Ta 133
Yesu Awu Nusiwo Katã Mawu Bia tso Esi la Nu
DZIDZƆ ka gbegbee nye si wòanye esime Fia Aʋawɔla Yesu Kristo aɖe Satana kple eƒe xexe madzɔmadzɔa ɖa! Ekema Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka ŋutifafa Dziɖuɖua adze egɔme azɔ!
Le Yesu kple eƒe hatidziɖulawo ƒe mɔfiafia te la, Harmagedon me agbetsilawo aɖe nusiwo aʋa dzɔdzɔe ma gblẽ la ɖa. Anɔ eme hã be agbetsila siwo le anyigba dzi la adzi vi vaseɖe ɣeaɖeɣi, eye woawo hã akpɔ gome le dɔ dodzidzɔname si nye asi tɔtrɔ le anyigba la ŋu be wòazu paradisobɔ si dze ani ale gbegbe la me.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yesu afɔ ame miliɔn gbogbo aɖe ŋutɔ ɖe tsitre tso yɔ me be woase vivi le Paradiso dzeani sia me. Awɔ esia le eya ŋutɔ ƒe kakaɖedzinyawo be: ‘Gaƒoƒo li gbɔna si me amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me ado go’ la me vava nu.
Amesiwo Yesu afɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖekae nye amesi nye nuvlowɔla tsã si ku le eƒe axadzi le fuwɔametia ŋu. Ðo ŋku edzi be Yesu do ŋugbe nɛ be: ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea be, Ànɔ Paradiso me kplim.’ Menye dziƒoe woakplɔ ame ma yii be wòava ɖu fia kple Yesu o, ao, eye menye ɖe Yesu agazu amegbetɔ ava nɔ Paradisonyigba la dzi kplii o. Ke boŋ, Yesu anɔ anyi kple ame ma si nye nuvlowɔla tsã la le gɔmesese sia nu be Afɔe ɖe tsitre be wòava nɔ Paradisoa me eye Wòakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔ, le ŋutilã me kple gbɔgbɔ me siaa, abe alesi wòdzee le nɔnɔmetata si le axa si kplɔe ɖo mee ene.
Bu eŋu kpɔ! Le Yesu ƒe be léle na ame lɔlɔ̃tɔe me la, amegbetɔƒomea katã—Harmagedon me agbetsilawo, wo viwo, kple ame miliɔn akpe siwo woafɔ tso ame kukuwo dome siwo aɖo to eyama—ayi ŋgɔ aɖo amegbetɔ ƒe blibodede gbɔ. Yehowa ato Via si nye Fia Yesu Kristo dzi anɔ anyi kple ameƒomea le gbɔgbɔ me. Abe alesi gbe si Yohanes se tso dziƒo la gblɔe ene la: “Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” Ame aɖeke magakpe fu alo adze dɔ le anyigba dzi o.
Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, nuwo anɔ abe alesi tututu Mawu ɖo tamee le gɔmedzedzea me esime wògblɔ na atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, be woadzi ayɔ anyigba dzi la ene. Ẽ, ame dzɔdzɔe deblibowo ayɔ anyigba la dzi. Nusi gbɔ wòatsoe nye be woawɔ Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe viɖewo ŋudɔ na amesiame. Ku si Adam ƒe nuvɔ̃ he vɛ la maganɔ anyi azɔ o!
Aleae Yesu awu nusiwo katã Yehowa bia tso esi la nue. Eyata le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, atsɔ Fiaɖuƒe la kple amegbetɔƒome deblibo la ana Fofoa. Mawu aɖe asi le Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu tso aʋli me si nye dɔ aɖeke mawɔmawɔ ƒe nɔnɔme si sɔ kple ku la me ɣemaɣi. Nukatae?
Le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu la, amesiwo le Paradisoa me la ƒe akpa gãtɔ anye amesiwo wofɔ ɖe tsitre, amesiwo ƒe xɔse womedo kpɔ ɣeaɖekeɣi o. Hafi woaku la, womenya naneke tso Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋu o eye le ema ta womete ŋu ɖe wo dzi xɔxɔ se fia o. Ke esi wofɔ wo ɖe tsitre eye wofia Biblia ƒe nyateƒeawo wo la, enɔ bɔbɔe na wo le Paradisoa me be woasubɔ Mawu, esi ame aɖeke metsi tre ɖe wo ŋu o. Gake ne ɖe woɖe mɔ na Satana be wòadze agbagba be yeaxe mɔ ɖe alesi woayi edzi anɔ Mawu subɔmee nu la, ɖe woawɔ nuteƒe le dodokpɔ mea? Be woakpɔ nya sia gbɔ la, woaɖe asi le Satana ŋu.
Nyaɖeɖefia si wona Yohanes kpɔ la ɖee fia be le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu la, adze edzi na Satana be wòatrɔ amewo ƒe xexlẽme aɖe sinu si womeyɔ o la be womagasubɔ Mawu o. Gake ne dodokpɔ mamlea wu nu la, woatsrɔ̃ Satana, eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple amesiwo katã wòte ŋu ble la ɖa tegbee. Gake nuteƒewɔla siwo wodo kpɔ bliboe, siwo ɖu dzi le dodokpɔa me la atsi anyi be woase vivi le wo Fofo si le dziƒo la ƒe yayrawo me tegbetegbe.
Eme kɔ ƒã be Yesu wɔ akpa vevi aɖe ŋutɔ le nana be Mawu ƒe ŋutikɔkɔe tameɖoɖowo nava eme me eye agayi edzi awɔe nenema. Etsɔ me wɔnuku ka gbegbee nye si ate ŋu asu mía si le nusiwo katã wɔm wòle abe Mawu ƒe Dziƒofiagã la ene ta. Gake míate ŋu aŋlɔ nusiwo gbegbe wòwɔ esime wònye amegbetɔ la be o.
Yesu lɔ̃ faa va anyigba dzi eye wòfia nu mí tso Fofoa ŋu. Esi gawu ema la, enɔ agbe si sɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme xɔasiwo nu fia mí. Ne míebu eƒe dzideƒo kple ŋutsuwɔwɔ si ƒo ɖesiaɖe ta, eƒe nunya si ɖeke mesɔ kple o, eƒe nufiafiaŋutete kɔkɔtɔ kekeake, eƒe ŋgɔnɔnɔ mavɔ̃mavɔ̃e, kple eƒe nublanuikpɔkpɔ kpakple veveseseɖeamenu lɔlɔ̃tɔe ŋu la, eʋãa míaƒe dzi. Ne míeɖo ŋku fu manyagblɔ siwo wòkpe esime wòtsɔ tafe la, si ko dzi míate ŋu ato akpɔ agbe mavɔ, na la dzi la, kakaɖedzitɔe la, eʋãa míaƒe dzi be míakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu!
Nyateƒee, ame kae nye si si ŋu míeke ɖo le míaƒe nu sɔsrɔ̃ tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu me! Eƒe gãnyenye dze kɔte eye wòwu gbɔgblɔ. Míesena le mía ɖokui me be míawo hã míagblɔ nya si Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato gblɔ la be: ‘Mikpɔ ɖa! Ŋutsu lae nye si!’ Ẽ, nyateƒee, eyae nye “Ame la,” ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ!
Ne míexɔ eƒe tafevɔsa ƒe mɔnuɖoɖoa la, woate ŋu aɖe nuvɔ̃ kple ku si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ la ƒe agba ɖa le mía dzi, eye Yesu ate ŋu azu mía “fofo mavɔ.” Menye Mawu ɖeɖekoe o, ke boŋ ele be Via, Yesu Kristo, hã ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu amesiwo katã akpɔ agbe mavɔ la si. Wò agbalẽ sia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ nekpe ɖe ŋuwò be sidzedze ma si naa agbe ame la nasu asiwò! Yohanes I, 2:17; 1:7; Yohanes 5:28, 29; 3:16; 17:3; 19:5; Luka 23:43; Mose I, 1:28; Korintotɔwo I, 15:24-28; Nyaɖeɖefia 20:1-3, 6-10; 21:3, 4; Yesaya 9:5.
▪ Dzidzɔmɔnukpɔkpɔ kae anye Harmagedon me agbetsilawo kple wo viwo tɔ?
▪ Amekawoe ase vivi le Paradisoa me kpe ɖe Harmagedon me agbetsilawo kple wo viwo ŋu, eye gɔmesese ka nue Yesu anɔ anyi kpli wo le?
▪ Aleke nuwo anɔ le ƒe akpe ɖeka la ƒe nuwuwu, eye nukae Yesu awɔ ɣemaɣi?
▪ Nukatae woaɖe asi le Satana ŋu tso aʋlia me, eye nukae adzɔ ɖe wo kple eyomedzelawo katã dzi?
▪ Aleke Yesu azu “fofo mavɔ” na míe?