INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • T-22 axa 2-4
  • Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?
  • Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xexeame ƒe Nɔnɔmewo Fia Asii na Mí
  • Woɖe Xexeame ƒe Dziɖulawo Fia
  • Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu
  • Dziɖula Siwo Le Gbɔgbɔmenutowo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔmeŋusẽ Vɔ̃ɖiwo Ŋu
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Gbɔgbɔmenuwɔwɔwo—Alesi Wokpɔa Ŋusẽ Ðe Mía Dzii
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nukae Nye Mawu ƒe Tameɖoɖo na Anyigba La?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?
T-22 axa 2-4

Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum?

Ame geɖe atsɔ nya ɖeka ko aɖo biabia si le etame la ŋu be—Mawue. Gake enye nusi ɖe dzesi be Biblia la megblɔ le afi aɖeke be Yesu Kristo alo Fofoa ye nye xexeme sia dzi ɖulawo ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ Yesu gblɔ be: “Woatsɔ xexe sia me fia la aƒu gbe.” Eye wògblɔ kpee be: “Xexeamefia gbɔna, eye mekpɔ naneke le ŋunye o.—Yohanes 12:31; 14:30; 16:11.

Eyata xexeme sia ƒe dziɖula la tsi tre ɖe Yesu ŋu. Eyae nye ameka?

Xexeame ƒe Nɔnɔmewo Fia Asii na Mí

Togbɔ be amegbetɔ siwo ɖo tame nyui le agbagba dzem hã la, xexeame kpe fu ŋutɔ le ŋutinya katã me. Esia naa amesiwo bua tame biana, abe alesi nuŋɔŋlɔmetola David Lawrence si megali o la bia ene, be: “‘Ŋutifafa le anyigba dzi’—amesiame kloe le edim. ‘Ŋudzedze nyui kpɔkpɔ ɖe amegbetɔwo ŋu’—ele xexemedukɔwo katã kloe me ɖe wo nɔewo ŋu. Ke nukae dzɔ? Nukatae vɔvɔ̃ Ii be woawɔ aʋa togbɔ be nusi amewo di le ememe la to vovo gake?”

Medze abe nusi tsi tre ɖe nɔnɔmea ŋu ene oa? Togbɔ be nusi amewo di le dzɔdzɔme nue nye be yewoanɔ anyi le ŋutifafa me hã la, nusi bɔe nye be woléa fu wo nɔewo hewua wo nɔewo—eye wowɔnɛ kple adã ale gbegbe. Bu ŋutasẽnu dziŋɔ siwo wosẽ tame wɔ wògbɔ eme la ŋu kpɔ. Amegbetɔwo zã aɖiyaxɔwo, fuwɔamegaxɔwo, tu siwo me dzo dona le, bɔmb siwo tɔa dzo nu, kple nu vɔ̃ɖi bubuwo tsɔ fia fu wo nɔewo hewu wo nɔewo nublanuimakpɔmakpɔe.

Èxɔe se be amegbetɔ siwo dzrom ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ le la ate ŋu awɔ nu vɔ̃ɖi dziŋɔ mawo ɖe ame bubuwo ŋu le wo ɖokui sia? Nukawoe ʋãa amewo be woawɔ nu nyɔŋu mawo alo nana wova nɔa nɔnɔme siwo me wosenɛ le be ele be yewoawɔ ŋutasẽnuwo la me? Èbia ɖokuiwò se kpɔ be ɖewohĩ ŋusẽ vɔ̃ɖi makpɔmakpɔ aɖee le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo dzi be woawɔ ŋutasẽnu mawoa?

Woɖe Xexeame ƒe Dziɖulawo Fia

Mehiã be míagblɔ nya aɖe kpɔ ko o, elabena Biblia la ɖee fia kɔte be nunyala makpɔmakpɔ aɖe le ŋusẽ kpɔm ɖe amewo kple dukɔwo siaa dzi. Egblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” Eye Biblia ɖe amesi wònye la fia esime wògblɔ be: “[Amesi] woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la.”—Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9.

Ɣeaɖeɣi esi ‘Abosam te’ Yesu ‘kpɔ’ la, Yesu megblɔ be menye Satanae nye xexeme sia dzi ɖula o. Biblia la ɖe nusi dzɔ la me be: “Abosam gakplɔe heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi, eye wòɖe xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae; eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nu siawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam. Tete Yesu gblɔ nɛ bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana!”—Mateo 4:1, 8-10.

Bu esia ŋu kpɔ. Satana te Yesu kpɔ esi wògblɔ be yeatsɔ “xexeame fiaɖuƒewo katã” nɛ. Gake ne ɖe Satana menye fiaɖuƒe siawo ƒe dziɖula ŋutɔŋutɔ o la, ɖe nusi wògblɔ be yeatsɔ na Yesu la anye tetekpɔ ŋutɔŋutɔa? Ao. Eye de dzesii be Yesu megblɔ be xexemedziɖuɖu siawo katã menye Satana tɔ o; agblɔ esia ne ɖe Satana mekpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi o. Eyata Satana Abosam ye nye xexeame ƒe dziɖula si womekpɔna o la ŋutɔŋutɔ! Le nyateƒe me la, Biblia la yɔe be “xexe sia me mawu.” (Korintotɔwo II, 4:4) Gake aleke wòdzɔe be ŋusẽtɔ ƒe nɔƒe sia su ame vɔ̃ɖi sia si?

Mawudɔla si Mawu wɔ ye amesi va zu Satana la nye, gake Mawu ƒe nɔƒe la va biã ŋu nɛ. Etɔ gbe Mawu ƒe dziɖulanyenye si dze la. Be wòawɔ esia la, eƒo nu to da dzi heble nyɔnu gbãtɔ Xawa, eye wòto ema dzi na Xawa kple srɔ̃a Adam wowɔ nusi wògblɔ tsɔ wu be woaɖo to Mawu. (Mose I, 3:1-6; Korintotɔwo II, 11:3) Egblɔ hã be yeate ŋu ana Adam kple Xawa ƒe dzidzimevi siwo katã womedzi haɖe o la natrɔ le Mawu yome. Eyata Mawu na ɣeyiɣi Satana be wòatsɔ adze agbagba aɖo kpe nya si wògblɔ la dzi, gake Satana mete ŋu wɔe wòdze dzi o.—Hiob 1:6-12; 2:1-10.

Enye nusi ɖe dzesi be menye Satana ɖeka koe le xexeame dzi ɖum o. Ete ŋu ble mawudɔla bubu aɖewo be wowɔ ɖeka kplii le aglãdzedze ɖe Mawu ŋu me. Amesiawo va zu gbɔgbɔ vɔ̃wo, kple eƒe gbɔgbɔ me nuvɔ̃wɔhatiwo. Biblia la ƒo nu tso wo ŋu esime wòde dzi ƒo na Kristotɔwo be: “[Minɔ] te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu; elabena míele kame tem kple ʋu kpakple ŋutilã o, ke boŋ mía kple . . . xexe sia me fia, siwo le fifi viviti sia me kpakple vɔ̃ɖinyenye ƒe gbɔgbɔ, siwo le dziƒonutowo me lae le kame tem.”—Efesotɔwo 6:11, 12.

Tsi Tre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu

Xexeamedziɖula vɔ̃ɖi makpɔmakpɔ siawo ɖoe kplikpaa be yewoaflu ameƒomea katã ana woate ɖa le Mawu ƒe tadedeagu ŋu. Mɔ siwo dzi gbɔgbɔ vɔ̃wo tona wɔa esia la dometɔ ɖekae nye be wonaa agbenɔnɔ le ku megbe ƒe susua xɔa aƒe ɖi togbɔ Mawu ƒe Nya la ɖee fia kɔte be ame kukuwo menya naneke o gake. (Mose I, 2:17; 3:19; Xezekiel 18:4; Psalmo 146:3, 4; Nyagblɔla 9:5, 10) Eyata gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe si le amesi ku ƒe gbe srɔ̃m la aƒo nu kple amea ƒe ƒometɔ alo xɔlɔ̃ siwo le agbe la to ŋɔliyɔla loo alo “gbe” aɖe si womakpɔ amesi tɔ wònye o la dzi. “Gbe” la ƒoa nu abe amesi ku lae wònye ene, gake le nyateƒe me la, gbɔgbɔ vɔ̃e!

Eyata ne èse “gbe” ma tɔgbe la, mègana wòaflu wò o. Gbe nya sia nya si wòagblɔ, eye nàgblɔ Yesu ƒe nyawo be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” (Mateo 4:10; Yakobo 4:7) Mègaɖe mɔ be didi be yeanya nu tso gbɔgbɔ me nutowo me ŋu nawɔe be gbɔgbɔ vɔ̃wo nava kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Woyɔa ha dede kpli wo nenema la be gbɔgbɔyɔyɔ, eye Mawu xlɔ̃ nu eƒe tadeagulawo be woagakpɔ gome le eƒe akpa aɖeke me o. Biblia la ƒo nu tsi tre ɖe “bokɔnɔ . . . adzetɔ, nukala kple ŋɔliyɔla” nyenye ŋu.—Mose V, 18:10-12; Galatiatɔwo 5:19-21; Nyaɖeɖefia 21:8.

Esi wònye gbɔgbɔyɔyɔ naa gbɔgbɔ vɔ̃wo kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi ta la, tsi tre ɖe eƒe nuwɔnawo katã ŋu, eɖanye aleke kee wovivina alo doa dzidzɔ na amee o. Nuwɔna siawo dometɔ aɖewoe nye afakahũhɔ̃e me kpɔkpɔ, afakaʋuƒowo zazã, nusiwo le dzɔdzɔm le adzɔge kpɔkpɔ nukutɔe, asiƒomefli ƒe afakaka kple ɣletivimefakaka. Gbɔgbɔ vɔ̃wo naa ɣliwo ɖina eye nukunu bubuwo dzɔna le aƒe siwo woxɔ wɔ wo tɔe hã me.

Hekpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔ vɔ̃wo zãa amegbetɔwo ƒe nuvɔ̃menyenye tsɔna kpɔa ŋusẽ ɖe wo dzie to nana be woakpɔ dzidzɔ ɖe agbalẽ, sinima kple television dzi nukpɔkpɔ siwo me gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo mesɔ ɖe dzɔdzɔme nu o le ŋu la dzi. Gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be ne amegbetɔwo meɖe susu gbegblẽwo ɖa le woƒe tame o la, woatsi susu me na wo ahana woanɔ agbe gbegblẽ—abe gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋutɔwo ene.—Mose I, 6:1, 2; Tesalonikatɔwo 4:3-8; Yuda 6.

Nyateƒee, ame geɖewo aɖu fewu ne wosee be gbɔgbɔ vɔ̃woe le xexeme sia dzi ɖum. Gake mewɔ nuku be womaxɔ edzi ase o, elabena Biblia gblɔ be: “Abosam ŋutɔ trɔa eɖokui wɔa kekeli ƒe dɔla.” (Korintotɔwo II, 11:14) Mɔ si dzi wòtona flua ame vevie ayetɔe nye be ewɔnɛ be ame geɖe mexɔa edzi sena be ye kple gbɔgbɔ vɔ̃wo yewoli ŋutɔŋutɔ o. Gake mègana wòaflu wò o! Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo li ŋutɔŋutɔ, eye ehiã be nàtsi tre ɖe wo ŋu ɣesiaɣi.—Petro I, 5:8, 9.

Enye dzidzɔnya be ɣeyiɣi si me Satana kple eƒe zɔhɛwo maganɔ anyi o la tu aƒe azɔ! Biblia la ka ɖe edzi na mí be: “Xexeame [kple eƒe dziɖula siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo nu] va yina . . . ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:17) Gbɔdzɔe kae nye si míakpɔ ne woɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi ma ɖa! Eyata mina míanɔ amesiwo wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye woase agbe ƒe vivi tegbee le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeyea me la dome.—Psalmo 37:9-11, 29; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Ne ɖe xexemedziɖuɖu siawo katã menye Satana tɔ o la, ɖe wòate ŋu agblɔ be yeatsɔ wo na Yesua?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe