Ta 22
Eyɔ Nusrɔ̃la Ene
ESI wodze agbagba be woawu Yesu le wo de si nye Nazaret vɔ megbe la, edzo yi du si nye Kapernaum si gogo Galilea-ƒua la me. Esia na Yesaya ƒe nyagblɔɖi bubu hã va eme. Eyae nye nyagblɔɖi si gblɔe ɖi be Galileatɔ siwo le ƒuta la akpɔ kekeli gã aɖe.
Esi Yesu le eƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si naa kekeli ame la wɔm le afisia la, eke ɖe eƒe nusrɔ̃la ene ŋu. Amesiawo zɔ mɔ kplii kpɔ do ŋgɔ gake wotrɔ yi woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔ wɔƒe le esime wo kple Yesu wotrɔ gbɔ va Yudea. Anɔ eme be Yesu di amesiawo vevie, elabena gamea su be amesiwo anɔ kpekpeɖeŋu namee ɣesiaɣi, siwo wòate ŋu ana hehee be woayi subɔsubɔdɔa dzi ne wòdzo la nanɔ eŋu.
Eyata esi Yesu nɔ ƒua ta zɔm eye wòkpɔ Simon Petro kple eƒe zɔhɛwo wonɔ woƒe ɖɔwo kpalam la, ezɔ yi wo gbɔ. Ege ɖe Petro ƒe tɔdziʋua me eye wògblɔ nɛ be woakui adzoe le go ŋu. Esi woyi ŋgɔ vie la, Yesu bɔbɔ nɔ eme hedze nu fiafia ameha siwo le ƒua ta la gɔme.
Emegbe Yesu gblɔ na Petro be: “Mite yi tɔ ƒo, eye miɖi miaƒe ɖɔwo, ne miaɖe lã.”
Petro ɖo eŋu be: “[Nufiala], míedze agbagba zã blibo la katã, eye míekpɔ naneke o, gake le wò nya nu la maɖi ɖɔwo.”
Esi woɖi ɖɔawo la, lã si woɖe la sɔ gbɔ ale gbegbe be ɖɔawo nɔ dzedzem. Ŋutsuawo mia asi wo tɔ aɖewo siwo le ʋu aɖe si te ɖe wo ŋu me kaba be woava de asi eme na yewo. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi lã yɔ ʋu evea siaa ale gbegbe be wodze toyiyi o. Esi Petro kpɔ esia la, edze klo ɖe Yesu ŋkume hegblɔ be: “Aƒetɔ, do go le gbɔnye, elabena ame wɔnuvɔ̃ menye.”
Yesu gblɔ nɛ be: “Megavɔ̃ o! Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.”
Yesu mia asi Petro nɔvi Andrea hã. Ede dzi ƒo na wo be: “Miva nɔ yonyeme, eye mawɔ mi ameɖelawo!” Emia asi wo tɔ tɔƒodela bubu siwo nye Yakobo kple Yohanes siwo nye Zebedeo viwo hã, eye woawo hã wɔ ɖe edzi heheɖemegbemanɔmee. Eyata ame ene siawo gblẽ woƒe ɖɔkpɔkplɔdɔa ɖi eye wova zu Yesu yomedzela siwo kplɔnɛ ɖo ɣesiaɣi la dometɔ ene gbãtɔwo. Luka 5:1-11; Mateo 4:13-22; Marko 1:16-20; Yesaya 8:23; 9:1.
▪ Nukatae Yesu yɔ eƒe nusrɔ̃lawo be woadze ye yome, eye amekawoe nye amesiawo?
▪ Nukunu kae tso dzika ƒo na Petro?
▪ Ðɔkpɔkplɔdɔ ka ƒomevie Yesu kpe eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ?