Ta 67
Womete Ŋu Lée O
ESIME Agbadɔmeŋkekenyuia ɖuɖu kpɔtɔ nɔ edzi yim la, subɔsubɔhakplɔlawo dɔ atikplɔtɔwo ɖa be woaɖalé Yesu. Medze agbagba be yeabe o. Ðe ema teƒe la, Yesu yi edzi nɔ nu fiam le gaglãgbe be: “Manɔ anyi kpli mi ɣeyiɣi vi aɖe ko, eye magblẽ mi ɖi ayi amesi dɔm ɖa la gbɔ. Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o.”
Yudatɔwo mese egɔme o, eyata wobia wo nɔewo bena: “Afika amesia le yiyi ge bena, míate ŋu akpɔe oa? Ðe wòle [Yudatɔ siwo] kaka ɖe Helatɔwo dome la gbɔ yi ge, eye wòafia nu Helatɔwo mahã? Nya ka ƒomevi gɔ̃e nye esia, si wògblɔ bena: Miadim, eye miakpɔm o, eye afisi nye la mele la, miawo la miate ŋu ava o mahã?” Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi yi dziƒogbenɔnɔ me, afisi eƒe futɔwo mate ŋu akplɔe ɖo o, si le aƒe tum la ƒe nya gblɔm wòle.
Azãɖuɖua ƒe ŋkeke adrelia si nye mamlea ɖo. Le azãɖuɣia ƒe ŋdi ɖesiaɖe me la, nunɔla aɖe kɔ tsi si wòku tso Siloa-ta la me ɖe anyi ale be wòsi yi ɖe vɔsamlekpuia te. Anye kokoko be le ŋkuɖoɖo kɔnu sia si wowɔna gbesiagbe la dzi na ameawo mee Yesu do ɣli gblɔ be: “Ne tsikɔ le ame aɖe wum la, neva gbɔnye, eye wòano tsi. Amesi xɔa dzinye sena, abe alesi ŋɔŋlɔ la gblɔ ɖi ene [la]: Agbetsitɔsisiwo le sisi ge atso eyama ƒe dɔ me.”
Le nyateƒe me la, nu wɔnuku siwo adzɔ ne wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖi la ŋutie Yesu le nu ƒom le le afisia. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖi sia va eme le Pentekoste-ŋkekea dzi. Agbetsitɔsisiwo si le afima esime nusrɔ̃la 120 la dze subɔsubɔdɔ wɔwɔ na ameawo gɔme. Gake vaseɖe ɣemaɣi la, gbɔgbɔ aɖeke meli o le gɔmesese sia nu be wometsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristo ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖeke heyɔe hena dziƒoyiyi haɖe o.
Le Yesu ƒe nufiafia la ta la, ame aɖewo va nɔ gbɔgblɔm be: “Vavã amesiae nye nyagblɔɖila la,” si dze ƒã be efia nyagblɔɖila si ŋugbe wodo si de ŋgɔ wu Mose la. Ame bubuwo gblɔ be: “Esiae nye Kristo la.” Gake ame bubuwo he nya be: “Ðe Kristo la atso Galilea mahã? Ðe ŋɔŋlɔ la megblɔ bena: Kristo la ava atso Dawid ƒe ƒome kple Betlexem-kɔƒe, afisi Dawid nɔ la me o mahã?”
Eyata ameha la dome mã. Wo dometɔ aɖewo di be woalé Yesu, gake ame aɖeke medo asi ɖe egbɔ o. Esi atikplɔtɔwo gblẽ Yesu ɖi trɔ gbɔ la, nunɔlagãwo kple farisitɔwo bia bena: “Nukaŋuti miekplɔe vɛ o mahã?”
Atikplɔtɔwo ɖo ŋu bena: “Ame aɖeke meƒo nu ale, abe alesi amesia ƒo nui ene kpɔ o.”
Esi dzi ku subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo la, wode asi fewuɖuɖu, ameŋugbegblẽ kple amedzudzu me. Woko wo gblɔ bena: “Alo ɖe wòflu miawo hã mahã? Ðe amegãwo alo farisitɔwo dometɔ aɖe xɔ edzi se mahã? Negbe ameha sia, si mele se la me nyam o la, koe le wo ŋuɖinu wɔm.”
Esia na Nikodemo si nye Farisitɔ kple amegã le Yudatɔwo dome (si nye Sanhedrin la me tɔ) la do dzi ƒo nu ɖe Yesu nu. Àɖo ŋku edzi be ƒe eve kple afã do ŋgɔ la, Nikodemo va Yesu gbɔ le zã me hegblɔ be yexɔ eyama dzi se. Azɔ Nikodemo gblɔ be: “Alo ɖe míaƒe se la drɔ̃a ʋɔnu ame, ne menye ɖe woase ame la ƒe numegbe gbã, eye wonya nusi wòwɔ o mahã?”
Dzi gaku Farisitɔwo ɖe edzi be yewo dometɔ ɖeka le Yesu ta ʋlim. Wogblɔ gbedaɖeamegbɔtɔe bena: “Alo wò hã Galileatɔ nènye mahã? Dzro me, eye nakpɔ bena, nyagblɔɖila aɖeke metsi tre tso Galilea kpɔ o.”
Togbɔ be Ŋɔŋlɔawo megblɔ tẽ be nyagblɔɖila aɖe atso Galilea o hã la, wofia asii be Kristo la atso afima esime wogblɔ be woakpɔ “kekeli gã aɖe” le nuto sia me. Hekpe ɖe eŋu la, wodzi Yesu le Betlexem, eye enye Dawid ƒe dzidzimevi. Togbɔ be Farisitɔwo anya esia hã la, anye kokoko be woawoe na nukpɔsusu gbegblẽ siwo le amewo si ku ɖe Yesu ŋu la kaka ɖi. Yohanes 7:32-52; Yesaya 8:23; 9:1; Mateo 4:13-17.
▪ Nukae dzɔna ŋdi sia ŋdi le azãɖuɖua me, eye aleke Yesu anya nɔ susu hem nɔ esia dzi yimee?
▪ Nukatae atikplɔtɔwo mete ŋu lé Yesu o, eye aleke subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo wɔ nue?
▪ Amekae nye Nikodemo, nɔnɔme kae le esi ɖe Yesu ŋu, eye aleke ehati Farisitɔwo wɔ nu ɖe eŋue?
▪ Ðaseɖiɖi kae li be Kristo la ado tso Galilea?