Ta 90
Tsitretsitsi ƒe Mɔkpɔkpɔ La
YESU va ɖo Betania gbɔto mlɔeba; du sia didi tso Yerusalem gbɔ abe agbadroƒe eve [kilometa etɔ̃] ene. Ŋkeke ʋee aɖewo koe Lazaro ƒe ku kple eɖiɖi xɔ, eye nɔvianyɔnu Maria kple Marta gale nuxaxa dzi, eye ame geɖe va wo ƒeme be woafa akɔ na wo.
Esime wole nu xam la, ame aɖe va gblɔ na Marta be Yesu le mɔ dzi gbɔna. Eyata edze du dzi yi ɖakpee, eye edze abe ɖe meklã nɔvianyɔnu o ene. Esime wòɖo Yesu gbɔ la, Marta gagblɔ nusi anɔ eme godoo be wo kple nɔvianyɔnua nɔ gbɔgblɔm zi geɖe le ŋkeke ene siwo va yi me la be: “Ðe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.”
Gake Marta ɖe mɔkpɔkpɔ fia eye wògblɔ nya si fia be Yesu agate ŋu awɔ nane na ye nɔviŋutsua. Egblɔ be: “Menyae bena, nusi ke nabia Mawu la, Mawu ana wò.”
Yesu do ŋugbe be: “Nɔviwò la atsi tre.”
Marta se nusi Yesu gblɔ gɔme be ele nu ƒom tso anyigba dzi tsitretsitsi si ava va, si Abraham kple Mawu subɔla bubuwo hã kpɔ mɔ na la ŋu. Eyata eɖo eŋu be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.”
Gake Yesu na mɔkpɔkpɔ si ana akɔfafa ame enumake esi wòɖo eŋu be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la.” Eɖo ŋku edzi na Marta be Mawu na ŋusẽ ye ɖe ku dzi esi wògblɔ be: “Amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe; eye amesiame, si le agbe, eye wòxɔa dzinye sena la, maku akpɔ o.”
Menye ɖe Yesu le gbɔgblɔm na Marta be nuteƒewɔla siwo le agbe ɣemaɣi maku akpɔ o. Kura o, ke boŋ nusi gblɔm wòlee nye be xɔse ɖeɖefia ɖe ye me ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee. Agbe ma asu ame akpa gãtɔ si to alesi woafɔ wo ɖe tsitre le nuwuwuŋkekea dzie la dzi. Gake ame bubu siwo wɔ nuteƒe la atsi agbe le anyigba dzi le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu, eye Yesu ƒe nyawo ava eme na amesiawo le nyagbɔgblɔa ŋutɔŋutɔ nu. Womaɖɔ ku akpɔ o! Esi Yesu gblɔ nya ɖedzesi sia vɔ la, ebia Marta be, “Èle esia xɔm le sesema?”
Eɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, mexɔe se bena, wòe nye Kristo, Mawuvi la, si gbɔna xexeame.”
Emegbe Marta ƒu du ɖayɔ nɔvia ɖa hegblɔ nɛ dzaa be: “Nufiala va, eye wòle yɔwòm.” Maria dzo le aƒea me enumake. Esime ame bubuwo kpɔe wòyina la, wodze eyome kple susu be ŋkuɖodziyɔdoa gbɔe wòyina.
Esi Maria va Yesu gbɔ la, edze klo ɖe Yesu ƒe afɔ nu hele avi fam. Egblɔ be: “Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.” Esi Yesu kpɔ alesi Maria kple ameha siwo dze eyome la le avi famee la, ewɔ nublanui nɛ ŋutɔ. Ebia be: “Afika mietsɔe yi ɖamlɔ mahã?”
Woɖo eŋu be: “Aƒetɔ, va kpɔe.”
Yesu hã fa avi eye esia na Yudatɔwo gblɔ be: “Mikpɔ alesi wòlɔ̃nɛ ɖa!”
Ame aɖewo ɖo ŋku edzi be le ɣleti ʋee aɖewo siwo do ŋgɔ me le Avɔgbadɔmeŋkekenyuiea ɖuƒe la, Yesu da gbe le ɖekakpui aɖe si wodzi ŋkuagbãtɔe la ŋu, eye wobia be: “Ame sia, si ʋu ŋkuagbãtɔ ƒe ŋkuwo la, ɖe mete ŋu wɔ, bena amesia hã nagaku o mahã?” Yohanes 5:21; 6:40; 9:1-7; 11:17-37.
▪ Ɣekaɣie Yesu va ɖo Betania gbɔto mlɔeba, eye nɔnɔme kae nɔ afima?
▪ Nuka dzie Marta nɔ te ɖo xɔ tsitretsitsi la dzi se?
▪ Aleke Lazaro ƒe ku la wɔ dɔ ɖe Yesu dzie?