INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 1 axa 2-3
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mi̇́ Vavãa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mi̇́ Vavãa?
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Nyabiase Etɔ̃lia: Nu Ka Tae Mawu Ðe Mɔ Mele Fu Kpem?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Anyigba Si Dzi Fukpekpe Manɔ O
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 1 axa 2-3

Akpa 1

Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mí Vavãa?

1, 2. Nya kae amewo biana tso Mawu ŋu, eye nukatae?

ÐEWOHĨ èbia se le wò agbe me kpɔ ɣeaɖeɣi be: ‘Ne Mawu aɖe li si tsɔ ɖe le eme na mí la, ke nukatae wòɖe mɔ fukpekpe gbogbo siawo gbegbe li ɖo?’ Mí katã míekpe fu kpɔ alo míenya ame aɖe si kpe fu kpɔ.

2 Le nyateƒe me le ŋutinya katã me la, aʋawɔwɔ, ŋutasesẽ, nuvlowɔwɔ, ahedada, dɔléle, kple ame ƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒe ku na amewo se veve eye wona woƒe dzi gbã. Le míaƒe ƒe alafa 20 lia sia ɖeɖe me la, wowu amesiwo sɔ gbɔ wu miliɔn 100 le aʋawɔwɔwo me. Ame miliɔn alafa bubu geɖe xɔ abi alo wobu woƒe aƒe kple nunɔamesiwo. Nu dziŋɔ gbogbo aɖewo ŋutɔ dzɔ le míaƒe ɣeyiɣia me si na ame gbogbo aɖewo ŋutɔ xa nu vevie, aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na wo, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo.

3, 4. Aleke ame aɖewo susuna tso Mawu ƒe mɔɖeɖe ɖe fukpekpe ŋu la ŋuti?

3 Eve ame aɖewo vevie eye wòwɔna na wo be ne Mawu aɖe li hã la, ke le nyateƒe me la, metsɔ ɖeke le mía me o. Alo awɔ na wo gɔ̃ hã be Mawu aɖeke ŋutɔ hã meli o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe si kpe fu le alesi woti wo detɔwo yomee ta, eye wowu exɔlɔ̃wo kple eƒe ƒomea le Xexemeʋa I me la bia be: “Afikae Mawu nɔ esime míenɔ eƒe kpekpeɖeŋu hiãm?” Fukpekpe siwo teƒe ame bubu si hã tsi agbe le ame miliɔn geɖe siwo Nazitɔwo wu le Xexemeʋa II me la kpɔ la na wòxa nu ŋutɔ hegblɔ be: “Ne ɖe wò aɖe ate ŋu aka nye dzi ŋu la, anye ne eƒe aɖi asi wò.”

4 Eyata ame geɖewo mete ŋu sea nusitae Mawu si nye dɔmenyotɔ naɖe mɔ nu vɔ̃ɖiwo nadzɔ la me o. Wokea ɖi le eƒe ɖe tsɔtsɔ le mía me ŋutɔŋutɔ alo eƒe anyinɔnɔ kura gɔ̃ hã ŋu. Eye wo dometɔ geɖe susuna be amegbetɔ kple fukpekpee anɔ anyi ɖaa.

[Nɔnɔmetata si le axa 2]

Ðe xexe yeye si me fukpekpe mele o gogoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe