Ta 38
Ðe Xɔse Menɔ Yohanes Si Oa?
YOHANES Amenyrɔ̃ɖetsimela, si le game anɔ abe ƒe ɖekae nye sia ene la, se Nain-hosi la ƒe viŋutsu ƒe tsitretsitsi ŋuti nya la. Gake Yohanes di be yease nusi esia fia la tẽ tso Yesu ŋutɔ gbɔ, eyata edɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve ɖa be woabiae ase be: “Wòe nye amesi gbɔna loo, alo ame bubu aɖee míakpɔ mɔ na mahã?”
Nyabiabia ma awɔ mo yaa na ame, vevietɔ esi wònye be Yohanes kpɔe Mawu ƒe gbɔgbɔ ɖi ɖe Yesu dzi eye wòse Mawu ƒe nya siwo fia be yekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu la, anye ƒe evee nye ma do ŋgɔ, esime wònɔ nyɔnyrɔ̃ nam Yesu. Yohanes ƒe nyabiabia la ana ame aɖewo naƒo nya ta be eƒe xɔse gbɔdzɔ. Gake menye nenemae o. Yesu makafu Yohanes nenema gbegbe abe alesi wòkafui le afisia ene ne ɖe Yohanes dze ɖikeke gɔme o. Ekema nukatae Yohanes bia nya sia?
Anye be ɖeko Yohanes di be yeakpɔ kpeɖodzi tso Yesu gbɔ be Eyae nye Mesia la. Esia ado ŋusẽ Yohanes ale gbegbe esime wònɔ fu kpem le game. Gake edze abe ɖe Yohanes ƒe nyabiabia la lɔ nusi yi ŋgɔ wu ema ɖe eme ene. Edze ƒã be edi be yeanya ne ame bubu aɖe gali si ava, si anye amesi anɔ abe amesi va ɖe Yesu yome ene, si ana nusiwo katã wogblɔ be Mesia la awɔ la nava eme hã.
Abe alesi Biblia me nyagblɔɖi siwo Yohanes nya nyuie gblɔe ene la, Mawu ƒe Amesiamina la anye fia kple ɖela. Gake wogakpɔtɔ sika Yohanes ɖe game, ɣleti geɖe le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbe gɔ̃ hã. Eyata edze ƒã be Yohanes le Yesu biam be: ‘Wò tututue nye amesi aɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le ŋusẽ si adze ŋutɔŋutɔ mea, alo ɖe ame bubu aɖe si nye amesi ava ɖe yowòme li, si míakpɔ mɔ na be eyae ana nyagblɔɖi wɔnuku siwo katã ku ɖe Mesia la ƒe ŋutikɔkɔe ŋu la nava emea?’
Le esi teƒe be Yesu nagblɔ na Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo be, ‘Ẽ, nyee nye amesi gbɔna la!’ eɖe amesi wònye la fia le mɔ ɖedzesi aɖe nu to gbedada le ame geɖe ŋu le gaƒoƒo ma tututu me dzi eye wòda dɔ le dɔléle kple lãmegbegblẽ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu. Emegbe egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.”
Ne woagblɔe bubui la, Yohanes ƒe nyabiabia la ate ŋu afia be Yesu nawɔ nusi yi ŋgɔ wu nusi wòle wɔwɔm la eye ɖewohĩ wòaɖe ye Yohanes ŋutɔ le game. Gake Yesu le gbɔgblɔm na Yohanes be megakpɔ mɔ na nusi yi ŋgɔ wu nukunu siwo ye Yesu yele wɔwɔm la o.
Esi Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo dzo la, Yesu trɔ ɖe amehawo ŋu eye wògblɔ na wo be Yohanes nye Yehowa ƒe “dɔla” si ƒe nya wogblɔ ɖi le Maleaxi 3:1 me eye eyae nye nyagblɔɖila Eliya si ƒe nya wogblɔ ɖi le Maleaxi 3:23, 24 me hã. Eyata edo Yohanes ɖe dzi hegblɔ be esɔ kple nyagblɔɖila siwo nɔ anyi do ŋgɔ nɛ la dometɔ ɖesiaɖe, eye wòɖe eme be: “Vavã, mele egblɔm na mi bena: Le amesiwo nyɔnuwo dzi dome la, ame aɖeke metsi tre kpɔ, si wu Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] o; gake amesi nye suetɔ le dziƒofiaɖuƒe la me la, wu eyama. Eye tso Yohanes [Amenyrɔ̃ɖetsimela] ƒe ŋkekeawo dzi vaseɖe egbegbe dzi la woƒo zi ɖe dziƒofiaɖuƒe la ŋuti.”
Yesu le eɖem fia le afisia be Yohanes manɔ Dziƒofiaɖuƒea me o, elabena amesi nye suetɔ le afima la lolo wu eyama. Yohanes ye dzra mɔ dzi ɖo na Yesu gake eku do ŋgɔ na ɣeyiɣi si me Kristo bla nu alo wɔ ɖoɖo kple eƒe nusrɔ̃lawo, be woanye hatidziɖulawo kple ye le yeƒe Fiaɖuƒea me. Ema tae Yesu gblɔ be Yohanes manɔ Dziƒofiaɖuƒea me o. Yohanes anye Mawu ƒe Fiaɖuƒea te vi le anyigba dzi boŋ. Luka 7:18-30; Mateo 11:2-15.
▪ Nukatae Yohanes bia Yesu se be eyae nye Amesi gbɔna la loo alo ɖe wòle be yewoakpɔ mɔ na ame bubu hã ɖo?
▪ Nyagblɔɖi kawoe Yesu gblɔ be Yohanes na wova eme?
▪ Nukatae Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la manɔ dziƒo kple Yesu o?