Akpa 8
Mawu Ƒe Tameɖoɖo Me Vava Gogo
1, 2. Aleke Mawu nɔ ɖoɖo wɔm ɖe fukpekpe ɖeɖeɖa ŋui?
AMEGBETƆ kple gbɔgbɔ vɔ̃ dzeaglãwo ƒe dziɖuɖu le ameƒomea tem ɖe to ƒe alafa geɖee nye sia. Gake Mawu megblẽ mí ɖi le míaƒe fukpekpewo me o. Ke boŋ le ƒe alafawo katã me la, enɔ dɔ wɔm le ɖoɖo si dzi woato aɖe amegbetɔwo tso vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe si me la ŋu.
2 Esime wodze aglã le Eden-bɔa me la, Mawu dze eƒe tameɖoɖo be yeaɖo dziɖuɖu si ana anyigba sia nazu paradisoƒe na amewo la ɖeɖe fia gɔme. (Mose I, 3:15) Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, Mawu ƒe Nyanuɖela gãtɔ, Yesu, tsɔ Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe vava wɔ eƒe nufiafia ƒe tanyae. Egblɔ be eya koe nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Daniel 2:44; Mateo 6:9, 10; 12:21.
3. Ŋkɔ kae Yesu yɔ na dziɖuɖu si gbɔna anyigba dzi ɖu ge la, eye nukatae?
3 Yesu yɔ Mawu ƒe dziɖuɖu ma si ava va la be “dziƒofiaɖuƒe,” elabena dziƒoe wòaɖu dzi atsoe. (Mateo 4:17) Eyɔe hã be “mawufiaɖuƒe,” elabena Mawue aɖoe anyi. (Luka 17:20) Le ƒe alafawo me la, Mawu na eƒe agbalẽŋlɔlawo ŋlɔ amesiwo anye dziɖulawo le eme kple nusiwo dziɖuɖu ma awɔ la ŋuti nyagblɔɖiwo ɖi.
Anyigba ƒe Fia Yeye La
4, 5. Aleke Mawu ɖee fia be Yesu ye nye yeƒe Fia si dzi yeda asi ɖo?
4 Yesue nye amesi na nyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe amesi anye Fia le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me la va eme, anye ƒe akpe eve kloe nye sia. Eƒe agbenɔnɔ ɖo kpe edzi be eyae nye amesi Mawu tia be wòanye dziƒodziɖuɖu ma si aɖu ameƒomea dzi la ƒe Fia. Eye esi Yesu ku la, Mawu fɔe ɖe tsitre yi dziƒoe wòzu gbɔgbɔmenuwɔwɔ triakɔ makumaku. Ame geɖe kpɔ eƒe tsitretsitsia teƒe.—Dɔwɔwɔwo 4:10; 9:1-9; Romatɔwo 1:1-4; Korintotɔwo I, 15:3-8.
5 Yesu ‘bɔbɔ nɔ Mawu ƒe nuɖusime’ ɣemaɣi. (Hebritɔwo 10:12) Afimae wònɔ henɔ ɣeyiɣi si me Mawu atsɔ ŋusẽ nɛ be wòatso ɖe nuwɔwɔ ŋu abe Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe Fia ene la lalam. Esia nye Psalmo 110:1 afisi Mawu gblɔ nɛ le be: “Bɔbɔ nɔ nye nuɖusi me, vaseɖe esime matsɔ wò futɔwo awɔ wò afɔɖodzinui!” la mevava.
6. Aleke Yesu ɖee fia be yedze be yeanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia?
6 Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yedze na ɖoƒe ma nɔnɔ. Togbɔ be woti eyome hã la, etia be yeawɔ nuteƒe na Mawu. Eɖee fia le esia wɔwɔ me be aʋatsoe Satana ka be ame aɖeke mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ me o. Yesu, ame deblibo si nye ‘Adam evelia’ la ɖee fia be Mawu mewɔ vodada le amegbetɔ deblibowo wɔwɔ me o.—Korintotɔwo I, 15:22, 45; Mateo 4:1-11.
7, 8. Nu nyui kawoe Yesu wɔ le eƒe anyigbadzinɔɣi, eye nukae wòɖe fia?
7 Dziɖula ka ƒe nyuiwɔwɔe de Yesu tɔ si wòwɔ le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe ƒe ʋee mawo me la nu? Le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋusẽdodo me la, eda dɔ na dɔnɔwo, tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, kple aɖetututɔwo. Efɔ ame kukuwo gɔ̃ hã ɖe tsitre! Ewɔ nusi wòawɔ na ameƒomea le xexeame katã ne wòva Fiaɖuƒeŋusẽ me la ƒe akpa sue aɖe ko fia.—Mateo 15:30, 31; Luka 7:11-16.
8 Yesu wɔ nu nyui geɖe le anyigba dzi ale gbegbe be eƒe nusrɔ̃la Yohanes gblɔ be: “Nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ agbalẽ, siwo ŋlɔ ge woala o.”—Yohanes 21:25.a
9. Nukatae dzi anukwaretɔwo ƒo zi ɖe Yesu ŋu?
9 Yesu ƒe dɔme nyo eye wòkpɔa nublanui na ame, elɔ̃ amewo vevie ŋutɔ. Ekpe ɖe hiãtɔwo kple amesiwo wote ɖe anyi ŋu, gake meɖe ɖeklemi kesinɔtɔwo kple ame ŋkutawo o. Amesiwo si dzi anukwaretɔ le la wɔ ɖe Yesu ƒe amekpekpe si me lɔlɔ̃ le la dzi esi wògblɔ be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.” (Mateo 11:28-30) Mawuvɔ̃lawo ƒo zi ɖe eŋu bibibi eye wokpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me eƒe dziɖuɖua ava.—Yohanes 12:19.
Hatidziɖulawo
10, 11. Amekawoe aɖu anyigba la dzi kpe ɖe Yesu ŋu?
10 Abe alesi hatidziɖulawo nɔa amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mee ene la, nenema ke wòle le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea hã gome. Ame bubuwo hã akpe ɖe Yesu ŋu le anyigba la dzi ɖuɖu me, elabena edo ŋugbe na eƒe zɔhɛ kplikplikpliwo be woaɖu fia ɖe ameƒomea dzi kple ye.—Yohanes 14:2, 3; Nyaɖeɖefia 5:10, 20:6.
11 Eyata woafɔ amegbetɔ ʋee aɖewo hã ɖe tsitre kpe ɖe Yesu ŋu be woanɔ agbe le dziƒo. Woawoe anye Mawu ƒe Fiaɖuƒe si ahe yayra mavɔwo vɛ na ameƒomea la me tɔwo. (Korintotɔwo II, 4:14; Nyaɖeɖefia 14:1-3) Eyata le ɣeyiɣi siwo va nɔ yiyim me la, Yehowa ɖo dziɖuɖu si ahe yayra mavɔwo vɛ na amegbetɔƒomea la ƒe gɔmeɖokpe anyi.
Ðokuisinɔnɔdziɖuɖu ƒe Nuwuwu Gogo
12, 13. Nuka wɔwɔ ŋue Mawu ƒe Fiaɖuƒea le klalo ɖo fifia?
12 Le ƒe alafa sia me la, Yehowa de asi anyigba la ƒe nyawo me tẽ. Abe alesi agbalẽ sia ƒe Akpa 9 lia aɖe eme tsitotsitoe ene la, Biblia ƒe nyagblɔɖi ɖee fia be woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒe si le Kristo si me la anyi le ƒe 1914 me eye ele klalo fifia be yeagbã Satana ƒe nuɖoanyia katã gudugudu. Fiaɖuƒe ma le klalo be ‘yeaɖu dzi le Kristo ƒe futɔwo titina.’—Psalmo 110:2.
13 Daniel 2:44 me nyagblɔɖi gblɔ le esia ŋu be: “Le fia mawo [esiwo li fifia] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o [womagaɖe mɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ŋu akpɔ o]; [Mawu ƒe Fiaɖuƒea] agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”
14. Viɖe siwo ava le amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ɖeɖeɖa me la dometɔ aɖewo ɖe?
14 Ne woɖe dziɖuɖu siwo katã ɖe wo ɖokui ɖa tso Mawu ƒe dzikpɔkpɔ te ɖa vɔ la, ekema Mawu ƒe anyigba la dzi ɖuɖu ade blibo azɔ. Eye esi wònye dziƒoe Fiaɖuƒea aɖu dzi atsoe ta la, amegbetɔwo mate ŋu agblẽ nu le eŋu gbeɖe o. Dziɖuɖuŋusẽ la agava nɔ afisi wònɔ gbã, esi nye dziƒo, le Mawu gbɔ. Eye esi wònye Mawu ƒe dziɖuɖue akpɔ ŋusẽ ɖe anyigba la katã dzi ta la, alakpasubɔsubɔhawo alo amegbetɔ ŋutɔ ƒe xexemenunyawo kple dunyahehenufiafia madzemadzewo magable ame aɖeke azɔ o. Womagaɖe mɔ ɖe nu mawo dometɔ aɖeke ŋu be woanɔ anyi o.—Mateo 7:15-23; Nyaɖeɖefia, ta 17 vaseɖe 19.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ne èdi be yeakpɔ Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋu nyawo katã la, xlẽ agbalẽ si nye Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ si Watchtower Society ta le ƒe 1991 me la.
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Le Yesu ƒe anyigbadzinɔɣi la, eda gbe le dɔnɔwo ŋu eye wòfɔ ame kuku ɖe tsitre tsɔ fia nusi wòawɔ le xexe yeyea me
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea agbã dziɖuɖu ƒomevi ɖesiaɖe si mebɔbɔ ɖe eyama te o la gudugudu