Ta 72
Yesu Dɔ Ame 70 la Ða
ƑE 32 M.Ŋ. ƒe kele me, si nye ƒe etɔ̃ blibo le Yesu ƒe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ megbee. Wo kple eƒe nusrɔ̃lawo de Avɔgbadɔmeŋkekenyuia ɖuƒe le Yerusalem eteƒe medidi o, eye edze ƒã be wogale nutoa me kokoko. Le nyateƒe me la, Yesu nɔ Yudea alo Perea-nutoa me le Yordan-tɔsisia ƒe go kemea dzi le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ɣleti ade mamleawo ƒe akpa gãtɔ me. Ehiã be wòakpe anyigbamamã sia hã ɖo.
Nyateƒee, le ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoa megbe la, Yesu zã abe ɣleti enyi ene nɔ gbe ƒã ɖem le Yudea. Gake esi Yudatɔwo dze agbagba be yewoawui le afima le ƒe 31 M.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia dzi la, ezã ƒe ɖeka kple afã si kplɔe ɖo la katã kloe nɔ nu fiam le Galilea. Le ɣeyiɣi ma me la, eɖo gbeƒãɖelawo ƒe habɔbɔ gã aɖe si wòhe nyuie la anyi, esi menɔ esi tsã o. Eyata azɔ edze gbeƒãɖeɖedɔ mamlea gɔme le Yudea ŋkubiãtɔe.
Yesu na dɔ sia dze egɔme to nusrɔ̃la 70 tiatia kple wo dɔdɔ eveveve dzi. Eyata wo katã wonye Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 siwo awɔ dɔ le anyigbamamã la me. Amesiawo dze ŋgɔ yi ɖe du kple teƒe ɖesiaɖe si edze ƒã be Yesu wɔ ɖoɖo be ye kple yeƒe apostoloawo yewoayi la me.
Le esi teƒe be wòaɖo ame 70 la ɖe ƒuƒoƒewo la, Yesu gblɔ na wo be woayi aƒewo me, eye wòɖe eme be: “Aƒe, si ke me miayi ɖo la, gbã migblɔ bena: Ŋutifafa na aƒe sia! Eye ne ŋutifafame aɖe le afima la, miaƒe ŋutifafa anɔ edzi.” Nukae anye woƒe gbedasia? Yesu gblɔ be: “Migblɔ na wo bena: Mawufiaɖuƒe la gogo mi vɔ!” Matthew Henry’s Commentary ka nya ta tso ame 70 la ƒe dɔwɔwɔ ŋu be: “Abe woƒe Aƒetɔ ene la, afisiafi si woyi la, woɖe gbe ƒã tso aƒe me yi aƒe me.”
Nufiame siwo Yesu na ame 70 la ɖi esiwo wòna ame 12 la esime wòdɔ wo ɖe gbeƒãɖeƒe le Galilea anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ la. Menye ɖeko wòxlɔ̃ nu ame 70 la tso tsitretsiɖeŋu si woado goe la ŋu hedzra wo ɖo ɖe gbedasia tsɔtsɔ na amewo ŋu ko evɔ o, ke boŋ ena ŋusẽ hã wo be woada gbe le dɔnɔwo ŋu. Ema awɔe be ne Yesu va ɖo ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, ame geɖewo adi vevie be yewoado go Aƒetɔ si ƒe nusrɔ̃lawo te ŋu wɔ nu wɔnuku mawo la.
Ne wotsɔe sɔ kple bubuawo la, ame 70 la ƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple dɔ si Yesu wɔ ɖe wo yome la xɔ ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Eteƒe medidi hafi Fiaɖuƒe gbeƒãɖelawo ƒe hatsotso 35 la dze tɔtrɔ gbɔ va Yesu gbɔ gɔme o. Wogblɔ dzidzɔtɔe be: “Aƒetɔ, gbɔgbɔ vɔ̃wo ke hã ɖoa to mí le wò ŋkɔ la dzi.” Kakaɖedzitɔe la, nyatakaka nyui ma dzɔ dzi na Yesu vevie elabena egblɔ be: “Mekpɔ Satana abe dzikedzo ene ge tso dziƒo. Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, miaɖo afɔ dawo kple dziɖegbewo . . . dzi.”
Yesu nya be le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le nuwuɣia me la megbe la, woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aƒu gbe tso dziƒo. Gake amegbetɔ dzrowo ko ƒe gbɔgbɔ vɔ̃ makpɔmakpɔwo nyanyã do goe sia nye nusi gana kakaɖedzi tso nudzɔdzɔ ma si gbɔna la ŋu. Eyata Yesu ƒo nu tso Satana ƒe gege tso dziƒo si gbɔna la ŋu be enye nusi ŋu kakaɖedzi blibo le. Eyata kpɔɖeŋu ƒe gɔmesese nue wona ŋusẽ ame 70 la le be woatu afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi. Gake Yesu gblɔ be: “Migakpɔ dzidzɔ bena, gbɔgbɔawo ɖo to mi o; ke mikpɔ dzidzɔ bena, woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖi le dziƒowo.”
Dzi dzɔ Yesu vevie eye wòkafu Fofoa le gaglãgbe ɖe alesi wòzã esubɔla tsɛ siawo le ŋusẽmɔ ma nu la ta. Etrɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu eye wògblɔ be: “Woayra ŋku, siwo le nusiwo kpɔm miele la kpɔm; elabena mele egblɔm na mi bena: Nyagblɔɖilawo kple fia geɖewo di bena, yewoakpɔ nusiwo kpɔm miawo miele, eye womekpɔe o, eye be, yewoase nusiwo sem miele, eye womesee o.” Luka 10:1-24; Mateo 10:1-42; Nyaɖeɖefia 12:7-12.
▪ Afikae Yesu ɖe gbe ƒã le le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe etɔ̃ gbãtɔawo me, eye anyigbamamã kae wòkpe ɖo le eƒe ɣleti ade mamleawo me?
▪ Afikae Yesu dɔ ame 70 la be woayi aɖadi amewo le?
▪ Nukatae Yesu gblɔ be yekpɔ Satana wòge tso dziƒo xoxo?
▪ Gɔmesese ka nue ame 70 la ate ŋu atu afɔ dawo kple dziɖegbewo dzi le?