Ta 36
Asrafomegã aɖe ƒe Xɔse si Lolo
LE ƔEYIƔI si me Yesu gblɔ eƒe Todzimawunya la, eɖo afisi anɔ abe eƒe dutoƒosubɔsubɔdɔa wɔwɔ ƒe ɣeyiɣia afã ene me. Esia fia be ƒe ɖeka kple ɣleti asieke kloe koe susɔ nɛ be wòatsɔ awu eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa nue.
Yesu ge ɖe Kapernaum-dua si zu abe afisi koŋ wòtsona le yina ɖawɔa eƒe subɔsubɔdɔa ene la me azɔ. Yudatɔwo ƒe amegãwo va egbɔ le afisia kple nubiabia aɖe. Roma-srafomegã si nye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔ, amesi nye dukɔ bubu me tɔ eye menye Yudatɔ o ye dɔ wo ɖo ɖa.
Asrafomegã la ƒe dɔla lɔlɔ̃ dze dɔ vevie heɖo kudo nu eye wòdi be Yesu neda dɔ nɛ. Yudatɔwo ɖe kuku ɖe asrafomegã la ta vevie be: “Edzee be, nawɔ esia nɛ; elabena elɔ̃ míaƒe dukɔ la, eye eya kee tu míaƒe ƒuƒoƒe la.”
Yesu mehe ɖe megbe kura o eye wo kple ameawo yi. Gake esi wogogo afima la, asrafomegã la dɔ exɔlɔ̃wo ɖa be woagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, megaɖe fu na ɖokuiwò o, elabena medzem bena, nava nye xɔ te o; eyaŋuti nyemebu ɖokuinye hã bena, edzem be, mava gbɔwò o.”
Nya siwo ɖe ɖokuibɔbɔ fia kae nye si amegã si gbeɖeɖe na ame bubuwo mã la gblɔ! Gake anɔ eme be ele Yesu hã ŋu bum elabena enya be le kɔa nu la, mele be Yudatɔ nade ha kple amesiwo menye Yudatɔwo le hadomenuwɔnawo me o. Petro kura gɔ̃ hã gblɔ be: “Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsu aɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔ aɖe alo ava egbɔ o.”
Ðewohĩ esi medi be Yesu nada kɔ sia dzi eye woahe nya ɖe eŋu o ta la, amegã la na exɔlɔ̃wo va gblɔ nɛ be: “Gblɔ nya ɖeka ko, eye nye dɔla ƒe lãme asẽ. Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔnɛ.”
Esi Yesu se esia la, ewɔ nuku nɛ. Egblɔ be: “Vavã mele egblɔm na mi bena: Le Israel me hã la nyemekpɔ nenem dzixɔse sia tɔgbe kpɔ o.” Esi Yesu da dɔ na asrafo la ƒe dɔla la, ezã mɔnukpɔkpɔa tsɔ gblɔ alesi woave amesiwo menye Yudatɔwo o gake xɔse le wo si la nu be woaxɔ yayra siwo Yudatɔ xɔsemanɔsitɔwo gbe la.
Yesu gblɔ be: “Ame geɖewo latso ɣedzeƒe kple ɣetoɖoƒe ava, eye woanɔ kplɔ̃ ŋuti akpe ɖe Abraham, Isak kple Yakob ŋuti le dziƒofiaɖuƒe la me; hafi fiaɖuƒe la ƒe viwo la, woatsɔ wo aƒu gbe ɖe viviti, si le egodo la me; afima avifafa kple aɖukliɖuɖu lanɔ.”
‘Fiaɖuƒea ƒe vi siwo woatsɔ aƒu gbe ɖe viviti me le gota’ ye nye dzɔdzɔme Yudatɔ siwo mexɔ mɔnukpɔkpɔ si wona woawo gbã be woanye dziɖulawo kple Kristo o. Abraham, Isak kple Yakob tsi tre ɖi na Mawu ƒe Fiaɖuƒeɖoɖo la. Eyata alesi woakpe Dukɔ bubu me tɔwo be woanɔ dziƒokplɔ̃ la ŋu, le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, “le dziƒofiaɖuƒe la me” ƒe nya gblɔm Yesu le. Luka 7:1-10; Mateo 8:5-13; Dɔwɔwɔwo 10:28.
▪ Nukatae Yudatɔwo va le kuku ɖem ɖe Trɔ̃subɔdukɔ me tɔwo ƒe asrafomegã ta?
▪ Anye nukatae asrafomegã la mekpe Yesu be wòava yeƒe aƒeme o?
▪ Yesu ƒe nyataƒonya la gɔme ɖe?