Akpa 11
Wole Xexeme Yeyea Ƒe Gɔmeɖoanyi Ðom Fifia
1, 2. Le Biblia ƒe nyagblɔɖi me vava me la, nukae le dzɔdzɔm le mía ŋutɔwo ŋkume?
NU BUBU si hã wɔ nukue nye be wole Mawu ƒe xexeme yeyea gɔme ɖom anyi fifi laa, le ɣeyiɣi si me Satana ƒe xexe xoxoa le kakam la me. Yehowa le amewo nu ƒom ƒu tso dukɔwo katã dome eye wòtsɔ wo le anyigba dzi habɔbɔ yeye si ava axɔ ɖe egbexexe sia si me ɖekawɔwɔ mele o la teƒe kpuie la gɔme ɖomee mía ŋutɔwo míele kpɔkpɔm. Woyɔ amewo ƒe habɔbɔ sia le Biblia me le Petro II, 3:13 be, “anyigba yeye.”
2 Biblia ƒe nyagblɔɖi gblɔ hã be: “Ava me le ŋkeke mlɔeawo [ɣeyiɣi si me míele fifia] me be, . . . dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: Mina míayi Yehowa ƒe to la, [eƒe tadedeagu vavãtɔ] . . . gbɔ, ne wòafia nu mí le eƒe mɔ wo ŋu, eye míazɔ eƒe toƒewo.”—Yesaya 2:2-3.
3. (a) Amekawo domee Yesaya ƒe nyagblɔɖia le eme vam le? (b) Aleke Biblia ƒe agbalẽ mamlea ƒo nu tso esia ŋui?
3 Nyagblɔɖi ma le eme vam fifia le amesiwo bɔbɔa wo ɖokui zɔa ‘Mawu ƒe mɔwo eye wotoa eƒe afɔtoƒewo’ la dome. Biblia ƒe agbalẽ susɔea ƒo nu tso dukɔwo dome amewo ƒe habɔbɔ sia siwo nye ŋutifafalɔ̃lawo ŋu be wonye “ameha gã, si, . . . tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me,” wonye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si subɔa Mawu le ɖekawɔwɔ me vavã. Eye Biblia gblɔ hã be: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me.” Egɔmee nye be woatsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Mateo 24:3.
Dukɔwo Dome Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Vavã Aɖe
4, 5. Nukae na Yehowa Ðasefowo te ŋu nye nɔviwo ƒe habɔbɔ le xexeame katã?
4 Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe dzea agbagba vevie be yewoanɔ agbe ɖe Mawu ƒe nufiame kple eƒe mɔwo nu. Mɔkpɔkpɔ like le wo si be yewoanɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexeme yeyea me. Woɖenɛ fiaa Mawu le alesi wonɔa agbee le toɖoɖo eƒe sewo me be yewolɔ̃ faa be yewoabɔbɔ yewo ɖokui ɖe mɔ si nu wòɖua dzi ɖo fifia kple le xexe yeyea me la te. Wo katã wowɔna ɖe dzidzenu ɖeka siwo Mawu ɖo ɖe eƒe Nya la me dzi le afisiafi, eɖanye dukɔ ka me tɔwoe wonye o alo ŋutigbalẽ ƒe amadede kae le wo ŋu o. Eyatae wonye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã ɖo, wonye Mawu ƒe xexeme yeye ƒe habɔbɔ si wòle ɖoɖom anyi.—Yesaya 54:13; Mateo 22:37, 38; Yohanes 15:9, 14.
5 Yehowa Ðasefowo mekafua wo ɖokui be yewo ŋutɔwoe dze agbagba ɖo xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ tɔxɛ sia anyi o. Wonya be Mawu ƒe gbɔgbɔ triakɔ la ƒe dɔwɔwɔ ɖe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe eƒe sewo te gbɔe wòtso. (Dɔwɔwɔwo 5:29, 32; Galatiatɔwo 5:22, 23) Mawu ƒe dɔwɔwɔe. Abe alesi Yesu gblɔe ene la, “nusiwo womate ŋu awɔ le amegbetɔwo gbɔ o la, woate ŋu awɔe le Mawu gbɔ.” (Luka 18:27) Eyata Mawu si na xexeame si li tso mavɔ me yi mavɔ me la li lae nye amesi na xexeme yeye habɔbɔa ƒe anyinɔnɔ mavɔ la hã li.
6. Nukatae woate ŋu ayɔ Yehowa Ðasefowo ƒe nɔviwɔwɔ la be egbegbenukunu?
6 Eyata woate ŋu akpɔ alesi Yehowa aɖu dzii le xexe yeyea me la xoxo le nusiwo wòna wole dzɔdzɔm le xexeme yeye ƒe gɔmeɖoanyi si ɖom wòle fifia la me. Eye le gɔmesese aɖe nu la, nusi wòwɔ na eƒe Ðasefowo la nye egbegbenukunu. Nukatae? Elabena ena Yehowa Ðasefowo katã nye xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã, esi tɔgbe dukɔmevinyenye, ŋutigbalẽ, alo subɔsubɔha ƒe mamãwo mate ŋu agbã gbeɖe o. Togbɔ be Ðasefowo de miliɔn geɖe eye wole anyigba siwo wu 200 dzi hã la, wowɔ ɖeka abe nublaka matsomatso aɖee wotsɔ bla woe ene. Xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ sia, si nye etɔxɛ le ŋutinya katã me la nye egbegbenukunu vavã—Mawu ƒe dɔwɔwɔe.—Yesaya 43:10, 11, 21; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Galatiatɔwo 3:28.
Si Dzedze Mawu ƒe Amewo
7. Aleke Yesu gblɔ be woawɔ akpɔ ye yomedzelawo adze sii?
7 Nuka hãe woagate ŋu akpɔ atsɔ ade dzesi amesiwo zãm Mawu le be woanye yeƒe xexeme yeyea ƒe gɔmeɖoanyi? Enyo, amekawoe wɔna ɖe Yesu ƒe nya siwo le Yohanes 13:34, 35 me la dzi? Egblɔ be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le le mia dome.” Yehowa Ðasefowo xɔ Yesu ƒe nyawo dzi se eye wonɔa agbe ɖe wo nu. Abe alesi Mawu ƒe Nya la fiae woe ene la, ‘wolɔ̃a wo nɔewo vevie.’ (Petro I, 4:8) ‘Wodoa lɔlɔ̃, elabena enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.’ (Kolosetɔwo 3:14) Eyata nɔvilɔlɔ̃e nye “aŋe” si lé wo ɖe wo nɔewo ŋu le xexeame katã.
8. Aleke Yohanes I, 3:10-12 gade dzesi Mawu ƒe amewoe?
8 Yohanes I, 3:10-12 hã gblɔ be: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃ nɔvia o la, metso Mawu me o. Elabena esiae nye gbedasi, si miese tso gɔmedzedzea me la, bene míalɔ̃ mía nɔewo; menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.” Eyata Mawu ƒe amewo nye ŋutasẽnumawɔlawo ƒe xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ.
Dzesi Bubu
9, 10. (a) Dɔ kae ade dzesi Mawu subɔlawo le ŋkeke mamle siawo me? (b) Aleke Yehowa Ðasefowo wɔ ɖe Mateo 24:14 me nyawo dzii?
9 Mɔ bubu aɖe hã li si dzi woato akpɔ Mawu subɔlawo adze sii. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe xexeame ƒe nuwuwu ŋuti me la, egblɔ nu geɖe siwo ade dzesi ɣeyiɣi sia be enye ŋkeke mamleawo. (Kpɔ Akpa 9.) Nyagblɔɖi sia ƒe akpa vevi aɖe dze le eƒe nya siwo le Mateo 24:14 me be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo katã le xexe blibo la me katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”
10 Ðe míekpɔ nyagblɔɖi sia me vavaa? Ẽ. Tso esime ŋkeke mamleawo dze egɔme le ƒe 1914 me ke la, Yehowa Ðasefowo ɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia le xexe bliboa katã me le mɔ si Yesu gblɔ la nu, esi nye le amewo ƒe aƒewo me. (Mateo 10:7, 12; Dɔwɔwɔwo 20:20) Ðasefo miliɔn geɖe yia amewo gbɔ be woaƒo nu na wo tso xexeme yeyea ŋu le dukɔ ɖesiaɖe me. Eyae na nète ŋu kpɔ agbalẽ sia xɔ, elabena Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ƒe akpa aɖee nye agbalẽ siwo ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti la ƒe biliɔn geɖewo tata kple wo mamã. Ðe nènya ame bubu aɖewo siwo hã ɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea tso aƒeme yi aƒeme le xexeame katãa? Eye Marko 13:10 fia be ele be woawɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔ sia “gbãgbiagbã” hafi nuwuwua nava.
Nyaʋiʋli Gãtɔ Evelia Ŋuɖoɖo
11. Nuka hãe Yehowa Ðasefowo ƒe wo ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu ƒe dziɖulanyenye te wɔ?
11 Yehowa Ðasefowo wɔa nu bubu hã le wo ɖokui bɔbɔ ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo te me: Woɖenɛ fiana be aʋatsoe Satana ka esi wògblɔ be amegbetɔwo mate ŋu awɔ nuteƒe na Mawu le dodokpɔ me o, eye esia nye nyaʋiʋli gãtɔ evelia, si ku ɖe amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu la ƒe ŋuɖoɖo. (Hiob 2:1-5) Esi Ðasefowo nye ame miliɔn siwo tso dukɔwo katã me ƒe habɔbɔ ta la, woɖea woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe dziɖuɖu la fiana abe ƒuƒoƒo ɖeka ene. Togbɔ be wonye amegbetɔ madeblibowo hã la, wodea Mawu dzi le xexeame katã ƒe fianyenye ƒe nyaʋiʋlia me togbɔ be wotoa Satana ƒe amemiamiãwo me gake.
12. Amekawoe Ðasefowo srɔ̃na le xɔse si le wo si la me?
12 Egbea, Yehowa Ðasefo miliɔn geɖe siawo tsɔa woƒe ɖaseɖiɖi kpena ɖe ɖasefo gbogbo bubu siwo nɔ anyi le blema siwo ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu dzi la tɔ ŋu. Ame mawo dometɔ ʋee aɖewoe nye Abel, Noa, Hiob, Abraham, Sara, Isak, Yakob, Debora, Rut, Dawid, kple Daniel. (Hebritɔwo, ta 11) Abe alesi Biblia gblɔe ene la, wonye ‘ɖasefo nuteƒewɔlawo ƒe alilikpo gã aɖe.’ (Hebritɔwo 12:1) Amesiawo kple ame bubu siwo me Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã le la wɔ nuteƒe na Mawu. Eye Yesu ŋutɔ ɖo nuteƒewɔwɔ si de blibo ƒe kpɔɖeŋu gãtɔ kekeake ɖi.
13. Nya kae Yesu gblɔ tso Satana ŋu si nye nyateƒe?
13 Esia ɖee fia be nusi Yesu gblɔ tso Satana ŋu na subɔsubɔhakplɔlawo la nye nyateƒe be: “Ke azɔ la miedi be, yewoawum, nye amesi gblɔ nyateƒe, si mese tso Mawu gbɔ la, na mi; . . . Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ. Eya la amewula wònye tso gɔmedzedzea me, eye mele tsitre ɖe nyateƒe la me o, elabena nyateƒe mele eyama me o. Ne ele aʋatso kam la, eƒoa nu tso eya ŋutɔ ɖokui me, elabena aʋatsokala kple aʋatsokafofo wònye.”—Yohanes 8:40, 44.
Nukae Nàtia?
14. Nukae le dzɔdzɔm ɖe xexeme yeyea ƒe gɔmeɖoanyi dzi fifia?
14 Gɔmeɖoanyi si Mawu tsɔ dukɔwo dome habɔbɔ si nye Yehowa Ðasefowo le ɖoɖomee la le ŋusẽ kpɔm ɖe edzi ɖaa. Ame akpe alafa geɖe le woƒe lɔlɔ̃nu faa ƒe tiatia si wotu ɖe sidzedze vavãtɔ dzi la wɔm tsɔ le Mawu ƒe dziɖuɖua xɔmee ƒe sia ƒe. Wova zua xexeme yeyea ƒe habɔbɔ me tɔwo, woʋlia Mawu ƒe akpa dzi le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaʋiʋlia me, eye woɖoa kpe edzi be aʋatsokalae Satana nye.
15. Memamãdɔ ka wɔm Yesu le le míaƒe ŋkekea me?
15 Esi wotia be yewoanɔ Mawu ƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi ta la, wodze be woanɔ Kristo ƒe “nuɖusi me” le “alẽwo” mamã tso “gbɔ̃wo” gbɔ ƒe dɔ si wɔm wòle me. Le Yesu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋkeke mamleawo ŋu me la, egblɔ ɖi be: “Woaƒo dukɔwo katã nu ƒu ɖe eƒe ŋku me, eye wòamã wo me atso wo nɔewo gbɔ, abe alesi alẽkplɔlawo mãa alẽwo kple gbɔ̃wo mee ene; eye wòatsɔ alẽwo aɖo eƒe nuɖusi me, ke atsɔ gbɔ̃wo aɖo eƒe mia me.” Alẽawoe nye ɖokuibɔbɔla siwo dea ha kple Kristo nɔviwo eye wokpena ɖe wo ŋu, hebɔbɔa wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu te. Gbɔ̃awoe nye dzimesesẽtɔ siwo gbea Kristo nɔviwo eye womewɔa naneke tsɔ kpea asi ɖe Mawu ƒe dziɖuɖua ŋu o. Nukae adzɔ ɖe wo dzi? Yesu gblɔ be: “Woawo la [gbɔ̃awo] woayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la [alẽawo] woayi ɖe agbe mavɔ la me.”—Mateo 25:31-46.
16. Nukae wòle be nàwɔ ne èdi be yeanɔ Paradiso si gbɔna la me?
16 Le nyateƒe me la, Mawu tsɔa ɖe le mía me! Eteƒe madidi kura o, ana anyigba la nazu paradiso dzeani aɖe. Èdi be yeanɔ Paradiso ma mea? Ne èdii la, ekema srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu eye nàwɔ ɖe nusiwo nèsrɔ̃ la dzi atsɔ aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu afiae. “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe. Ame vɔ̃ɖi la neɖe asi le eƒe mɔ ŋu, eye nu vlo wɔla neɖe asi le eƒe susuwo ŋu, ne wòatrɔ ɖe Yehowa ŋu, ekema akpɔ nublanui nɛ, eye wòatrɔ ɖe mía Mawu ŋu, elabena etsɔa nuvɔ̃ kena geɖe.”—Yesaya 55:6, 7.
17. Nukatae mele be nàgblẽ ɣeyiɣi le amesi nàsubɔ la tiatia me o?
17 Ɣeyiɣi meli nàgblẽ o. Xexe xoxo sia ƒe nuwuwu tu aƒe ŋutɔ. Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. . . . Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:15-17.
18. Agbenɔnɔ kae ana nàte ŋu atsɔ kakaɖedzi anɔ mɔ kpɔm na Mawu ƒe nukuxexeme yeyea me nɔnɔ?
18 Wole Mawu ƒe amewo hem fifia ɖe agbe mavɔ nɔnɔ le xexe yeyea me ŋu. Wole gbɔgbɔmehehe kple aɖaŋu bubu siwo hiã hena anyigba la wɔwɔ paradisoe la srɔ̃m. Míele dzi dem ƒo na wò vevie be nàtia Mawu wò Dziɖulae eye nàkpe asi ɖe agbeɖeɖedɔ si wòna wole wɔwɔm fifia le anyigba la katã dzi la ŋu. Srɔ̃ Biblia kple Yehowa Ðasefowo, eye nàva nya Mawu si tsɔa ɖe le eme na wò nyateƒe si ahe fukpekpe ƒe nuwuwu vɛ la. Ne èwɔ esia la, wò hã àte ŋu anɔ amesiwo ɖom wole be woanye xexeme yeyea ƒe gɔmeɖoanyi la dome. Ekema àte ŋu atsɔ kakaɖedzi akpɔ mɔ na Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple agbe mavɔ nɔnɔ le xexe yeye wɔnuku ma me.
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Yehowa Ðasefowo nye dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ vavã aɖe
[Nɔnɔmetata si le axa 32]
Wole Mawu ƒe xexeme yeyea ƒe gɔmeɖoanyi ɖom fifia