Ta 91
Esime Wofɔ Lazaro Ðe Tsitre
YESU kple amesiwo kpe ɖe eŋu la va Lazaro ƒe ŋkuɖodziyɔdoa to azɔ. Le nyateƒe me la, kpetoe wònye wotsɔ kpe ɖo enu. Yesu gblɔ be: “Mikɔ kpe la ɖa!”
Esi Marta mese nusi Yesu di be yeawɔ gɔme haɖe o ta la, eƒo nu tsi tre ɖe nya ma ŋu. Egblɔ be: “Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.”
Gake Yesu biae be: “Ðe nyemegblɔ na wò bena, ne èxɔe se la, àkpɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe la o mahã?” Eyata woɖe kpe la ɖa.
Azɔ Yesu wu mo dzi hedo gbe ɖa be: “Fofo, meda akpe na wò bena, èɖoa tom. Nye la menyae bena, èɖoa tom ɖaasi, ke le ameha, si le tsitre ƒo xlãm la ta, megblɔe ɖo, bena woaxɔ ase bena, wòe dɔm ɖa.” Yesu do gbe ɖa le dutoƒo ale be ameawo nanya be nusi wɔ ge yele azɔ la ava eme to ŋusẽ si yexɔ tso Mawu gbɔ la dzi. Azɔ edo ɣli kple gbe sesẽ be: “Lazaro lee, do go!”
Eye Lazaro do go. Ameɖivɔwo kpɔtɔ le eƒe asiwo kple afɔwo ŋu eye wotsɔ taku bla ŋkume nɛ. Yesu gblɔ be: “Mitui, eye mina wòayi.”
Esi Yudatɔ siwo va akɔ fa ge na Maria kple Marta kpɔ nukunua la, wo dometɔ geɖe xɔ Yesu dzi se. Gake wo dometɔ bubuwo yi ɖagblɔ nusi dzɔ la na Farisitɔwo. Enumake wo kpakple nunɔlawo ƒe amegãwo wɔ ɖoɖo be Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ si nye Sanhedrin la nakpe ta.
Sanhedrin la me tɔwo nye Kayafa si nye nunɔlagã ɣemaɣi kpakple Farisitɔwo kple Zadukitɔwo kple nunɔlawo ƒe amegãwo, kple amesiwo nye nunɔlagãwo kpɔ va yi. Amesiawo fa konyi be: “Nukae míawɔ? Elabena amesia le dzesi geɖewo wɔm. Ne míena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ míaƒe anyigba kple míaƒe dukɔ le mía si.”
Togbɔ be subɔsubɔhakplɔlawo lɔ̃ ɖe edzi be Yesu “le dzesi geɖewo wɔm” hã la, woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe kple ŋusẽ koe le vevie na wo. Lazaro fɔfɔ ɖe tsitre gblẽ nu le Zadukitɔwo ŋu vevie elabena womexɔ tsitretsitsi dzi se o.
Kayafa si ɖewohĩ nye Zadukitɔ la ƒo nu azɔ gblɔ be: “Miawo mienya naneke kulẽ o; eye miedea ŋugble de eme hã o bena, enyo na mí bena, ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta, eye bena dukɔ blibo la nagatsrɔ̃ o.”
Mawue na Kayafa gblɔ esia, elabena apostolo Yohanes ŋlɔ emegbe be: “Gake [Kayafa] megblɔ esia le eya ŋutɔ ɖokui si o.” Nusi gblɔm Kayafa le ŋutɔŋutɔe nye be ele be woawu Yesu be wòagayi edzi agblẽ nu le yewoƒe nɔƒe kple ŋusẽ ŋu o. Gake le Yohanes ƒe nya nu la, ‘Kayafa gblɔ nya ɖi be Yesu aku, menye ɖe dukɔ la ta ɖeɖeko o, ke boŋ be wòaƒo Mawu ƒe viwo nu ƒu ɖekae.’ Eye le nyateƒe me la, enye Mawu ƒe tameɖoɖo be ye Vi naku be wòanye tafe ɖe amewo katã nu.
Kayafa te ŋu kpɔ ŋusẽ ɖe Sanhedrin la dzi azɔ be wowɔ ɖoɖo be yewoawu Yesu. Gake esi wòanɔ eme be Yesu se ɖoɖo siawo ŋuti nya tso Nikodemo si nye Sanhedrin la me tɔ si dze xɔlɔ̃e la gbɔ ta la, edzo le afima. Yohanes 11:38-54.
▪ Nukatae Yesu do gbe ɖa le dutoƒo hafi fɔ Lazaro ɖe tsitre?
▪ Aleke amesiwo kpɔ tsitretsitsi sia la wɔ nu ɖe eŋue?
▪ Nukae ɖe Sanhedrin la me tɔwo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi fia?
▪ Tame kae Kayafa ɖo, gake nukae Mawu na wògblɔ ɖi?