Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Gblɔna Alakpatɔe Be Ame Kukuwo Le Agbe
Biblia gblɔ be Satana nye “xexeame katã blela.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo medi be míaxɔ Mawu ƒe Nya Biblia dzi ase o. Wodzea agbagba be yewoana amewo naxɔe ase be ame kukuwo le agbe le afi aɖe le gbɔgbɔmenutowo me. Mina míakpɔ alesi wowɔnɛ ɖa.
Alakpasubɔsubɔ
Amegbetɔwo, lãwo, tɔmelãwo kple xeviwo—wo katã wonye luʋɔwo
Subɔsubɔha geɖewo fiana amewo be luʋɔ le amegbetɔ ɖesiaɖe me si yia edzi nɔa agbe le gbɔgbɔmexexe me le ŋutilã la ƒe kuku megbe. Wogblɔna be ŋutilã la kuna gake luʋɔ ya mekuna o. Gawu la, wogblɔna be luʋɔ ya mate ŋu aku o, eye be enye nu makumaku.
Gake Mawu ƒe Nya la mefia nu ma o. Biblia la ɖee fia be ame ye nye luʋɔ la, ke menye nane si le ame me o. Le kpɔɖeŋu me, esi Biblia le nu ƒom tso Adam wɔwɔ ŋu la, egblɔ be: “Azɔ Yehowa Mawu tsɔ anyi mè ame, eye wògbɔ agbegbɔgbɔ ɖe eƒe ŋɔti me; ale ame la zu luʋɔ gbagbe.” (Mose I, 2:7) Eyata wometsɔ luʋɔ na Adam o; eyae nye luʋɔ la.
Woyɔa lãwo hã be luʋɔwo.—Mose I, 1:20, 21, 24, 30.
Esi wònye Biblia me nya “luʋɔ” fia ame la ŋutɔ ta la, mele be wòawɔ nuku na mí ne míese be luʋɔwo ate ŋu aku eye wokuna o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be:
“Luʋɔ, si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”—Xezekiel 18:4.
“Eye Simson gblɔ be: ‘Nye luʋɔ neku kple Filistitɔwo.’”—Ʋɔnudrɔ̃lawo 16:30, New World Translation.
“Ðe woɖe mɔ bena, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe luʋɔ alo woawui mahã?”—Marko 3:4.
Biblia ɖee fia be menye nu makumakue luʋɔ la nye o
Ŋɔŋlɔ bubuwo ɖee fia be woate ŋu atsrɔ̃ luʋɔ (Mose I, 17:14), woatsɔ yi awui (Yosua 10:37), gbɔgbɔtsixe ate ŋu atsi eƒo (Hiob 7:15), eye wòanyrɔ (Yona 2:6). Eyata luʋɔ la kuna.
Ne èxlẽ Biblia la tso eƒe gɔmedzedze vaseɖe nuwuwu la, màkpɔ nya si nye “luʋɔ makumaku” kpɔ gbeɖe o. Menye gbɔgbɔe amegbetɔ ƒe luʋɔ nye o. Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia menye Biblia ƒe nufiafia o. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafiae. Yehowa léa fu mawusubɔsubɔ me alakpanyawo katã.—Lododowo 6:16-19; Timoteo I, 4: 1, 2.
Gbɔgbɔyɔlawo
Gbɔgbɔ vɔ̃wo buana wɔa nu ŋutɔŋutɔ abe ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwoe ene
Mɔ bubu si dzi Satana tona blea amewoe nye to gbɔgbɔyɔlawo dzi. Gbɔgbɔyɔlae nye amesi te ŋu xɔa gbedasiwo tso gbɔgbɔmexexe me tẽ. Ame geɖe ŋutɔ, siwo dome gbɔgbɔyɔlawo ŋutɔwo hã le la xɔe se be ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo gbɔe gbedasi siawo tsona. Gake abe alesi míekpɔe le Biblia mee ene la, mate ŋu adzɔ nenema o.—Nyagblɔla 9:5, 6, 10.
Ekema amekawo gbɔe gbedasi siawo tsona? Gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋutɔwo gbɔe! Gbɔgbɔ vɔ̃wo te ŋu dea dzesi ame le eƒe agbenɔɣi; wonya alesi amea ƒoa nue, alesi eƒe dzedzeme le, nusi wòwɔ, kple nusi wònya. Eyata ele bɔbɔe na wo be woasrɔ̃ amesiwo ku la.—Samuel I, 28:3-19.
Alakpanyawo
Mɔ bubu si dzi Satana tona kakaa aʋatso ku ɖe ame kukuwo ŋu enye alakpanyawo. Zi geɖe la, ŋutinya mawo trɔa amewo ɖa tso Biblia me nyateƒea gbɔ.—Timoteo II, 4:4.
Ame aɖewo susuna be yewokpɔ amesiwo trɔ tso ame kukuwo dome va la
Le Afrika la, nya siwo wogblɔna ku ɖe amesiwo wokpɔ wole agbe le woƒe ku megbe ŋu bɔ fũ. Zi geɖe la, wokpɔa ɖeɖefia mawo le teƒe siwo didi tso teƒe si amea nɔ la gbɔ. Gake bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe wòdze abe nusi me nunya le ene be ne ŋusẽ le ame aɖe si be wòatrɔ tso ame kukuwo dome ava la, teƒe si didi tso afisi eƒe ƒomea kple xɔlɔ̃wo le gbɔe wòatrɔ ava?’
Hekpe ɖe eŋu la, ɖe mate ŋu anye be ɖeko amesi wokpɔ la ɖi amesi ku la oa? Le kpɔɖeŋu me, Kristotɔ subɔla eve siwo nɔ gbeƒã ɖem le kɔƒe aɖe me la kpɔ amegã ɖeɖi aɖe si kplɔ wo ɖo gaƒoƒo aɖewo. Esi wotɔ gbee la, wova nya be ŋutsua susu be subɔlawo dometɔ ɖeka nye ye nɔviŋutsu si ku ƒe aɖewo va yi. Amee ɖi ame nɛ, gake egbe edzi xɔxɔ se be menye eyae o! Wò ya bu nya si amegã ɖeɖi la agblɔ na exɔlɔ̃wo kple aƒelikawo emegbe la ŋu le susu me kpɔ!
Ŋutegawo, Drɔ̃ewo kple Gbeɖiɖiwo
Gbɔgbɔ vɔ̃wo toa drɔ̃ewo, ŋutegawo kple gbeɖiɖiwo dzi blea amewo
Ðikekemanɔmee la, ènya nu tso nu wɔmoya siwo amewo kpɔ, se, alo ku drɔ̃e tso wo ŋu la ŋuti. Zi geɖe la, nuteƒekpɔkpɔ mawo siwo tso vivime la doa ŋɔdzi na amesiwo kpɔa wo alo sea wo. Marein si nɔ Ɣetoɖoƒe Afrika la sea mamaa si ku la ƒe gbe edziedzi wònɔa eyɔm le zã me. Vɔvɔ̃ ɖoa Marein wòdoa ɣli esi nana eƒe aƒemetɔwo katã nyɔna. Ʋeʋeʋe la, eƒe tagbɔ va da.
Azɔ ne ame kukuwo le agbe ŋutɔŋutɔ la, ɖe nunya anɔ eme be woado ŋɔdzi na woƒe lɔlɔ̃tɔwoa? Ao. Gbɔgbɔ vɔ̃wo gbɔe gbedasi mawo siwo gblẽa nu le ame ŋu la tsona.
Ke gbedasi siwo dzena abe ɖe wokpena ɖe ame ŋu hefaa akɔ na ame ene ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, Gbassay si nye Sierra Leonetɔ la ƒe lãme gblẽ. Eku drɔ̃e si me fofoa si ku la do ɖe edzi le. Egblɔ nɛ be wòayi ati aɖe gbɔ, agbe aŋgba la eye wòakɔ tsi ɖe edzi ahanoe. Mele be wòaƒo nu na ame aɖeke hafi awɔ esia o. Ewɔ esia eye wòhaya.
Nyɔnu bubu gblɔ be ye srɔ̃ do ɖe ye dzi le zã aɖe me le eƒe ku megbe. Nyɔnua gblɔ be edze ɖeka ŋutɔ eye wòdo awu nyuiwo.
Gbedasi kple ŋutega mawo dzena abe nu nyui kple nusi kpena ɖe ame ŋu ene. Mawu gbɔe wotsona? Ao, menye egbɔe o. Yehowa nye ‘nyateƒe Mawu.’ (Psalmo 31:6) Malɔ̃ aflu mí alo able mí gbeɖe o. Gbɔgbɔ vɔ̃wo koe wɔa nu ma.
Gake ɖe gbɔgbɔ vɔ̃ siwo nye nunyuiwɔlawo lia? Ao. Togbɔ be woadze abe amesiwo kpena ɖe ame ŋu ɣeaɖewoɣi ene hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe vɔ̃ɖi. Esi Abosam ƒo nu na Xawa la, ewɔ nu abe exɔlɔ̃ nyui wònye ene. (Mose I, 3:1) Gake nukae do tso eme nɛ esi wòɖo toe hewɔ nusi wògblɔ nɛ vɔ la? Eku.
Satana gblɔ be Xawa maku o. Xawa xɔe se, gake mlɔeba la, eku
Ènya be enye nusi bɔ be ame vɔ̃ɖi nadze xɔlɔ̃ amesiwo wòdi be yeable ahaba. Afrikatɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Aɖu ko nu dɔme le vo.” Eye Mawu ƒe Nya gblɔ be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.”—Korintotɔwo II, 11:14.
Mawu megatoa drɔ̃ewo, ŋutegawo, alo gbeɖiɖi siwo tso gbɔgbɔmexexe me dzi ƒoa nu na amewo le anyigba dzi o. Biblia si ate ŋu ana ame nanɔ ‘dzadzraɖoɖi bliboe na dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ’ dzie wòtona fiaa mɔ wo hefiaa nu wo.—Timoteo II, 3:17.
Eyata esi Yehowa xlɔ̃ nu mí ku ɖe Abosam ƒe amefufluwo ŋu la, ɖe wòlɔ̃ mí tae. Enya be futɔ siwo gblẽa nu le ame ŋue gbɔgbɔ vɔ̃wo nye.