowɔ le Anyiehe Ireland, Iraq kple Iran dome ametsɔtsrɔ̃ la, (ƒe 1980-88) Hindutɔwo kple Sikhtɔwo dome dzre la le India—nudzɔdzɔ siawo katã naa ame butamewo biaa nya le subɔsubɔhawo ƒe dzixɔsewo kple agbenyuinɔnɔ ŋu.—Kpɔ aɖaka si le ete la.

21. Kristodukɔa ƒe kutsetsewo dometɔ aɖewo ɖe?

21 Kristodukɔa ƒe anyigbawo ƒe alakpanuwɔwɔ dze gaglã le esia me. Katolikotɔwo wu Katolikotɔwo eye Protestantɔwo wu Protestantɔwo le xexemeʋa eveawo me le woƒe dunyahehekplɔla “Kristotɔwo” ƒe gbeɖeɖe nu. Gake Biblia na vovototo si le ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo kple gbɔgbɔ ƒe kutsetse me la dze kɔte. Egblɔ tso ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo ŋu be: “[Woawoe] nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, dzrehehewo, mamãwo, kɔmamãwo, dɔmevevi, hlɔ̃dodowo, ahamumuwo, aglotutuwo kple esia tɔgbewo, nusiwo gblɔm mele ɖi na mi, abe alesi megblɔ ɖi na mi xoxo la ene, bena amesiwo wɔ ale nusiawo la, manyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” Gake amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo la wɔ nusiawo ƒe alafa geɖe, eye zi geɖe la, woƒe osɔfowo ŋea aɖaba ƒua woƒe agbenɔnɔ la dzi.—Galatiatɔwo 5:19-21.

22, 23. Ku kae wòle be subɔsubɔha vavãtɔ natse esi to vovo na ema?

22 Woyɔ nuwɔna nyui siwo nye gbɔgbɔ ƒe kutsetse la wòto vovo na nuwɔna mawo be woawoe nye: “lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu; nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o.” Ele be subɔsubɔhawo katã nanɔ ŋutifafaku siawo tɔgbe tsem. Gake ɖe wotsenɛa? Esi me nèle la tsenɛa?—Galatiatɔwo 5:22, 23.

23 Eyata ele be ameƒomea ƒe Mawu didi to xexeame ƒe subɔsubɔhawo dzi si me dzrom agbalẽ sia le la nakpe ɖe mía ŋu míaɖo míaƒe nyabiabia aɖewo ŋu. Gake dzidzeti kae woatsɔ akpɔ subɔsubɔha ƒe nyonyoe? Ameka ƒe dzidzenue woazã?

‘Subɔsubɔha si Me Mele la Nyo Nam’

24, 25. Gbetɔame kae dze ŋgɔ amesiame ku ɖe subɔsubɔha si me wòle la ŋu?

24 Ame geɖe tsia subɔsubɔha ŋuti dzeɖoɖo nu be, ‘Subɔsubɔha si me mele la nyo nam. Nyemewɔa nu gbegblẽ ɖe ame aɖeke ŋu o, eye mekpena ɖe ame ŋu ne mate ŋui.’ Gake ɖe ema ɖeɖe sɔ gbɔa? Ðe mía ŋutɔwo ko ƒe dzidzenuwo le mawusubɔsubɔ me sɔ gbɔa?

25 Ne mawusubɔsubɔ nye “ŋusẽ si de ŋgɔ wu amegbetɔ tɔ si dzi wolɔ̃ ɖo be eyae nye xexeame katã wɔla kple edziɖula si dzixɔse amegbetɔ aɖe afia eye wòade bubu deto eŋu la ɖeɖefia” abe alesi nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔe ene la, ekema kakaɖedzitɔe la, ele be woabia be, Ðe subɔsubɔha si me mele nyo na xexeame katã wɔla kple edziɖula la? Eye le go ma me hã la, gome anɔ Wɔla la si be wòaɖo nusi nye zɔzɔme, tadedeagu, kple nufiafia siwo dze eŋu kple esiwo medzea eŋu o la ɖi. Be wòawɔ esia la, ele be wòaɖe nusi nye eƒe lɔlɔ̃nu afia ameƒomea, eye ele be ɖeɖefia ma nanye esi ŋu woate ŋu ake ɖo bɔbɔe eye wòanɔ anyi na amesiame. Gawu la, ne eƒe ɖeɖefiawo dome didi ƒe alafa geɖe hã la, ele be ɖekawɔwɔ nanɔ wo me eye woagblɔ nya ɖeka ɣesiaɣi. Esia nye gbetɔame na amesiame—be wòalé ŋku ɖe ɖaseɖiɖiawo ŋu nyuie eye eya ŋutɔ nanya nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu si dzea eŋu la.

26. Agbalẽ kɔkɔe kae wòle be woazã abe dzidzeti ene? Eye nukatae?

26 Blemagbalẽ siwo tsi wu siwo gblɔna be yewotso Mawu ƒe gbɔgbɔ me dometɔ ɖekae nye Biblia la. Eyae nye agbalẽ si bɔ wu, si gɔme woɖe wu le ŋutinya katã me. Ƒe akpe eve kloe enye sia si eŋlɔlawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi xexe sia me o, hafi mitrɔ miaƒe nɔnɔme to miaƒe tamesusu ƒe yeyewɔwɔ me boŋ, bene miadzro nusi nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, si nyo, eye wòdzea eŋu nyuie, eye wòle blibo la me akpɔ.” (Romatɔwo 12:2) Afikae kpeɖodzi ma atso? Agbalẽŋlɔla ma ke gblɔ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” Eyata ele be Biblia si tso gbɔgbɔ me la nanye tadedeagu vavãtɔ si dzea Mawu ŋu la ƒe dzidzeti si dzi woaka ɖo.—Timoteo II, 3:16, 17.

27. (a) Xexeame ƒe subɔsubɔhawo ƒe agbalẽ kɔkɔewo dometɔ aɖewo ɖe? (b) Ne wotsɔ woƒe nufiafiawo sɔ kple Biblia tɔ la, aleke wòle be woanɔ?

27 Biblia ƒe akpa si tsi wu ɖesiaɖe la nye xoxo na xexeame ƒe mawusubɔsubɔgbalẽ bubuwo. Torah, alo Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔ siwo nye Se si Mose ŋlɔ le gbɔgbɔ ƒe ameʋaʋã te la nɔ anyi tso ƒe alafa 15 lia vaseɖe ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. Ne wotsɔ wo sɔ kple bubuwo la, wowu Hindutɔwo ƒe agbalẽ si nye Rig-Veda (hadzidziwo ƒe ƒuƒoƒo) nu le ƒe 900 D.M.Ŋ. me lɔƒo eye womegblɔ be yewotso gbɔgbɔ me o. Buddhatɔwo ƒe “Kusi Etɔ̃awo me Ŋɔŋlɔwo” do le ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me. Qur’ān, si wogblɔ be Mawue tsɔe na mawudɔla Gabriel la do le ƒe alafa adrelia M.Ŋ. me. Ƒe alafa 19 lia mee woŋlɔ Mormon ƒe Agbalẽ, si wogblɔ be mawudɔla aɖe si ŋkɔe nye Moroni ye tsɔe na Joseph Smith le United States la. Ne agbalẽ siawo dometɔ aɖewo tso gbɔgbɔ me abe alesi ame aɖewo gblɔnɛ ene la, ekema mele be mawusubɔsubɔ ŋuti mɔfiafia si wonana la natsi tre ɖe Biblia, si nye agbalẽ gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me la ŋu o. Ele be woaɖo nyabiabia siwo ɖea fu na ameƒomea vevie wu la dometɔ aɖewo hã ŋu.

Nyabiabia Siwo Hiã Ŋuɖoɖo

28. Biabia siwo hiã ŋuɖoɖo dometɔ aɖewo ɖe?

28 (1) Ðe Biblia fiaa nusi subɔsubɔhawo ƒe akpa gãtɔ fiana hexɔna sena, esiwo nye be luʋɔ makumaku le ame si eye be ne woku la, edzona yia nuto bubu si nye “vivimenutome,” dziƒo, dzomavɔ, alo ŋutiklɔdzo me, alo be egagbugbɔ dzɔna?

(2) Ðe Biblia fia be ŋkɔ mele xexeame katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã la si oa? Ðe wòfia be Mawu ɖekae wònyea? alo ame etɔ̃ le Mawu ɖeka mee wònyea? alo mawu geɖee wònyea?

(3) Nukae Biblia gblɔ tso nusi nye Mawu ƒe tameɖoɖo le gɔmedzedzea me esime wòwɔ amegbetɔ be wòanɔ agbe le anyigba dzi la ŋu?

(4) Ðe Biblia la fia be woatsrɔ̃ anyigba la? Alo xexeame ƒe nuɖoanyi gbegblẽ la ƒe nuwuwu ŋu koe wòƒo nu lea?

(5) Aleke woawɔ dzidzeme kple ɖeɖekpɔkpɔ nasu ame si?

29. (a) Gɔmeɖose vevi kae le be wòafia mɔ míaƒe nyateƒea didi? (b) Aleke Biblia ɖo míaƒe biabiawo ŋue?

29 Ŋuɖoɖo vovovo le subɔsubɔha ɖesiaɖe si, gake le míaƒe “mawusubɔsubɔ dzadzɛtɔ” didi me la, ele be mlɔeba la, míake ɖe nyataƒoƒo siwo ŋu Mawu di be míake ɖo la ŋu. (Yakobo 1:27; AS; KJ) Nukatae míate ŋu agblɔ nenema? Elabena míaƒe gɔmeɖokpe vevitɔe anye: “Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.’”—Romatɔwo 3:4.a

30. Nyabiabia kawo mee míadzro le ta si gbɔna me?

30 Fifia esi míekpɔ nusi dzi míanɔ te ɖo ado xexemesubɔsubɔhawo akpɔ la, mina míatrɔ ɖe ameƒomea ƒe gbɔgbɔmenuwo didi le gɔmedzedzea me ŋuti. Nukae míenya tso alesi mawusubɔsubɔ dze egɔmee ŋu? Tadedeagu kawo ƒomevie woɖo anyi le blemadukɔwo kple ɖewohĩ amesiwo meʋu ŋku o la dome?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ne èdi be yeakpɔ ŋuɖoɖo siwo tso Biblia me na nyabiabia siawo fifia la, ekema míakafui be naxlẽ mawunyakpukpui siwo gbɔna la: (1) Mose I, 1:26; 2:7; Xezekiel 18:4, 20; Mose III, 24:17, 18; Mateo 10:28; (2) Mose V, 6:4; Korintotɔwo I, 8:4-6; (3) Mose I, 1:27, 28; Nyaɖeɖefia 21:1-4; (4) Nyagblɔla 1:4; Mateo 24:3, 7, 8; (5) Yohanes 3:16; 17:3; Filipitɔwo 2:5-11; 4:6, 7; Hebritɔwo 5:9.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 16]

Ele be subɔsubɔhawo katã natse ŋutifafakuwo. Gake ɖe wotsea woa?

[Aɖaka si le axa 14]

Subɔsubɔha, Lɔlɔ̃, Kple Fuléle

▪ “Adãwɔwɔ si gbɔ eme nɔa subɔsubɔhaʋawo me. Ne wole anyigbaʋa wɔm ɖe ga ƒe viɖe kpɔkpɔ ta la, wova ɖoa afi aɖe si wokpɔnɛ be aʋa si wɔm yewole la le nu gblẽm akpa eye eyata wolɔ̃na wɔa ŋutifafa. Ne mawusubɔsubɔ tae la, ŋutifafawɔwɔ kple avuléle dzena abe nu gbegblẽ ene.”—Roger Shinn, hadomegbenɔnɔ ŋuti nufialagã, Union Theological Seminary, New York.

▪ “Amewo akpe dzre kple wo nɔewo ɖe subɔsubɔha ta, woaŋlɔ agbalẽ atsɔ aʋli etae, woawɔ aʋa ɖe eta, woaku ɖe eta; woawɔ nusianu negbe agbe koe woagbe nɔnɔ ɖe enu . . . Afisi subɔsubɔha vavãtɔ xe mɔ ɖe nu gbegblẽ ɖeka nu le la, alakpasubɔsubɔhawo kpɔ taflatsedodo boŋ na nuvɔ̃ akpe ɖeka wɔwɔ.”—Charles Caleb Colton (ƒe 1825).

▪ “Subɔsubɔha si ana míalé fu ame la sɔ gbɔ na mí, gake esi ana míalɔ̃ mía nɔewo la mesɔ gbɔ o.”—Jonathan Swift (ƒe 1667-1745).

▪ “Amewo mewɔa nu gbegblẽ kple dzidzɔ wòdea blibo alea gbegbe gbeɖe abe ne wole ewɔm ɖe mawusubɔsubɔdzixɔsewo ta ene o.”—Blaise Pascal (ƒe 1623-62).

▪ “Tameɖoɖo vavãtɔ si le mawusubɔsubɔ deŋgɔ ŋue nye be wòakaka gbɔgbɔmenuxlɔ̃me kple nyateƒe siwo nye eƒe nu veviwo la ɖe luʋɔ alesinu gbɔ wòate ŋu aɖo la me, ale be luʋɔ siawo dometɔ ɖesiaɖe nato esia dzi aɖo Amegbetɔ ƒe taɖodzinu vavãtɔ gbɔ. Amegbetɔ ƒe taɖodzinu vavãtɔe nye be wòakɔ Mawu ŋu eye wòado dzidzɔ na Eyama tegbee.”—Arnold Toynbee, ŋutinyaŋlɔla.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Hindutɔwo dea bubu Ganges-tɔsisi—si woyɔna be Ganga Ma, alo Dada Ganga la ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 4]

Katolikotɔ dovevienuwo trɔna ɖe Maria ŋu le woƒe rosario zazã me

Ŋutsu akpa gãtɔ nyea nunɔla saɖagaxɔmela awu aŋutiɖiɖi dolawo vaseɖe ɣeaɖeɣi le Buddha-nyigba aɖewo dzi

Moslemtɔ dovevienuwo zɔa mɔ yia Mecca, zi ɖeka ya teti

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Yehowa Ðasefowo, amesiwo ƒe gbeƒãɖeɖedɔ wonya le xexeame katã la le gbeƒã ɖem le Japan-du aɖe me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Wole mawutsi dem ta na vidzĩ aɖe le Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo dometɔ ɖeka me. Ðe subɔsubɔha si me wodzi ame ɖo nye nyateƒetɔ kokokoa?

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Aztektɔwo ƒe amegbetɔvɔsa—ɖe subɔsubɔhawo katã nye “nyateƒea gbɔ mɔ ɖeka” vavãa?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Ame miliɔn geɖe wu ame le subɔsubɔha ƒe ŋkɔ me eye wowu woawo hã nenema ke

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe