Ta 37
Yesu Tsi Ahosi aɖe ƒe Vevesese Nu
ƔEYIƔI kpui aɖe esi Yesu da dɔ na asrafomegã la ƒe dɔla la vɔ la, edzo yi Nain si nye dugã aɖe si le Kapernaum ƒe dzieheɣetoɖoƒe eye wo dome didi agbadroƒe 20 kple edzivɔ tso wo nɔewo gbɔ. Eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe kplɔe ɖo. Ðewohĩ fiẽ anɔ ɖoɖom esi wogogo Nain gbɔto. Afisiae wodo go ame aɖewo siwo tsɔ ame yina ɖe ɖiɖi ge le. Amesi ku la nye ɖekakpui wotsɔ le go dom le dua me yina ɖe ɖiɖi ge.
Dadaa ƒe nu wɔ nublanui etɔxɛ, elabena ahosie wònye eye amesia koe nye vi le esi. Esi srɔ̃a ku la, vi si le esi la anye akɔfafa nɛ. Eƒe mɔkpɔkpɔ, didi, kple taɖodzinuwo katã nɔ te ɖe via ƒe etsɔ me dzi. Gake fifia ame aɖeke megali si anye akɔfafa nɛ o. Eƒe nuxaxa la lolo esi dua me tɔwo kplɔe ɖo yina ɖe ameɖiƒe la.
Esi Yesu kpɔ nyɔnua la, eƒe nuxaxa si gbɔ eme la ʋã Yesu ƒe dzi. Eyata etsɔ tufafa, gake kple kakaɖedzi si naa dzideƒo ame, gblɔ na nyɔnua be: “Megafa avi o.” Nɔnɔme si wòɖe fia kple eƒe nuwɔna ʋã ameha la. Eyata esi wòka asi nusi dzi wokɔ ame kukua ɖo ŋu la, etsɔlawo tɔ. Wo katã woanɔ wo ɖokui biam se be nuka wɔ ge wòle hã.
Nyateƒee wònye be amesiwo kplɔ Yesu ɖo la kpɔe wòda dɔ na ame geɖe nukutɔe. Gake ewɔ abe ɖe womekpɔe wofɔ ame kuku ɖe tsitre kpɔ o ene. Ðe wòate ŋu awɔ nu ma? Le nuƒoƒo na ame kukua me la, Yesu ɖe gbe be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Eye amea fɔ bɔbɔ nɔ anyi! Edze nuƒoƒo gɔme, eye Yesu tsɔe na dadaa.
Esi ameawo kpɔ be ɖekakpuia le agbe vavã la, wodze gbɔgblɔ gɔme be: “Nyagblɔɖila gã aɖe tsi tre le mía dome.” Ame bubuwo gblɔ be: “Mawu kpɔ eƒe dukɔ la ɖa.” Enumake nya sia ɖi hoo le Yudea-nutoa me katã kple nuto siwo katã ƒo xlãe la me.
Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la gakpɔtɔ le game, eye edi be yease nu geɖe tso dɔ siwo Yesu le wɔwɔm la ŋu. Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo gblɔ nukunu siawo katã nɛ. Aleke wòwɔ nue? Luka 7:11-18.
▪ Nukae nɔ dzɔdzɔm esime Yesu gogo Nain?
▪ Aleke nusi Yesu kpɔ la wɔ dɔ ɖe edzie, eye nukae wòwɔ?
▪ Aleke ameawo wɔ ɖe Yesu ƒe nukunu la ŋu?