INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • dg akpa 10 axa 22-28
  • Mawu Ƒe Xexeme Yeye Wɔnuku La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mawu Ƒe Xexeme Yeye Wɔnuku La
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzɔdzɔenyenye Axɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Teƒe
  • Woana Amewo Naganɔ Lãmesẽ Deblibo Me
  • Ame Kukuwo Atrɔ Gbɔ
  • Xexe si me Ŋutifafa Le Nyateƒe
  • Anyigba la Atrɔ Azu Paradiso
  • Nusiwo Gblẽ Va Yi la Dzadzraɖo
  • Nɔ Agbe Tegbee Le Paradisonyigba Dzi
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
    Agbe Nɔnɔ le Ŋutifafa ƒe Xexeme Yeye Me
  • Mawu Ƒe Mɔɖeɖe Ðe Fukpekpe Ŋu Ƒe Nuwuwu Gogo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Nusi Mawu Ƒe Fiaɖuƒea awɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
Kpɔ Bubuwo
Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
dg akpa 10 axa 22-28

Akpa 10

Mawu Ƒe Xexeme Yeye Wɔnuku La

1, 2. Nukae adzɔ le anyigba la ŋu kɔkɔ vɔ le Harmagedon-ʋa la me megbe?

NE MAWU kɔ anyigba la ŋu le Harmagedon-ʋa me vɔ megbe la, nukae agakplɔe ɖo? Ekema ŋutikɔkɔeɣeyiɣi aɖe adze egɔme. Esi Harmagedon ƒe agbetsilawo ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe dziɖuɖu dzi xoxo ta la, woana woage ɖe xexe yeyea me. Ŋutinya ƒe azã dodzidzɔname yeye kae si wòanye esime Mawu adudu yayra wɔnukuwo aƒo ɖe amegbetɔƒomea dzi!

2 Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe mɔfiafia te la, agbetsilawo adze anyigba la dzadzra ɖo gɔme be wòazu paradiso. Woazã woƒe ŋusẽ ɖe ɖokuitɔmadimadidɔ siwo aɖe vi na amesiwo katã anɔ anyi ɣemaɣi la wɔwɔ ŋu. Anyigba la ava anɔ dzidzeme kple ŋutifafaƒe dzeani zum na ameƒomea.

Dzɔdzɔenyenye Axɔ Ðe Vɔ̃ɖinyenye Teƒe

3. Aleke míakpɔe enumake be gbɔɖeme su mía si le Harmagedon la megbe?

3 Satana ƒe xexeame ƒe tsɔtsrɔ̃ ana nusiawo katã nava eme. Alakpasubɔsubɔha, hadomenuɖoanyi, kple dziɖuɖu siwo hea mamã vɛ maganɔ anyi o. Satana ƒe nyakaka siwo wotsɔna blea amewoe maganɔ anyi o; habɔbɔ siwo katã wɔa dɔ sia nu ayi kpe ɖe Satana ƒe nuɖoanyia ŋu. Bu eŋu kpɔ: be woaɖe Satana ƒe xexemenuɖoanyia ƒe aɖiya la katã ɖa! Gbɔdzɔe gã kae si wòanye!

4. Ƒo nu tso tɔtrɔ si ava le nufiafia gome la ŋu.

4 Ekema nufiafia tuameɖo siwo tso Mawu gbɔ la axɔ ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ƒe nufiafia gblẽnuwo teƒe. “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:13) Esi woanɔ nufiafia nyui sia xɔm ƒe sia ƒe ta la, “sidzedze Yehowa [axɔ] anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.” (Yesaya 11:9) Amewo magasrɔ̃ nu gbegblẽ azɔ o, ke boŋ ‘dzɔdzɔenyenyee anye nusi anyigbadzitɔwo asrɔ̃.’ (Yesaya 26:9) Tamesusu kple nuwɔna tuameɖowoe axɔ aƒe ɖe amewo me.—Dɔwɔwɔwo 17:31; Filipitɔwo 4:8.

5. Nukae adzɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye kple ame vɔ̃ɖiwo katã dzi?

5 Eyata amewuwu, ŋutasesẽnuwo, nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe, fififi, alo nuvlowɔwɔ bubu aɖeke maganɔ anyi o. Ame aɖeke magakpe fu le ame bubuwo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta o. Lododowo 10:30 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔewo maʋã akpɔ o tegbee, ke ame vɔ̃ɖiwo matsi anyigba dzi o.”

Woana Amewo Naganɔ Lãmesẽ Deblibo Me

6, 7. (a) Nusi nye vevesese gã kae Fiaɖuƒedziɖuɖua aɖe ɖa? (b) Aleke Yesu ɖe esia fia le eƒe anyigbadzinɔɣie?

6 Le nuɖoanyi yeyea me la, woaɖe nu gbegblẽ siwo katã aglãdzedze gbãtɔ he vɛ la ɖa keŋkeŋ. Le kpɔɖeŋu me, Fiaɖuƒedziɖuɖua aɖe dɔléle kple amegãkuku ɖa. Egbea, ne èle lãmesẽ me hã la, nublanuinya si dzɔnae nye be ne èle tsitsim ko wò ŋkuwo nanɔ tsítsim, wò aɖuwo nanɔ tutum, wò to nanɔ kukum, wò ŋutigbalẽ nanɔ ayi lém, eye ŋusẽ nanɔ vɔvɔm le wò ameti bliboa ŋu, vaseɖe esi nàku.

7 Gake esusɔ vie ko nublanuinu mawo siwo ƒe dome míenyi tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ la nu ayi. Èɖo ŋku nusi Yesu wɔ fia ku ɖe lãmesẽ ŋu le eƒe anyigbadzinɔɣi dzia? Biblia gblɔ be: “Ameha geɖewo va egbɔ; eye wokplɔ tekunɔwo, ŋkuagbãtɔwo, ame glɔmɔ̃wo kple dɔléla bubu ƒomevi geɖewo ɖe asi vɛ, eye wotsɔ wo da ɖe eƒe afɔ nu; eye wòda gbe le wo ŋu. Esi ameha la kpɔ bena, aɖetututɔwo le nu ƒom, ame glɔmɔ̃wo le dzɔdzɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm la, woƒe mo wɔ yaa, eye wokafu Israel ƒe Mawu la.”—Mateo 15:30, 31.

8, 9. Ƒo nu tso dzidzɔkpɔkpɔ si anɔ xexe yeyea me ne wogbugbɔ lãmesẽ deblibo na amewo la ŋu.

8 Dzidzɔkpɔkpɔ gã kae nye si anɔ anyi le xexe yeyea me esime woaɖe míaƒe dɔlélewo katã ɖa! Míagakpe fu le lãmegbegblẽ ta akpɔ o. “Duametɔ aɖeke magblɔ be, yele dɔ lém o.” “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.”—Yesaya 33:24; 35:5, 6.

9 Ðe manye dzidzɔ gã be nàkpɔe ŋdi ɖesiaɖe si nàfɔ be yeƒe lãme sẽ nyuie oa? Ðe madzɔ dzi na ame tsitsiwo be woanya be ɖekakpuimeŋusẽ blibo ɖo yewo ŋu eye yewoava ɖo blibodede si nɔ Adam kple Xawa si le gɔmedzedzea me gbɔ oa? Biblia do ŋugbe be: “Dzo aɖo eƒe lãme abe ɖekakpui ene, eye wòagaɖo eƒe ɖekakpuiŋkekewo me.” (Hiob 33:25) Dzidzɔ gã kae nye si wòanye be nàtsɔ gaŋkui mawo, ka mawo siwo nèdea to me tsɔ sea nui, atitɔɖeŋu mawo, bunɔwo ƒe keke mawo, kple atikewo katã aƒu gbe! Kɔdziwo, ɖɔktawo, kple aɖuwɔlawo magahiã akpɔ o.

10. Nukae adzɔ ɖe ku dzi?

10 Amesiwo ŋu agbe le nenema madi gbeɖe be yewoaku o. Eye womaku hã o, elabena ameƒomea maganɔ blibomademade kple ku siwo ƒe dome míenyi la ƒe ŋusẽ te akpɔ o. Kristo “[aɖu] fia, halase esime woatsɔ eƒe futɔwo katã ade eƒe afɔ te. Futɔ mamletɔ, si woaɖe ɖa la, enye ku.” “Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ.”—Korintotɔwo I, 15:25, 26; Romatɔwo 6:23; kpɔ Yesaya 25:8 hã.

11. Aleke Nyaɖeɖefia ƒo nu tso nu nyui siwo anɔ xexe yeyea me la ŋui kpuie?

11 Esi Biblia ƒe agbalẽ mamlea nɔ nu ƒom tso yayra siwo atso Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame gbɔ na ameƒomea le Paradisoa me ŋu la, egblɔ kpuie ko be: “Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Ame Kukuwo Atrɔ Gbɔ

12. Aleke Yesu ɖe ame kukuwo fɔfɔ ɖe tsitre ƒe ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ la fiae?

12 Menye dɔnɔwo kple nuwɔametɔwo ŋu koe Yesu da gbe le o. Efɔ amesiwo le yɔdo me la hã ɖe tsitre. Le esia wɔwɔ me la, eɖe tsitretsitsiŋusẽ wɔnuku si Mawu tsɔ nɛ la fia. Èɖo ŋku ɣeyiɣi si me Yesu va ŋutsu si vinyɔnu ku la ƒeme dzia? Yesu gblɔ na nyɔnuvi kukua be: “Nyɔnuvi, mele egblɔm na wò bena: Tsi tre!” Eye nukae dzɔ? “Eye enumake nyɔnuvi la tsi tre, eye wòzɔ azɔli.” Esi amesiwo nɔ afima kpɔe la, “wolulu ŋutɔ.” Dzi si dzɔ wo la wu gbɔgblɔ!—Marko 5:41, 42; kpɔ Luka 7:11-16; Yohanes 11:1-45 hã.

13. Amekawo ƒomevie woafɔ ɖe tsitre?

13 Le xexe yeyea me la, “tsitretsitsi [anɔ anyi] na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ɣemaɣi Yesu azã ŋusẽ si Mawu tsɔ nɛ be wòatsɔ afɔ ame kukuwo ɖe tsitre la, abe alesi wògblɔe ene be: “Nyee nye tsitretsitsi la kple agbe la; amesi xɔa dzinye sena la, ne eku hã la, anɔ agbe.” (Yohanes 11:25) Egblɔ hã be: “Amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me [amesiwo le ŋku dzi na Mawu] la, woase [Yesu ƒe] gbe, eye woado go.”—Yohanes 5:28, 29, New World Translation.

14. Esi ku maganɔ anyi o ta la, nukawoe woaɖe ɖa?

14 Dzidzɔ gãe wòanye le anyigba la katã dzi esime ame kukuwo ƒe hatsotso siwo kplɔ wo nɔewo ɖo atrɔ agbɔ va agbe me ava awɔ ɖeka kple woƒe lɔlɔ̃tɔwo! Kugbeƒãɖeɖewo maganɔ nyadzɔdzɔgbalẽwo me anɔ nuxaxa dom na agbagbeawo o. Ke boŋ nusi to vovo na ema kurae ate ŋu adzɔ: be amesiwo gafɔ ƒe tsitretsitsie woaŋlɔ ɖe wo me be wòanye dzidzɔ na woƒe lɔlɔ̃tɔwo. Eyata kunuwɔwɔwo, nake si dzi wotɔa dzo ame kukuwo ɖo, dzotɔamekukuƒewo, alo ameɖibɔwo maganɔ anyi o!

Xexe si me Ŋutifafa Le Nyateƒe

15. Aleke Mixa ƒe nyagblɔɖia ava eme bliboe?

15 Ŋutifafa anɔ agbe ƒe akpa ɖesiaɖe. Aʋawɔwɔwo, amesiwo dɔa aʋa, kple aʋawɔtuwo wɔwɔ azu gbaɖegbenyawo. Nukatae? Elabena dukɔmevinyenye, to si me tɔe wonye, kple ŋutigbalẽ ƒe vovototo dede ame me siwo hea mamã vɛ maganɔ anyi o. Ekema le gɔmesese deblibo nu la, “dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o.”—Mixa 4:3.

16. Aleke Mawu le ewɔ gee be aʋa magadzɔ akpɔ o?

16 Aɖi nukunya le to me na mí le amegbetɔ ƒe ʋukɔkɔɖiŋutinya si me wonɔ aʋa dzi le ɣesiaɣi la ta. Gake esi ameƒomea le amegbetɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe dziɖuɖu te tae wòle nenema ɖo. Le xexe yeyea me, le Fiaɖuƒedziɖuɖua te la, nusi ava emee nye si: “Miva kpɔ Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, . . . amesi tsia aʋawɔwɔwo nu vaseɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!”—Psalmo 46:9, 10.

17, 18. Ŋutifafa kae woana wòagaɖo lãwo kple amegbetɔwo dome le xexe yeyea me?

17 Amegbetɔ kple lãwo anɔ ŋutifafa me, abe alesi wonɔ le Eden ene. (Mose I, 1:28; 2:19) Mawu gblɔ be: “Ɣemaɣi la mabla nu kple gbemelãwo, dziƒoxewo kple nusiwo tana le anyigba dzi, eye . . . mana woanɔ anyi bɔkɔɔ.”—Hosea 2:18.

18 Afikae ŋutifafa ma akeke ɖe enu ase ɖo? “Amegãxi anɔ alẽvi gbɔ, lãkle atsyɔ akɔ ɖe gbɔ̃vi gbɔ, nyivi, dzata kple nyi dami woanɔ wo nɔewo gbɔ, eye ŋutsuvi sue aɖe akplɔ wo.” Lãwo maganye afɔku na ame kple na wo nɔewo o. Kura gɔ̃ hã, “dzata aɖu gbe abe nyi ene”!—Yesaya 11:6-9; 65:25.

Anyigba la Atrɔ Azu Paradiso

19. Nukae woatrɔ anyigba la wòazu?

19 Anyigba bliboa katã atrɔ zu paradisoƒe na ameƒomea. Eyatae Yesu do ŋugbe na ŋutsu aɖe si xɔ edzi se be: “[Ànɔ] Paradiso la me kplim.” Biblia gblɔ be: “Gbegbe kple gbedadaƒo akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene. . . . Elabena tɔ ŋɔ tso gbegbe, eye tɔʋu tso tagba.”—Luka 23:43; Yesaya 35:1, 6.

20. Nukatae dɔwuame magaɖe fu na ameƒomea akpɔ gbeɖe o?

20 Le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, dɔwuame magaɖe fu na ame miliɔnwo akpɔ o. “Bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” “Gbemeti atse ku, anyigba awɔ nu, eye woanɔ woƒe anyigba dzi aɖe dzi ɖi.”—Psalmo 72:16; Xezekiel 34:27.

21. Nukae adzɔ ɖe aƒemanɔamesi, aƒe madeamedziwo, kple nuto siwo me nuvlowɔwɔ bɔ ɖo la dzi?

21 Ahedada, aƒemanɔamesi, aƒe madeamedziwo, alo nuto siwo me nuvlowɔwɔ xɔ aƒe ɖo maganɔ anyi o. “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ.”—Yesaya 65:21, 22; Mixa 4:4.

22. Aleke Biblia ƒo nu tso Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe yayrawo ŋui?

22 Woatsɔ nusiawo katã kpakple bubu geɖewo ayra amewoe le Paradisoa me. Psalmo 145:16 gblɔ be: “[Wò Mawu,] èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖi ƒo na woe.” Mewɔ nuku o be Biblia ƒe nyagblɔɖi gblɔ be: “Ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti. . . . Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:11, 29.

Nusiwo Gblẽ Va Yi la Dzadzraɖo

23. Aleke Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖe fu siwo katã míekpe va yi la ɖae?

23 Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu adzra nusiwo wogblẽ le ameƒomea ŋu le ƒe akpe ade siwo va yi me la ɖo. Dzidzɔ siwo woakpɔ ɣemaɣi agbɔ fu ɖesiaɖe si amewo kpe kpɔ va yi la ŋu ayi sãa. Womagaɖo ŋku fu siwo wokpe va yi dzi wòanye vevesese na ame ahaɖe fu na woƒe agbenɔnɔ o. Tamesusu kple dɔwɔna tuameɖo siwo ayi edzi gbesiagbe ana woanɔ veve mawo ŋlɔm be vivivi.

24, 25. (a) Nukae Yesaya gblɔ ɖi be adzɔ? (b) Nukatae míate ŋu aka ɖe edzi be míaŋlɔ fu siwo míekpe va yi la be?

24 Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame la gblɔ be: “Mawɔ dziƒo yeye [dziƒodziɖuɖu si aɖu ameƒomea dzi] kple anyigba yeye [amewo ƒe habɔbɔ dzɔdzɔe], eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti.” “Anyigba blibo la gbɔ ɖe eme bɔkɔɔ, wode asi aseyetsotso me.”—Yesaya 14:7; 65:17, 18.

25 Eyata Mawu ato eƒe Fiaɖuƒea dzi aɖɔ nɔnɔme gbegblẽ siwo katã nɔ anyi ɣeyiɣi didi sia gbegbe la ɖo. Tso mavɔ me yi mavɔ me la, aɖe eƒe lɔlɔ̃ gã la afia mí eye wòadudu yayra siwo gbɔ fu siwo katã míekpe va yi dometɔ ɖesiaɖe le míaƒe agbenɔnɔ me ŋu la aƒo ɖe mía dzi. Ƒã hafi ɣemaɣi míaɖo ŋku fu siwo míekpe va yi dzi, eye ne míedi be míaɖo ŋku wo dzie nye ma.

26. Nukatae Mawu aɖe fu siwo míekpe va yi la ɖa?

26 Nenemae Mawu aɖe fu siwo míekpe le xexe sia me ɖa eye wòawɔ nu nyui geɖe na míe nye ma. Enya be menye míaƒe vodadae wònye be wodzi mí ame madeblibowoe o, elabena mía dzila gbãtɔwo gbɔe míenyi eƒe dome tsoe. Menye míaƒe vodadae be wodzi mí ɖe Satana ƒe xexeame o, elabena ne ɖe Adam kple Xawa wɔ nuteƒe la, anye ne paradiso me boŋ ye woadzi mí ɖo hafi. Eyata le Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ gã me la, nusi wòawɔ na mí la agbɔ nusiwo katã wogblẽ le mía ŋu va yi la ŋu sãa.

27. Nyagblɔɖi kawoe ava eme nukutɔe le xexe yeyea me?

27 Le xexe yeyea me la, ameƒomea akpɔ ablɔɖe si ƒe nya wogblɔ ɖi ɖe Romatɔwo 8:21, 22 la, be: “Woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me. Elabena míenya bena, nuwɔwɔ blibo la katã le ŋeŋem, eye fu le eɖum vaseɖe fifi.” Ekema amewo akpɔ gbedodoɖa sia me vava blibo: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!” (Mateo 6:10) Nɔnɔme siwo le dziƒo adze le Paradisoa me nɔnɔme wɔnukuwo me.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 23]

Le xexe yeyea me la, ɖekakpuimeŋusẽ agaɖo ame tsitsiwo ŋu

[Nɔnɔmetata siwo le axa 24]

Woaɖe dɔléle kple nuwɔame ɖesiaɖe ɖa le xexe yeyea me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 25]

Woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre le xexe yeyea me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

“Womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o”

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Amegbetɔwo kple lãwo anɔ ŋutifafa blibo me le Paradiso me

‘Mawu aʋu eƒe asi me eye woatsɔ nugbagbewo katã ƒe nudidi aɖi ƒo na woe’

[Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na mí la agbɔ fu siwo katã míekpe kpɔ la ŋu ayi sãa

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe