Ta 79
Dukɔ aɖe Bu, gake Menye Amesiamee O
ƔEYIƔI kpui aɖe le Yesu ƒe numedzodzro wɔwɔ kple amesiwo ƒo ƒu ɖe Farisitɔ aɖe ƒe aƒe ŋkume la megbe la, ame aɖewo gblɔ “Galileatɔ, siwo ƒe ʋu [Roma-mɔ̃mefia Pontio] Pilato tɔtɔ kple woƒe numemewo” la ŋuti nya nɛ. Ðewohĩ Galileatɔ siawoe nye amesiwo wowu esime Yudatɔ akpe geɖe ƒo nu tsi tre ɖe gbedoxɔ me nudzɔɖaka me ga si Pilato ɖe tsɔ ɖe tsimɔ be tsi nato eme ava Yerusalem la ŋu la. Anye be ɖe amesiwo le nya sia gblɔm na Yesu la le fiafiam be afɔku ma va Galileatɔawo dzi le woa ŋutɔwo ƒe nuvɔ̃wo ta.
Gake Yesu ɖɔ wo ɖo esime wòbia be: “Ðe miesusu bena, Galileatɔ siawo nye nuvɔ̃wɔlawo wu Galileatɔwo katã, elabena wokpe fu siawo mahã?” Yesu ɖo eŋu be: “Gbeɖe.” Azɔ etsɔ nudzɔdzɔ ma xlɔ̃ nu Yudatɔwo bena: “Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.”
Yesu yi edzi ɖo ŋku nutoa me afɔku bubu, si ɖewohĩ eya hã ku ɖe tsimɔa ɖeɖe ŋu la dzi. Ebia be: “Alo ame wuienyi ma, siwo dzi Siloa-mɔ̃ mu dze, eye wòwu wo la, ɖe miesusu bena, woawoe nye fenyilawo wu amesiwo katã nɔ Yerusalem mahã?” Yesu gblɔ be, ao, menye amesiawo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi tae woku ɖo o. Ke boŋ zi geɖe la “azãgbe kple nuɖiɖeame” ye hea afɔku mawo vɛ. Gake Yesu gawɔ mɔnukpɔkpɔa ŋudɔ tsɔ xlɔ̃ nu ake bena: “Ne mietrɔ le miaƒe dzi me o la, mi katã miatsrɔ̃ nenema ke.”
Azɔ Yesu yi edzi gblɔ kpɔɖeŋu aɖe si sɔ tsɔ ɖe eme be: “Ame aɖe do gboti ɖe eƒe weingble me, eye wòva di kutsetsewo le edzi, eye mekpɔ ɖeke o. Eye wògblɔ na agbledela bena: Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o; lãe ƒu anyi, nukaŋuti wòxe mɔ na anyigba la mahã? Eye wòxɔ edzi gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, na wòanɔ anyi ƒe sia hã, vaseɖe esime maɖe do aƒo xlãe, eye maku aɖu ɖe eŋu; ɖewohĩ ava tse ku; ke ne mele nenema o la, nalãe aƒu anyi.”
Yesu dze agbagba ƒe etɔ̃ kple edzivɔ be yeatu xɔse ɖo ɖe Yuda-dukɔa me. Gake nusrɔ̃la ʋee aɖewo koe le esi abe eƒe agbagbadzedzewo ƒe kutsetse ene. Azɔ le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe enelia sia me la, egale eƒe agbagbadzedzewo dzim ɖe edzi hele do ɖem ƒo xlã Yudatɔwo ƒe gboti la hele aɖu kum ɖe eŋu le kpɔɖeŋumɔ nu to gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dzonɔamemetɔe le Yudea kple Perea dzi. Gake gbeɖegbeɖea koe! Dukɔa gbe dzimetɔtrɔ eye le ema ta ele tsɔtsrɔ̃ ge. Dukɔa me tɔ ʋee aɖewo koe wɔ ɖe edzi.
Ɣeyiɣi kpui aɖe le ema megbe la, Yesu le nu fiam le ƒuƒoƒe aɖe me le Sabat dzi. Ekpɔ nyɔnu aɖe si xa godã ƒe 18 sɔŋ le gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si le fu ɖem nɛ ta. Nublanuikpɔnametɔe la, Yesu gblɔ nɛ bena: “Nyɔnu, wotu wò tso wò dɔléle la me!” Eda asi ɖe nyɔnua dzi, eye wòdzɔ enumake hede asi Mawukafukafu me.
Gake dɔme ve ƒuƒoƒemegã la. Eƒo nu tsi tre ɖe eŋu bena: “Ŋkeke adee li, siwo dze be, amewo nawɔ dɔ le me; eyaŋuti le woawo me la miva, be woada gbe le mia ŋu, ke menye le Sabat ƒe ŋkeke la dzi o.” Amegã la lɔ̃ ɖe Yesu ƒe dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ dzi, gake ebu fɔ ameawo be wova be woada gbe le yewo ŋu le Sabat la dzi!
Yesu ɖo eŋu be: “Alakpatɔwo! Ðe mia dome amesiame metua eƒe nyi alo tedzi le lãnuɖunu la ŋuti le Sabat dzi, be wòakplɔe ayi tsinoƒe o mahã? Ke Abraham ƒe vinyɔnu sia, si Satana bla, kpɔ ɖa, ƒe wuienyi sɔŋ la, ɖe medze be, woatui le babla sia me le Sabat ŋkeke dzi o mahã?”
Esi amesiwo tsi tre ɖe Yesu ŋu la se esia la, ŋu kpe wo. Gake ameha la tso aseye le ŋutikɔkɔedɔ siwo katã wokpɔ Yesu wòle wɔwɔm la ta. Esia na Yesu gagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyagblɔɖikpɔɖeŋu eve siwo wònɔ tɔdziʋu aɖe me gblɔ le Galilea-ƒua dzi anɔ abe ƒe ɖeka ene do ŋgɔ la. Luka 13:1-21; Nyagblɔla 9:11; Mateo 13:31-33.
▪ Afɔku siwo dzɔ kawo ŋutie woƒo nu le le afisia, eye nukae nye nusɔsrɔ̃ si Yesu ɖe fia le eme?
▪ Nuka ŋutie míate ŋu atsɔ gboti matseku la kple agbagba siwo wodze be wòatse ku la aku ɖo?
▪ Aleke ƒuƒoƒemegã la lɔ̃ ɖe Yesu ƒe dɔyɔyɔ ƒe ŋusẽ dzie, gake aleke Yesu ɖe ŋutsua ƒe alakpanuwɔwɔ fiae?