INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • we axa 20-25
  • Kpekpeɖeŋu Kae Amewo Ana?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpeɖeŋu Kae Amewo Ana?
  • Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nusiwo Wòle Be Nàwɔ . . .
  • Nusiwo Mele Be Nàwɔ O . . .
  • Akɔfafa Si Tso “akɔfafawo Katã Ƒe Mawu” La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Fa Akɔ Na Ame Siwo Dzi Ku Dzɔ Ðo, Abe Ale Si Yesu Wɔe Ene
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Mifa Avi Kple Ame Siwo Le Avi Fam”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Ale Si Nàwɔ Ado Dzi Ne Èle Nu Xam
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Ne Wò Lɔlɔ̃tɔ aɖe Ku
we axa 20-25

Kpekpeɖeŋu Kae Amewo Ana?

“NE NANE li nàdi be mawɔ na wò la, nagblɔe nam.” Alea mía dometɔ geɖe míegblɔna na mía xɔlɔ̃ alo míaƒe ƒometɔ si dzi ku dzɔ ɖo eteƒe medidi o. Ẽ, míadi be míawɔe hã. Míawɔ nusianu atsɔ akpe ɖe eŋu. Gake ɖe amesi dzi ku dzɔ ɖo la yɔa mí hegblɔna be: “Mekpɔ nane si nàte ŋu awɔ akpe ɖe ŋunye” hã? Ao, mebɔ o. Edze ƒã be ele be míaxɔ ŋgɔ awɔ nu ne míedi vavã be míana kpekpeɖeŋu ahafa akɔ na amesi le nu xam.

Biblia me lododo aɖe gblɔ be: “Nya, si wogblɔ ɖe egblɔɣi la, sikatɔtɔŋuti wònye le klosalogba me.” (Lododowo 15:23; 25:11) Nunya le eme be míanya nya si míagblɔ kple nya si mele be míagblɔ o, nusi míawɔ kple nusi mele be míawɔ o. Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖo ʋee aɖewo siwo kpe ɖe amesiwo dzi ku dzɔ ɖo dometɔ aɖewo ŋue nye esi.

Nusiwo Wòle Be Nàwɔ . . .

Ðo to: Yakobo 1:19 gblɔ be ‘míaɖe abla le nusese me.’ Kpekpeɖeŋu siwo míate ŋu ana la dometɔ ɖekae nye be míase veve ɖe amesi dzi ku dzɔ ɖo la ti to toɖoɖoe me. Amesiwo dzi ku dzɔ ɖo dometɔ aɖewo adi be yewoaƒo nu tso yewoƒe lɔlɔ̃tɔ si ku la ŋu, le afɔku alo dɔléle si wui, alo alesi wosena le wo ɖokui me le amea ƒe ku megbe ŋu. Eyata biae be: “Àdi be yeaƒo nu tso eŋua?” Na woa ŋutɔwo natso nya me. Ðekakpui aɖe ɖo ŋku esime fofoa ku dzi hegblɔ be: “Esi ame bubuwo bia nusi dzɔ lam eye woɖo to nyuie la, ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ.” Tsɔ dzigbɔɖi kple veveseɖeamenu ɖo toe eye mahiã be nàsee le ɖokuiwò me be ele be yeaɖo nyawo ŋu alo agblɔ wo gbɔ kpɔnuwo o. Na woagblɔ nya sia nya si wodi be yewoagblɔ.

Na kakaɖedzi wo: Ka ɖe edzi na wo be wowɔ woƒe ŋutete katã (alo nusianu si nènya be enye nyateƒe eye wòsɔ). Ka ɖe edzi na wo be woƒe seselelãmewo—blanuiléle, dzikudodo, fɔbubuameɖokui, alo seselelãme bubu aɖe—katã sɔ le dzɔdzɔme nu. Gblɔ amesiwo nènya siwo to nɔnɔme sia tɔgbe ke me dzidzedzetɔe la ŋu nyawo na wo. Lododowo 16:24 gblɔ be “nya dzeto” siawo tɔgbe ‘yɔa dɔ ƒuwo.’—Tesalonikatɔwo I, 5:11, 14.

Nɔ wo gbɔ: Nɔ wo gbɔ, menye le ŋkeke ʋee gbãtɔ siwo xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ geɖe va la ko me o, ke le ɣleti aɖewo megbe gɔ̃ hã esi amewo gatrɔ yi woƒe gbesiagbedɔwo gbɔ. Le mɔ sia nu la, àɖee afia be yenye “xɔlɔ̃ lɔ̃a ame,” si nɔa xɔlɔ̃a ŋu le “hiã” me. (Lododowo 17:17) Teresea si ƒe vi ku le lɔrifɔku aɖe me gblɔ be: “Mía xɔlɔ̃wo kpɔ egbɔ be nane li míawɔ fiẽ sia fiẽ ale be míawo ɖeɖe míaganɔ aƒeme ɣeyiɣi didi o. Ema kpe ɖe mía ŋu míekpe akɔ kple akogotsitsi ƒe seselelãme si nɔ mía me la.” Le ƒe siwo akplɔe ɖo ƒe azãgbewo, abe srɔ̃ɖeŋkeke alo ɣletiŋkeke si dzi amea ku le ene dzi la, nu ate ɖe amesiwo wogblẽ ɖe megbe la dzi ŋutɔ. Nukata màde dzesi ŋkeke siawo le wò ɣletigbalẽ dzi ale be ne ŋkeke mawo ɖo la, àte ŋu ava nɔ wo gbɔ ase veve ɖe wo ti ne ehiã o?

Atsu kple asi aɖe va le kpekpem ɖe ŋutsu aɖe ŋu le aƒe me

Ne èkpɔ be nane hiã ŋutɔŋutɔ la, mègalala be woagblɔe na ye hafi yeawɔe o—xɔ ŋgɔ nàwɔ nu le mɔ si sɔ nu

Xɔ ŋgɔ le mɔ si sɔ nu: Ðe nanewo li siwo wòhiã be woawɔa? Ðe wòhiã be ame aɖe nakpɔ ɖeviawo gbɔa? Ðe xɔlɔ̃ kple ƒometɔ siwo va wo srã ge kpɔ la hiã dzeƒea? Zi geɖe la, amesiwo ƒe amewo ku eteƒe medidi o la menyaa nusi wòle be woawɔ gɔ̃ hã o ʋuu woayi nusi amewo awɔ akpe ɖe wo ŋu gblɔ ge o. Eyata ne èkpɔ be nane hiã ŋutɔŋutɔ la, mègalala be woagblɔe na ye hafi o; xɔ ŋgɔ nàwɔe. (Korintotɔwo I, 10:24; tsɔe sɔ kple Yohanes I, 3:17, 18.) Nyɔnu aɖe si srɔ̃ ku la gblɔ be: “Ame geɖe gblɔ be, ‘Ne nane li nàdi be mawɔ na wò la, na manya.’ Gake xɔ̃nye aɖe ya mebia o. Eyi ɖe xɔgã la me eye wòɖe abadzivɔ si me gblẽ le eƒe kua ta la henyãe. Nyɔnu bubu tsɔ tɔkpo, tsi, kple nuklɔnuwo eye wòtutu afisi srɔ̃nye ɖe xe kɔ ɖo la. Le kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, hamemegãwo dometɔ ɖeka nɔ eƒe dɔwɔwu me va kple eƒe dɔwɔnuwo hegblɔ be, ‘Menya be nane anɔ anyi si wòahiã be woade. Nukae?’ Aleke gbegbe nye dzi ʋãm ɖe ŋutsu ma ŋue nye si le esi wòva dzra ʋɔtru si nɔ megbega ɖeka ko ŋu ɖo eye wòdzra mɔ̃ si zãa elektrikŋusẽ la ɖo!”—Tsɔe sɔ kple Yakobo 1:27.

Wɔ amedzro: Biblia ɖo ŋku edzi na mí be: “Migaŋlɔ amedzroxɔxɔ be o.” (Hebritɔwo 13:2) Vevietɔ ele be míaɖo ŋku edzi awɔ amedzro na amesiwo le nu xam. Le esi teƒe be nàgblɔ be “va ɣesiaɣi” la, ɖo ŋkeke kple ɣeyiɣi na wo. Ne wogbe la, mègana ta enumake o. Ðewohĩ ahiã be nàde dzi ƒo na wo vie. Ate ŋu anɔ eme be wogbe vava le esi wole vɔvɔ̃m be yewoava fa avi le ame bubuwo ŋkume ta. Alo woase le wo ɖokui me be mesɔ be yewoaɖu nu ahade ha kple amewo le ɣeyiɣi sia tɔgbe me o. Ðo ŋku nyɔnu amedzrowɔla Lidia si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dzi. Esi wòkpe Luka yi eƒeme megbe la, egblɔ be, “Eye wòzi mía dzi.”—Dɔwɔwɔwo 16:15.

Gbɔ dzi ɖi eye nàse nu gɔme: Mègana nusi amesiwo dzi ku dzɔ ɖo agblɔ gbã la nawɔ nuku na wò akpa o. Ðo ŋku edzi be dzi anɔ wo kum eye woanɔ fɔ bum wo ɖokui. Ne wonyrã ɖe dziwò la, ahiã be nàse nu gɔme na wo ahagbɔ dzi ɖi be màgatsɔ dziku aɖo eŋu na wo o. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, [kple] dzigbɔgbɔ blewu.”—Kolosetɔwo 3:12, 13.

Ŋlɔ lɛta: Míeŋea aɖaba ƒua akɔfafa ƒe lɛtaŋɔŋlɔ alo veveseɖeamenu ƒe agbalẽvi si míaɖo ɖe wo la dzi zi geɖe. Vi kae wòɖena? Cindy si dada dɔdzẽ wu la ɖo eŋu be: “Xɔ̃nye aɖe ŋlɔ lɛta nyui aɖe nam. Ekpe ɖe ŋunye ŋutɔ elabena mete ŋu xlẽe gaxlẽe zi geɖe.” Lɛta alo agbalẽvi sia me dzideƒonyawo ate ŋu anye “nya vi aɖewo” ko gake ele be wòaɖe wò dzimenusesewo afia. (Hebritɔwo 13:22) Àte ŋu agblɔ be nya la ɖe fu na ye eye yeɖo ŋku amea dzi le nu tɔxɛ aɖe ta, alo àte ŋu agblɔ alesi amea ƒe nuwɔna aɖe wɔ dɔ ɖe wò agbe dzii.

Do gbe ɖa ɖekae kpli wo: Mègabu alesi nàdo gbe ɖa kple amesiwo dzi ku dzɔ ɖo kple gbedodoɖa ɖe wo ta nu tsɛe o. Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe kukuɖeɖe . . . nu sẽna.” (Yakobo 5:16) Le kpɔɖeŋu me, ne wose be èle gbe dom ɖa ɖe yewo ta la, akpe ɖe wo ŋu woaɖu seselelãme gbegblẽwo abe fɔbubuameɖokui ene dzi.—Tsɔe sɔ kple Yakobo 5:13-15.

Nusiwo Mele Be Nàwɔ O . . .

Ame aɖewo ƒe ame ku le kɔdzi eye wo xɔlɔ̃ aɖewo va le dzi dem ƒo na wo

Wò kɔdziyiyi ate ŋu ade dzi ƒo na ame si dzi ku dzɔ ɖo

Mègaɖe ɖokuiwò ɖe aga le esi mènya nusi nàgblɔ alo awɔ ta o: Ðewohĩ míagblɔ le mía ɖokui me be, ‘Meka ɖe edzi be ele be woawo ɖeɖe nanɔ anyi fifia.’ Gake ɖewohĩ nyateƒeae nye be míele hehem ɖe megbe le wo ŋu le vɔvɔ̃ be míava gblɔ nya alo awɔ nusiwo mesɔ o ta. Gake ne xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, alo haxɔsetɔwo he wo ɖokui ɖa le amesi dzi ku dzɔ ɖo ŋu la, ena wotsia akogo wu eye wòna wogasea veve ɖe edzi. Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, nyagbɔgblɔ kple nuwɔna suesuewoe ɖea dɔmenyo fiana wu. (Efesotɔwo 4:32) Wo gbɔ nɔnɔ ɖeɖe ate ŋu ade dzi ƒo na wo. (Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 28:15.) Teresea ƒo nu tso vianyɔnu ƒe kugbe ŋu be: “Kaka gaƒoƒo ɖeka naɖo la, mía xɔlɔ̃wo yɔ kɔa dzi ƒe amedzronɔƒe; hamemegãwo katã kple wo srɔ̃wo va. Nyɔnu aɖewo ƒe ɖawɔnuwo ganɔ tame na wo gɔ̃ hã wotsɔ vɛ, eye wo dometɔ aɖewo nɔ woƒe dɔwɔwuwo me. Ðeko woɖe asi le nusianu si wɔm wonɔ ŋu heva enumake. Wo dometɔ geɖe gblɔ be yewomenya nusi yewoagblɔ o, gake mele vevie o elabena woƒe afima nɔnɔe nye nu vevitɔ.”

Mègazi wo dzi be woadzudzɔ nuxaxa o: Míadi be míagblɔ be ‘Enyo, mègafa avi o.’ Gake anyo wu be woafa avi. Katherine si ɖo ŋku srɔ̃a ƒe ku dzi la gblɔ be: “Mebu be ehiã be woaɖe mɔ na amesiwo dzi ku dzɔ ɖo la woaɖe woƒe seselelãme afia ne woavo.” Mègagblɔ alesi wòle be amewo nase le wo ɖokui me na wo o. Eye mègabu be ele be yeaɣla yeƒe seselelãmewo atsɔ akpɔ wo tɔ tae o. Ke boŋ Biblia ɖo aɖaŋu be, “mifa avi kple amesiwo le avi fam la.”—Romatɔwo 12:15.

Mègatsi klokloklo aɖo aɖaŋu na wo be woaɖe amea ƒe nudodowo alo eƒe nu bubuwo ɖa vaseɖe esime woa ŋutɔwo nadii nenema o: Míabu be ade wo dzi be woaɖe nusiwo nana woɖoa ŋku amea dzi la ɖa elabena wonaa nuxaxa yia edzi eteƒe didina ɣeaɖewoɣi. Gake ɖewohĩ nya si wogblɔna be “Ne ŋku mekpɔe o la, mevaa susu me o” la mawɔ dɔ le go sia me o. Ahiã be amesi dzi ku dzɔ ɖo la nanɔ ame si ku la ŋlɔm be vivivi. Ðo ŋku alesi Biblia ƒo nu tso alesi blemafofo Yakob wɔ nui esime woblee wòxɔe se be lã wɔadã aɖe wu viaŋutsu dzaa Yosef la dzi. Esi wotsɔ Yosef ƒe awu ʋlaya si ƒo ʋu la va fia Yakob la, “[efa konyi] na via ŋkeke geɖewo. Eye viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo katã fa akɔ nɛ ʋuu do kpoe.”—Mose I, 37:31-35.

Mègagblɔ be ‘Àgadzi vi bubu’ o: Vidada aɖe si ƒe vi ku gblɔ be: “Evem ŋutɔ esi amewo gblɔ be mate ŋu agadzi vi bubu.” Woagblɔ esia kple susu nyui, gake gbɔgblɔ na dzila si ƒe vi ku be ate ŋu agadzi vi bubu ɖe esi ku teƒe la le nɛ abe “yitɔame” ene. (Lododowo 12:18) Vi aɖeke mate ŋu axɔ ɖe bubu teƒe gbeɖe o. Nukatae? Elabena wo dometɔ ɖesiaɖe to vovo tso wo nɔewo gbɔ.

Mègaɖoe koŋ agbe ame kukua ƒe ŋkɔyɔyɔ o: Vidada aɖe gblɔ be: “Ame geɖe gbe vinyeŋutsu Jimmy ƒe ŋkɔyɔyɔ alo gbe nuƒoƒo le eŋu. Le nyateƒe me la, evem vie esi amewo gbe esia wɔwɔ.” Eyata mègaɖoe koŋ atrɔ nya si gblɔm miele la ne woyɔ ameyinugbea ƒe ŋkɔ o. Bia amea be edi be yeaƒo nu tso eƒe lɔlɔ̃tɔ la ŋu hã. (Tsɔe sɔ kple Hiob 1:18, 19 kple 10:1.) Edzɔa dzi na amesiwo ƒe lɔlɔ̃tɔwo ku be woase be xɔlɔ̃wo le nu ƒom tso nɔnɔme tɔxɛ siwo na yewolɔ̃ amesi ku la ŋu.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 9:36-39.

Mègayɔ akpa nàgblɔ be, ‘Enyo wu’ o: Menye ɣesiaɣie agbagbadzedze be yeagblɔ nusita wònyo be amea ku la ‘faa akɔ na blanuilélawo’ o. Ðetugbi aɖe ɖo ŋku esime dadaa ku dzi be: “Ame aɖewo gblɔ be, ‘Mele fu kpem o’ alo, ‘Ele gbɔgbɔm ɖe eme.’ Gake nyemedi be mase nya mawo o.” Nya siawo tɔgbe ana amesiwo wògblẽ ɖe megbe la nasee le wo ɖokui me be mele be yewoalé blanui o alo be eƒe kua megblẽ nu boo o. Gake woalé blanui ŋutɔ elabena woƒe lɔlɔ̃tɔ la ƒe ku ve wo ŋutɔ.

Anyo be màgagblɔ be, ‘Menya alesi nèle sesem le ɖokuiwò me’ o: Ènya eƒe seselelãmea nyateƒea? Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàte ŋu anya alesi dzila sena le eɖokui me ne via ku nenye be vi meku na wò kpɔ oa? Eye ne vi ku na wò kpɔ hã la, de dzesii be amewo mase le wo ɖokui me abe alesi tututu nèse le ɖokuiwò me ene o. (Tsɔe sɔ kple Konyifahawo 1:12.) Gake ne esɔ la, aɖe vi be nàgblɔ alesi wò ŋutɔ nèto vevesese ɖe wò lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ta mee la nɛ. Nyɔnu aɖe si ƒe vinyɔnu wowu la kpɔ be enye akɔfafa na ye esime vidada aɖe si hã ƒe vinyɔnu ku kpɔ gblɔ alesi wòwɔ to vevesesea mee la nɛ. Egblɔ be: “Nyɔnuvi si ku la dada megblɔ be ‘Menya alesi nèse le ɖokuiwò mee’ tsɔ dze nya la gɔme o. Ðeko wògblɔ alesi nuwo nɔ nɛ la nam eye wòna metsɔ tɔnye sɔ kplii.”

Kpekpe ɖe amesi dzi ku dzɔ ɖo ŋu bia nublanuikpɔkpɔ, nugɔmesese, kple lɔlɔ̃ geɖe le wò akpa dzi. Mègalala be amesi dzi ku dzɔ ɖo la nava gbɔwò hafi o. Mègagblɔ ko be “Ne nane li si nàdi be mawɔ la . . . ” o. Wò ŋutɔ di “nane” ma eye naxɔ ŋgɔ awɔ nu le mɔ si sɔ nu.

Biabia ʋee aɖewo gali: Ke tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ si le Biblia me ya ɖe? Nukae wòate ŋu afia na mia kple wò lɔlɔ̃tɔ siwo ku? Aleke míawɔ aka ɖe edzi be enye mɔkpɔkpɔ si ŋu kakaɖedzi le?

Biabia Siwo Ŋu Nàde Ŋugble Le

  • Nukatae wònyo be nàɖo to amesi dzi ku dzɔ ɖo atsɔ ase veve nɛ ti?

  • Nukawoe nye nusiwo míate ŋu awɔ afa akɔ na amesi le nu xam la dometɔ aɖewo?

  • Nukawoe mele be míagblɔ alo awɔ na amesi le nu xam o?

Kpekpe Ðe Ðeviwo Ŋu be Woakpe Akɔ Kple Ku

Zi geɖe ne ame ku le ƒomea me la, dzilawo kple ƒometɔ bubuwo kpakple xɔlɔ̃wo menyaa nusi woagblɔ alo woawɔ na ɖeviwo be woakpe akɔ kple nusi dzɔ la o. Gake Ðeviwo hiã na ame tsitsiwo ƒe kpekpeɖeŋu be woakpe akɔ kple ku. De ŋugble le nya aɖe siwo wobiana zi geɖe tsɔ kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woase nusi ku nye gɔme la me ŋu kpɔ.

Aleke nàɖe nusi ku nye me na ɖeviwoe? Ele vevie be nàɖe nyawo me wo gɔme nanya se. To nyateƒe na wo hã. Mègahe ɖe megbe le nya abe “eku” alo “ku” ene zazã ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu anɔ anyi kple ɖevia, akɔe ɖe akɔ agblɔ be: “Nublanuinya gã aɖe dzɔ. Dɔléle aɖe si mebɔ o [alo nusi nènya wònye nyateƒe] la dze Papa dzi, eye wòku. Eƒe kua menye ame aɖeke ƒe vodada o. Eve mí ŋutɔ elabena míelɔ̃e, eye eya hã lɔ̃ mí.” Gake anyo be nàɖe eme be ɖevia alo edzila si le agbe la mele kuku ge le esi wodzea dɔ ɣeaɖewoɣi ta ko o.

Ðo woƒe biabiawo ŋu. Ðewohĩ woabia be, ‘Nukae ku?’ Àte ŋu aɖo eŋu ale: “Ne wobe ame ‘ku’ la efia be eƒe ŋutilã dzudzɔ dɔwɔwɔ eye magate ŋu awɔ nusiwo wòte ŋu wɔna tsã la dometɔ aɖeke azɔ o—mate ŋu aƒo nu, akpɔ nu, alo ase nu o, eye mate ŋu ase naneke le lãme o.” Dzila si xɔ tsitretsitsi ƒe ŋugbedodo si le Biblia me dzi se la ate ŋu awɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ atsɔ aɖe eme be Yehowa Mawu ɖoa ŋku ame kukuwo dzi eye ate ŋu agbɔ agbe wo le Paradisonyigba si gbɔna dzi. (Luka 23:43; Yohanes 5:28, 29)—Kpɔ Akpa si ƒe tanyae nye “Ame Kukuwo ƒe Mɔkpɔkpɔ si Ŋu Kakaɖedzi Le.”

Ðe nya aɖewo li si mele be nàgblɔ oa? Masɔ be nàgblɔ be ame kukua zɔ mɔ didi aɖe o. Ðevi vɔ̃na ŋutɔ be ame nadzo le ye gbɔ, vevietɔ ne edzilae ku. Ne wogblɔ nɛ be ame kukua yi mɔdzi la, ɖeko wòagana ɖevia nase le eɖokui me be wodzo le ye gbɔ eye wòabu be: ‘Mama dzo, eye meʋuʋu asi nam gɔ̃ hã o!’ Ðɔ ŋu ɖo le ɖevi suewo ŋu be màgagblɔ na wo be ame kukua va mlɔ anyi o. Ðevi bua nusi wosena la nu ŋutɔŋutɔe. Ne ɖevi tsɔ alɔ̃dɔdɔ sɔ kple ku la, ate ŋu ana wòavɔ̃ anyimɔmlɔ le zã me.

Ðe wòle be ɖeviwo nayi kua teƒea? Ele be dzilawo nabu ɖeviawo ƒe seselelãmewo ŋu. Ne womedi be yewoayi o la, mègazi wo dzi alo nàbu fɔ wo le mɔ aɖeke nu le esi womeyi ta o. Ne wodi be yewoayi la, ekema ɖe nusiwo ayi edzi kple ne amekukuɖaka anɔ afima eye ne woaʋu enu alo womaʋui o la me na wo nyuie. Gblɔe na wo hã be woakpɔ ame geɖe woanɔ avi fam le esi wòlé blanui ta. Gana mɔ wo ake be woabia nya faa. Eye na woanya be woate ŋu adzo ne wolɔ̃.

Aleke ɖeviwo wɔna ɖe ku ŋu? Zi geɖe la, ɖeviwo buna be yewoƒe vodada wònye be lɔlɔ̃tɔ aɖe ku. Ðewohĩ esi ɖevia do dziku ɖe amesi ku ŋu ɣeaɖeɣi kpɔ ta la, abu be alesi eƒe nu ku dzi na ye alo dzikunya siwo yegblɔ lae na wòku. Ahiã be nàfa akɔ nɛ: ‘Menye wò susu kple wò nyawoe naa amewo dzea dɔ o, eye womewua ame hã o.’ Ðevi sue ahiã na nya siawo siwo ana kakaɖedzii la edziedzi.

Ðe wòle be nàɣla wò nuxaxa ɖe ɖeviwoa? Avifafa le ɖeviwo ŋkume sɔ eye wònyo hã. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, manya wɔ be nàɣla wò seselelãmewo ɖe ɖeviwo keŋkeŋ o; woléa ŋku ɖe nu ŋu ŋutɔ eye wote ŋu kpɔnɛ zi geɖe be nane dzɔ. Alesi nàxa nu le woƒe ŋkume ana woanya be esɔ be woaxa nu ahaɖe ame ƒe seselelãmewo afia ɣeaɖewoɣi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe