Ta 66
Le Agbadɔmeŋkekenyui la Ðuƒe
WONYA Yesu nyuie le eƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ abe ƒe etɔ̃ kple afã kloe ene enye si la megbe. Ame akpe geɖewo kpɔ eƒe nukunuwo, eye eƒe dɔwɔwɔwo ŋuti nya kaka ɖe dukɔa katã me. Azɔ esi amewo ƒo ƒu ɖe Yerusalem hena Agbadɔmeŋkekenyuiɖuɖu la, wole edim le afima. Wobia be: “Afika ame ma le?”
Yesu zu amesi ŋu wole glãka hem le. Ame aɖewo gblɔ be: “Ame nyui wònye.” Ame bubuwo gblɔ be: “Ðabi, ke boŋ eflu ameha la.” Liʋiliʋilili sia tɔgbe geɖe yi edzi le ŋkekenyuia ƒe ŋkeke gbãtɔwo me. Gake dzi menɔ ame aɖeke ƒo be wòaʋli Yesu ta le gaglãgbe o. Esi ameawo nɔ vɔvɔ̃m na nusi Yudatɔwo ƒe ŋgɔnɔlawo awɔ wo tae.
Yesu va ɖo esi ŋkekenyuia ƒe afã nu yi. Eyi gbedoxɔ la me afisi eƒe nufiafia wɔnuku la wɔ mo yaa na amewo le. Esi Yesu mede rabisuku o ta la, ameawo tsi yaa hebia be: ‘Aleke wɔ amesia nya agbalẽ, esi mesrɔ̃ nu le sukuawo o?’
Yesu ɖe eme be: “Nye nufiafia la menye tɔnye o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la tɔe. Ne ame aɖe le didim be, yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu la, eya ladze sii le nufiafia la ŋuti, nenye Mawu mee wòtso, alo nye ŋutɔe le nu ƒom le ɖokuinye ŋuti.” Yesu ƒe nufiafia wɔ ɖeka kplikplikpli kple Mawu ƒe sea. Eyata ele be eme nakɔ be Mawu ƒe kafukafu dim wòle ke menye eya ŋutɔ tɔ o. Yesu bia be: ‘Alo menye Mose ye na se la mi oa?’ Yesu ka mo na wo be: “Mia dometɔ aɖeke mewɔa se la dzi o.”
Emegbe Yesu bia be: “Nukaŋuti miele didim be, miawum mahã?”
Ameha la me tɔwo menya nu tso agbagba mawo siwo dzem wole la ŋu o, ɖewohĩ esi wonye amedzrowo va ŋkekenyuia ɖuƒe ta. Wobui be ame aɖeke masusui be yeawu nufiala wɔnuku sia tɔgbe o. Eyata wosusu be nane anya nɔ fu ɖem na Yesu be wòasusu nu ma. Wogblɔ be: “Gbɔgbɔ vɔ̃ le mewò; amekae le didim be, yeawu wò mahã?”
Togbɔ be ameha la manya o hã la, Yudatɔwo ƒe kplɔlawo di be woawu Yesu. Esi Yesu da gbe le ŋutsu aɖe ŋu le Sabat dzi ƒe ɖeka kple afã do ŋgɔ la, subɔsubɔhakplɔlawo di be yewoawui. Eyata Yesu fia asi alesi susu mele woƒe nuwɔna me o la to wo biabia dzi be: “Ne wotso aʋa na ame le Sabat dzi, bena woagada Mose ƒe sea dzi o la, nukaŋuti miele dɔmedzoe dom ɖe ŋutinye, elabena mena ame blibo la ƒe lãme sẽ le Sabat dzi mahã? Migadrɔ̃ ʋɔnu le dzedze nu o; ke boŋ midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.”
Yerusalemtɔ siwo nya nu tso nya la ŋu gblɔ azɔ be: “Alo menye esiae nye amesi wodi be, yewoawu o maha? Eye kpɔ ɖa, ele nu ƒom faa, eye womegblɔa nya aɖeke nɛ o. Ðe dumegãwo dze sii vavã bena, amesiae nye Kristo la mahã?” Yerusalemtɔ siawo ɖe nusita womexɔ edzi se be Yesue nye Kristo la o la me be: “Amesia la, míenya afisi wòtso; gake ne Kristo ava la, ame aɖeke manya afisi wòtso o.”
Yesu ɖo eŋu be: “Mienyam, eye mienya afisi metso, eye nyemeva le nye ŋutɔ ɖokuinye si o, ke nyateƒetɔ aɖe li, amesi dɔm ɖa, amesi miawo mienya o. Nye la menyae, elabena egbɔ metso, eye eyamae dɔm ɖa.” Esi wògblɔ nya sia la, wodi be yewoalée, ɖewohĩ be yewoadee gaxɔ me alo yewoana woawui. Gake womete ŋui o, elabena Yesu ƒe kuɣi meɖo o.
Gake ame geɖewo xɔ Yesu dzi se kokoko, abe alesi wòle be woawɔ ene. Ẽ, ezɔ tsi dzi, etsi yaƒoƒowo nu, ena ƒu dzeagbo dze akɔ anyi, etsɔ abolo kple tɔmelã ʋee aɖewo nyi ame akpewo nukutɔe, eda gbe le dɔlélawo ŋu, ena tekunɔwo zɔ azɔli, eʋu ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋkuwo, eda gbe le anyidɔlélawo ŋu, eye wòfɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre. Eyata wobia be: “Ne Kristo ava la, ɖe wòawɔ dzesiwo awu esiawo, siwo amesia wɔ la mahã?”
Esi Farisitɔwo se ameha la le liʋiliʋi lim le nusiawo ŋu la, wo kple nunɔlagãwo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woalé Yesu. Yohanes 7:11-32.
▪ Ɣekaɣie Yesu va ŋkekenyuia ɖuƒe, eye nya ka gblɔm amewo le tso eŋu?
▪ Anye nukatae ame aɖewo nɔ gbɔgblɔm be gbɔgbɔ vɔ̃ le Yesu me?
▪ Nukpɔsusu kae nɔ Yerusalemtɔwo si ku ɖe Yesu ŋu?
▪ Nukatae ame geɖewo xɔ Yesu dzi se?