INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 108
  • Wodo Kpo Yesu Ðeɖe le Mɔ̃ Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Wodo Kpo Yesu Ðeɖe le Mɔ̃ Me
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Gblẽ Mɔ̃ Si Wotre Nɛ La Me
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • ‘Mikpɔ Nyuie le Farisitɔwo Kple Zadukitɔwo ƒe Amɔwɔ Ʋaʋã la Ŋuti’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • “Misrɔ̃ Nu Tso Gbɔnye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • “Gaƒoƒo La Ðo!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 108

Ta 108

Wodo Kpo Yesu Ðeɖe le Mɔ̃ Me

ESI wònye Yesu nɔ nu fiam le gbedoxɔa me eye wògblɔ kpɔɖeŋu etɔ̃ siwo klo nu le subɔsubɔhakplɔlawo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi la na wo tetie nye ma ta la, Farisitɔwo do dɔmedzoe eye wode aɖaŋu be yewoatre mɔ̃ nɛ ne wòagblɔ nane si ta yewoalée ɖo. Woɖo nugbe eye wodɔ woƒe nusrɔ̃lawo, hekpe ɖe Herodes dzidelawo ŋu, be woadze agbagba ate eƒe nu me ase.

Amesiawo gblɔ be: “Nufiala, míenyɛ bena, nyateƒetɔ nènye, eye nèle Mawu ƒe mɔ fiam le nyateƒe me, eye ame aɖeke ƒe nya meɖia wò o; elabena mèkpɔa amewo ƒe ŋku me o. Eyaŋuti gblɔe na mí, nuka nèsusuna? Woɖe mɔ bena, woadzɔ nu na kaisaro loo, alo womeɖe mɔ o mahã?”

Woƒe numevivia meflu Yesu o. Enya be ne yegblɔ be ‘Ao, se meɖe mɔ o alo menyo be woaxe adzɔ o la,’ woagblɔ be yedze aglã ɖe Roma ŋu. Gake ne egblɔ be, ‘Ẽ, mixe adzɔ sia’ la, Yudatɔwo, amesiwo lé fu Roma ƒe wo dzi ɖuɖu la alé fui. Eyata eɖo eŋu be: “Nukaŋuti miele teyem kpɔ? Alakpatɔwo! Mifia nudzɔsika lam.”

Esi wotsɔe vɛ nɛ la, ebia be: “Ameka ƒe nɔnɔme kple ŋɔŋlɔ enye sia mahã?”

Woɖo eŋu be: “Kaisaro tɔe.”

“Ekema mitsɔ nusi nye kaisaro tɔ la, na kaisaro, eye nusi enye Mawu tɔ la, na Mawu.” Esi amesiawo se Yesu ƒe ŋuɖoɖo si me aɖaŋu le la, wotsi yaa. Eye wodzudzɔ fuɖeɖe nɛ hedzo.

Esi Zadukitɔ siwo gblɔna be tsitretsitsi aɖeke meli o la kpɔ be Farisitɔwo do kpo vodada kpɔkpɔ le Yesu ŋu la, wote ɖe eŋu hebia be: “Nufiala, Mose gblɔ bena, ne ame aɖe ku, eye viwo mele esi o la, nɔvia naɖe srɔ̃a, ne wòado ƒome ɖi na nɔvia. Azɔ nɔviŋutsu adre nɔ mía dome, eye gbãtɔ, si ɖe srɔ̃ la, ku, eye esi ƒome aɖeke mele esi o la, egblẽ srɔ̃a ɖi na nɔvia; nenema ke evelia kple etɔ̃lia hã wowɔ, vaseɖe adrelia dzi. Wo katã megbe la nyɔnu la hã ku. Azɔ le tsitretsitsi la me ɖee, wo ame adre la dometɔ ka srɔ̃ wòazu mahã? Elabena wo katã woɖee kpɔ.”

Yesu ɖo eŋu be: “Alo ɖe menye esi ta mieda ƒu, elabena mienya ŋɔŋlɔawo kple Mawu ƒe ŋusẽ la o mahã? Elabena ne woatsi tre atso ame kukuwo dome la, womaɖe srɔ̃ alo woana bena, woaɖe wo o; hafi boŋ wole abe mawudɔla, siwo le dziƒowo la ene. Ke le ame kukuwo gome, bena woatsi tre la, ɖe miexlẽ le Mose ƒe agbalẽ la me, alesi Mawu ƒo nu nɛ le ŋuve la me bena: ‘Nyee nye Abraham ƒe Mawu kple Isak ƒe Mawu kpakple Yakob ƒe Mawu’ la o mahã? Mawu menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o; ke boŋ ame gbagbewo tɔe. Mitra ŋutɔ!”

Le esia me hã Yesu ƒe nyaŋuɖoɖo na amehawo tsi yaa ake. Agbalẽfialawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã lɔ̃ ɖe edzi be: “Nufiala, ègblɔe nyuie.”

Esi Farisitɔwo kpɔ be Yesu tsi nya ɖe Zadukitɔwo nu la, wo katã woƒo ƒu va ɖekae. Be woagadoe akpɔ la, wo dome agbalẽfiala ɖeka bia be: “Nufiala, se ka nye vevitɔ le sea me mahã?”

Yesu ɖo eŋu be: “Gbãtɔ enye: Israel, ɖo to, [Yehowa], míaƒe Mawu la, [Yehowa] ɖeka wònye. Eye nalɔ̃ [Yehowa] wò Mawu la, kple wò dzi blibo kple wò luʋɔ blibo kple wò tamesusu blibo kpakple wò ŋusẽ blibo, esia nye se gbãtɔ. Evelia nye esia bena: Nalɔ̃ hawòvi abe ɖokuiwò ene. Se bubu aɖeke meli, si lolo wu esiawo o.” Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ kpee be: “Se blibo la katã kple nyagblɔɖilawo ku ɖe nenem se eve siawo ŋuti.”

Agbalẽfiala la lɔ̃ ɖe edzi be: “Nufiala, ègblɔe nyuie le nyateƒe nu bena: Ðeka eli, eye bubu aɖeke meli o, negbe eya ko; eye be woalɔ̃e kple dzi blibo kple gɔmesese blibo kple ŋusẽ blibo, eye be woalɔ̃ ame havi abe ame ŋutɔ ene la, ewu numemewo kple vɔsasawo katã.”

Esi Yesu kpɔe dze sii be agbalẽfiala la ɖo nya ŋu nunyatɔe la, egblɔ nɛ be: “Wò la mèle adzɔge tso mawufiaɖuƒe la gbɔ o.”

Ŋkeke etɔ̃e nye sia fifia—Kwasiɖa, Dzoɖa, kple Braɖa—si Yesu le nu fiam le gbedoxɔa me. Amewo tsɔ dzidzɔ ɖo to eƒe nyawoe, gake subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo di be yewoawui, gake vaseɖe fifia la, woƒe agbagbadzedzewo medze edzi o. Mateo 22:15-40; Marko 12:13-34; Luka 20:20-40.

▪ Nugbe kae Farisitɔwo ɖo be yewoatsɔ alé Yesue, eye nukae adzɔ ne eɖo ŋu be ẽ alo ao?

▪ Aleke Yesu gblẽ Zadukitɔwo ƒe agbagbadzedze be yewoatre mɔ̃ nɛ la mee?

▪ Agbagba bubu kae Farisitɔwo dze be yewoalé Yesu, eye nukae do tso eme?

▪ Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ mamlea wɔwɔ le Yerusalem me la, ŋkeke nenie Yesu fia nu le gbedoxɔa me, eye dɔ kae esia wɔ ɖe amewo dzi?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe