Ta 2
Wode Bubu Eŋu Hafi Wodzii
ESI mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria si nye ɖetugbi la be adzi ŋutsuvi si anye fia mavɔ la vɔ la, Maria bia be, ‘Aleke nusia ava mee, esi nyemedɔ kple ŋutsu aɖeke kpɔ o?’
Gabriel ɖe eme be: “Gbɔgbɔ kɔkɔe ava dziwò, eye dziƒoʋĩtɔ ƒe ŋusẽ ado vɔvɔli ɖe dziwò, eyaŋuti nusi dzi ge nala la, woayɔe be kɔkɔe, Mawu viŋutsuvi.”
Be wòakpe ɖe Maria ŋu wòaxɔ yeƒe gbedasia dzi ase la, Gabriel yi edzi be: “Eye kpɔ ɖa, Elisabet, wò ƒometɔ la, fɔ fu le ŋutsuvi dzi ge le eƒe nyagãkuku me, eye ɣleti sia enye adelia na eya, amesi woyɔna be konɔ. Elabena naneke mesẽ na Mawu o.”
Maria xɔ Gabriel ƒe nya la dzi se. Eye aleke wòwɔ nue? Edo ɣli be: “Kpɔ ɖa, [Yehowa] ƒe dɔlanyɔnu menye, ava me nam le wò nya la nu.”
Esi Gabriel dzo teti la, Maria dzra ɖo eye wòyi ɖasrã Elisabet si le srɔ̃a Zaxarya gbɔ la kpɔ le Yudea-du si le tonyigba dzi la me. Esia nye mɔzɔzɔ didi aɖe si axɔ abe ŋkeke etɔ̃ alo ene ene tso Nazaret afisi Maria le.
Esi Maria ɖo Zaxarya ƒeme mlɔeba la, ege ɖe eme hedo gbe na wo. Tete gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ Elisabet fũ, eye wògblɔ na Maria bena: “Woayra wò le nyɔnuwo dome, eye woayra wò dɔmevi la! Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã? Elabena kpɔ ɖa, esi wò gbedoname la ɖi ɖe nye to me la, ɖevi la ho le nye dɔ me le dzidzɔ ŋuti.”
Esi Maria se nya sia la, etsɔ akpedada si tso dzi me gblɔ be: “Nye luʋɔ do [Yehowa] ɖe dzi, eye nye gbɔgbɔ tso aseye le Mawu, nye xɔla ŋuti, bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔenyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa; tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame, bena ŋusẽtɔ la wɔ nu dzɔtsuwo nam.” Gake togbɔ be wove enu hã la, Maria tsɔ kafukafuawo katã na Mawu. Egblɔ be: “Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. Eye eƒe nublanuikpɔkpɔ li tso dzidzime vaseɖe dzidzime na amesiwo vɔ̃nɛ.”
Maria yi edzi le Mawu kafum kple nyagblɔɖiha si tso gbɔgbɔ me eye wòɖe gbe ƒãe be: “Ewɔ nu sesẽ kple eƒe abɔ; ekaka amesiwo do wo ɖokui ɖe dzi le woƒe dzimesusuwo me la me. Etu asi ŋusẽtɔwo ƒu anyi tso fiazikpuiwo dzi, eye wòdo ame bɔbɔɖanyiwo ɖe dzi. Eyɔ dɔwuitɔwo kple nu nyuiwo, eye kesinɔtɔwo la eɖo wo ɖa ƒuƒlu. Ede eƒe dɔla Israel dzi hena ŋkuɖoɖo nublanuikpɔkpɔkpɔ dzi, abe alesi wòƒo nu na mía fofowo ene, na Abraham kple eƒe ƒome vaseɖe mavɔ me.”
Maria nɔ Elisabet gbɔ abe ɣleti etɔ̃ ene, eye ɖikeke mele eme o be enye kpekpeɖeŋu gã aɖe le Elisabet ƒe fufɔfɔ ƒe kwasiɖa mamle siawo me. Enyo ŋutɔ be nyɔnu nuteƒewɔla eve siawo siwo fɔ fu to Mawu ƒe kpekpeɖeŋu dzi la nate ŋu anɔ anyi ɖekae le woƒe agbe me yayraɣi sia me!
Ðe nède dzesii be wode bubu Yesu ŋu hafi wodzii kura gɔ̃ hã? Elisabet yɔe be “nye Aƒetɔ,” eye ɖevi si le eƒe dɔme la ho kple dzidzɔ esime wòkpɔ Maria zi gbãtɔ. Gake ame bubuwo mede bubu Maria kple vi si dzi ge wòle la ŋu tututu o, abe alesi míakpɔe emegbe ene. Luka 1:26-56.
▪ Nukae Gabriel gblɔ be wòakpe ɖe Maria ŋu wòase alesi wòawɔ afɔ fu la gɔme?
▪ Aleke wode bubu Yesu ŋue hafi wodzii?
▪ Nya kae Maria gblɔ le nyagblɔɖiha me tsɔ kafu Mawu?
▪ Ɣeyiɣi didi kae Maria nɔ Elisabet gbɔ, eye nukatae wòsɔ ɖe edzi nyuie be Maria nɔ Elisabet gbɔ le ɣeyiɣi sia me?