INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 5 axa 10-12
  • Tiatiawɔwɔblɔɖe Ƒe Nunana Wɔnuku La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Tiatiawɔwɔblɔɖe Ƒe Nunana Wɔnuku La
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Wowɔ Míi
  • Gɔmedzedze Nyuitɔ
  • Ablɔɖe si Woɖo Seɖoƒewo Na
  • Ameka ƒe Sewo?
  • De Asixɔxɔ Tiatiawɔblɔɖe Si Mawu Na Wò Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Yehowa Subɔlawo ƒe Ablɔɖe
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Mɔ Si Dzi Míato Akpɔ Ablɔɖe Vavãtɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 5 axa 10-12

Akpa 5

Tiatiawɔwɔblɔɖe Ƒe Nunana Wɔnuku La

1, 2. Nunana wɔnuku kae nye míaƒe wɔwɔme ƒe akpa aɖe?

BE MÍASE nusita Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo kple nusi wòava awɔ le eŋu gɔme la, ele be míanya alesi wòwɔ míi. Menye ŋutilã kple ahɔhɔ̃ koe wòwɔ na mí o. Ede tamesusu kple seselelãme ƒe nɔnɔme tɔxɛwo hã mía me.

2 Míaƒe tamesusu kple seselelãme ƒe wɔwɔme ƒe akpa vevi aɖee nye lɔlɔ̃nu faa ƒe tiatiawɔwɔ. Ẽ, Mawu de tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe ƒe ŋutete mía me. Enye eƒe nunana wɔnuku aɖe nyateƒe.

Alesi Wowɔ Míi

3-5. Nukatae lɔlɔ̃nu faa ƒe tiatiawɔwɔ dzɔa dzi na mí?

3 Mina míabu tame tso alesi lɔlɔ̃nu faa wɔwɔ de nu Mawu ƒe mɔɖeɖe be fukpekpe li ƒe nya la me ŋu kpɔ. Gbã la, bu nya sia ŋu kpɔ: Edzɔa dzi na wò be yeavo atia nusi yedi be yeawɔ kple nusi yeagblɔ, nusi yeaɖu kple nusi yeado, dɔ si ƒomevi yeawɔ, kple afisi yeanɔ kple alesi yeanɔ agbeea? Alo àdi be ame aɖe nagblɔ nya kple nusianu si nàwɔ la na ye le yeƒe agbemeɣeyiɣi ɖesiaɖe mea?

4 Ame aɖeke medina be woaxɔ yeƒe agbenɔnɔ ƒe ablɔɖe le ye si keŋkeŋ nenema o. Nukatae? Alesi Mawu wɔ mí tae. Biblia gblɔ na mí be Mawu wɔ ame ‘ɖe eƒe nɔnɔme nu wòɖii,’ eye Mawu ŋutɔ ƒe ŋutetewo dometɔ ɖekae nye tiatiawɔwɔblɔɖe. (Mose I, 1:26; Mose V, 7:26) Esi wòwɔ amegbetɔwo la, ena nunana wɔnuku ma ke wo—lɔlɔ̃nu faa ƒe tiatiawɔwɔ la. Esiae nye nusiwo tae wòtia mí ne dziɖula siwo tea ame ɖe to la wɔ mí kluviwoe la dometɔ ɖeka.

5 Eyata ablɔɖe ƒe ame dzodzro menye nusi dzɔ le vome o, elabena ablɔɖe Mawue Mawu nye. Biblia gblɔ be: “Afisi [Yehowa] ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.” (Korintotɔwo II, 3:17) Eyata Mawu na lɔlɔ̃nu faa mí wònye míaƒe wɔwɔme ƒe akpa aɖe. Esi wònya alesi míaƒe susu kple seselelãmewo awɔ dɔe ta la, enya be lɔlɔ̃nu faa ƒe amesinɔnɔ ana míakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake.

6. Aleke Mawu wɔ míaƒe ahɔhɔ̃e be wòawɔ dɔ ɖekae kple lɔlɔ̃nu faa ƒe tiatiawɔwɔ?

6 Be míate ŋu atsɔ lɔlɔ̃nu faa nunana la awɔ dɔe la, Mawu na tamebubu ƒe ŋutete hã mí be míada nuwo akpɔ, atso nya me, eye míanya nyui tso vɔ̃ gbɔ. (Hebritɔwo 5:14) Eyata tiatiawɔwɔ si me nunya le dzie wotu lɔlɔ̃nu faa ɖo. Womewɔ mí abe mɔ̃ siwo si nyasã mele o siwo mate ŋu awɔ woawo ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃nu o ene o. Eye womewɔ mí be míawɔ nu ɖe seselelãme nu abe lãwo ene o. Ke boŋ ɖe wowɔ míaƒe ahɔhɔ̃ wɔnuku la be wòawɔ dɔ wòawɔ ɖeka kple míaƒe tiatiawɔwɔblɔɖe la.

Gɔmedzedze Nyuitɔ

7, 8. Aleke Mawu na mía dzila gbãtɔwo ƒe agbe dze egɔme nyuie?

7 Mawu na nusianu si sɔ si adzro ame la mía dzila gbãtɔ Adam kple Xawa, hekpe ɖe lɔlɔ̃nu faa ƒe nunana la ŋu be yeatsɔ afia alesi gbegbe yebua wo ŋui. Woda wo ɖe paradiso gã aɖe si le abe abɔ ene me. Ŋutilãmenuwo bɔ ɖe wo si. Woƒe susu kple ŋutilã de blibo, eyata womaku amegã alo nyagã alo adze dɔ alo aku o—woate ŋu anɔ agbe tegbee hafi. Anye ne woadzi vi deblibo siwo hã ate ŋu anɔ agbe mavɔ si me dzidzɔ le hafi. Eye ne amewo le dzidzim ɖe edzi la, anye ne dɔ si naa ame ƒe dzi dzea eme si nye be woana anyigba la katã natrɔ azu paradiso la asu wo si hafi.—Mose I, 1:26-30; 2:15.

8 Biblia gblɔ tso nunana siawo ŋu be: “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ”! (Mose I, 1:31) Biblia gagblɔ le Mawu ŋu be: “Eƒe nuwɔwɔ de blibo.” (Mose V, 32:4) Ẽ, Wɔla la na ameƒomea ƒe anyinɔnɔ dze egɔme le blibodede me. Naneke magate ŋu anyo wu ema o. Mawu si tsɔa ɖe le ame me kae nye si dze le eƒe nuwɔnawo me!

Ablɔɖe si Woɖo Seɖoƒewo Na

9, 10. Nukatae wòle be ɖoɖowɔwɔ nyui nanɔ lɔlɔ̃nu faa ƒe ablɔɖe ŋu?

9 Gake ɖe Mawu ɖoe be seɖoƒe manɔe na lɔlɔ̃nu faa nunana la oa? Tsɔ susu kpɔ dugã si me ʋukuse aɖeke mele o eye amesiame ate ŋu aku ʋu ato afisiafi kple du alesi wòate ŋui ko la ɖa. Àdi be yeaku ʋu le nɔnɔme mawo mea? Ao, anye ʋukuɖoɖo ƒe tɔtɔ eye ana afɔku geɖe nadzɔ.

10 Nenema ke wòle le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu faa nunana la hã gome. Ablɔɖe si womeɖo seƒe na o la awɔe be naneke manɔ ɖoɖo nu le ameƒomea me o. Ele be sewo nanɔ anyi afia mɔ amegbetɔ ƒe nuwɔnawo. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Miwɔ nu abe ablɔɖemewo ene, eye migatsɔ miaƒe ablɔɖe la do taflatsee na vɔ̃ɖiwɔwɔ o.” (Petro I, 2:16, JB) Mawu di be ɖoɖo nanɔ lɔlɔ̃nu faa ŋu hena amesiame ƒe nyonyo. Meɖoe be míanɔ ablɔɖe gbadzaa liƒomanɔena me o ke boŋ ablɔɖe si seɖoƒe li na, si le se tee wòdi be nenɔ ame si.

Ameka ƒe Sewo?

11. Ameka ƒe sewo dzie wowɔ mí be míawɔ ɖo?

11 Ameka ƒe sewo dzie woɖo be míawɔ ɖo? Ŋɔŋlɔ ma si le Petro I, 2:16 (JB) ƒe akpa bubu gblɔ be: “Mienye ame aɖeke ƒe kluviwo o negbe Mawu tɔ ko.” Esia mefia ŋutasesẽ ƒe kluvimenɔnɔ o, efia boŋ be ɖe wowɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe sewo te. (Mateo 22:35-40) Eƒe sewo mee mɔfiame nyuitɔ kekeake le wu amegbetɔwo ƒe se ɖesiaɖe. “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.”—Yesaya 48:17.

12. Tiatiawɔwɔblɔɖe kawoe le mía si le afisi Mawu ƒe seawo ɖe mɔ see me?

12 Le ɣeyiɣi ma ke me la, tiatiawɔwɔblɔɖe gã aɖe le afisi Mawu ƒe sewo do liƒo se la me. Esia na vovototo nɔa nuwɔwɔ me wònye nusi doa dzidzɔ na ame ale gbegbe le amegbetɔƒomea me. Bu tame le nuɖuɖu, awudodo, hadzidzi, aɖaŋudɔ, kple aƒetsotso ƒomevi hamehame siwo le xexeame godoo la ŋu kpɔ. Kakaɖedzitɔe la, míedina be mía ŋutɔwo míatia nusi dzɔ dzi na mí le nusiawo me wu esi ame bubu aɖe natia wo na mí.

13. Dzɔdzɔmese kawo dzie wòle be míawɔ hena mía ŋutɔwo míaƒe nyonyo?

13 Eyata wowɔ mí be míakpɔ dzidzɔ gãtɔ kekeake ne míebɔbɔ mía ɖokui ɖe se siwo Mawu de ɖe amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu la te. Esɔ kple wɔwɔ ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔmesewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míegbe wɔwɔ ɖe anyigba ƒe nuheŋusẽ ƒe se la dzi eye míedzo tso kɔkɔƒe aɖe la, míadze afɔku alo míaku. Ne míegbe wɔwɔ ɖe lãmese siwo wode míaƒe lãme dzi eye míedzudzɔ nu ɖuɖu, tsi nono, alo ya gbɔgbɔ la, ɖe míaku.

14. Aleke míewɔ nya be womewɔ amegbetɔwo be woaɖe wo ɖokui ɖa tso Mawu ŋu o?

14 Abe alesi ɖikeke aɖeke mele eme o be wowɔ mí be míawɔ ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔmesewo dzii ene la, nenema ke wowɔ míi be míabɔbɔ mía ɖokui ɖe Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ kple hadomegbenɔnɔ sewo dzi. (Mateo 4:4) Womewɔ amegbetɔ be wòaɖe eɖokui ɖa tso Ewɔla la ŋu eye nu nadze edzi nɛ o. Nyagblɔɖila Yeremya gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o. Yehowa, he to nam.” (Yeremya 10:23, 24) Eyata le go sia go me la, ɖe wowɔ amegbetɔwo be wòanɔ Mawu ƒe dziɖuɖu te, menye woawo ŋutɔwo tɔ te o.

15. Ðe Mawu ƒe sewo dziwɔwɔ asesẽ na Adam kple Xawa hafia?

15 Mele be Mawu ƒe sewo dzi wɔwɔ nasesẽ na mía dzila gbãtɔwo hafi o. Ke boŋ ɖe wòade woƒe nyonyo kple ameƒomea katã tɔ dzi hafi. Ne ɖe ame eve gbãtɔwo nɔ agbe ɖe afisi Mawu ƒe sewo ɖe mɔ ɖo se na wo nu la, anye ne nusianu ayi edzi nyuie hafi. Le nyateƒe me la, anye ne amegbetɔƒome si me lɔlɔ̃ le si wɔ ɖekae míanye anɔ viviseseparadiso wɔnuku aɖe me hafi! Anye ne vɔ̃ɖinyenye, fukpekpe, kple ku manɔ anyi o.

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Wɔla la na amegbetɔ ƒe agbe dze egɔme le blibodede me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Àdi be yeaku ʋu le mɔ si dzi ʋuwo sɔ gbɔ ɖo fũ dzi ne ʋukuse aɖeke kura meli oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe