INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 27
  • Mateo Yɔyɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mateo Yɔyɔ
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Yɔ Mateo
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Ðokuibɔbɔ Ƒe Nufiame Vevi Aɖe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • “Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Adzɔ Exexee Naa “Dukɔ Yia Ŋgɔa”?
    Nyɔ!—2003
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 27

Ta 27

Mateo Yɔyɔ

ESI Yesu da gbe le lãmetututɔa ŋu vɔ megbe kpuie ko la, edzo le Kapernaum yi ɖe Galilea-ƒua gbɔ. Amehawo gava egbɔ ake, eye wòdze nu fiafia wo gɔme. Esi wòzɔ yina la, ekpɔ Mateo si wogayɔna be Lewi la wònɔ adzɔxɔƒe. Yesu kpee be: “Dze yonyeme.”

Anɔ eme be Mateo nya nu tso Yesu ƒe nufiafiawo ŋu nyuie xoxo, abe alesi Petro, Andrea, Yakobo, kple Yohanes nya nu tso wo ŋui esime wòyɔ wo ene. Eye abe woawo ene la, Mateo wɔ ɖe amekpekpea dzi enumake. Etsi tre hegblẽ eƒe agbanɔamedziwo abe nudzɔla ene ɖe megbe, eye wòdze Yesu yome.

Emegbe, ɖewohĩ esi Mateo di be yeaɖu azã ɖe alesi woyɔ ye ta la, eɖo kplɔ̃ gã aɖe ɖe eƒeme. Hekpe ɖe Yesu kple Eƒe nusrɔ̃lawo ŋu la, amesiwo nye Mateo ƒe hadɔwɔlawo tsã hã nɔ anyi. Zi geɖe la, amesiawo nye amesiwo wo nɔvi Yudatɔwo doa vloe elabena woxɔa adzɔ na Roma-dziɖuɖua si wolé fui. Gawu la, zi geɖe wobiaa ga geɖe anukwaremaɖimaɖitɔe tso ameawo si wu nusi nye adzɔga la ŋutɔŋutɔ.

Esi Farisitɔwo kpɔ Yesu le kplɔ̃ɖoƒea kple ame mawo la, wobia eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nukaŋuti miaƒe nufiala ɖua nu kple nudzɔlawo kpakple nuvɔ̃wɔlawo mahã?” Esi Yesu se Farisitɔwo ƒe nyabiabia la, eɖo eŋu na wo be: “Menye lãmesesẽtɔwoe hiã gbedala o, negbe dɔlélawo ko. Ke miyi ɖasrɔ̃ nusia gɔme: ‘Nublanuikpɔkpɔ dim mele, menye numeme o.’ Elabena nyemeva ame dzɔdzɔewo yɔ ge o, negbe nuvɔ̃wɔlawo ko.”

Anɔ eme be Mateo yɔ nudzɔlawo va eƒe aƒe mee be woase Yesu ƒe nyawo eye woakpɔ gbɔgbɔmegbedada. Eyata Yesu dea ha kple wo bene yeakpe ɖe wo ŋu be ƒomedodo nyui nanɔ wo kple Mawu dome. Yesu medoa vlo ame mawo abe alesi Farisitɔ siwo bua wo ɖokui ame dzɔdzɔewoe wɔnɛ ene o. Ke boŋ esi veveseseɖeamenu ʋãe la, eƒe nuwɔna wɔe be wònye gbɔgbɔmegbedala na wo.

Eyata Yesu ƒe nublanui kpɔkpɔ na nuvɔ̃wɔlawo la menye asi dada ɖe woƒe nuvɔ̃wo dzi o ke boŋ enye dɔmetɔtrɔ ma ke si wòɖena fiaa amesiwo dze dɔ le ŋutilã me la ke ɖeɖefia. Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku esime wòtsɔ nublanuikpɔkpɔ do abɔ ɖa eye wòka asi anyidzela la ŋu hegblɔ be: “Melɔ̃, ŋutiwò nekɔ!” la dzi. Mina miawo hã míaɖe nublanuikpɔkpɔ afia nenema ke to kpekpe ɖe amesiwo nu hiã ŋu, vevietɔ le gbɔgbɔ me la dzi. Mateo 8:3; 9:9-13; Marko 2:13-17; Luka 5:27-32.

▪ Afikae Mateo nɔ esime Yesu kpɔe?

▪ Dɔ kae Mateo wɔna, eye nukatae Yudatɔ bubuwo doa vlo ame mawo?

▪ Nya kae wohe ɖe Yesu ŋu, eye aleke wòɖo eŋui?

▪ Nukatae Yesu dea ha kple nuvɔ̃wɔlawo?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe