INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • sh ta 14 axa 329-343
  • Egbegbe Dzimaxɔse la—Ele Be Woagayi Edidi Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Egbegbe Dzimaxɔse la—Ele Be Woagayi Edidi Dzia?
  • Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Gbegblẽ si Ðɔɖɔɖo la He Vɛ
  • Amedzidzedze si Tso Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Xexemenunya Gbɔ
  • Tanana Gã La
  • Nusita Woaxɔ Mawu Dzi Ase
  • Nudzɔɖevome Wònyea alo Aɖaŋuwɔwɔe?
  • Ðaseɖiɖi Siwo Ƒo Xlã Mí la Sɔ Gbɔ
  • Biblia la—Àte Ŋu Axɔ Edzi Asea?
  • Ŋgɔ Dzedze Dzimaxɔse ƒe Gbetɔame La
  • Aleke Xexea Kple Agbe Wɔ Va Dzɔ?
    Nyɔ!—2002
  • Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ Ŋudɔwɔwɔ Ðekae
    Nyɔ!—2002
  • Ðe Xexea Dzɔ Le Eɖokui Sia?​—Akpa 3: Nu Ka Tae Nàxɔe Ase Be Ðe Wowɔ Xexea?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee
sh ta 14 axa 329-343

Ta 14

Egbegbe Dzimaxɔse la—Ele Be Woagayi Edidi Dzia?

“Mawu meganye amesi me amegbetɔwo tsɔa ɖe le abe alesi wònye numãmee na wo tsã ene o. Alesi woɖoa ŋku edzi le woƒe ŋkekea me alo le woƒe nyametsotsowo wɔwɔ me la dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. . . . Wotsɔ nu bubuwo ɖo Mawu teƒe: gakpɔkpɔ kple nunɔamesi geɖe didi. Ðewohĩ wobui va yi kpɔ be eya gbɔe amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwo katã ƒe dzidzedze tsona, gake egbea wotutui de ŋutinya ƒe aʋli ɣaɣlawo me. . . . Mawu bu vĩ le amegbetɔwo ƒe susu me.”—The Sources of Modern Atheism.

1. (Tsɔ ŋgɔdonya hã kpee.) (a) Aleke agbalẽ si nye The Sources of Modern Atheism ƒo nu tso Mawu dzixɔse si le amewo me egbea ŋui? (b) Aleke egbegbe dzimaxɔse la to vovoe sãa tso nɔnɔme siwo nɔ anyi ƒe ʋee aɖewo koe nye esia la gbɔ?

MEDE ƒe boo aɖeke o esime tame bubu tso Mawu ŋu xɔ aƒe ɖe Ɣetoɖoƒenyigbadzitɔwo me vevie. Be ame ƒe nu nadze ame ŋu le hadome la, ele be wòaɖe Mawu dzixɔse afia, ne menye amesiamee léa fɔ ɖe nusi dzi wògblɔ be yexɔ se la ŋu o hã. Wotsɔa aɖaŋudzedze miaa nu ɖe ɖikeke kple nusiwo dzi womeka ɖo o la dzi. Wo gbɔgblɔ le dutoƒo awɔ mo yaa na ame eye ɖewohĩ woabu fɔ ame ɖe eta vevie gɔ̃ hã.

2. (a) Nukatae ame geɖe dzudzɔ Mawu didi? (b) Nya kawoe wòle be woabia?

2 Gake nyawo trɔ bubui egbea. Ame geɖe bua mawusubɔsubɔ ƒe kakaɖedzi sẽŋuwo ƒe amesinɔnɔ be enye ŋkumaʋumaʋu, tɔteteɖenudzi, alo zazɛ̃nyahehe gɔ̃ hã. Le anyigba geɖewo dzi la, míekpɔnɛ be ɖeke matsɔmatsɔ le Mawu kple mawusubɔsubɔ me, alo woƒe amemadzromadzro bɔ. Ame akpa gãtɔ megadia Mawu yomemɔ o le esi womexɔ edzi se be eli o loo alo womeka ɖe eƒe anyinɔnɔ dzi o ta. Le nyateƒe me la, ame aɖewo yɔ míaƒe ɣeyiɣia be enye “Kristotɔwo megbe” ɣeyiɣi. Eyata ele be míabia nya aɖewo be: Aleke wɔ Mawu ŋu bubu do le amewo ƒe agbenɔnɔ me alea gbegbe? Nukawoe he tɔtrɔ siawo vɛ? Ðe susu nyuiwo li si tae míagayi Mawu didi la dzia?

Nu Gbegblẽ si Ðɔɖɔɖo la He Vɛ

3. Nukae nye Protestantɔwo ƒe Ðɔɖɔɖoa metsonuwo dometɔ ɖeka?

3 Abe alesi míekpɔe le Ta 13 lia mee ene la, ƒe alafa 16 lia me Protestantɔwo ƒe Ðɔɖɔɖo la he tɔtrɔ gã aɖe vɛ le alesi amewo bua ŋusẽe me, eɖanye subɔsubɔha tɔ alo ŋusẽ bubu o. Ameɖokuidzidede kple ame ƒe susu gbɔgblɔ faa va xɔ ɖe nu ɖeka wɔwɔ kple ɖokuibɔbɔ teƒe. Togbɔ be ame akpa gãtɔ meɖe ɖe aga boo tso subɔsubɔ si nɔ anyi tsã gbɔ o hã la, ame aɖewo trɔ ɖe tɔtrɔ siwo de to kura wu la ŋu eye woke ɖi le ha siwo dzi woda asi ɖo la ƒe xɔsenufiafiawo kpakple woƒe nufiafia veviwo ŋu. Esi ame bubuwo hã kpɔ akpa si subɔsubɔha wɔ le aʋawɔwɔ, fukpekpe, kple nu madzɔmadzɔ siwo katã dzɔ le ŋutinya me la, woawo hã va ke ɖi mawusubɔsubɔ kura.

4. (a) Aleke ɣemaɣi nuŋlɔɖiwo ƒo nu tso mawudzimaxɔse si nɔ England kple France le ƒe alafa 16 kple 17 lia me la ƒe takeke ŋui? (b) Amekawoe do ɖe dutoƒo le agbagba siwo wodze le Ðɔɖɔɖo si wowɔ be woado le papa ƒe kɔkuti te me la ta?

4 Le ƒe 1572 me ke la, nyatakaka aɖe si ƒe tanyae nye Discourse on the Present State of England gblɔ be: “Ameawo me mã ɖe akpa etɔ̃ me, Papatɔwo (Katolikotɔwo), Mawugbelawo kple Protestantɔwo. Wode akpa etɔ̃a katã dzi sɔsɔe: le gbãtɔ kple evelia gome la, míekpɔ mɔ awɔ nusi medze wo ŋu o, elabena wosɔ gbɔ.” Akɔntabubu bubu gblɔ be amesiwo ade 50,000 ye nye mawudzimaxɔsela siwo nɔ Paris le ƒe 1623 me togbɔ be ɖeko wozãa ŋkɔ ma gbadzaa ko hã. Aleke nya la ɖale o, edze ƒã be esi Ðɔɖɔɖo la nɔ agbagba dzem be yeaɖe papa ƒe amedziɖuɖu ƒe ŋusẽ ɖa la, ena amesiwo tɔ gbe ha siwo dzi woda asi ɖo ƒe nɔƒe la hã dze gaglã. Abe alesi Will kple Ariel Durant gblɔe le agbalẽ si nye The Story of Civilization: Part VII—The Age of Reason Begins mee ene la: “Meganye papa ƒe ŋusẽ ŋue Europa ƒe tamebulawo—amesiwo xɔa ŋgɔ le susuwɔwɔ me le Europa—nɔa nu me dzrom le o; Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋue wonɔ nya ʋlim le.”

Amedzidzedze si Tso Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Xexemenunya Gbɔ

5. Ŋusẽ kawoe do tsɔtsɔe Mawu dzimaxɔse ƒe takeke la?

5 Le alesi Kristodukɔa ŋutɔ me mã klukluklui megbe la, ŋusẽ bubuwo hã nɔ dɔ dzi siwo gaɖiɖi eƒe nɔƒea ɖe anyi. Dzɔdzɔmeŋutinunya, xexemenunyafiafia, ɖeke matsɔmatsɔ le mawusubɔsubɔ me, kple ŋutilãmenudidi wɔ wo tɔ gome le ɖi keke le Mawu kple mawusubɔsubɔ ŋu dodo ɖe ŋgɔ kple makamaka ɖe wo dzi ƒe susu la nyinyi me.

6. (a) Ŋusẽ kae dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe takeke kpɔ ɖe sɔlemenufiafia geɖewo dzi? (b) Aleke ame aɖewo siwo bu wo ɖokui be yewoe le tsia dzi la wɔ?

6 Dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe takeke na woke ɖi le sɔlemeha la ƒe nufiafia siwo wotu ɖe Biblia me nya aɖewo siwo ƒe gɔmeɖeɖe wotro dzi la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, nusiwo ŋu amesiawo abe Copernicus kple Galileo ene ke ɖo le ɣletivimenusɔsrɔ̃ me la na woke ɖi sɔleme la ƒe nufiafia si nye be anyigbae le titina na xexeame godoo la. Hekpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔmese siwo kpɔa ŋusẽ ɖe xexeame ƒe dɔwɔwɔ dzi la wɔe be megahiã be woabu nudzɔdzɔ siwo gɔme sese do viviti tsã, abe dziɖegbe kple dzikedzo alo ɣleti kple ɣletivitoasike aɖewo ƒe dodo ene be wotso Mawu alo Dzɔdzɔme gbɔ o. Wova dze nazã bubu ɖe “nukunuwo” kple “Mawu ƒe asi dede” amegbetɔ ƒe nyawo me hã ŋu. Mawu kple mawusubɔsubɔ va zu tsigãdzinu na ame geɖe, eye amesiwo bu wo ɖokui be yewole tsia dzi dometɔ aɖewo wɔ kaba trɔ megbe de Mawu heƒo zi ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu abe mawu ene.

7. (a) Ðikekemanɔmetɔe la, nukae gblẽ nu vevie le subɔsubɔha ŋu wu? (b) Aleke sɔlemehawo wɔ ɖe Darwin ƒe nufiafia la ŋu?

7 Gake nu vevitɔ si gblẽ nu le subɔsubɔha ŋue nye nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia la. Le ƒe 1859 me la, Eŋlisitɔ dzɔdzɔmeŋutinunyala Charles Darwin (ƒe 1809-82) ta eƒe agbalẽ si nye Origin of Species eye wògblɔ nya si tɔ gbe Mawu ƒe nuwɔwɔ ŋuti nufiafia si le Biblia me la tẽ ɖe eme. Aleke subɔsubɔhawo wɔ tso eŋu? Gbã, England-sɔfowo kple esiwo katã nɔ afisiafi la tsi tre ɖe nufiafia ma ŋu. Gake kasia ɖeko tsitretsiɖeŋua nu fa zi ɖeka. Ewɔ abe nusi Darwin susu lae nye taflatsedonu si tututu osɔfo geɖe siwo nɔ ɖi kem le adzame la nɔ didim ene. Eyata le Darwin ŋɔli la, The Encyclopedia of Religion gblɔ be “osɔfo siwo bua tame hebi le wo ɖokui nu ɖeɖe me nyuie wu la dze agbagba ƒo nya ta be nɔnɔmetɔtrɔ wɔ ɖeka bliboe kple ŋɔŋlɔa gɔme sese si me kɔ ɖe edzi la.” Le esi teƒe be Kristodukɔa naʋli Biblia ta la, ena ta le dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe nyaƒoɖeamenu te eye wòkplɔ nusi dze ame akpa gãtɔ ŋu la ɖo. Le ema wɔwɔ me la, egbɔdzɔ amewo ƒe Mawu dzixɔxɔse me.—Timoteo II, 4:3, 4.

8. (a) Nukae ƒe alafa 19 lia me subɔsubɔha ŋuti ɖeklemiɖelawo tɔ gbee? (b) Nufiafia siwo kaka siwo amesiwo ɖea ɖeklemi mawusubɔsubɔ do ɖa la dometɔ aɖewo ɖe? (d) Nukatae ame geɖe xɔ tsitre tsitsi ɖe subɔsubɔha ŋu ƒe nufiafiawo enumake?

8 Esi ƒe 19 lia yina ɖe nuwuwu la, mawusubɔsubɔ ŋuti ɖeklemiɖelawo ƒe amedzidzedzea gasẽ ɖe edzi. Esi asi tɔtɔ subɔsubɔha ƒe kpododonuwo dzi ɖeɖeko mede eme na wo o la, wodze ɖi keke le gɔmeɖoanyi si dzi mawusubɔsubɔ tsi tre ɖo la ŋutɔŋutɔ ŋu. Wobia nya siawo tɔgbe: Nukae nye Mawu? Nukatae Mawu hiã? Ŋusẽ kae Mawu dzixɔse kpɔ ɖe ameƒomea dzi? Amesiawo abe Ludwig Feuerbach, Karl Marx, Sigmund Freud, kple Friedrich Nietzsche ene wotsɔ xexemenunya, nɔnɔmeŋutinunya, kple hadomegbenɔnɔŋutinunya ɖe woƒe nyaʋiʋliwo me. Nufiafia siawo abe ‘Nusi amegbetɔ ŋutɔ susu gblɔ koe Mawu nye,’ ‘Mawusubɔsubɔha nye aɖi si gblẽa nu le amewo ŋu,’ kple ‘Mawu ku’ ene va dze nu yeye kple nu ʋãmewoe na amewo ale gbegbe ne wotsɔ wo sɔ kple sɔlemehawo ƒe xɔsenufiafia kple kɔnyinyi siwo ŋu gɔmesese mele o. Ewɔ abe ɖe ame geɖe va ke ɖe mɔ nyui si dzi woato aɖe ɖikeke kple nazãbubu siwo ɣla ɖe woƒe susu me afia la ŋu ene. Wotso kpla ɖe nufiafia siawo xɔxɔ atuu ŋu abe nyanyui yeye aɖe ene.

Tanana Gã La

9. (a) Nukae sɔlemehawo wɔ esi dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexemenunya ho ɖe wo ŋu? (b) Nukawoe nye sɔlemehawo ƒe lɔlɔ̃ɖedzi la metsonuwo?

9 Le dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexemenunyafiafia ƒe amedzidzedze kple dodoname ma me la, nukae sɔlemehawo wɔ? Le esi teƒe be woanɔ nusi Biblia fia ƒe akpa dzi la, wona ta le nyaƒoɖeamenuwo te eye wolɔ̃ be yewoaɖe asi le xɔsenya vevi siawo abe Mawu ƒe xexemewɔwɔ kple Biblia ƒe nyateƒenyenye ene la ŋu. Nukae do tso eme? Kakaɖedzi si le Kristodukɔa ŋu la te to yiyi, eye ame geɖe ƒe xɔse te to yiyi. Esi sɔlemehawo do kpo wo ɖokui ta ʋiʋli ta la, ena woƒe ʋɔtruwo tsi nuvo eye amehawo do le woƒe ha me. Mawusubɔsubɔ va zu hadomeŋkuɖodzinu ko na ame geɖe, nusi ade dzesi ame ƒe agbemenudzɔdzɔ veviwo—dzidzi, srɔ̃ɖeɖe, kple ku. Ame geɖe va ɖe asi le nyateƒe Mawu la didi ŋu.

10. Nyabiabia vevi kawo ŋue wòle be míade ŋugble le?

10 Le esiawo katã ta la, susu le eme be woabia be: Nyateƒee wònye be dzɔdzɔmeŋutinunya kple xexemenunya ɖo kpe edzi be nu dzodzroe Mawu dzixɔse nyea? Ðe sɔlemehawo ƒe kpododonu fia be nusi wogblɔna be yewofiana si nye Biblia la do kpo nua? Le nyateƒe me la, ɖe wòle be woayi Mawu yomemɔ didia dzia? Mina míadzro nya siawo me kpɔ kpuie.

Nusita Woaxɔ Mawu Dzi Ase

11. (a) Agbalẽ eve kawo dzie wotu Mawu dzixɔse ɖo tso gbaɖegbe ʋĩ ke? (b) Aleke agbalẽ siawo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzie?

11 Wogblɔnɛ be agbalẽ evee li siwo gblɔna na mí be Mawu li—nuwɔwɔ ƒe “agbalẽ,” alo dzɔdzɔme si ƒo xlã mí, kpakple Biblia la. Woawo dzie ame miliɔn geɖe tu woƒe xɔse ɖo le ɣeyiɣi siwo va yi me kple fifia. Le kpɔɖeŋu me, esi fia aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa 11 lia D.M.Ŋ. la kpɔ dziƒo si ɣletiviwo le eye wòwɔ dɔ ɖe edzi la, egblɔ dzidzɔtɔe le hadzidzi me be: “Dziƒowo le Mawu ƒe bubu xlẽm fia, eye dziŋgɔli le gbeƒã ɖem eƒe asinudɔwɔwɔ.” (Psalmo 19:2) Le ƒe alafa 20 lia sia me, esi ɣletidziyila aɖe nɔ eƒe yamenutomeyiʋu me henɔ xlã ƒom dzinua eye wòkpɔ anyigba si nye nukpɔkpɔ la ɖaa la, eʋãe wògbugbɔ gblɔ nya sia be: “Le gɔmedzedzea me Mawu wɔ dziƒo kple anyigba.”—Mose I, 1:1.

12. Aleke woho ɖe xexemewɔwɔ ƒe agbalẽ kple Biblia la ŋui?

12 Gake amesiwo gblɔna be yewomexɔ Mawu dzi se o la ho aʋa ɖe agbalẽ eve siawo ŋu. Wogblɔna be ŋku léle ɖe xexeme si ƒo xlã mí ŋu tsitotsito ɖee fia be menye nuwɔwɔ nyanu dzie agbe to dzɔ o ke boŋ nudzɔleɖokuisi tramaa kple nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nuwɔna si me ɖoɖo aɖeke mele o dzie wòto dzɔ. Eyata wohea nya be Wɔla aɖeke menɔ anyi kpɔ o eye le ema ta Mawu ŋuti nya nye nya dzodzro. Gawu la, wo dometɔ geɖe xɔe se be Biblia nye tsigãdzinu eye susu mele emenyawo me o, eyata mele be woaxɔ edzi ase o. Eyata wobe, gɔmeɖokpe aɖeke megali si dzi woatu Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔse ɖo o. Nyateƒeea? Nukae nyateƒeawo ɖe fia?

Nudzɔɖevome Wònyea alo Aɖaŋuwɔwɔe?

13. Nenye be ɖe agbe dzɔ le eɖokui si la, anye ne nukawoe wòle be woadzɔ?

13 Ne Wɔla aɖeke meli o la, ekema agbe anye nusi dze egɔme le eɖokui si le vome. Gake be agbe nadzɔ la, ele kokoko be le mɔ aɖe nu la, agbeŋusẽ siwo hiã naƒo ƒu le agbɔsɔsɔ nyuitɔ me, le dzoxɔxɔ kple yame ƒe ŋusẽkpɔɖenudzi si sɔ kple nu bubu siwo kpɔa ŋusẽ ɖe nu dzi si sɔ la me, eye ele be wo katã nanɔ anyi le ɣeyiɣi ƒe didime si sɔ nyuie me. Gakpe ɖe eŋu la, be agbe nadze egɔme le anyigba dzi eye anyigba nate ŋu alée ɖe te la, ele be nudzɔleɖokuisi mawo nagbugbɔ adzɔ zi akpe geɖe. Gake aleke nu mawo dometɔ ɖeka pɛ hã ate ŋu adzɔ bɔbɔe?

14. (a) Aleke wòasesẽe be protein ƒe molecule ɖeka nate ŋu adzɔ le eɖokui si le vome? (b) Aleke akɔntabubuwo kpɔ ŋusẽ ɖe agbe si adzɔ le eɖokui si la ƒe susu dzie?

14 Nɔnɔmetɔtrɔfialawo lɔ̃ ɖe edzi be ŋutete si li be nu suesue siwo woyɔna be atɔm kple molecule nyuitɔwo nadze teƒe nyuitɔ eye woazu protein ɖeka hã la nye 1 le 10113 me, alo 1 si yome woaŋlɔ ‘naneke o’ (0) 113 ɖo. Xexlẽme ma sɔ gbɔ wu atɔm siwo wosusu be wole xexeame katã la xoxoxo! Ne ŋutete si li be nane nadzɔ le eɖokui si mede 1 o le 1050 me la, akɔntanyalawo gblɔna be nu ma mate ŋu adzɔ akpɔ gbeɖe o. Gake menye protein kui ɖeka koe hiã hafi agbe nadzɔ o. Protein hamehame abe 2,000 enee hiã hafi lãme nugbagbevi ɖeka nate ŋu ayi eƒe dɔwɔwɔ dzi, eye ŋutete si li be wo katã nadzɔ la nye 1 le 1040,000 me! Ɣletiviŋutinusrɔ̃la Fred Hoyle gblɔ be: “Ne hamegbenɔnɔ me dzixɔsewo alo dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe hehexɔxɔ medee ame ƒe susu me be wòaxɔe ase be agbe dze egɔme [le eɖokui si] le Anyigba dzi o la, akɔntabubu bɔbɔe sia ɖeɖe aɖe susu ma ɖa keŋkeŋ le eƒe tame.”

15. (a) Nukae dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ le woƒe nu sɔsrɔ̃ le xexeame ŋu me? (b) Nukae dzɔdzɔmesefiala aɖe gblɔ tso dzɔdzɔmesewo ŋu?

15 Le go bubu me la, nu sɔsrɔ̃ tso xexeme si wokpɔna ŋu, tso nusiwo gale sue wu atɔm dzi vaseɖe ɣletivihatsotso gãwo dzi wɔe be dzɔdzɔmeŋutinunyalawo va ke ɖe eŋu be dzɔdzɔmenuwo katã zɔna ɖe gɔmeɖose vevi aɖewo dzi. Ne míagblɔe bubui la, wokpɔe be nusianu si dzɔna le xexeame godoo dzɔna le susu kple ɖoɖo nu, eye wote ŋu ɖe susu kple ɖoɖo ma fia le akɔntabubu siwo le bɔbɔe me. Dzɔdzɔmeseŋutinufiala Paul Davies gblɔ le magazine si nye New Scientist me be: “Dzɔdzɔmeŋutinunyala ʋee aɖewo ko dzie se siawo ƒe bɔbɔenyenye kple atsyã si de ŋgɔ kloe wu nusi gɔme woate ŋu ase la mawɔ dɔ ɖo o.”

16. (a) Nukawoe nye dzɔdzɔmese me nu matrɔmatrɔ vevi aɖewo? (b) Nukae adzɔ ne nu matrɔmatrɔ mawo ƒe xexlẽme trɔ vie ko hã? (d) Aleke dzɔdzɔmesefiala aɖe ƒo nya tae tso xexeame kple míaƒe anyinɔnɔ ŋu?

16 Gake se siawo ŋuti nyateƒenya wɔdɔɖeamedzi ŋutɔ aɖee nye be nanewo le wo me siwo ƒe agbɔsɔsɔme wòle be woadzidze wòade pɛpɛpɛ hafi xexeame si míenya fifia la nate ŋu anɔ anyi. Gɔmedzenu matrɔmatrɔ mawo dometɔ aɖewoe nye elektrikŋusẽ si le gɔmeɖoanyinu suesuetɔ kekeake ƒe tume, si woyɔna be proton me la ƒe kpekpeme, gɔmedzenu suesue aɖewo ƒe kpekpeme, kple Newton ƒe nuwo ƒe nuheŋusẽ matrɔmatrɔ si wotsɔa lɛta si nye G dea dzesii la. Nufialagã Davies yi edzi gblɔ tso esia ŋu be: “Ne vovototo vi ŋutɔ aɖe kura gɔ̃ hã va woƒe agbɔsɔsɔ me la, ana nuwo ƒe dzedzeme natrɔ kura le Xexeame Katã. Le kpɔɖeŋu me, Freeman Dyson gblɔ be ne ŋusẽ si le nucleonwo (proton kple [nu bubu si hã le atɔm la titina si si elektrikŋusẽ mele o si woyɔna be] neutron) dome la nu gasẽ ɖe edzi vie alafa memamã ʋee aɖewo la, [tsiya si woyɔna be] hydrogen aɖeke maganɔ Xexeame o. Ɣletiviwo abe Ɣe ene, mate ŋu anɔ anyi o kaka woayi tsi ya yɔ ge o. Ne mede ɖeke o hã la, nɔnɔme si me agbe le fifia hã teti mate ŋu anɔ anyi o. Brandon Carter ɖee fia be ne G la trɔ vie hã la, ɣletiviwo ate ɖe mía ŋu ahalolo ale gbegbe be woƒe keklẽ anɔ amadede si nye blɔtɔ me alo woazu sue ŋutɔ ahabiã dzĩe, eye agblẽ nu hã le agbe ŋu ŋutɔ.” Eyata Davies ƒo nya ta be: “Le go sia me la gɔmesese anɔ eŋu be Xexeme ɖeka koe ate ŋu anɔ anyi. Ne nenemae la, ekema enye tamebubu ɖedzesi be mía ŋutɔwo míaƒe anyinɔnɔ abe nuwɔwɔ siwo si nunya le ene la nye nusi dzɔ tso susu ƒe dɔwɔwɔ metsonu si nu womate ŋu asi le o la me.”—Míawoe te gbe ɖe edzi.

17. (a) Nukae aɖaŋu kple tameɖoɖo si dze le xexeame godoo la ɖe fia kɔtee? (b) Aleke woɖo kpe esia dzii le Biblia me?

17 Nukae míate ŋu atsɔ le esiawo katã me? Gbã la, ne sewoe fiaa mɔ xexeame la, ekema ele be sewɔla nyanu aɖe si wɔ se mawo la nanɔ anyi. Hekpe ɖe eŋu la, esi wònye wowɔ se siwo naa nuwo wɔa dɔ le xexeame tsɔ nɔ mɔ kpɔm na agbe ƒe vava kple nɔnɔme siwo asɔ hena eléle ɖe te ta la, eme kɔ be tameɖoɖo tae. Aɖaŋu kple tameɖoɖo—menye nusiwo dzɔ tsukunɔtɔe nusiawo nye o; wonye nɔnɔme siwo tututu adze le Wɔla nyanu ŋu. Eye ema tututue Biblia la fia asii esi wògblɔ be: “Woɖe nusi woate ŋu anya le Mawu ŋuti la, fia le wo me . . . ; elabena Mawu ɖee fia wo. Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodo aɖeke naganɔ wo si o.”—Romatɔwo 1:19, 20; Yesaya 45:18; Yeremya 10:12.

Ðaseɖiɖi Siwo Ƒo Xlã Mí la Sɔ Gbɔ

18. (a) Nu bubu kawo hã mee woagate ŋu akpɔ aɖaŋu kple tameɖoɖo le? (b) Nuwɔwɔ si me nunya ƒe aɖaŋuwɔwɔ le kawo ƒe kpɔɖeŋue nàte ŋu agblɔ?

18 Nyateƒee, menye nuwo ƒe dɔwɔwɔ le ɖoɖo nu le xexeame me koe míekpɔ aɖaŋu kple tameɖoɖo le o ke boŋ wodze le mɔ si nu nuwɔwɔwo, suetɔwo kple klitsuawo, wɔa woƒe gbesiagbenuwɔnawo le, kpakple alesi wowɔa nu ɖe wo nɔewo ŋui le xexeame hã me. Le kpɔɖeŋu me, aɖaŋuwɔwɔ deto dze le mí amegbetɔwo ƒe ŋutilã ƒe akpa ɖesiaɖe kloe—ahɔhɔ̃, ŋku, to, asi—ŋuti ale gbegbe be egbegbe dzɔdzɔmeŋutinunya mate ŋu aɖe eme wòade edeƒe o. Azɔ lãwo kple numiemiewo hã li. Xevi aɖewo ƒe ʋuʋu ƒe sia ƒe adzo agbadroƒe akpe geɖe le anyigba kple atsiaƒu dzi, alesi atiwo trɔa tsi, tomenuwo kple ɣe ƒe ŋusẽ wòzua nuɖuɖui, alesi azi ɖeka si me wode vii trɔna zua ŋutilã si si ŋutinu akpeakpe nanewo nɔna eye lãme nugbagbevi miliɔn siwo si ŋutete tɔxɛwo le—esiwo nye kpɔɖeŋuawo dometɔ ʋee aɖewo ko—la katã nye aɖaŋuwɔwɔ si me nunya le ƒe ɖaseɖiɖi ɖedzesiwo.a

19. (a) Ðe alesi dzɔdzɔmeŋutinunya fia mí alesi nanewo wɔa dɔe la fia be aɖaŋuwɔwɔ si me nunya le alo aɖaŋuwɔla aɖeke meli oa? (b) Nukae míakpɔ adze sii ne míesrɔ̃ nu le xexeme si ƒo xlã mí la ŋu?

19 Gake ame aɖewo hea nya be dzɔdzɔmeŋutinunya ŋuti sidzedze si dzi ɖe edzi la ɖe nukunu siawo dometɔ geɖe me. Nyateƒee, dzɔdzɔmeŋutinunya ɖe nu geɖe siwo nye nya ɣaɣla tsã la me vaseɖe afi aɖe. Gake ne ɖevi va nya alesi gaƒoɖokui wɔa dɔe la, mefia be menye ame aɖee wɔ aɖaŋu hewɔe o. Nenema ke ne míese nukumɔ siwo dzi nu geɖe siwo le xexeame wɔa dɔ le la gɔme la, mefia be menye wɔla wɔaɖaŋu ye wɔ wo o. Ke boŋ zi geɖe alesi míenya nu tso xexeme si ƒo xlã mí ŋui la, zi nenemae kpeɖodzi si le mía si be Wɔla nyanu si nye Mawu, li la dzina ɖe edzii. Eyata míate ŋu alɔ̃ ɖe edzi kple hakpala la be: “Yehowa, wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo! Èwɔ wo katã le nunya me; anyigba yɔ fũ kple wò dɔwɔwɔwo.”—Psalmo 104:24.

Biblia la—Àte Ŋu Axɔ Edzi Asea?

20. Nukae ɖee fia be Mawu dzixɔse ɖeɖe mesɔ gbɔ be wòaʋã ame ne wòadi Mawu o?

20 Gake Mawu ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse ɖeɖe mesɔ gbɔ be wòaʋã amewo woadi eyama o. Egbea ame miliɔn geɖe li siwo megbe Mawu dzixɔse keŋkeŋ o, gake ema meʋã wo be woadi Mawu o. Amerikatɔ numekula George Gallup Jr. gblɔ be “le nyateƒe me la, màkpɔ vovototo aɖeke le sɔlemedelawo kple sɔlememadelawo dome le amebaba, adzɔmaxemaxe, kple nu suesuewo fifi me o, eye nusi gbɔ nusia ƒe akpa gãtɔ tsoe nye hadomegbenɔnɔ ƒe mawusubɔsubɔ si bɔ.” Egblɔ kpee be “ɖeko ame geɖe va le subɔsubɔha si adze edzi na wo eye wòalũ tome na wo eye mazi nu ɖe wo dzi o la ko me. Ame aɖe yɔe be subɔsubɔha si ɖea mɔ amesiame wɔa nusi dzea eŋu. Esia nye Kristotɔnyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ vevitɔ le dukɔ sia [U.S.A.] me egbea: Dzixɔse like aɖeke meli o.”

21, 22. (a) Nukae na Biblia nye agbalẽ tɔxɛ? (b) Nukae nye ɖaseɖiɖi vevi si dzi wotu Biblia ƒe nyateƒenyenye ɖo? Ðe eme.

21 Biblia ƒe sidzedze kple edzixɔxɔse si meli o gbɔ koŋ ye “gbɔdzɔgbɔdzɔ vevitɔ” ma tso. Gake gɔmeɖokpe kae li si dzi woanɔ te ɖo axɔ Biblia dzi ase? Gbã la, ele be míade dzesii be le ŋutinya katã me la, ɖewohĩ agbalẽ aɖeke menɔ anyi kpɔ si woɖe ɖeklemii, si ŋu wogblɔ nya vɔ̃ ɖo, si wolé fui, eye woho ɖe eŋu abe Biblia ene o. Gake eto emawo katã me do eye wòva zu agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me eye womãe wu bubu ɖesiaɖe le ŋutinya me. Ema ɖeɖe na Biblia la nye agbalẽ tɔxɛ. Gake kpeɖodzi kple ɖaseɖiɖi siwo dzi woate ŋu axɔ ase geɖe li be Biblia nye agbalẽ si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye wòdze be woaxɔ edzi ase.—Kpɔ aɖaka si le axa 340-1.

22 Togbɔ be ame geɖe tsɔe be le nu geɖe me la, Biblia mesɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu o, etsi tre ɖe eɖokui ŋu henye tsigãdzinu hã la, nyateƒeawo ɖee fia be menye nenemae o. Amesi ŋlɔe nye ame tɔxɛ, ŋutinya kple dzɔdzɔmeŋutinunya siwo le eme la sɔ pɛpɛpɛ, eye nyagblɔɖi siwo medoa kpo eme vava o la katã kplɔ ame yi nyataƒonya sia gbɔe be: Biblia la nye Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye wònye viɖenu.’—Timoteo II, 3:16.

Ŋgɔ Dzedze Dzimaxɔse ƒe Gbetɔame La

23. Aleke míate ŋu aƒo nya tae le Biblia ŋu ne míebu nyateƒeawo ŋu?

23 Esi míedzro ɖaseɖiɖi si tso xexemewɔwɔ ƒe agbalẽ la kple Biblia me vɔ la, aleke míaƒo nya tae? Kpuie ko la, agbalẽ siawo me nyawo gakpɔtɔ nye nyateƒe egbea abe alesi wonye ɣeawokatãɣie ene. Ne míelɔ̃ be míabu nya la ŋu abe alesi tututu wòle ene eye míeɖe mɔ be nusi míesusu tsã kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi o la, míekpɔnɛ be míete ŋu kpɔa ŋuɖoɖo si ŋu gɔmesese le na tsitretsiɖeŋunya ɖesiaɖe. Ŋuɖoɖoawo le eme, mía tɔ koe nye be míalɔ̃ be míadi wo. Yesu gblɔ be, “Minɔ edidi dzi, eye miakpɔe.”—Mateo 7:7, NW, Dɔwɔwɔwo 17:11.

24. (a) Nukatae ame geɖe dzudzɔ woƒe Mawu didi la? (b) Nukae ate ŋu anye akɔfafa na mí? (d) Nuka mee míadzro le agbalẽ sia ƒe akpa mamlea me?

24 Le etaƒoƒo me la, míakpɔe be menye esi ame akpa gãtɔ si dzudzɔ Mawu didi la ŋutɔ di ɖaseɖiɖiawo tsitotsito le Biblia me eye wokpɔ be menye nyateƒee o tae wodzudzɔ o. Ke boŋ alesi Kristodukɔa mete ŋu ɖe Biblia ƒe Mawu vavã la fia o lae nyã wo ɖa le eŋu. Abe alesi Franseawo ƒe agbalẽŋlɔla P. Valadier gblɔe ene la: “Kristotɔwo ƒe kɔnyinyie he mawudzimaxɔse vɛ; ena amewo wu Mawu le woƒe dzitsinyawo me elabena efia Mawu si dzi womate ŋu axɔ ase o la wo.” Togbɔ be ele nenema hã la, míate ŋu akpɔ akɔfafa le apostolo Paulo ƒe nya siawo me: “Elabena ne ame aɖewo mewɔ nuteƒe o la nukae? Alo ɖe woƒe nuteƒemawɔmawɔ aɖe Mawu ƒe nuteƒetɔnyenye ɖa mahã? Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae.” (Romatɔwo 3:3, 4) Ẽ, gɔmesese ɖesiaɖe li si ta míayi edzi adi Mawu vavã la. Le agbalẽ sia ƒe ta susɔeawo me la, míakpɔ alesi wokpɔ dzidzedze bliboe le edidi sia me kple nusi ɣeyiɣi si gbɔna la ahe vɛ na ameƒomea.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Hena Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖaseɖiɖiwo ƒe numeɖeɖe tsitotsito la, kpɔ agbalẽ si nye Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta, 1985, axa 142-78.

[Aɖaka si le axa 340, 341]

Biblia ƒe Nyateƒenyenye Ŋuti Ðaseɖiɖiwo

Eŋlɔla Tɔxɛ: Tso eƒe agbalẽ gbãtɔ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ dzi, vaseɖe susɔea si nye Nyaɖeɖefia dzi la, agbalẽ 66 ye le Biblia me eye amesiwo de 40 siwo ƒe hadomegbenɔnɔ, hehexɔxɔ, kple dɔwɔnawo to vovoe ŋlɔe. Eŋɔŋlɔ xɔ ƒe alafa 16 tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 98 M.Ŋ. me. Gake esi wowu enu la, enye agbalẽ si me nyawo wɔ ɖeka kple wo nɔewo pɛpɛpɛ hede nu wo nɔewo me, eye woƒo nu tso Biblia ƒe tanya vevi—Mawu kple eƒe tameɖoɖo la ta ʋiʋli to Mesia Fiaɖuƒea dzi—la ŋu le ɖoɖo nu.—Kpɔ aɖaka si le axa 241.

Ŋutinyawo ƒe Nyateƒenyenye: Ðekawɔwɔ blibo le nudzɔdzɔ siwo woŋlɔ ɖe Biblia me kple ŋutinya me nudzɔdzɔ siwo dzi woɖo kpee la dome. Agbalẽ si nye A Lawyer Examines the Bible de dzesii be: “Togbɔ be gligbalẽwo, xotutuwo kple aʋatsoɖaseɖiɖiwo tsɔa ayedzedze daa nudzɔdzɔwo ɖe didiƒe ʋĩ ke kple ɖe ɣeyiɣi si dzi wometɔ asii o me hã la, . . . Biblia ya gblɔa ɣeyiɣi kple teƒe siwo nudzɔdzɔ siwo ƒe nya wògblɔ dzɔ le la wòsɔna pɛpɛpɛ.” (Xezekiel 1:1-3) The New Bible Dictionary hã gblɔ be: “[Dɔwɔwɔwo ŋlɔla la] ŋlɔ eƒe nudzɔdzɔwo wosɔ ɖe ɣemaɣi ƒe ŋutinya nu; ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ dugãwo me, nutomedziɖulawo, fia siwo nɔ [Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu] te, kple amesiawo tɔgbe bɔ fũ ɖe eƒe agbalẽwo me eye woɖo kpe edzi be nusiawo sɔ ɖe teƒe kple ɣeyiɣi siwo ƒe nya wogblɔ la nu pɛpɛpɛ ɖe wo nɔewo yome.”—Dɔwɔwɔwo 4:5, 6; 18:12; 23:26.

Esɔ Kple Dzɔdzɔmeŋutinunya: Wode se siwo ku ɖe dɔnɔwo ɖeɖe ɖe aga kple dzadzɛnyenye ŋu na Israel-viwo le Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia me le ɣeyiɣi si me dukɔ siwo ƒo xlã wo menya naneke tso nuwɔna siawo ŋu o. Wogblɔ alesi tsidzadza sina yia atsiaƒu mee eye ya lɔa atsiaƒu me tsia yia yamee wògazua tsidzadza si nye nusi ŋu womenya naneke le le blema o la ɖe Nyagblɔla 1:7 me. Wogblɔ alesi anyigba la le nogoo eye wòle yame si meku ɖe naneke ŋu o, esi ƒe alafa 16 lia me hafi dzɔdzɔmeŋutinunya ɖo kpe edzi, la ɖe Yesaya 40:22 kple Hiob 26:7 me. Ƒe 2,200 sɔŋ kple edzivɔ hafi William Harvey nata nu yeye si wòva nya tso ʋu ƒe sisi ŋu la, Lododowo 4:23 gblɔ akpa si amegbetɔ ƒe dzi wɔna la. Eyata togbɔ be menye dzɔdzɔmeŋutinunyagbalẽe Biblia nye o hã la, le afisiwo wogblɔ dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu nya le la, eƒe nugɔmesese si nɔa ŋgɔ boo na nusi wonya le ɣeyiɣi ma me la dzena le eme.

Nyagblɔɖi Siwo Medana Ƒu O: Wogblɔ blema Tiro-du la tsɔtsrɔ̃, Babilon ƒe anyidzedze, Yerusalem gbugbɔgatu, kple Medo-Persia kpakple Hela fiawo ƒe tsitretsitsi kple woƒe anyidzedze ŋuti nya veviwo ɖi tsitotsito ale gbegbe be ɖeklemiɖelawo gblɔ do kpoe be emegbe hafi woŋlɔ wo. (Yesaya 13:17-19; 44:27–45:1; Xezekiel 26:3-7; Daniel 8:1-7, 20-22) Nya siwo wogblɔ ɖi le Yesu ŋu ƒe alafawo do ŋgɔ na eƒe dzidzi la va eme pɛpɛpɛ. (Kpɔ aɖaka si le axa 245.) Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu nya siwo Yesu ŋutɔ gblɔ ɖi la va eme pɛpɛpɛ. (Luka 19:41-44; 21:20, 21) Yesu kple apostolo Paulo ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamleawo ŋu la le eme vam le mía ŋutɔwo míaƒe ŋkekea me. (Mateo 24; Marko 13; Luka 21; Timoteo II, 3:1-5) Gake Biblia gblɔ be nyagblɔɖi siawo katã tso Dzɔtsoƒe ɖeka si nye Yehowa Mawu gbɔ.—Petro II, 1:20, 21.

[Nɔnɔmetata si le axa 333]

Darwin, Marx, Freud, Nietzsche, kple ame bubuwo do nufiafia siwo ɖe ke le Mawu dzixɔse te la ɖa

[Nɔnɔmetata si le axa 335]

Nuwɔwɔ ƒe “agbalẽ” kple Biblia na gɔmeɖoanyi si dzi woanɔ te ɖo axɔ Mawu dzi ase la ame

[Nɔnɔmetata si le axa 338]

Zi geɖe alesi míenya nu tso xexeme si ƒo xlã mí ŋui la zi nenemae míekpɔa Wɔla nyanu aɖe ƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodzii

[Nuwo ƒe nɔnɔme/Nɔnɔmetata si le axa 337]

Agbe kple xexeame katã mate ŋu anɔ anyi o ne nu vevi aɖewo siwo dzi wotu wo ɖo la trɔ vie gɔ̃ hã

[Diagram]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

HYDROGEN ATOM ƑE AKPA VOVOVOWO

ELECTRON

PROTON + Nucleus

ELECTRON la ƒe xlãƒoƒemɔ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe