Ta 4
Efɔ Fu Evɔ Meɖe Srɔ̃ O
MARIA le eƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti etɔ̃lia me. Àɖo ŋku edzi be eyi ɖasrã Elisabet kpɔ le eƒe fufɔfɔa ƒe gɔmedzeɣi, gake fifia etrɔ gbɔ va eƒe nɔƒe si nye Nazaret. Eteƒe madidi o woava nya le wo de be efɔ fu. Eɖo xaxa me ŋutɔ!
Nusi na nɔnɔmea gavlo ɖe edzi wu kurae nye be wodo Maria ɖeɖe ŋugbe na Yosef, atikpala la. Eye enya be le se si Mawu de na Israel me la, ne ŋutsu aɖe do ɖeɖe ŋugbe na nyɔnu aɖe gake nyɔnua lɔ̃ faa dɔ kple ŋutsu bubu la, woƒua kpee wòkuna. Aleke wòle wɔwɔ ge aɖe eƒe fufɔfɔa me na Yosef?
Esi Maria menɔ anyi o ɣleti etɔ̃ ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be Yosef di vevie be yeakpɔe. Esi wodo go la, anɔ eme be Maria gblɔ nya la nɛ. Anya wɔ etɔ sinua heɖe eme be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzie yeto fɔ fua. Gake abe alesi nate ŋu asusui ene la, nusia dzi xɔxɔ ase sesẽ na Yosef ŋutɔ.
Yosef nya ŋkɔ nyui si le Maria ŋu. Eye edze ƒã be elɔ̃e vevie ŋutɔ. Ke hã la, nuka kee wòanya gblɔ o, edze abe ŋutsu aɖe kokokoe do fui ene. Gake Yosef medi be woaƒu kpee wòaku alo ado ŋukpee le dutoƒo le ema ta o. Eyata eɖoe be yeagbee le adzame. Le ŋkeke mawo me la, wobua amesiwo do ɖeɖeŋugbe na wo nɔewo la abe srɔ̃tɔwo ene, eye wobiaa srɔ̃gbegbe tso ŋugbedolawo si be woatsɔ atso ŋugbedodoa mee.
Emegbe esi Yosef ganɔ nya siawo ŋu bum la, eyi ɖamlɔ anyi. Yehowa ƒe dɔla do ɖe egbɔ le drɔ̃e me hegblɔ be: “Megavɔ̃ srɔ̃wò Maria kpɔkplɔ va gbɔwò o, elabena fu, si ke wòfɔ la, gbɔgbɔ kɔkɔe la mee wòtso. Adzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu; elabena eyae laɖe eƒe dukɔ la tso woƒe nuvɔ̃wo me.”
Esi Yosef nyɔ la, aleke gbegbe wòda akpee nye si! Ewɔ nusi tututu mawudɔla la gblɔ nɛ la eye mehe ɖe megbe o. Ekplɔ Maria yi eƒemee. Le nyateƒe me la, gaglãgbenuwɔna sia le abe srɔ̃ɖeɖe ene eye wòɖee fia be fifia Yosef kple Maria woɖe wo nɔewo le se nu. Gake Yosef medɔ Maria gbɔ le esime Yesu ƒe fu nɔ eƒo o.
Kpɔ ɖa! Maria ƒe fu tsi, gake Yosef le ekɔm ɖe tedzi dzi. Afika yim wole, eye nukatae wole mɔ zɔm esime Maria ƒe vidziɣi ɖo? Luka 1:39-41, 56, Mateo 1:18-25; Mose V, 22:23, 24.
▪ Nukae nye Yosef ƒe susu esime wòse Maria ƒe fufɔfɔ, eye nukatae?
▪ Aleke Yosef ate ŋu agbe Maria esi womeɖe wo nɔewo haɖe o?
▪ Gaglãgbenuwɔna kae nye Yosef kple Maria ƒe srɔ̃ɖeɖe?