Akpa 4
Kristodukɔa Mewɔ Nuteƒe Na Mawu Kple Biblia La O
1, 2. Nukatae ame geɖe medea bubu Biblia ŋu o, gake nya kae Biblia gblɔ?
1 Dukɔ geɖewo me tɔwo tsri Biblia la eye womedea bubu eŋu o le agbe baɖa si amesiwo gblɔna be yewoxɔ edzi se nɔna ta. Wogblɔna le dukɔ aɖewo me be Biblia nye agbalẽ si hea aʋawɔwɔ vɛ, be enye yevuwo ƒe agbalẽ, eye be ede ame bubuwo denyigba dzi ɖuɖu ƒe susu dzi. Gake nya siawo nye nukpɔsusu dadawo.
2 Biblia meda asi ɖe ame bubuwo denyigba dzi ɖuɖu ƒe aʋawo kple amebaba ŋukeklẽtɔe si yi edzi le Kristotɔnyenye ƒe ŋkɔ me ɣeyiɣi didi aɖee nye sia dzi o. Le ema teƒe la, ne èxlẽa Biblia la eye nèsrɔ̃a nu tso Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe nufiafia siwo Yesu fia ŋu la, àkpɔe be Biblia tsi tre ɖe aʋawɔwɔ, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ame bubuwo baba ŋuti. Ŋuklẽlawo gbɔe vodada la tso, ke menye Biblia la gbɔe o. (Korintotɔwo I, 13:1-6; Yakobo 4:1-3; 5:1-6; Yohanes I, 4:7, 8) Eyata mègana ɖokuitɔdila siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo nyui la nu o ƒe agbe baɖa nɔnɔ naxe mɔ na wò be màkpɔ viɖe tso eƒe nya xɔasiwo me o.
3. Nukae ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖe fia le Kristodukɔa ŋu?
3 Amesiwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe mɔfiafia nu o dometɔ aɖewoe nye Kristodukɔa me tɔwo. Woɖe “Kristodukɔa” gɔme be enye xexeame ƒe afisi Kristo-sɔlemehawo bɔ ɖo. Ɣetoɖoƒedukɔwo me, afisi eƒe sɔlemehawo va xɔ ŋkɔ le tso ƒe alafa enelia M.Ŋ. me lɔƒo koŋ ye nye eƒe nɔƒe. Biblia nɔ Kristodukɔa si ƒe alafa geɖe, eye eƒe nunɔlawo gblɔna be yewofianɛ eye yewole Mawu teƒe. Gake ɖe Kristodukɔa ƒe nunɔlawo kple mawunyadɔgbedeawo fiaa nyateƒea? Ðe woƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana vavã be wole Mawu kple Biblia la teƒea? Ðe Kristotɔnyenye kpɔ dziɖuɖu vavã le Kristodukɔa mea? Ao. Tso esime Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo va xɔ ŋkɔ le ƒe alafa enelia me la, eva nye Mawu kple Biblia la ƒe futɔ. Ẽ, ŋutinya me nudzɔdzɔwo ɖee fia be Kristodukɔa mewɔ nuteƒe na Mawu kple Biblia la o.
Nufiafia Siwo Metso Biblia la me O
4, 5. Nufiafia siwo metso Biblia me o kawoe sɔlemehawo fiana?
4 Menye Biblia la dzie Kristodukɔa ƒe nufiafia vevitɔwo nɔ te ɖo o, ke boŋ blema Babilon, Egipte, Hela, kple dukɔ bubuwo ƒe blemaglitotowo dzie wonɔ te ɖo. Nufiafiawo abe amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku si wotsɔ dzii, funyafunya mavɔ le dzo mavɔ me, ŋutiklɔdzo, kple Mawuɖekaetɔ̃ (ame etɔ̃ le Mawu ɖeka me) ene medze le Biblia la me o.
5 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nufiafia si nye be woawɔ funyafunya ame vɔ̃ɖiwo tegbee le hell ƒe dzo me la ŋuti kpɔ. Aleke nèbua nukpɔsusu siae? Enyɔa ŋu na ame geɖewo. Wokpɔe be nunya mele eme be Mawu nawɔ funyafunya amegbetɔwo tegbee, eye wòana woase veve heliheli o. Nufiafia gbegblẽ ma tsi tre ɖe Biblia ƒe Mawu ŋu, elabena “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Biblia la gblɔ kɔte be nufiafia ma ‘meva dzime’ na Mawu Ŋusẽkatãtɔ la o.—Yeremya 7:31; 19:5; 32:35.
6. Aleke Biblia la ɖee fia be aʋatsoe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la nye?
6 Subɔsubɔha geɖe siwo li egbea, si me Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo hã le fiaa nu be luʋɔ makumaku aɖe le amegbetɔwo me, si yia dziƒo loo alo hell ne ame ku. Esia menye Biblia ƒe nufiafia o. Ke boŋ Biblia la gblɔ kɔte be: “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, . . . elabena nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe, afisi yi ge nala o.” (Nyagblɔla 9:5, 10) Eye hakpala la gblɔ be ne ame ku la, “egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.
7. To kae wohe na Adam kple Xawa le Mawu ƒe se dzi dada ta?
7 Ðo ŋku edzi hã be esime Adam kple Xawa woda le Mawu ƒe se dzi la, menye makumakunyenyee wotsɔ he toe na wo o. Ema wɔwɔ anye teƒeɖoɖo boŋ, ke menye tohehe o! Ke boŋ wogblɔ na wo be ‘woagatrɔ azu anyi, elabena eya mee woɖe wo tsoe.’ Mawu te gbe ɖe edzi na Adam be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” (Mose I, 3:19) Eyata luʋɔ makumaku si wotsɔ dzi amee ƒe nufiafia mele Biblia la me o, ke boŋ Kristodukɔa ɣee tso dukɔ siwo menye Kristotɔwo o siwo nɔ anyi do ŋgɔ na wo la gbɔ.
8. Aleke Biblia la ɖee fiae be aʋatsoe Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la nye?
8 Hekpe ɖe eŋu la, Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃ ƒe nufiafia la nana Mawu dzena abe Mawu ɣaɣla aɖe si me ame etɔ̃ le ene. Gake nufiafia ma hã mele Biblia me o. Le kpɔɖeŋu me, Mawu gblɔ eme kɔ ƒã le Yesaya 40:25 me be: “Ameka ŋu miebe, yewoatsɔm aɖoe, ne masɔ kplii?” Ŋuɖoɖo la dze kɔte: Ame aɖeke mate ŋu asɔ kplii o. Psalmo 83:19 hã gblɔ kpuie be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Kpɔ Yesaya 45:5; 46:9; Yohanes 5:19; 6:38; 7:16 hã.
9. Nya kae míate ŋu agblɔ tso Biblia ƒe nufiafiawo kple Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ŋu?
9 Nusiwo Biblia fia tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu la me kɔ ƒã, eye wo gɔme sese le bɔbɔe eye nunya hã le eme. Gake Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo ƒe nufiafiawo ya mele nenema o. Esi gavlo wue nye be wotsi tre ɖe Biblia la ŋu.
Mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe Nuwɔnawo
10, 11. Mɔ kawo nue nusi Biblia ƒe nufiafiawo bia tso ame si to vovo na Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo tɔwo le?
10 Hekpe ɖe Kristodukɔa ƒe aʋatsonuwo fiafia ŋu la, egatsɔ eƒe nuwɔnawo hã gblẽ Mawu kple Biblia ŋui. Nusiwo nunɔlawo kple sɔlemehawo wɔ le ƒe alafa siwo va yi me eye woyi edzi gale wɔwɔm le mía ŋɔli sia me la tsi tre ɖe nusi Biblia ƒe Mawu la bia la ŋu eye wògatsi tre ɖe nusi Kristotɔnyenye Ðola, Yesu Kristo, fia hewɔ la hã ŋuti.
11 Le kpɔɖeŋu me, Yesu fia eyomedzelawo be woagade nu xexe sia me dunyahenyawo me alo woaƒo wo ɖokui ɖe eƒe aʋawɔwɔwo me o. Efia wo hã be woanye ŋutifafamewo, woanye sedziwɔlawo, eye woalɔ̃ wo havi amegbetɔwo nazãbubu aɖeke manɔmee, eye woalɔ̃ faa gɔ̃ hã atsɔ woƒe agbe asa vɔe tsɔ wu be woaɖe ame bubuwo ƒe agbe ɖa.—Yohanes 15:13; Dɔwɔwɔwo 10:34, 35; Yohanes I, 4:20, 21.
12. Nukae Yesu gblɔ be ade dzesi Kristotɔ vavãtɔwo?
12 Le nyateƒe me la, Yesu fia nu be amegbetɔ bubuwo lɔlɔ̃ ade dzesi Kristotɔ vavãtɔwo tso alakpa Kristotɔ siwo nye alakpanuwɔlawo gbɔ. Egblɔ na amesiwo adze eyome la be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke. Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”—Yohanes 13:34, 35; 15:12.
13, 14. Nukae ɖee fia be menye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔmee Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo le o?
13 Gake ƒe alafa geɖee nye sia si Kristodukɔa ƒo eɖokui ɖe dunyahenyawo me eye wònɔ megbe na aʋa siwo woƒe dukɔwo wɔ la. Wode akpa siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu le aʋawɔwɔwo me le Kristodukɔa me la dzi, abe xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa blaevelia me ene. Le aʋawɔwɔ mawo me la, osɔfo siwo nɔ akpa ɖesiaɖe dzi do gbe ɖa bia aʋadziɖuɖu, eye subɔsubɔha ɖeka me tɔ siwo tso dukɔ ɖeka me nɔ woƒe subɔsubɔha ma ke me tɔ siwo tso dukɔ bubu me la wum. Gake aleae Biblia gblɔ be Satana ƒe viwo wɔna, ke menye Mawu ƒe viwo o. (Yohanes I, 3:10-12, 15) Eyata togbɔ be osɔfowo kple wo yomedzelawo be Kristotɔwoe yewonye hã la, wowɔ nu tsi tre ɖe Yesu Kristo, amesi gblɔ na eyomedzelawo be ‘woada woƒe yi ɖi’ ƒe nufiafiawo la ŋuti.—Mateo 26:51, 52.
14 Sɔlemehawo wɔ ɖeka kple Kristodukɔa me dunyahedziɖuɖuwo esime woɖu dukɔ bubuwo dzi, wɔ wo kluviwoe heɖi gbɔ wo le dutanyigbawo dzi ɖuɖu ƒe ɣeyiɣiwo me ƒe alafa geɖe. Nenemae wònɔ le Afrika ƒe alafa geɖe. China hã to esia me esime Ɣetoɖoƒedukɔwo tsɔ akpasesẽ ɖu dukɔ bubuwo dzi, abe alesi wowɔ le Opium ƒe Aʋawo wɔɣi kple le Boxer ƒe Aglãdzedze me ene.
15. Nu vɔ̃ɖi kawoe Kristodukɔa wɔ?
15 Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo xɔ ŋgɔ hã le amesiwo mewɔ ɖeka kpli wo le ŋutinya ƒe ƒe alafa siwo woyɔ be Blukɔɣeyiɣiwo me o la yome titi, fuwɔwɔ wo, kple wo wuwu gɔ̃ hã me. Le Ŋutasẽʋɔnu si nɔ anyi ƒe alafa geɖe me la, wona ŋusẽ be woawɔ ŋutasẽnuwo abe funyafunyawɔwɔ kple amewuwu ene, eye wowɔ wo ɖe agbe nyui nɔla maɖifɔwo ŋu. Osɔfowo kple wo yomedzela siwo katã gblɔ be Kristotɔwoe yewonye lae wɔ ŋutasẽnu mawo. Wote kpɔ gɔ̃ hã be yewoatsrɔ̃ Biblia la ale be ame tsɛwo magakpɔe axlẽ o.
Womenye Kristotɔwo O
16, 17. Nukatae míate ŋu agblɔ be menye Kristotɔwoe sɔlemehawo nye o?
16 Ao, dukɔ kple sɔlemeha siwo le Kristodukɔa me la menye Kristotɔwo le ɣeyiɣi siwo va yi me o, eye womenye Kristotɔwo egbea hã o. Womenye Mawu subɔlawo o. Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la gblɔ le wo ŋu be: “Woʋua eme bena, yewonya Mawu, ke wotsɔ woƒe nuwɔnawo gbe nu le egbɔ; wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo kple amesiwo medze dɔ nyui wɔwɔ aɖeke kura o.”—Tito 1:16.
17 Yesu gblɔ be woate ŋu atsɔ ku si alakpasubɔsubɔha tsena la ade dzesii. Egblɔ be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le aʋatsonyagblɔɖilawo ŋuti; amesiwo vaa mia gbɔ le alẽgbalẽwo me, evɔ le wo me la wonye amegãxi nyanyrãwo. Mitsɔ woƒe tsetsewo dze si wo. . . . Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe!”—Mateo 7:15-20.
18. Nukawoe do tso Kristodukɔa ƒe nufiafiawo kple nuwɔnawo me?
18 Eyata Kristodukɔa ƒe subɔsubɔhawo to nusi wofia hewɔ la me ɖee fia be yewoƒe asiƒuakɔ be yewoxɔ Biblia la dzi se eye yewonye mawuvɔ̃lawo kple Kristotɔwo la nye aʋatso. Wogbe nu le Mawu kple Biblia la gbɔ. Le esia wɔwɔ me la, wowɔ nu wònyɔ ŋu na ame miliɔn geɖewo eye wòna wote ɖa le Dziɖula Gãtɔ dzixɔse gbɔ.
19. Ðe Kristodukɔa ƒe kpododonu fia be Mawu kple Biblia hã do kpo nua?
19 Gake alesi Kristodukɔa ƒe osɔfowo kple sɔlemehawo do kpo nui, kple subɔsubɔha bubu siwo mele Kristodukɔa me o ƒe kpododonu mefia be Biblia la hã do kpo nu o. Eye mefia hã be Mawu do kpo nu o. Ke boŋ Biblia la gblɔ Dziɖula Gãtɔ si li, amesi tsɔa ɖe le mía me kple na ɣeyiɣi si gbɔna hã ŋu nya na mí. Efia alesi wòaɖo eteƒe na dzianukwaretɔ siwo dina be yewoawɔ nu dzɔdzɔe, siwo di be yewoakpɔe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa naxɔ aƒe ɖe anyigba katã dzi la. Eɖe nusitae Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe li kple alesi wòaɖe amesiwo wɔa nuvevi wo haviwo, kpakple amesiwo gblɔna be yewole esubɔm gake womele esubɔm o ɖa le anyigba dzi la hã fia.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Dante ƒe “dzo mavɔ”
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Nudomegblẽla siwo Doré ta—Giampolo for Dante’s Divine Comedy
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Kristodukɔa ƒe Mawuɖekaetɔ̃
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Hindutɔwo ƒe mawu-ɖekaetɔ̃
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Le The British Museum ƒe mɔɖeɖe nu
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Egiptetɔwo ƒe mawuɖekaetɔ̃
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Museo Egizio, Turin
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Osɔfo siwo nɔ akpa eveawo dzi la nɔ megbe na aʋawɔwɔwo, esi tsi tre ɖe Yesu ƒe nufiafiawo ŋu
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
U.S. Army photo