Ta 44
Ena Ahomya Sesẽ aɖe Dzudzɔ Ƒoƒo
YESU wɔ dɔ geɖe le ŋkeke sia dzi eye wo dometɔ aɖewoe nye nu fiafia amehawo le ƒuta kple kpɔɖeŋuawo gɔme ɖeɖe na eƒe nusrɔ̃lawo ɖeɖe emegbe. Esi zã do la, egblɔ be: “Mina ne míayi ɖe go keme dzi.”
Nuto si woyɔna be Dekapoli la le Galilea-ƒua ƒe ɣedzeƒeƒutakpa dzi, eye woɖe ŋkɔ ma tso Helagbe me nya deʹka, si gɔmee nye “ewo,” kple poʹlis, si gɔmee nye “du” la me. Dekapoli-duawo nye teƒe vevi si Helatɔwo ƒe dekɔnuwɔwɔwo bɔ ɖo, togbɔ be ɖikekemanɔmee la, afimae nye Yudatɔ geɖe ƒe nɔƒe hã. Ke hã la, Yesu mewɔ dɔ le afima boo o. Esi wòyi fifia hã la, abe alesi míele ekpɔ ge ene la, nuwo xe mɔ na alesi wòanɔ afima ɣeyiɣi didi la.
Esi Yesu gblɔ be yewoadzo ayi ƒua ƒe go keme dzi la, nusrɔ̃lawo kɔe ɖe ʋua me. Gake amewo kpɔ woƒe dzodzo la. Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ame bubuwo ɖo ʋu dze wo yome o. Go kemea gbɔ medidi boo o. Le nyateƒe me la, Galilea-ƒua nye ta gbadza aɖe ko si didi agbadroƒe 13 eye ne ekeke ƒãe nye agbadroƒe 7 1/2.
Eme kɔ be ɖeɖi te Yesu ŋu. Eyata esi woho ʋua teti ko la, emlɔ ʋua me eye wòziɔ suɖui hedɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ. Apostoloawo dometɔ geɖe nye tɔƒodela bibiwo elabena wokplɔ ɖɔ le Galilea-ƒua me ŋutɔ. Eyata wokpɔ ʋua kuku gbɔ.
Gake mɔzɔzɔ sia ya menɔ bɔbɔe o. Le alesi ta la, si va anyi afɔ 700 wu atsiaƒua, dzi tsiwo dze dzo wu eye ya si fa wu ƒona tsoa to siwo te ɖe afima ŋu dzi ta la, ya sesẽ kpatawo ƒona ɣeaɖewoɣi eye wonaa ahomya sesẽwo ƒona le ta la dzi. Nusiae le dzɔdzɔm fifia. Mexɔ ɣeyiɣi didi aɖeke hafi ƒutsotsoeawo le ƒoƒom ɖe ʋua ŋu hele kɔkɔm ɖe eme o, ale be esusɔ vie ko wòanyrɔ̃. Gake Yesu ganɔ alɔ̃dɔdɔ dzi!
Tɔƒodela bibiawo nɔ dɔ dzi sesĩe be yewoaku ʋua. Ðikekemanɔmee la, woku ʋu to ahomyawo me kpɔ. Gake fifia ya eglo wo. Esi wonɔ vɔvɔ̃m ɖe woƒe agbe nu la, wonyɔ Yesu. Wodo ɣli be: ‘Aƒetɔ, mèka wò oa? Míele nyɔnyrɔ̃m! Ðe mí, tsi le mía lé ge!’
Esi Yesu ŋutɔ tsi tre la, eɖe gbe na ya kple ƒua be: “Zi ɖoɖoe, dze anyi!” Eye ahomya la dzudzɔ ƒoƒo eye ƒua ƒe agbodzedze tɔ. Yesu trɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu hebia wo be: ‘Nukatae miele vɔvɔ̃m alea? Ðe xɔse aɖeke meɖo mia si haɖe oa?’
Ema na vɔvɔ̃ gã aɖe dze nusrɔ̃lawo dzi. Wobia wo nɔewo se be: ‘Ameka koŋ ye nye amesia? Elabena edea se na yaƒoƒowo kple tsi eye woɖoa toe.’
Ŋusẽ gã ka gbegbee nye si Yesu ɖe fia! Aleke gbegbee nye si wògana kakaɖedzi amee be míaƒe Fia la kpɔ ŋusẽ ɖe dzɔdzɔmeŋusẽwo dzi eye be ne etrɔ eƒe susu katã ɖe míaƒe anyigba la ŋu le eƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua me la, amesiame anɔ anyi le dedienɔnɔ me eye wòavo tso dzɔdzɔmefɔku dziŋɔwo si me!
Esi ahom la dzudzɔ megbe vie ko la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo va ɖo ɣedzeƒeƒuta la dedie. Ðewohĩ tɔdziʋu bubuawo meva do go ɖe ahom la ƒe sesẽ nu o eye wogbɔ va aƒeme dedie. Marko 4:35–5:1; Mateo 8:18, 23-27; Luka 8:22-26.
▪ Nukae nye Dekapoli la, eye afikae wòle?
▪ Dzɔdzɔmenu kawoe naa ahom sesẽwo tuna le Galilea-ƒua dzi?
▪ Esime nusrɔ̃lawo ƒe ʋua kuku mate ŋu aɖe wo o la, nukae wowɔ?