INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • gt ta 130
  • Le Galilea-ƒua To

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Le Galilea-ƒua To
  • Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Le Galilea-ƒua Ta
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Ðe Eɖokui Fia Lãɖelaawo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Edze Agbagba Ðu Vɔvɔ̃ Kple Ðikeke Dzi
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
Kpɔ Bubuwo
Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
gt ta 130

Ta 130

Le Galilea-ƒua To

APOSTOLOAWO trɔ va Galilea azɔ, abe alesi Yesu de se na wo do ŋgɔ be woawɔ ene. Gake womenya nusi tututu wɔ ge woyina le afima o. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Petro gblɔ na Toma, Natanael, Yakobo kple nɔvia Yohanes, kpakple apostolo eve bubu be: “Meyina tɔ ƒo.”

Wo ame adea hã gblɔ be: “Míawo hã miayi kpli wò.”

Womete ŋu ɖe naneke le zã bliboa me o. Gake esi ŋu nɔ kekem la, Yesu ɖe eɖokui fia le ƒua ta, gake apostoloawo menya be Yesu ye o. Edo ɣli be: “Ðeviwo lee, lã mele mia si o mahã?”

Woɖo eŋu ɖo ɖa le ƒua dzi be: “O!”

Egblɔ be: “Miɖi ɖɔ la ɖe ʋu la ƒe nuɖusi me, eye miaɖee.” Eye esi woɖi ɖɔa la, womete ŋu le woƒe ɖɔawo hem o le lã gbogbo siwo le eme la ta.

Yohanes do ɣli be: “Aƒetɔ lae!”

Esi Petro se esia la, etsɔ eƒe dziwui sa ɖe ali eye wòdzo kpo dze ƒu la me heƒu tsi anɔ abɔ alafa ɖeka [90 m] va gota. Apostolo bubuawo kplɔe ɖo le ʋuvi la me hele ɖɔ si me lã yɔ fũ la hem.

Esi woɖi go la, wokpɔ akadzo aɖe si dzi lã le kpakple abolo le afima. Yesu gblɔ na wo be: “Mitsɔ lã, siwo mieɖe fifia la, ƒe ɖe vɛ.” Petro yi ɖalia ʋu la eye wòhe ɖɔ la va gotae. Tɔmelã gã 153 ye le eme!

Yesu yɔ wo be: “Miva ɖu nu.”

Dzi mele wo dometɔ aɖeke ƒo be woabia be, “Ameka nènye mahã?” o elabena wo katã wonya be Yesu ye. Esiae nye zi adrelia si wòɖe eɖokui fia le eƒe tsitretsitsia megbe kple zi etɔ̃lia si wòɖe eɖokui fia apostoloawo le ƒuƒoƒo me. Azɔ ena ŋdinuɖuɖu wo esi wòtsɔ abolo kple lã na wo dometɔ ɖesiaɖe.

Esi woɖu nua vɔ la, ɖewohĩ Yesu trɔ mo ɖe lã gbogbo si woɖe la gbɔ eye wòbia Petro be: ‘Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem wu esiawoa?’ Ðikekemanɔmee la, nusi wòwɔnɛ enye, Ðe nèlɔ̃ lãɖedɔ wu dɔ si ŋu medzra wò ɖo be nawɔa?

Petro ɖo eŋu be: “Wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”

Yesu gblɔ be: “Nyi nye alẽviawo.”

Egabiae zi evelia be: “Simon, Yona vi, èle lɔ̃yem mahã?”

Petro ɖo eŋu be: “Ẽ, Aƒetɔ, wòe nyae bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”

Yesu gade se nɛ ake be: “Kpɔ nye alẽawo dzi.”

Emegbe egabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa?”

Azɔ dɔme ve Petro. Abia eɖokui se be ɖe Yesu meka ɖe yeƒe nuteƒewɔwɔ dzi o hã. Esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu be woawui le ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ me la, Petro gbe nu le Yesu gbɔ zi etɔ̃ be yemenyae o. Eyata Petro gblɔ be: “Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemelɔ̃a nu gbɔwò o.”

Yesu de se nɛ zi etɔ̃lia be: “Nyi nye alẽawo.”

Yesu to esia dzi zã Petro abe nuƒomɔ̃ ene be wòatsɔ dɔ si wòde esi be wòawɔ la hã ade asi na ame bubuwo. Eteƒe madidi o adzo le anyigba dzi, eye edi be woaxɔ ŋgɔ le amesiwo woakplɔ va Mawu ƒe alẽkpɔ me la subɔsubɔ me.

Abe alesi wobla Yesu hewui le esi wòwɔ dɔ si Mawu de esi be wòawɔ ta ene la, eɖee fia azɔ be Petro akpe fu si yekpe la tɔgbe nenema ke. Yesu gblɔ nɛ be: “Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èsaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, àmlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi mèlɔ̃na o.” Togbɔ be xɔsetaku nɔ Petro lalam hã la, Yesu xlɔ̃ nui be: “Dze yonyeme!”

Esi Petro trɔ la, ekpɔ Yohanes eye wòbia be: “Aƒetɔ, ke amesia ɖe?”

Yesu ɖo eŋu be: “Ne medi bena, nenɔ anyi, vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa? Wò la dze yonyeme!” Nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe va se Yesu ƒe nyawo gɔme be efia be apostolo Yohanes maku akpɔ o. Gake abe alesi Yohanes ɖe eme emegbe ene la, Yesu megblɔ be mele kuku ge o, ke ɖeko wògblɔ be: “Ne medi bena, nenɔ anyi vaseɖe esime mava la, gbɔwò nya ka wòtsɔa?”

Yohanes gblɔ nya vevi sia hã emegbe be: “Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ agbalẽ, siwo ŋlɔ ge woala o.” Yohanes 21:1-25; Mateo 26:32; 28:7, 10.

▪ Nukae ɖee fia be apostoloawo menya nusi wɔ ge woyina le Galilea o?

▪ Aleke apostoloawo wɔ kpɔ Yesu dze sii le Galilea-ƒua ta?

▪ Zi nenie Yesu ɖe eɖokui fia azɔ tso esime wòtsi tre?

▪ Aleke Yesu te gbe ɖe nusi wòdi be apostoloawo nawɔ la dzie?

▪ Aleke Yesu ɖe nɔnɔme si me Petro aku le la fiae?

▪ Nya kawoe Yesu gblɔ tso Yohanes ŋu si gɔme ame geɖe mese nyuie o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe