Ta 64
Tsɔtsɔke Ŋuti Nufiafia
EDZE abe ɖe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gakpɔtɔ le aƒea me le Kapernaum ene. Enɔ alesi woakpɔ nɔviwo dome masɔmasɔwo gbɔe me dzrom kpli wo, eyata Petro bia bena: “Aƒetɔ, zi nenie nɔvinye awɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutinye, eye matsɔe akee mahã?” Esi wònye subɔsubɔha ƒe nufiala Yudatɔwo gblɔ be woatsɔ nuvɔ̃ ake vaseɖe zi etɔ̃ ta la, Petro anya bui be yele dɔme nyom ŋutɔ be yegblɔ be woatsɔe ake “halase zi adre.”
Gake akɔntabubu tso eŋu nenema ƒe susua mesɔ o. Yesu ɖɔ Petro ɖo esime wògblɔ be: “Nyemegblɔ na wò bena, vaseɖe zi adre o, ke boŋ vaseɖe zi . . . blaadre [vɔ adre].” Ele eɖem fia be mele be Petro naɖo seɖoƒe na zi alesi wòatsɔ nuvɔ̃ ake nɔvia o.
Be Yesu nana alesi wònye nusrɔ̃lawo ƒe dɔ be woatsɔ nuvɔ̃ akee la nalé ɖe susu me na wo la, egblɔ kpɔɖeŋu aɖe na wo. Eku ɖe fia aɖe si di be yeabu akɔnta kple yeƒe dɔlawo ŋu. Wokplɔ dɔla aɖe si nyi fe gbogbo si nye denario 60,000,000 le eŋu la va egbɔe. Fea manya xe nɛ o. Yesu ɖe eme be, eyata fia la ɖe gbe be woatsɔ woa kple srɔ̃a kple viawo adzra ne woatsɔ axe fe lae.
Enumake dɔla la dze klo ɖe eƒe aƒetɔ ƒe afɔ nu heɖe kuku be: “Gbɔ dzi blewu, eye maɖo wo katã teƒe na wò.”
Esi dɔla la ƒe nu wɔ nublanui na aƒetɔa la, etsɔ fe gbogboa kee nublanuikpɔkpɔtɔe. Yesu yi edzi be esi aƒetɔa wɔ esia megbe ɣeyiɣi kpui aɖe la, dɔla sia yi ɖadi eƒe hadɔtsɔlawo dometɔ ɖeka si nyi denario 100 pɛ ko ƒe fe le esi. Ŋutsua lé ve na ehavi dɔla la eye wòmiã vekpli nɛ hegblɔ bena: “Ðo nusi nènyi la teƒe!”
Gake ga mele eƒe hadɔtsɔla la si o. Eyata edze klo ɖe dɔla si ŋu wònyi fe le la ƒe afɔ nu heɖe kuku be: “Fa tu blewu, eye maɖo eteƒe na wò.” Gake dɔla la mekpɔ nublanui abe eƒe aƒetɔ ene o, eye wòna wode eƒe hadɔtsɔla la gaxɔ me.
Yesu yi edzi be dɔla bubu siwo kpɔ nusi dzɔ la teƒe la yi ɖagblɔe na aƒetɔ la. Edo dziku hena woyɔ dɔla la vɛ. Egblɔ be: “Dɔla vɔ̃ɖi! Esi nèɖe kuku nam, metsɔ nenem fe ma katã ke wò la; alo mele na wò bena, wò hã nakpɔ wò hadɔtsɔla ƒe nublanui, abe alesi nye hã mekpɔ wò nublanui ene o mahã?” Esi aƒetɔa do dɔmedzoe la, etsɔ dɔla makpɔnublanui la de asi na gaxɔdzikpɔlawo be wòanɔ gaxɔ me vaseɖe esime wòaxe fe siwo katã wònyi la.
Azɔ Yesu ƒo nya ta be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.”
Tsɔtsɔke ŋuti nusɔsrɔ̃ nyui kae nye si! Ne míetsɔ nuvɔ̃ ƒe fe gbogbo si Mawu tsɔ ke mí la sɔ kple vodada si mía nɔvi Kristotɔ awɔ ɖe mía ŋu la, mía nɔvia tɔ anɔ sue ŋutɔ. Hekpe ɖe eŋu la, Yehowa Mawu tsɔ nuvɔ̃ ke mí zi akpe geɖe. Zi geɖe la, míenyana gɔ̃ hã be míewɔ nuvɔ̃ ɖe eŋu o. Eyata ɖe míate ŋu atsɔ nuvɔ̃ ake mía nɔvi ɣeyiɣi ʋee aɖewo, ne míaƒe nya dzɔ gɔ̃ hã oa? Ðo ŋku edzi be, abe alesi Yesu fia le Todzimawunya la mee ene la, Mawu atsɔ “míaƒe vodadawo ake mí, sigbe alesi míawo hã míetsɔna kea amesiwo daa vo ɖe mía ŋuti la ene!” Mateo 18:21-35; 6:12; Kolosetɔwo 3:13.
▪ Nukae na Petro bia nya tso nɔvia ƒe nuvɔ̃ si wòatsɔ akee ŋu, eye nukatae wòabu zi adre si wògblɔ be yeatsɔ nuvɔ̃ ake ame la be enye dɔmenyonyo ŋutɔ?
▪ Aleke alesi fia la wɔ nu ɖe dɔla la ƒe kokoƒoƒo be woakpɔ nublanui na ye nu to vovo tso alesi dɔla la wɔ nu ɖe eƒe hadɔtsɔla ƒe kokoƒoƒo ŋui la gbɔ?
▪ Nukae míesrɔ̃ tso Yesu ƒe kpɔɖeŋua me?