Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Doa Ŋusẽ Amewo be Woadze Aglã ɖe Mawu Ŋu
Wotu kɔnu aɖewo ɖe dzixɔse si nye be ame kukuwo te ŋu kpɔa mí la dzi
Gake nukatae Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo dzea agbagba vevie nenema be yewoable amewo? Wodi be míakpe ɖe yewo ŋu le yewoƒe aglãdzedzea me. Wodi be míade ta agu na yewo. Wodi be míaxɔ yewoƒe alakpanyawo dzi ase eye míawɔ nusiwo medzea Yehowa ŋu o. Nuwɔna siawo dometɔ geɖe lɔ kɔnuwɔwɔ siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu ɖe eme.
Lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku nyea vevesese gã aɖe eye enye nusi le dzɔdzɔme nu hesɔ be woafa konyi. Esi Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, ‘efa avi.’—Yohanes 11:35.
Ku ŋuti kɔnuwɔwɔ geɖe li, eye esiawo to vovo ŋutɔ le xexeame godoo. Wo dometɔ geɖe metsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu o. Gake wotu nuwɔna aɖewo ɖe nukpɔsusu si nye be ame kukuwo le agbe eye wote ŋu kpɔa agbagbeawo la dzi. Ŋudɔdɔwo, nuxaxa atraɖii kple kunuwɔwɔkɔnu gãwo katã ƒo ke ɖe to ɖe vɔvɔ̃ be woado dziku na ame kukuwo ƒe gbɔgbɔwo la me. Gake esi wònye ame kukuwo “menya naneke o” ta la, amesiwo wɔa nusiawo le Satana ƒe alakpadada dom ɖe ŋgɔ.—Nyagblɔla 9:5.
Wotu kɔnu bubuwo ɖe aʋatso si nye be ame kukuwo hiã míaƒe kpekpeɖeŋu la dzi
Kɔnu alo wɔna bubuwo dzɔ tso dzixɔse be ame kukuwo hiã ame gbagbewo ƒe kpekpeɖeŋu eye woawɔ nuvevi agbagbeawo ne womefa dzi na wo o la me. Le dukɔ aɖewo me la, woɖua azã hesaa vɔ le ŋkeke 40 lia dzi alo ƒe ɖeka le ame ƒe ku megbe. Wowɔnɛ kple susu be wòakpe ɖe ame kukua ŋu be ‘wòatso tɔ’ ayi gbɔgbɔmexexe me. Nu nyanyɛ bubu si wowɔna enye alesi woxea nuxe na ame kukuwoe.
Nusiawo menyo o elabena wodoa Satana ƒe aʋatso siwo ku ɖe ame kukuwo ŋu ɖe ŋgɔ. Ðe Yehowa ada asi ɖe míaƒe kadodo kple wɔna siwo nɔ te ɖe gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia dzi la dzia? Gbeɖe!—Korintotɔwo II, 6:14-18.
Mawu vavã la ƒe subɔlawo mekpɔa gome le wɔna siwo dea Satana ƒe aʋatsokakawo dzi la me o. Ke boŋ wodzea agbagba lɔlɔ̃tɔe be yewoakpe ɖe agbagbeawo ŋu ahafa akɔ na wo. Wonya be ne ame ku ko la, Yehowa ɖeka koe ate ŋu akpe ɖe ame ma ŋu.—Hiob 14:14, 15.
Mawu Tsri Gbɔgbɔyɔyɔ
Ame aɖewo ƒoa nu kple gbɔgbɔ vɔ̃wo tẽ alo to gbɔgbɔyɔla si nye amegbetɔ dzi. Woyɔa esia be gbɔgbɔyɔyɔ. Trɔ̃subɔsubɔ, adzewɔwɔ, akunyawɔwɔ, afakaka kple ŋɔliyɔyɔ nye gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi vovovowo.
Mawu tsi tre ɖe nu gbegblẽ siawo ŋu. Edi be woatsɔ subɔsubɔ si de blibo na ye.—Mose II, 20:5
Biblia tsri nusiawo hegblɔ be: “Bokɔnɔ, goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o. Amesiame, si le nusia wɔm la, ŋunyɔnu wònye na Yehowa.”—Mose V, 18:10-12.
Nukatae Yehowa xlɔ̃ nu mí vevie ku ɖe nusiawo wɔwɔ ŋu?
Mía ŋutɔwo ƒe nyonyo tae Yehowa xlɔ̃ nu mí ku ɖe gbɔgbɔyɔyɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu ɖo. Elɔ̃a ame heléa be na ame eye enya be amesiwo doa ka kple gbɔgbɔ vɔ̃wo la akpe fu godoo.
Amesiawo dometɔ ɖekae nye Nilda si nye gbɔgbɔyɔla le Brazil. Gbɔgbɔ vɔ̃wo gblẽ eƒe agbe dome. Egblɔ bena: “Gbɔgbɔwo . . . ge ɖe menye henɔ gbe ɖem nam. Menɔa ame me eye meyia ɖime hã enuenu, eye wosikam le tagbɔdɔléle ta. Gbɔgbɔ vɔ̃awo ti yonyeme ale gbegbe be metsi dzodzodzoe. Menoa atike siwo tsia vevesese nu eye medze ahanono kple atamanono atraɖii gɔme. Esia yi edzi ƒe geɖe.”
Zi geɖe la, nu gblẽna le amesiwo yɔa gbɔgbɔ la ŋu. Woate ŋu abu woƒe aƒe, woƒe ablɔɖe kple woƒe agbe kura gɔ̃ hã
Fifia la, to Yehowa kple eƒe Ðasefo siwo le anyigba dzi ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, Nilda do le gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi te eye wònɔa agbe si me dzidzeme kple dedienɔnɔ le. Egblɔ be: “Medea dzi ƒo na amesiame be wòagado ka kple gbɔgbɔ [vɔ̃wo] zi ɖeka teti hã o.”