Subɔ Yehowa, Ke Menye Satana O
Tiatia dze ŋgɔ mí katã. Eyae nye be míasubɔ Yehowa loo alo míasubɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo. Míate ŋu asubɔ wo ame evea siaa o. Aleke gbegbee nunya le eme enye si be míasubɔ Yehowa!
Yehowa Nye Ame Nyui
Abe alesi míekpɔe va yi ene la, nuvevi wɔwɔ ame kple amebeble dzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo. Yehowa ya mele nenema o. Elɔ̃ ameƒomea abe alesi vifofo lɔ̃a viawoe ene. Eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Metea nu nyui aɖeke ameƒomea o ne abia nu geɖe tso esi kura gɔ̃ hã.—Efesotɔwo 2:4-7.
Yesu, Mawu ƒe Vi la lɔ̃ amewo to dɔ dada na wo dzi
Bu nusiwo Yesu, Mawu ƒe Vi la wɔ le anyigba dzi la ŋu kpɔ. Ena aɖetututɔwo ƒo nu eye ŋkuagbãtɔwo kpɔ nu. Eda dɔ na anyidzelawo kple bunɔwo. Enyã gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me eye wòda dɔléle ƒomeviwo katã. Yesu gbɔ agbe ame kukuwo kura gɔ̃ hã to Mawu ƒe ŋusẽ dzi.—Mateo 9:32-35; 15:30, 31; Luka 7:11-15.
Le esi teƒe be Mawu nada alakpa atsɔ able míi la, etoa nyateƒe ɣesiaɣi. Meblea ame gbeɖe o.—Mose IV, 23:19.
Ƒo Asa Na Nuwɔna Makɔmakɔwo
Abe alesi yiyiɖɔ léa tagbatsutsu goŋgoŋ ene la, nenemae aʋatsodzixɔse kple alakpadada lé ame miliɔn geɖe. Wovɔ̃a ame kukuwo. Wovɔ̃a gbɔgbɔ vɔ̃wo. Fiƒodewo, nukaka, gbesawo kple trɔ̃wo tsoa dzika ƒo na wo. Dzixɔse kple kɔnyinyi siwo nɔ te ɖe Satana Abosam ƒe alakpawo dzi blaa wo. Nusiawo dometɔ aɖeke ƒe mɔ̃ meɖea Mawusubɔlawo o.
Yehowa tri akɔ boo wu Satana. Ne èsubɔ Yehowa la, akpɔ tawò tso gbɔgbɔ vɔ̃wo si me. (Yakobo 4:7) Dzo maɖi ŋuwò o. Le kpɔɖeŋu me, le Nigeria la, dzosala sesẽ etɔ̃ ɖu dzo Yehowa ƒe Ðasefo aɖe si gbe be yemadzo le dua me o la be wòaku. Esi dzoa meɖi o la, vɔvɔ̃ ɖo dzosalawo dometɔ ɖeka eye wòyi Ðasefoa gbɔ ɖaɖe kuku nɛ be wòatsɔe ake yewo.
Efesotɔwo tɔ dzo woƒe akunyawɔgbalẽwo
Ne gbɔgbɔ vɔ̃wo le fu ɖem na wò la, àte ŋu ayɔ Yehowa ŋkɔ eye wòakpɔ tawò. (Lododowo 18:10) Gake be Mawu nakpɔ tawò la, ele be nàɖe asi le nusianu si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ la ŋu. Mawu ƒe tadeagula siwo nɔ blema Efeso wɔ nenema. Woƒo woƒe akunyawɔgbalẽwo nu ƒu hetɔ dzo wo. (Dɔwɔwɔwo 19:19, 20) Ele be Mawusubɔla siwo li egbea hã nawɔ nenema ke. Tsrɔ̃ dzowo, atiblɛwo, “akpokawo,” trɔ̃wo, akunyawɔgbalẽwo kple nu bubu ɖesiaɖe si do ƒome kple gbɔgbɔyɔyɔ ƒe nuwɔnawo.
Nɔ Tadedeagu Vavãtɔ Me
Ne èdi be yeadze Mawu ŋu la, mesɔ gbɔ be nàdo le alakpasubɔsubɔha me eye nàdzudzɔ nu gbegblẽ wɔwɔ ɖeɖeko o. Ele be nàdo vevie nu le tadedeagu dzadzɛtɔ me. Biblia gblɔ nusi wodi tso asiwò:
Yi Kristotɔwo ƒe kpekpewo.—Hebritɔwo 10:24, 25
Srɔ̃ Biblia la.—Yohanes 17:3
Ðe gbeƒã na ame bubuwo.—Mateo 24:14
Do gbe ɖa na Yehowa.—Filipitɔwo 4:6, 7
Xɔ nyɔnyrɔ.—Dɔwɔwɔwo 2:41
De Ha Kple Yehowa Ðasefowo
Amewo le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo si le anyigba dzi, siwo fiaa nu gbegblẽwo hewɔa wo. Gake amewo le Yehowa hã si. Woawoe nye Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:10) Ðasefo siwo wu miliɔn ade le anyigba la katã dzi. Wo dometɔ ɖesiaɖe dzea agbagba vevie be yeawɔ nu nyui ahafia nyateƒea amewo. Le dukɔ geɖe me la, àte ŋu akpe kpli wo le Fiaɖuƒe Akpata me, afisi woatsɔ vividoɖeameŋu ado dzaa na wò le.
Woƒe dɔe nye be woakpe ɖe ame bubuwo ŋu woasubɔ Mawu. Woasrɔ̃ Biblia kpli wò le aƒewò me eye woakpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Yehowa le mɔ nyuitɔ nu. Màxe fe ɖe esia ta o. Edzɔa dzi na Ðasefoawo be yewoafia nyateƒea amewo elabena wolɔ̃ amewo eye wolɔ̃ Yehowa Mawu hã.
Yehowa Ðasefowo akpe ɖe ŋuwò be nàsubɔ Mawu