Ta 115
Nyaʋiʋli aɖe Do Mo Ða
DO ŊGƆ le fiẽa me la, Yesu fia nu nyui aɖe ku ɖe alesi woasubɔ ɖokuibɔbɔtɔe ŋu esi wòklɔ afɔ na eƒe apostoloawo. Le ema megbe la, eɖo eƒe ku si gogo la ƒe Ŋkuɖodzi anyi. Ke azɔ, vevietɔ le nusi dzɔ teti ma ŋu bubu me la, nya aɖe si ana ame ƒe mo nawɔ yaa dzɔ. Eƒe apostoloawo ʋli nya vevie ku ɖe wo dometɔ si dze abe amesi nye gãtɔ ene la ŋu! Edze abe ɖe esia nye nya aɖe si wonɔ hehem do ŋgɔ la ƒe akpa aɖe ene.
Ðo ŋku edzi be esi Yesu ƒe nɔnɔme trɔ le toa dzi megbe la, apostoloawo ʋli nya tso amesi nye gã wu le wo dome la ŋu. Gawu la, Yakobo kple Yohanes bia be woana nɔƒe kɔkɔ yewo le Fiaɖuƒea me, esi na nyaʋiʋli bubu gaɖo apostoloawo dome. Ke azɔ le zã mamle sia si Yesu li kpli wo me la, aleke gbegbe wòate ɖe edzie nye si be woganɔ dzre wɔm ake! Nukae wòwɔ?
Le esi teƒe be Yesu nadze agbo ɖe apostoloawo dzi ɖe nusi wowɔ ta la, egatsɔ dzigbɔɖi ɖe nu me na wo be: “Dukɔwo ƒe fiawo [ɖua] aƒetɔwo ɖe wo dzi, eye amesiwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la, [woyɔa] wo be amenuvelawo. Ke miawo la miganɔ nenema o; . . . Elabena amekae nye gã wu, amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti loo, alo amesi le subɔsubɔm mahã? Menye amesi bɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋuti oa?” Azɔ esi wònɔ ŋku ɖom eƒe kpɔɖeŋua dzi na wo la, egblɔ be: “Ke nye la mele mia titina abe subɔla ene.”
Togbɔ be blibomademadewo nɔ apostoloawo ŋu hã la, wonɔ anyi kple Yesu le eƒe dodokpɔwo me. Eyata egblɔ be: “Nye la mele fiaɖuƒe ɖom ɖi na mi, abe alesi Fofonye hã ɖoe ɖi nam ene.” Yesu ŋutɔ ƒe nubabla sia si wòwɔ kple eyomedzela wɔnuteƒewo la na be woakpe ɖe eŋu aɖu fia kplii. Ame xexlẽme ʋee aɖe si nye 144,000 koe nye amesiwo woxɔ mlɔeba ɖe Fiaɖuƒe ƒe nubabla sia me.
Togbɔ be wotsɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia si nye gome kpɔkpɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖu me kple Kristo na apostoloawo hã la, wogbɔdzɔ le gbɔgbɔ me fifia. Yesu gblɔ be: “Mi katã miele nuɖiaɖia kpɔ ge le ŋutinye le zã sia me.” Gake esi Yesu gblɔ na Petro be Yedo gbe ɖe eta vɔ la, ede dzi ƒo nɛ be: ‘Ne ètrɔ gbɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo.’
Yesu ɖe nu me be: “Vinyewo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ. Se yeye mena mi bena mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”
Petro bia be: “Aƒetɔ, afika nèyina?”
Yesu ɖo eŋu be: “Afisi nye la meyina la, mèle ŋu te ge adze yonyeme fifia o; ke emegbe la àdze yonyeme.”
Petro bia be yeanya be: “Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi ɖe tawò.”
Yesu bia be: “Àtsɔ wò agbe aɖo anyi ɖe tanyea? Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: [Egbe ƒe zã sia me ke] koklo maku atɔ [zi eve], hafi nagbe nu le gbɔnye zi etɔ̃ o.”
Petro melɔ̃ ɖe edzi o eye wògblɔ be: “Ne anɔ nam bena, maku kpli wò hã la, nyemele nu gbe ge le gbɔwò akpɔ o.” Eye esi apostolo bubuawo hã gblɔ nya ma ke la, Petro ƒo adegbe be: “Ne wo katã woakpɔ nuɖiaɖia le ŋutiwò la, nye la nyemele ekpɔ ge gbeɖe o.”
Esi Yesu nɔ nu ƒom tso ɣeyiɣi si wòdɔ apostoloawo ɖa be woaɖaɖe gbe ƒã le Galilea eye wometsɔ gakotoku alo nuɖuɖukotoku ɖe asi o ŋu la, ebia be: “Ðe nane hiã mi mahã?”
Woɖo eŋu be: “Naneke mehiã mí o.”
Egblɔ na wo be: “Ke azɔ la, amesi gakotoku le esi la, netsɔe, nenema ke mɔzɔkotoku [nuɖuɖukotoku] hã; eye amesi si [yi] mele o la, nedzra eƒe avɔ, eye wòaƒle yi. Elabena mele egblɔm na mi bena: Ele be, woawu nusia, si woŋlɔ ɖi la nu ɖe ŋunye bena: ‘Eye wobui ɖe vodalawo dome;’ elabena nusi wogblɔ ɖi le ŋutinye la, le enu wu ge.”
Ɣeyiɣi si me woahe Yesu ɖe ati ŋu le nuvlowɔlawo alo sedzimawɔlawo dome ŋue wòle nu ƒom le. Ele eɖem fia hã be ye yomedzelawo adze ŋgɔ yometiti sesẽ le ema megbe. Wogblɔ be: “Aƒetɔ, kpɔ ɖa, yi evee nye esi!”
Eɖo ŋu na wo be: “Esɔ gbɔ.” Abe alesi míele ekpɔ ge ene la, eteƒe madidi hafi yiawo ƒe wo si nɔnɔ ana Yesu nafia nu vevi bubu aɖe wo o. Mateo 26:31-35; Marko 14:27-31; Luka 22:24-38; Yohanes 13:31-38; Nyaɖeɖefia 14:1-3.
▪ Nukatae apostoloawo ƒe nyaʋiʋli wɔ mo yaa ale gbegbe ɖo?
▪ Aleke Yesu kpɔ nyaʋiʋlia gbɔe?
▪ Dɔ kae nu si Yesu bla kple eƒe nusrɔ̃lawo la wɔ?
▪ Se yeye kae Yesu de, eye aleke gbegbee wòle vevie?
▪ Kakaɖedzinɔamesi si gbɔ eme kae Petro ɖe fia, eye nukae Yesu gblɔ?
▪ Nukatae Yesu ƒe nufiame siwo ku ɖe gakotoku kple nuɖuɖukotoku tsɔtsɔ ŋu la to vovo na nusi wògblɔ do ŋgɔ?