Ta 33
Nana be Yesaya ƒe Nyagblɔɖia Nava Eme
ESI Yesu see be Farisitɔwo kple Herodes ƒe dunyaheha me tɔwo de aɖaŋu be woawu ye la, wo kple eƒe nusrɔ̃lawo dzo yi Galilea-ƒua gbɔ. Ameha gã aɖewo siwo tso Palestina la katã, kple eƒe liƒowo godo gɔ̃ hã ƒo zi ɖe eŋu le afisia. Eda dɔ le ame geɖe ŋu, eye esia na amesiwo katã ƒe dɔléle sesẽ la nɔ amewo tutum be yewoava ŋgɔgbe aka asi eŋu.
Esi amehawo sɔ gbɔ ale gbegbe ta la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woadzra tɔdziʋu ɖo na ye si yeanɔ zazãm ɖaa. Esi wòkui yi megbee tso ƒua ta la, ena be amehawo mete ŋu mimii ɖo o. Ate ŋu anɔ ʋua me afia nu wo alo akui ayi afi bubui le ƒua ta bene wòakpe ɖe amewo ŋu le afima.
Nusrɔ̃la Mateo ŋlɔe ɖi be dɔ si Yesu wɔ la na “nya, si wogblɔ ɖi to nyagblɔɖila Yesaya dzi” la va eme. Emegbe Mateo yɔ nyagblɔɖi si Yesu na wòva eme la me nyawo be:
“Kpɔ ɖa, [nye] dɔla, si metia; [nye] lɔlɔ̃tɔ, amesi dzea [nye] luʋɔ ŋu la; matsɔ [nye] gbɔgbɔ la ada ɖe eyama dzi, eye wòaka ʋɔnudɔdrɔ̃ ta na dukɔawo. Mele nya he ge alo ɣli do ge gbeɖe o; eye ame aɖeke mele eƒe gbe se ge le ablɔwo me hã o. Mele aƒla ŋeŋe la ɖe ge le enu o, eye mele ɖovu bibi fiɖifiɖi la tsi ge o, vaseɖe esime wòawu ʋɔnudɔdrɔ̃ nu hena dziɖuɖu o. Eye dukɔwo lakpɔ mɔ na eƒe ŋkɔ.”
Nyateƒee, Yesu ye nye dɔla lɔlɔ̃tɔ si ŋu Mawu kpɔa ŋudzedze ɖo. Eye Yesu ɖe dzɔdzɔenyenye si dzi alakpasubɔsubɔha ƒe kɔnyinyiwo na viviti do ɖo la ɖe go wòdze ƒã. Esi Farisitɔwo ɖea Mawu ƒe sea gɔme ɖe mɔ madzɔmadzɔ nu ta la, womekpena ɖe dɔnɔ gɔ̃ hã ŋu le Sabat dzi o! Esi Yesu na Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dze ƒã ta la, eɖe kɔnyinyi madzɔmadzɔwo ƒe agba kpekpe ɖa le ameawo dzi, eye esia tae subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoawui ɖo.
‘Mele nya he ge alo le ɣli do ge gbeɖe be woase eƒe gbe le ablɔwo me o’ gɔme ɖe? Ne Yesu da gbe le amewo ŋu la, ‘edea se na wo vevie be womegana woanya ye o.’ Medi be woanɔ gbe ƒã ɖem le ye ŋu hoo le ablɔwo dzi alo woatsɔ nyaviviname agblɔ nya si wokpa kpee tso afii yi afime le ye ŋu o.
Yesu tsɔ eƒe akɔfanamegbedasia yi na amesiwo le abe aƒla si woŋe eye wobii ɖe edzi hele edzi zɔm ene le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la hã. Wole abe akaɖi me ɖovu si le dzudzɔ tum, eye wotsi agbe ƒe ŋutete mlɔea si le wo me la kloe ene. Yesu meɖea aƒla ŋeŋe la le enu alo tsia akaɖi me ɖovu si le didim be yeatsi la o. Ke boŋ etsɔa tufafa kple lɔlɔ̃ fɔa ame fafawo ɖe tsitre aɖaŋutɔe. Nyateƒee, Yesu ye nye amesi dzi dukɔwo ada woƒe mɔkpɔkpɔ ɖo! Mateo 12:15-21; Marko 3:7-12; Yesaya 42:1-4.
▪ Aleke Yesu na dzɔdzɔenyenye dze na amewo, eye mehea nya alo doa ɣli le ablɔwo me o?
▪ Amekawoe le abe aƒla siwo woŋe kple ɖovu bibi fiɖifiɖi ene, eye aleke Yesu wɔ nu ɖe wo ŋue?