Gbɔgbɔmenuwɔwɔ Miliɔn Geɖewo
Biblia gblɔ na mí be gbɔgbɔmemewo li fũ. Gbɔgbɔe Yehowa ŋutɔ nye.—Yohanes 4:24; Korintotɔwo II, 3:17, 18.
Ɣeaɖeɣi la, Yehowa ɖekae nɔ xexeame katã. Emegbe edze gbɔgbɔmeme siwo woyɔna be mawudɔlawo wɔwɔ gɔme. Wosesẽ henya nu wu amegbetɔwo. Yehowa wɔ mawudɔla geɖewo; Mawusubɔla Daniel kpɔ mawudɔla miliɔn alafa ɖeka le ŋutega me.—Daniel 7:10; Hebritɔwo 1:7.
Mawu wɔ mawudɔla siawo hafi wɔ anyigba la kura gɔ̃ hã. (Hiob 38:4-7) Wo dometɔ aɖeke menye amesiwo nɔ anyigba dzi kpɔ heku o.
Yehowa, Gbɔgbɔ gãtɔ la, wɔ gbɔgbɔmeme miliɔn geɖewo