Akpa 1
Ðe Tameɖoɖo Aɖe Le Agbe Ŋua?
1. Nya kae wobiana zi geɖe le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti, eye aleke ame aɖe ƒo nu tso eŋui?
Ne ɣeyiɣiawo va le yiyim la, amesiame kloe biaa nusi tameɖoɖo si le agbe ŋu nye la eɖokui. Eyae nye be míawɔ dɔ sesĩe ana agbenɔnɔ naka ɖe eme na mí, akpɔ míaƒe ƒomewo dzi, eye míaku le ɖewohĩ ƒe 70 alo 80 megbe, eye mía nu nayi tegbeea? Sɔhɛ aɖe si bui alea la gblɔ be tameɖoɖo bubu aɖeke megale agbe ŋu tsɔ wu be “míanɔ agbe, adzi vi, eye míakpɔ dzidzɔ ahaku o.” Gake nyateƒeea? Eye ɖe ku nye nusianu ƒe nuwuwua nyateƒea?
2, 3. Nukatae ŋutilãmekesinɔnu ƒe amesisusu mesɔ gbɔ be wòana tameɖoɖo nanɔ ame ƒe agbe ŋu o?
2 Ewɔna na Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒedukɔwo me tɔ geɖe be tameɖoɖo vevitɔ si le agbe ŋue nye be ŋutilãmekesinɔnuwo nasu ame si. Woxɔe se be esia ate ŋu ana woakpɔ dzidzɔ eye tameɖoɖo nanɔ ame ƒe agbe ŋu. Ke amesiwo si ŋutilãmekesinɔnuwo le xoxo ya ɖe? Canadatɔ nuŋlɔla Harry Bruce gblɔ be: “Kesinɔtɔ geɖe siwo ƒo dzi ɖe le tea tɔ ɖe edzi be yewomele dzidzɔ kpɔm o.” Egblɔ kpee be: “Numekukuwo ɖee fia be mɔkpɔkpɔ be afɔku dziŋɔ aɖe adzɔ la xɔ aƒe ɖe Anyiehe Amerika . . . Ðe ame aɖe le dzidzɔ kpɔm le xexe sia mea? Ne wole dzidzɔ kpɔm la, ke nuka gbɔe wòtso?”
3 Jimmy Carter si ɖu United States dzi kpɔ la gblɔ be: “Míekpɔe dze sii be nuwo ƒe amesinɔnɔ kple wo ŋudɔwɔwɔ menana gɔmesese si dim míele la mí o. . . . Kɔlili ŋutilãmenuwo gleglegle mate ŋu ana gɔmesese nanɔ agbe ƒe toflokonyenye si ŋu kakaɖedzi alo tameɖoɖo mele o la ŋuti o.” Eye dunyahehaŋgɔnɔla bubu hã gblɔ be: “Ƒe geɖee nye esia fifia si mele nu me kum vevie be makpɔ nyateƒe siwo ku ɖe ɖokuinye kple nye agbe ŋuti; ame bubu geɖe siwo menya hã le esia ke wɔm. Ame geɖe le biabiam fifia wu ɣeyiɣi bubu ɖesiaɖe be, ‘Amekawoe míenye? Tameɖoɖo ka tae míeli ɖo?’”
Nɔnɔme Siwo Sesẽ Ðe Edzi Wu
4. Nukatae ame aɖewo kea ɖi be tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o?
4 Ame geɖe kea ɖi be tameɖoɖo aɖeke mele agbe ŋu o ne wokpɔ alesi nuwo sesẽ ɖe edzii. Ame biliɔn ɖeka kple edzivɔ le dɔ lém vevie alo womekpɔa nu nyui ɖuna o le xexeame katã esi na ɖevi siwo ade miliɔn ewo kuna ƒe sia ƒe le Afrika ɖeɖe dzaa. Dzidzim ɖe edzi koe anyigbadzinɔlawo ƒe agbɔsɔsɔ si wu biliɔn 6 la le; ƒe sia ƒe ame miliɔn 90 kple edzivɔ va kpenɛ, eye dukɔ siwo le ŋgɔ yim mee agbɔsɔsɔ ma ƒe akpa si wu 90 le alafa me le dzidzim ɖe edzi le. Agbɔsɔsɔ sia si le dzidzim ɖe edzi ɣesiaɣi la na nuɖuɖu, dɔƒe, kple mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒewo le hiahiãm vevie, si na ɖiƒoƒo si tsoa mɔ̃ɖaŋudɔwo me kple ɖiƒonu bubuwo le nu gblẽm le anyigba, tsi, kple ya hã ŋu.
5. Nukae le dzɔdzɔm ɖe anyigbadzivewo dzi?
5 Agbalẽ si nye World Military and Social Expenditures 1991 gblɔ be: “Ƒe sia ƒe la, wotsrɔ̃a avenyigba si ƒe lolome sɔ kple [Britania Gã]. Le alesi wole (avewo) ƒomee fifia nu la, kaka ƒe 2000 naɖo la, míatsrɔ̃ ave siwo le anyigba xɔdzo siwo dzi fa dzi dometɔ 65 le alafa me.” Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔha aɖe gblɔ be wolãa ati 10 le ati 1 ɖesiaɖe si wodona la me le teƒe mawo; le Afrika la, xexlẽmea wu ati 20 le ati 1 ɖesiaɖe me. Eyata dzogbewo le kekem ɖe enu, eye ƒe sia ƒe, agbledenyigba si ƒe lolome de Belgium nu la buna.
6, 7. Kuxi siwo gbɔ amegbetɔ ƒe dziɖulawo mete ŋu le kpɔkpɔm o dometɔ aɖewo ɖe, eyata biabia kawoe hiã be woaɖo wo ŋu?
6 Azɔ hã amesiwo ku le aʋawɔwɔ me le ƒe alafa 20 lia me la sɔ gbɔ zi gbɔ zi ene wu amesiwo katã ku le ƒe alafa ene siwo va yi me ƒe xexlẽme la katã. Nuvlowɔwɔ, vevietɔ hlɔ̃dodo, le dzidzim ɖe edzi le afisiafi. Ƒomewo ƒe kaka, atike vɔ̃ɖiwo nono, AIDS, nulɔdɔwo, kple nu gbegblẽ bubuwo hã na agbenɔnɔ le sesẽm ɖe edzi ŋutɔ. Eye xexeame dukplɔlawo mete ŋu le kuxi geɖe siwo le fu ɖem na ameƒomea gbɔ kpɔm o. Eyata eme kɔ be amewo biana be: Tameɖoɖo kae le agbe ŋu?
7 Aleke agbalẽnyalawo kple subɔsubɔŋgɔnɔlawo ɖo biabia sia ŋui? Le ƒe alafa gbogbo siwo katã va yi me la, ɖe wona ŋuɖoɖo si me kɔa?
Nya si Wogblɔna
8, 9. (a) Nukae Chinatɔ agbalẽnyalagã aɖe gblɔ le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti? (b) Nya kae ame aɖe si tsi agbe le Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ si me wowu ame gbogbowo le la gblɔ?
8 Konfusiotɔ agbalẽnyala Tu Wei-Ming gblɔ be: “Gɔmesese deŋgɔtɔ kekeake si le agbe ŋu la dze le mí amegbetɔwo ƒe gbesiagbegbenɔnɔ me.” Le nukpɔsusu sia nu la, ɖeko amegbetɔwo anɔ dzidzim ɖe edzi, anɔ ʋiʋlim be yewoanɔ agbe, eye woava ku. Mɔkpɔkpɔ gobii aɖeke mele nukpɔsusu ma ŋu o. Eye kura gɔ̃ hã, nyateƒeea?
9 Elie Wiesel si tsi agbe le Nazitɔwo ƒe fuwɔamegaxɔ si me wowu ame gbogbo geɖe le le Xexemeʋa II me la gblɔ be: “‘Nukatae míele afisia ɖo?’ lae nye nyabiabia vevitɔ kekeake si wòle be amegbetɔ nadze ŋgɔe. . . . Mexɔe se be gɔmesese le agbe ŋu togbɔ be mekpɔ ku manyatalenu geɖe teƒe gake.” Gake mete ŋu gblɔ nusi gɔmesese si le agbe ŋu la nye o.
10, 11. (a) Aleke nuŋɔŋlɔmetola aɖe ɖee fia be ŋuɖoɖoawo mele amegbetɔwo si o? (b) Nukatae nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nunyala aɖe ƒe nukpɔsusu si wògblɔ la meɖe nya la me eme kɔ o?
10 Nuŋɔŋlɔmetola Vermont Royster gblɔ be: “Le tamebubu le amegbetɔ ŋutɔ ŋu, . . . le eƒe nɔƒe si wòle le xexe sia me ŋu la, míeyi ŋgɔ vie wu esime ɣeyiɣiawo dze egɔme. Biabia siwo nye amekawoe míenye kple afikae míele kpakple afikae míeɖo tae gakpɔtɔ dze ŋgɔ mí kokoko.”
11 Nɔnɔmetɔtrɔ ŋuti nunyala Stephen Jay Gould gblɔ be: “Ðewohĩ míanɔ ŋuɖoɖo ‘si de ŋgɔ wu’ dim—gake ɖeke meli o.” Le nɔnɔmetɔtrɔ nufiala mawo gome la, ɖeko agbe nye ʋiʋli be woatsi agbe le kuxi sesẽwo me eye ku nava ɖee ɖa mlɔeba. Mɔkpɔkpɔ aɖeke mele nukpɔsusu sia hã ŋu o. Eye míagabia be nyateƒeea?
12, 13. Nukawoe nye subɔsubɔhakplɔlawo ƒe nukpɔsusuwo, eye ɖe wo me kɔ wu xexemeŋutinunyalawo tɔa?
12 Subɔsubɔhakplɔla geɖe gblɔna be tameɖoɖo si le agbe ŋu enye be woanɔ agbe nyui be ne woku la, luʋɔ la nate ŋu ayi aɖanɔ dziƒo tegbee. Ame vɔ̃ɖiwo hã tɔe nye funyafunya mavɔ le dzo mavɔ me. Gake le dzixɔse sia nu la, ɖeko agbenɔnɔ si me dzidzeme mele o si xɔ aƒe ɖe ŋutinya katã me ƒe fukpekpe geɖe ma ke ayi edzi le anyigba dzi. Gake ne Mawu ɖoe be amewo nanɔ agbe le dziƒo abe mawudɔlawo ene la, ke nukatae mawɔ wo zi ɖeka woanye dziƒonuwɔwɔwo abe mawudɔlawo ene o?
13 Tameɖoɖo si le agbe ŋu gɔme sese sesẽ na osɔfowo gɔ̃ hã. Mawuŋutinunyala W. R. Inge, si nye nunɔla tsã le St. Paul Gbedoxɔgã me le London gblɔ kpɔ be: “Mete kpɔ le nye agbe me katã be madi tameɖoɖo si le agbenɔnɔ ŋu. Mete kpɔ be maɖo biabia etɔ̃ siwo dze biabia veviwoe nam ɣesiaɣi la ŋu: mavɔmavɔ ƒe nya la; amegbetɔ ƒe nɔnɔme ƒe nya la; kple vɔ̃ɖinyenye ƒe nya la. Medo kpo nu. Nyemete ŋu ɖo wo dometɔ aɖeke ŋu o.”
Ŋusẽ si Wòkpɔna Ðe Ame Dzi
14, 15. Ŋusẽ kae nukpɔsusu siwo to vovo na wo nɔewo la kpɔna ɖe ame geɖewo dzi?
14 Ŋusẽ kae nukpɔsusu vovovo siwo le agbalẽnyalawo kple subɔsubɔŋgɔnɔlawo si kpɔna ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu ƒe nya la dzi? Ame geɖe ɖoa eŋu abe alesi ŋutsu tsitsi aɖe ɖo eŋui ene be: “Le nye agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ me la, mebiaa nusitae mele afisia ɖo la ɖokuinye. Ne tameɖoɖo aɖe li la, ke nyemegatsɔ ɖeke le eme o.”
15 Ame geɖe siwo kpɔ nukpɔsusu vovovo siwo le xexemesubɔsubɔhawo si la ƒoa nya ta be nusi dzi ame xɔna se la mehiã boo o. Ewɔna na wo be susu hehe ayi nu bubu aɖe dzi koe mawusubɔsubɔ nye, nusi ana susu ƒe akɔdzeanyi kple akɔfafa aɖe ame be wòate ŋu anɔ te ɖe agbemekuxiwo nu. Ame bubuwo bunɛ be aʋatsodzixɔse koe mawusubɔsubɔ nye. Wobunɛ be ƒe alafa gbogbo siwo subɔsubɔhawo tsɔ susu nyawoe gblɔ la meɖo tameɖoɖo si le agbe ŋu ƒe nya la ŋu, alo na ame tsɛwo ƒe agbenɔnɔ ka ɖe eme na wo o. Nyateƒee, ŋutinya fia be xexe sia me subɔsubɔhawo he ameƒomea ƒe ŋgɔyiyi ɖe megbe zi geɖe eye wòhe fuléle kple aʋawɔwɔ vɛ.
16. Aleke tameɖoɖo si le agbe ŋu la didi le vevie?
16 Gake ɖe wòhiã gɔ̃ hã be woadi tameɖoɖo si le agbe ŋu ƒe nyateƒenyenyea? Susuŋutinunyala Viktor Frankl ɖo eŋu be: “Agbagbadzedze be woakpɔ gɔmesese si le ame ƒe agbe ŋue nye ameʋãŋusẽ vevitɔ le amegbetɔ me. . . . Magblɔ kakaɖedzitɔe be naneke mele xexeame . . . si akpe ɖe ame ŋu nyuie wòato nɔnɔme sesẽwo me ado de sidzedzee be gɔmesese aɖe le yeƒe agbe ŋu nu o.”
17. Nya kawoe hiã be míabia fifia?
17 Esi amegbetɔ ƒe xexemenunya kple subɔsubɔhawo mete ŋu ɖe tameɖoɖo si le agbe ŋu me eme kɔ o ta la, afikae míate ŋu ayi adi nusi wònye le? Ðe amesi si nunya deŋgɔ le la li agblɔ nyateƒea le nya sia ŋu na mía?
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
“Ƒe sia ƒe la, wotsrɔ̃a avenyigba si ƒe lolome sɔ kple [Britania Gã]”
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
“Le nye agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ me la, mebiaa nusitae mele afisia ɖo la ɖokuinye”