INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • pr akpa 2 axa 6-10
  • Amekae Ate Ŋu Agblɔe Na Mí?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Ate Ŋu Agblɔe Na Mí?
  • Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Agbe Dzɔ le Eɖokui Sia?
  • Aɖaŋunu Hiã Aɖaŋuwɔla
  • Nusi Biblia la Gblɔ
  • ‘Wowɔ Wò Nukutɔe’
  • Alesi Míawɔ Anya Be Mawu Li
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Kafu Aɖaŋunu La Srɔ̃ Nu Tso Aɖaŋuwɔla La Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Aɖaŋunu Aɖaŋuwɔla Manɔmea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Ŋkuléle Ðe Nu Makpɔmakpɔwo Ŋu—Nukawoe Dze?
    Nyɔ!—2000
Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
pr akpa 2 axa 6-10

Akpa 2

Amekae Ate Ŋu Agblɔe Na Mí?

1, 2. Mɔ nyuitɔ ka dzie míato anya tameɖoɖo si le nane si wowɔ la ŋu?

1 Amekae ate ŋu agblɔ nusi tameɖoɖo si le agbe ŋu nye ŋutɔŋutɔ la na mí? Ne èyi mɔ̃ɖaŋuwɔla aɖe gbɔ eye nèkpɔe wòle mɔ̃ wɔnuku aɖe si mènya o wɔm la, aleke nàwɔ anya nusi woatsɔe awɔe? Mɔ nyuitɔ si dzi nàto anyae nye be nàbia ewɔla.

2 Ke aɖaŋu wɔnuku si míekpɔna le afisiafi le anyigba dzi, abe esi dze le nugbagbeviwo katã ŋu vaseɖe lãmenugbagbevi (cell) suetɔ kekeake dzi ya ɖe? Wotsɔ aɖaŋu wɔnuku wɔ nukui siwo woyɔna be molecule kple atom suesue siwo le lãmenugbagbevi me la gɔ̃ hã nukutɔe le ɖoɖo nu. Ke amegbetɔ ƒe susu si wowɔ kple aɖaŋu nukutɔe ya ɖe? Míaƒe xexeame si le ɣletivihatsotso gã si woyɔna be Milky Way me, kple xexeame katã hã ɖe? Ðe nu wɔnuku siawo katã mehiã Aɖaŋuwɔla oa? Vavãe, eyae ate ŋu agblɔ nusitae wòwɔ nusiawo ɖo la na mí.

Ðe Agbe Dzɔ le Eɖokui Sia?

3, 4. Ðe agbe ate ŋu adzɔ le eɖokui sia?

3 The Encyclopedia Americana de dzesi “nugbagbewo ƒe nu klitsu nyenye kple woƒe wɔwɔme si wɔ nuku etɔxɛe” hegblɔ be: “Ŋkuléle ɖe seƒoƒowo, nudzodzoeviwo, alo lãfɔnewo ŋu ɖe alesi gbegbe woɖo woƒe akpa vovovoawo ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ wòwɔ nuku ŋutɔ la fia.” Britaniatɔ ɣletiviŋutinunyala Aƒetɔ Bernard Lovell ŋlɔ tso tsi siwo le nugbagbewo me ŋu be: “Be protein siwo le sue ŋutɔ dometɔ ɖeka nate ŋu . . . adzɔ le eɖokui si le vome la ŋu manya susu be adzɔ o. . . . Mate ŋu adzɔ gbeɖe o.”

4 Nenema ke ɣletiviŋununyala Fred Hoyle hã gblɔ be: “Agbe ŋuti nunya ŋuti nusɔsrɔ̃ si dzi woda asi ɖo la kpɔtɔ ʋlia nya be ɖe agbe dzɔ le eɖokui si. Gake esi agbe ŋuti nusrɔ̃lawo yi edzi le nu geɖe srɔ̃m le alesi gbegbe agbe wɔ nuku ŋutɔe ŋuti la, alesi wòate ŋu adzɔ le eɖokui si ko le vome asesẽ ale gbegbe be woate ŋu ate fli ɖe eme keŋkeŋ. Agbe mate ŋu adzɔ le eɖokui si ko o.”

5-7. Aleke lãmenugbagbeviŋununya ɖo kpe edzii be nugbagbewo mate ŋu adzɔ le wo ɖokui si o?

5 Lãmenugbagbevi ŋu nunya si nye dzɔdzɔmeŋutinunya me nusɔsrɔ̃ yeye aɖe la nye nusi dzi wotona srɔ̃a nu tso nugbagbewo ƒe agbeŋusẽ si wotsɔ nyia domee, woƒe akpa suesue siwo woyɔna be molecule, kple atomwo ŋuti. Lãmenugbagbevi ŋu nunyala Michael Denton gblɔ le nusi ŋu wòke ɖo ŋu be: “Alesi lãmenugbagbevi siwo bɔbɔ ɖe anyi wu siwo wonya ƒe wɔwɔme klitsui la nye nusi de ŋgɔ ale gbegbe be womate ŋu alɔ̃ ɖe edzi be vome nudzɔdzɔ aɖe si megogo nusi wosusu be ate ŋu adzɔ gbɔ kura o gbɔe wòatso o.” “Gake menye nugbagbewo ƒe nu klitsu nyenye ɖeɖekoe wɔa dɔ ɖe ame dzi alea gbegbe o, ke boŋ aɖaŋu si dzi manya xɔ ase o si dzena le woƒe wɔwɔme ŋu zi geɖe ŋutɔ hã li.” “Woƒe akpa suetɔ si woyɔna be molecule ŋu ye . . . aɖaŋu deŋgɔ si le nugbagbeviwo ƒe wɔwɔme ŋu kple alesi woƒe taɖodzinuwo de bliboe dzena le wu.”

6 Denton gagblɔ be: “Nuwɔwɔ ƒe akpa ɖesiaɖe si ŋu míelé ŋku ɖo, eɖanye afikae míelé ŋku ɖe eŋu se ɖo o, míekpɔa nɔnɔme si ƒo ɖesiaɖe ta ƒe gãnyenye kple aɖaŋu deŋgɔ, si tu afɔ nuwo ƒe dzɔdzɔ le wo ɖokui si ƒe susu la dzi. Ðe woate ŋu axɔ edzi ase vavã be nudzɔleɖokuisi ate ŋu awɔ nu wòanye vavãtɔ, esi ƒe akpa suetɔ kekeake—protein alo agbeŋusẽ si wotsɔna nyia domee ƒe dɔwɔwɔ—wɔ nuku ale gbegbe wu nusi mía ŋutɔwo míaƒe susu ƒe ŋutetewo ate ŋu awɔ, esi nye nu ŋutɔŋutɔ si tsi tre ɖe nudzɔleɖokuisi ŋu, si kɔkɔ gbɔ nusianu si amegbetɔ ƒe susu te ŋu wɔ ŋu le go ɖesiaɖe mea?” Egagblɔ be: “Vovototo gã aɖe si woate ŋu asusu la le nugbagbevi kple nusiwo menye nugbagbewo o, siwo wowɔ le ɖoɖo deŋgɔ nu, abe kristalo alo snokpe ene la dome.” Eye dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋuti nusɔsrɔ̃ ƒe nufialagã Chet Raymo gblɔ be: “Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe . . . Ewɔ abe ɖe wowɔ lãmenugbagbevi ɖesiaɖe nukutɔe ɖe eƒe dɔwɔwɔ ŋu ene.”

7 Lãmenugbagbeviŋununyala Denton ƒo nya ta be “amesiwo kpɔtɔ ʋlia nya tɔteteɖedzitɔe be ɖeko nu yeyewo ŋutɔŋutɔ siawo dzɔ le wo ɖokui si ko” la le glinya dzi xɔm se. Le nyateƒe me la, eyɔ Darwin ƒe dzixɔse be nugbagbeviwo ŋutɔwoe dzɔ le wo ɖokui la be “ƒe alafa blavelia me xexeame dzɔtsoƒe gli gãtɔ.”

Aɖaŋunu Hiã Aɖaŋuwɔla

8, 9. Wɔ kpɔɖeŋu si aɖee fia be ehiã be wɔla nanɔ nuwɔwɔ ɖesiaɖe si.

8 Mate ŋu adzɔ be agbe nate ŋu aɖo nusi me agbe mele o me le eɖokui si vlavo o. Ao, nugbagbevi siwo katã le anyigba dzi siwo wotsɔ aɖaŋu deŋgɔ wɔe la mate ŋu adzɔ le wo ɖokui si ko o, elabena ele be aɖaŋunu ɖesiaɖe ƒe aɖaŋuwɔla nanɔ anyi. Ðe nènya nuwɔwɔ aɖe si si wɔla mele oa? Ðeke meli o. Eye alesi gbegbe nane si wowɔ klitsui la, nenema kee wòle be ewɔla ƒe nunya hã nade ŋgɔe.

9 Míagate ŋu awɔ esia ƒe kpɔɖeŋu ale: Ne míekpɔ nutata aɖe la, míexɔa edzi sena be enye kpeɖodzi be etala li. Ne míexlẽ agbalẽ aɖe la, míexɔa edzi se be eŋlɔla li. Ne míekpɔ aƒe aɖe la, míexɔnɛ sena be etula li. Ne míekpɔ lɔriwo ƒe godoƒekaɖi la, míenya be ʋukusedela siwo wɔ eƒe ɖoɖo li. Amesiwo wɔ nusiawo katã la wɔ wo ɖe nane ta. Eye togbɔ be míanya nusianu le wo wɔlawo ŋu o hã la, míekea ɖi be ameawo meli o.

10. Aɖaŋuwɔla Gãtɔ ƒe anyinɔnɔ ŋuti ɖaseɖiɖi kae míate ŋu akpɔ?

10 Nenema ke míate ŋu akpɔ Aɖaŋuwɔla Gãtɔ ƒe anyinɔnɔ ƒe kpeɖodzi le anyigba dzi nugbagbewo ƒe wɔwɔme, ɖoɖo si nu wòwɔ wo ɖo, kple woƒe nu klitsu nyenye me. Wo katã fia be Wɔla si si Nyasã Deŋgɔ le la li. Nenema ke wòle le xexeme bliboa kple eƒe ɣletiviha biliɔn geɖe siwo li, si dometɔ ɖesiaɖe me ɣleti biliɔn geɖe le, ƒe wɔwɔme, ɖoɖo si nu wowɔ wo ɖo, kple woƒe nu klitsu nyenye hã gome. Eye dzɔdzɔmese siwo wɔa dɔ ɖe ɖoɖo nu pɛpɛpɛ abe nuwo ƒe zɔzɔ, dzoxɔxɔ, kekeli, gbeɖiɖi, dziɖegbeŋusẽ si hea nu tso adzɔge, kple ŋusẽ si hea nu va anyii ene ƒe sewoe fiaa mɔ dziƒoŋunuwo katã. Ðe sewo ate ŋu anɔ anyi wo dela ƒe anyimanɔmanɔea? Yamenutomeyiʋuŋunyala Ðk. Wernher von Braun gblɔ be: “Xexeame ƒe dzɔdzɔmesewo wɔa dɔ pɛpɛpɛ ale gbegbe be mesesẽ na mí be míawɔ yamenutomeyiʋu be wòadze ɖe ɣletia dzi o eye míate ŋu atsɔ second ɖeka ƒe memama ɖeka aɖo ɣeyiɣi na yamenutomeyiʋua wòadze edzi pɛpɛpɛ. Anye ame aɖe kokokoe wɔ se siawo ɖi.”

11. Nukatae mele be míake ɖi Aɖaŋuwɔla Gãtɔ ƒe anyinɔnɔ le esi míate ŋu akpɔe o ko ta o?

11 Nyateƒee, míate ŋu atsɔ míaƒe ŋku gbɔlo akpɔ Aɖaŋuwɔla kple Senala Deŋgɔ la o. Gake ɖe míekea ɖi le nuwo abe anyigba ƒe nuheŋusẽ, ŋusẽ si hea ga, elektrikŋusẽ, alo radio ƒe ŋusẽ ene ƒe anyinɔnɔ ŋu le esi míete ŋu kpɔa wo kple ŋku o taa? Ao, míekenɛ o elabena míete ŋu kpɔa woƒe dɔwɔwɔ. Ke nukatae wòle be míake ɖi le Aɖaŋuwɔla kple Senala Gãtɔ ƒe anyinɔnɔ ŋu le esi míete ŋu kpɔnɛ o ko ta evɔ míete ŋu kpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ƒe dɔwɔwɔ?

12, 13. Nukae ɖaseɖiɖiawo gblɔ le Wɔla la ƒe anyinɔnɔ ŋu?

12 Dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋuti nufialagã, Paul Davies, ƒo nya ta be amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ menye nudzɔleɖokuisi ko o. Egblɔ be: “Ðe wowɔ mí kple susu koŋ be míanɔ afisia.” Eye egblɔ le xexeame ŋu be: “Meva xɔ edzi se kple kakaɖedzi geɖe wu le nye dzɔdzɔmeŋutinunya ƒe dɔwɔwɔ me be aɖaŋu si wotsɔ wɔ xexeame la wɔ nuku ale gbegbe be nyemate ŋu alɔ̃ ɖe edzi be ɖe wòdzɔ le eɖokui si o. Ewɔ nam be ele be numeɖeɖe deto aɖe nanɔ nya la ŋu.”

13 Eyata ɖaseɖiɖiawo fia mí be xexeame, anyigba la, kple edzi nugbagbewo katã mate ŋu adzɔ le wo ɖokui si ko o. Wo katã woɖi ɖase numaƒomaƒoe tso Wɔla ŋusẽtɔ si ƒe nunya de ŋgɔ ale gbegbe la ŋu.

Nusi Biblia la Gblɔ

14. Nya ta kae Biblia ƒo tso Wɔla la ŋu?

14 Biblia, ameƒomea ƒe agbalẽ xoxotɔ kekeake, hã ƒo nya ta nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ na mí le Biblia ƒe agbalẽ si nye Hebritɔwo, si apostolo Paulo ŋlɔ me be: “Elabena aƒe sia aƒe la amee [tsonɛ]; ke amesi [wɔ] nuwo katã la, eyae nye Mawu.” (Hebritɔwo 3:4) Biblia ƒe agbalẽ mamlɛtɔ si apostolo Yohanes ŋlɔ hã gblɔ be: “[Yehowa,] mía Aƒetɔ kple mía Mawu, wòe dze be, naxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ; elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.”—Nyaɖeɖefia 4:11.

15. Aleke míawɔ akpɔ Mawu ƒe nɔnɔme aɖewo adze sii?

15 Biblia ɖee fia be togbɔ be womate ŋu akpɔ Mawu o hã la, woate ŋu ato nusiwo wòwɔ la dzi anya Mawu si ƒomevi wònye. Egblɔ be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Wɔla la ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.”—Romatɔwo 1:20.

16. Nukatae wòle be míakpɔ dzidzɔ be amegbetɔ mate ŋu akpɔ Mawu o?

16 Eyata Biblia kplɔ mí tso nuwɔwɔwo gbɔ yi nuwɔla gbɔe. Nuwɔwɔwo—nu klitsu siwo wowɔ—ɖi ɖase le Nuwɔla nyanu si si ŋusẽ le si nye Mawu ƒe anyinɔnɔ ŋu. Eye míate ŋu akpɔ dzidzɔ be míekpɔnɛ o, elabena esi wònye xexeame katã Wɔla ta, ɖikekemanɔmee la, eƒe ŋusẽ tri akɔ ale gbegbe be amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu mate ŋu akpɔ mɔ be yewoakpɔe aganɔ agbe o. Eye esia tututue Biblia gblɔ be: “Ame aɖeke makpɔ [Mawu] aganɔ agbe o.”—Mose II, 33:20.

17, 18. Nukatae wòle vevie be míatsɔ ɖe le Wɔla la ƒe anyinɔnɔ ƒe nya la me ɖo?

17 Ele be míatsɔ ɖe le Aɖaŋuwɔla Gãtɔ, si nye Dziɖula Gãtɔ—Mawu—la ƒe nya la me vevie. Ne Wɔla aɖee wɔ mí la, ke susu, alo tameɖoɖo, aɖe kokoko tae wòwɔ mí ɖo. Ne ɖe wowɔ mí be tameɖoɖo nanɔ míaƒe agbe ŋu la, ke míakpɔ mɔ be nuwo ava nyo na mí le etsɔ me. Ema manɔmee la, ɖeko míanɔ agbe ahaku mɔkpɔkpɔmanɔamesitɔe. Eyata ehiã vevie be míadi tameɖoɖo si ta Mawu wɔ mí ɖo. Ekema míate ŋu atiae nenye be míedi be míanɔ agbe wòasɔ ɖe enu loo alo míedii o.

18 Biblia gagblɔ hã be Wɔla la nye Mawu lɔlɔ̃tɔ si tsɔa ɖe le eme na mí vevie. Apostolo Petro gblɔ be: “Eyama léa be na mi.” (Petro I, 5:7; kpɔ Yohanes 3:16 kple Yohanes I, 4:8, 16 hã.) Mɔ siwo dzi míato anya alesi gbegbe Mawu tsɔa ɖe le mía me dometɔ ɖekae nye be míade ŋugble le mɔ wɔnuku si nu wowɔ míaƒe susu kple ametia ɖo la ŋu.

‘Wowɔ Wò Nukutɔe’

19. Nyateƒenya ka dzie hakpala Dawid he míaƒe susu yii?

19 Hakpala Dawid lɔ̃ ɖe edzi le Biblia me be: “Wowɔm nukutɔe.” (Psalmo 139:14) Kakaɖedzi le eŋu be esiae nye nyateƒea, elabena Aɖaŋuwɔla Gãtɔe wɔ amegbetɔ ƒe susu kple ameti la nukutɔe.

20. Aleke numekugbalẽ aɖe ƒo nu tso amegbetɔwo ƒe ahɔhɔ̃ ŋui?

20 Le kpɔɖeŋu me, wò ahɔhɔ̃ wɔ nuku wu kɔmpiuta ɖesiaɖe. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Nyatakaka siwo ahɔhɔ̃ la te ŋu ɖona ɖe ŋutilã ƒe akpa bubuwo la wɔ nuku boo wu telefondɔwɔƒe gãtɔ kekeake ƒe dɔwɔwɔ; alesi amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ te ŋu kpɔa nya sesẽwo gbɔe la ƒo kɔmpiuta sesẽtɔ kekeake tɔ ta sãa.”

21. Ne míelé ŋku ɖe nusi ahɔhɔ̃ la te ŋu wɔna ŋu la, nya ta kae wòle be míaƒo?

21 Nyatakaka kple susu me nɔnɔmetata miliɔn alafa geɖe léna ɖe wò ahɔhɔ̃ me, gake menye nyadzraɖoƒe dzro koe wònye o. Àte ŋu atsɔe asrɔ̃ akulialia, yevubolomeme, dutagbedodo, kɔmpiuta zazã, alo yameʋukukui. Àte ŋu asusu alesi mɔkeke aɖe anɔ alo alesi atikutsetse aɖe avivii la ɖe tame. Àte ŋu asusu nuwo ŋu ahawɔ wo. Àte ŋu awɔ ɖoɖo, akpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu, alɔ̃ ame alo nane, ahabu nusiwo dzɔ va yi, nusiwo le dzɔdzɔm fifia, kple nusiwo ava dzɔ le etsɔme hã ŋu. Esi mí amegbetɔwo míate ŋu awɔ nusi wɔ nuku alea gbegbe abe amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ ene o ta la, ke edze ƒã be Amesi wɔe ƒe nunya kple ŋutete ƒo amegbetɔ ɖesiaɖe tɔ ta boo.

22. Nya ka dzie dzɔdzɔmeŋutinunyalawo lɔ̃ ɖo le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ la ŋu?

22 Dzɔdzɔmeŋutinunyalawo gblɔ le ahɔhɔ̃ la ŋu be: “Alesi mɔ̃ klitsu wɔnuku sia si wowɔ kple aɖaŋu dzeani ɖe ɖoɖo nu wɔa dɔ siawoe la do viviti ɖe mí. . . . Ðewohĩ amegbetɔwo manya ta le nu wɔnuku vovovo siwo ahɔhɔ̃ la te ŋu wɔna la katã nu o.” (Scientific American) Eye dzɔdzɔmeŋusẽwo ŋuti nufialagã Raymo gblɔ be: “Ne míato nyateƒe la, míagblɔ be míenya nu geɖe tso alesi amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ la wɔna léa nyawo ɖi, alo alesi wòte ŋu ɖoa ŋku nu dzi le eɖokui si la ŋu vaseɖe fifia o. . . . Ahɔhɔ̃meka suesue siwo de biliɔn alafa ɖeka ye le amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ me. Ka suesue ɖesiaɖe te ŋu sea nya alo gblɔa nya na bubuwo to dometsotso sue siwo le abe ati ene, si ŋu ka suesue akpe bubu geɖewo le la me. Alesi kawo te ŋu tsiãna ɖe wo nɔewo nu la wɔ nuku ale gbegbe.”

23, 24. Yɔ míaƒe ŋutinu siwo wowɔ nukutɔe la dometɔ aɖewo, eye nya kae mɔ̃ɖaŋunuwɔla aɖe gblɔ?

23 Wò ŋku kpɔa alesi nu le la pɛpɛpɛ eye wòtrɔna ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe me wu fotoɖemɔ̃ ɖesiaɖe; le nyateƒe me la, wonye fotoɖemɔ̃ siwo te ŋu ɖea foto le wo ɖokui si, eye nusiwo woɖena la nɔa amadede me henɔa azɔli dzi. Wò to te ŋu dea dzesi gbeɖiɖi vovovowo eye wòna nènyaa afisi gbea ɖi tso hena nènɔa te sesĩe. Wò dzi nye tsiyɔnu si ƒe ŋutete mɔ̃ɖaŋuwɔla bibi aɖeke mete ŋu wɔ kpɔ o. Ŋutinu bubuwo hã wɔ nuku: ʋɛ aɖewoe nye wò ŋɔti, wò aɖe, kple asi, kple wò lãmeka siwo me ʋu kple tsi sina tona kpakple wò dɔgbo.

24 Eyata mɔ̃ɖaŋuwɔla aɖe si woxe fe na be wòata kɔmpiuta lolo aɖe ahawɔe la gblɔ be: “Ne nye kɔmpiuta la hiã aɖaŋuwɔla la, ke aleke gbegbee mɔ̃ ma si ŋu ŋutinuwo le, si me lãmetsiwo kple agbe le, si nye nye amegbetɔŋutilã—si ŋutɔ hã nye xexe si seɖoƒe meli na kloe o ƒe akpa sue aɖe ko—mehiãe geɖe wu o?”

25, 26. Nukae wòle be Aɖaŋuwɔla Gãtɔ la nate ŋu agblɔ na mí?

25 Alesi wònye tameɖoɖo aɖe tae amewo wɔa yameʋu, kɔmpiuta, gasɔ, kple mɔ̃ bubuwo ɖo la, nenema ke tameɖoɖo aɖe anɔ amegbetɔwo ƒe ahɔhɔ̃ kple ametia Wɔla si godoo, si tae wòwɔ mí ɖo. Eye ele be nunya si kɔkɔ wu amesiame tɔ nanɔ Aɖaŋuwɔla sia si, elabena mía dometɔ aɖeke mate ŋu awɔ nusiwo wòwɔ la o. Eyata esɔ be Eyae ate ŋu agblɔ nusitae wòwɔ mí ɖe anyigba dzi ɖo, kple afisi míeɖo tae la na mí.

26 Ne míenya nusiawo la, ke míate ŋu azã ahɔhɔ̃ kple ameti wɔnuku si Mawu na mí la le tameɖoɖo si le míaƒe agbe ŋu la dzi wɔwɔ me. Gake afikae míate ŋu asrɔ̃ nu le eƒe tameɖoɖowo ŋu le?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Mɔ nyuitɔ si dzi woato anya susu si ta wowɔ nae ɖoe nye be woabia ewɔla la ŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Woate ŋu akpɔ nugbagbewo ƒe nu klitsu nyenye kple woƒe wɔwɔme le agbe ƒe domenyiŋusẽ si le DNA ƒe lãme nugbagbeviwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

“Alesi amegbetɔ ƒe ahɔhɔ̃ te ŋu kpɔa nya sesẽwo gbɔe la ƒo kɔmpiuta sesẽtɔ kekeake tɔ ta sãa”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe