INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • kl ta 16 axa 150-159
  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu
  • Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NUSITA WÒLE BE MÍATE ÐE MAWU ŊU
  • NUSIWO MÍAWƆ HAFI ATE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU
  • NUƑOƑO KPLE MAWU ƑE MƆNUKPƆKPƆWO
  • GBEDODOÐA SIWO YEHOWA SENA
  • NƆ GBEDODOÐA DZI ÐAA
  • NUƑOƑO KPLE YEHOWA MENYE AKPA ÐEKA KO ƑE AGBANƆAMEDZI O
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • ‘Mina Mawu Nanya Miaƒe Dzimedidiwo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
Kpɔ Bubuwo
Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
kl ta 16 axa 150-159

Ta 16

Alesi Nàwɔ Ate Ðe Mawu Ŋu

1. Nusiwo ɖi wo nɔewo kawoe dzena le subɔsubɔha geɖe me egbea?

SUBƆSUBƆKƆNU siwo tsaɖila aɖe kpɔ le Buddhatɔwo ƒe gbedoxɔ aɖe me le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me la wɔ nuku nɛ ŋutɔ. Togbɔ be menye Maria alo Kristo ƒe nɔnɔmewɔwɔwoe wòkpɔ o hã la, kɔnuawo dometɔ geɖe ɖi esiwo wowɔna le ha si me wòle me le wo de. Le kpɔɖeŋu me, ekpɔ be wozãa rosariowo eye wogblɔa gbedodoɖawo zi geɖe. Ame bubuwo hã de dzesi nusiwo ɖi wo nɔewo alea. Eɖanye le Ɣedzeƒe alo Ɣetoɖoƒe o, mɔ siwo nu mawusubɔlawo dzea agbagba le be yewoate ɖe Mawu alo nusiwo wosubɔna ŋu la ɖi wo nɔewo ŋutɔ.

2. Aleke woɖe gbedodoɖa gɔmee, eye nukata ame geɖe doa gbe ɖa?

2 Ame geɖe dzea agbagba vevie be yewoate ɖe Mawu ŋu to gbedodoɖa nɛ dzi. Wogblɔ be gbedodoɖa nye “amegbetɔ ƒe nuƒoƒo kple nu kɔkɔewo—Mawu, mawuwo, nutome si kɔkɔ wu amegbetɔ tɔ, alo ŋusẽ siwo tri akɔ wu dzɔdzɔmetɔ.” (The New Encyclopædia Britannica) Gake ne ame aɖewo le gbe dom ɖa na Mawu la, nusi woate ŋu akpɔ le egbɔ ŋu ko wobuna. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe bia Yehowa Ðasefo aɖe kpɔ be: “Ne èdo gbe ɖa ɖe tanye la, ɖe wòana nye ƒome, dɔwɔƒe, kple lãmesẽ kuxiwo nu nayia?” Edze abe ɖe ŋutsua susui nenema ene, gake ame geɖe doa gbe ɖa eye wokpɔna be yewoƒe kuxiwo gakpɔtɔ li kokoko. Eyata míate ŋu abia be, ‘Nukata koŋ ye wòle be míate ɖe Mawu ŋu?’

NUSITA WÒLE BE MÍATE ÐE MAWU ŊU

3. Amekae wòle be míado gbe ɖa na, eye nukatae?

3 Menye kɔnu dzro, alo mɔ si nu míato akpɔ nane koe gbedodoɖa nye o. Susu vevi aɖe si tae wòle be míate ɖe Mawu ŋue nye bene ƒomedodo kplikplikpli nanɔ mía kplii dome. Eyata Yehowa Mawue wòle be míaƒe gbedodoɖawo nayi na. Hakpala Dawid gblɔ be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo katã yɔnɛ . . . la gbɔ.” (Psalmo 145:18) Yehowa kpe mí be míava nɔ ŋutifafa ƒomedodo me kple ye. (Yesaya 1:18) Amesiwo wɔna ɖe amekpekpe sia dzi la ƒe susu wɔ ɖeka kple hakpala la tɔ, esi wògblɔ be: “Ke nye la, Mawu ƒe gbɔnyenɔnɔ enye nye dzidzɔ.” Nukatae? Elabena dzidzɔ kple dziɖeɖi vavãtɔ asu amesiwo tena ɖe Yehowa Mawu ŋu la si.—Psalmo 73:28.

4, 5. (a) Nukatae wòle vevie be míado gbe ɖa na Mawu? (b) Ƒomedodo ka tɔgbee míate ŋu atu ɖo kple Mawu to gbedodoɖa dzi?

4 Nukatae míagado gbe ɖa abia be Mawu nekpe ɖe mía ŋu ne ‘enya nusiwo hiãa mí hafi míebianɛ’? (Mateo 6:8; Psalmo 139:4) Gbedodoɖa fia be míexɔ Mawu dzi se eye míebunɛ be Eyae nye “nunana nyuiwo katã kple nunana blibowo katã” Nala. (Yakobo 1:17; Hebritɔwo 11:6) Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe míaƒe gbedodoɖawo ŋu. (Lododowo 15:8) Edzɔa dzi nɛ be yease míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kple kafukafunya ʋãmewo, abe alesi vifofo kpɔa dzidzɔe ne ese via sue ƒe akpedadanya siwo tso dzi me ene. (Psalmo 119:108) Ne ƒomedodo nyui le vifofo kple via dome la, woɖoa dze viviwo. Ðevi si fofoa lɔ̃na la dina be yeaƒo nu nɛ. Nenema ke wòle le míaƒe ƒomedodo kple Mawu hã gome. Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe nusi srɔ̃m míele tso Yehowa ŋu kple alesi wòlɔ̃ míi ŋu nyateƒe la, míadi vevie be míagblɔe nɛ le gbedodoɖa me.—Yohanes I, 4:16-18.

5 Ne míeva Mawu Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ la, ele be míaƒo nu bubutɔe, togbɔ be mahiã be míatsi dzi ɖe nya siwo míazã ŋu akpa o hã. (Hebritɔwo 4:16) Míate ŋu ate ɖe Yehowa ŋu ɣesiaɣi. Eye mɔnukpɔkpɔ kae nye si wònye be ‘míatrɔ míaƒe dzi aƒo ɖe Mawu ŋkume’ le gbedodoɖa me! (Psalmo 62:9) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu naa xɔlɔ̃wɔwɔ ƒe ƒomedodo si ɖi esi nɔ wo kple nuteƒewɔla Abraham, Mawu xɔlɔ̃, dome la va nɔa mía kplii dome. (Yakobo 2:23) Gake ne míele gbe dom ɖa na xexeame katã ƒe Aƒetɔ kple Dziɖulagã la, ele be míawɔ ɖe nusiwo wòdi tso mía si hafi ate ɖe eŋu la dzi.

NUSIWO MÍAWƆ HAFI ATE ŊU ATE ÐE MAWU ŊU

6, 7. Togbɔ be Mawu mebiaa ga hafi sea míaƒe gbedodoɖawo o hã la, nukae wòdi tso mía si ne míele gbe dom ɖa?

6 Ðe wòhiã ga hafi woate ŋu ate ɖe Mawu ŋua? Ame geɖe xea fe na osɔfowo be woado gbe ɖa ɖe yewo ta. Ame aɖewo susuna gɔ̃ hã be woase yewoƒe gbedodoɖawo le ga si yewodzɔ ƒe agbɔsɔsɔme nu. Gake Mawu ƒe Nya la megblɔ be ehiã be woana ga hafi ava Yehowa gbɔ le gbedodoɖa me o. Eƒe gbɔgbɔmenunanawo kple yayra siwo tsoa ƒomedodo kplii me to gbedodoɖa me la li femaxee.—Yesaya 55:1, 2.

7 Ke nukae wodi tso ame si? Nudidi veviawo dometɔ ɖekae nye dzi ƒe nɔnɔme nyuitɔ ƒe amesinɔnɔ. (Kronika II, 6:29, 30; Lododowo 15:11) Ele be míaxɔe se le míaƒe dzi me be Yehowa Mawue nye ‘Gbedodoɖasela’ kple ‘amesi ɖoa eteƒe na amesiwo dinɛ vevie.’ (Psalmo 65:3; Hebritɔwo 11:6) Ele be ɖokuibɔbɔɖanyidzi hã nanɔ mía si. (Fiawo II, 22:19; Psalmo 51:19) Le Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me la, efia be esi nudzɔla aɖe si bɔbɔ eɖokui ɖe anyi le dzi me te ɖe Mawu ŋu la, wobui ame dzɔdzɔe wu Farisitɔ ɖokuidoɖedzila aɖe. (Luka 18:10-14) Ne míele gbe dom ɖa na Mawu la, mina míaɖo ŋku edzi be “dadalawo katã nye ŋunyɔ na Yehowa.”—Lododowo 16:5.

8. Ne míedi be Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, nuka mee wòle be míakɔ mía ɖokui ŋu le?

8 Ne míedi be Mawu naɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu la, ele be míakɔ mía ɖokui ŋu tso nuvɔ̃gbenɔnɔ me. Esi nusrɔ̃la Yakobo de dzi ƒo be woate ɖe Mawu ŋu la, egagblɔ kpee be: “Miklɔ miaƒe asiwo, mi nuvɔ̃wɔlawo, eye miwɔ miaƒe dziwo kɔkɔe, mi dzimevesusulawo!” (Yakobo 4:8) Nugbegblẽwɔlawo gɔ̃ hã ate ŋu ava nɔ ŋutifafa me kple Yehowa ne wotrɔ dzime eye woɖe asi le woƒe agbenɔnɔ xoxowo ŋu. (Lododowo 28:13) Yehowa mase míaƒe gbedodoɖawo o ne míewɔa nu ayetɔe abe ɖe míekɔ míaƒe mɔwo ŋu ene. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu; ke Yehowa klẽa ŋku ɖe amesiwo wɔa vɔ̃ la.”—Petro I, 3:12.

9. Ameka dzie wòle be míato ate ɖe Yehowa ŋu, eye nukatae?

9 Biblia gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe aɖeke mele anyigba dzi, si wɔa nu nyui sɔŋ, eye mewɔa nuvɔ̃ o.” (Nyagblɔla 7:20) Ðewohĩ àbia be: ‘Ke aleke míawɔ ate ɖe Yehowa Mawu ŋu?’ Biblia ɖo eŋu be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la.” (Yohanes I, 2:1) Togbɔ be míenye nuvɔ̃wɔlawo hã la, míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu faa to Yesu Kristo, amesi ku va zu tafe ɖe mia ta la dzi. (Mateo 20:28) Eya dzi koe míato hafi ate ŋu ate ɖe Yehowa Mawu ŋu. (Yohanes 14:6) Mele be míatsɔe be Yesu ƒe tafevɔsa la ƒe asixɔxɔ li xoxo abua awɔ nuvɔ̃ o. (Hebritɔwo 10:26) Gake ne míewɔa míaƒe ŋutete be míatsri vɔ̃ gake ɣeaɖewoɣi míedana ƒuna la, míate ŋu atrɔ dzime eye míabia Mawu ƒe tsɔtsɔke. Ne míetsɔ ɖokuibɔbɔdzi va egbɔe la, asee na mí.—Luka 11:4.

NUƑOƑO KPLE MAWU ƑE MƆNUKPƆKPƆWO

10. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le gbedodoɖa mee, eye ɣekaɣiwoe nye ɣeyiɣi siwo me míado gbe ɖa le mía ɖokui si la dometɔ aɖewo?

10 Yesu Kristo de asixɔxɔ gã aɖe ƒomedodo si le wo kple Yehowa dome ŋu. Eyata Yesu dia ɣeyiɣi tsɔ ƒoa nu na Mawu le eya ɖeɖeko ƒe gbedodoɖa nɛ me. (Marko 1:35; Luka 22:40-46) Anyo be míasrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu sia eye míado gbe ɖa na Mawu edziedzi. (Romatɔwo 12:12) Enyo be míadze ŋkekea gɔme kple gbedodoɖa, eye hafi míamlɔ anyi la, esɔ be míada akpe na Yehowa ɖe ŋkekea me dɔwo ta. Ðoe wò taɖodzinui be nàte ɖe Mawu ŋu “le ɣeawokatãɣi me” le ŋkekea me. (Efesotɔwo 6:18) Míate ŋu ado gbe ɖa le ɖoɖoezizi me le míaƒe dzi me gɔ̃ hã, elabena míenyae be Yehowa ate ŋu asee na mí. Nuƒoƒo na Mawu le mía ɖokui si naa mía kplii dome ƒomedodo me sẽna ɖe edzi, eye gbedodoɖa na Yehowa gbesiagbe kpena ɖe mía ŋu be míate ɖe eŋu kplikplikpli wu.

11. (a) Nukatae wòle be ƒomewo nado gbe ɖa ɖekae? (b) Nukae wòfia ne míeɖe “Amen” le gbedodoɖa ƒe nuwuwu?

11 Yehowa sea gbe si wodo ɖa ɖe amewo ƒe ƒuƒoƒowo ta hã. (Fiawo I, 8:22-53) Míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu abe ƒome ene, eye ƒomea ƒe ta naxɔ ŋgɔ le eme. Esia doa ŋusẽ ƒomekadodoa, eye ɖeviwo bua Yehowa ame ŋutɔŋutɔe ne wose wo dzilawo le gbe dom ɖa na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe. Ke ne ame aɖe le ƒuƒoƒo aɖe teƒe le gbe dom ɖa, ɖewohĩ le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe me ya ɖe? Ne míele nyaselawo dome la, mina míalé to ɖe eŋu nyuie, ale be ne edoe ɖa vɔ la, míate ŋu agblɔ tso dzi blibo me be “Amen,” si gɔmee nye “Neva eme nenema.”—Korintotɔwo I, 14:16.

GBEDODOÐA SIWO YEHOWA SENA

12. (a) Nukatae Mawu meɖoa gbedodoɖa aɖewo ŋu o? (b) Nukatae mele be míaƒe susu nanɔ mía ŋutɔwo míaƒe nuhiahiãwo ɖeɖeko ŋu ne míele gbe dom ɖa o?

12 Awɔ na ame aɖewo be Mawu mesea yewoƒe gbedodoɖa o togbɔ be yewodonɛ ɖa nɛ to Kristo dzi hã. Gake apostolo Yohanes gblɔ be: “Ne míebia nane le [Mawu ƒe] lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” (Yohanes I, 5:14) Eyata ehiã be míabia nusi wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Esi wòtsɔ ɖe le míaƒe gbɔgbɔmenyonyo me ta la, nusianu si ku ɖe míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ŋu la nye nusi sɔ míate ŋu ado gbe ɖa abia. Ele be míawɔ aʋa kple tetekpɔ si nye be míaƒe susu nanɔ ŋutilãmenuwo ɖeɖeko ŋu. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be esɔ be míado gbe ɖa abia nugɔmesese kple ŋusẽ be míatsɔ anɔ te ɖe dɔléle nui hã la, mele be dzitsitsi ɖe lãmesẽ ŋu navu tsyɔ gbɔgbɔmenuwo dzi o. (Psalmo 41:2-4) Esi Kristotɔ nyɔnu aɖe kpɔ be yetsi dzi ɖe yeƒe lãmesẽ ŋu akpa la, ebia be Yehowa nekpe ɖe ye ŋu be nukpɔsusu nyuitɔ nanɔ ye si ɖe yeƒe dɔlélea ŋu. Ewɔe be megatsia dzi ɖe eƒe dɔlélea ŋu fũ o, eye ekpɔe be wona ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ la ye. (Korintotɔwo II, 4:7) Eƒe didi be yeakpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ me la dzi ɖe edzi, eye wòva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒe gbeƒãɖela.

13. Abe alesi wòdze le Mateo 6:9-13 ene la, nukawoe nye nusiwo sɔ siwo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa le ƒe ɖewo?

13 Nukawo ŋu míate ŋu ado gbe ɖa le ale be wo sese nadze Yehowa ŋu? Yesu Kristo fia gbedodoɖa eƒe nusrɔ̃lawo. Le kpɔɖeŋugbedodoɖa si woŋlɔ ɖe Mateo 6:9-13 me la, eɖo nusiwo wòasɔ be míado gbe ɖa abia la ƒe kpɔɖeŋu ɖi. Nukawo ŋue wòle be míatsi dzi ɖo vevie wu le míaƒe gbedodoɖawo me? Ele be Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ la kple Fiaɖuƒea nanye nu vevitɔwo. Esɔ be míabia míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo. Ele vevie hã be míabia míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke eye be woaɖe mí tso tetekpɔwo kple vɔ̃ɖitɔ Satana Abosam si me. Yesu medi be míanɔ gbe sia dom ɖa zi gbɔ zi geɖe, anɔ emenyawo tututu gblɔm evɔ míaɖe asi le nusi nya mawo fia la ŋu bubu o. (Mateo 6:7) Ƒomedodo kae ate ŋu anɔ anyi ne nya ɖeka tɔgbewo koe vi zãna tsɔ ƒoa nu na fofoa?

14. Hekpe ɖe nusiwo míabia ŋu la, gbe kawo hãe wòle be míado ɖa?

14 Tsɔ kpe ɖe kukuɖeɖewo kple kokoƒoƒo siwo tso dzi me ŋu la, ele be míado kafukafu kple akpedagbewo hã ɖa. (Psalmo 34:2; 92:2; Tesalonikatɔwo I, 5:18) Míate ŋu ado gbe ɖa ɖe ame bubuwo hã ta. Gbedodoɖa ɖe míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo dzi nya dzɔ ɖo alo siwo yome tim wole ta la fia alesi míetsɔ ɖe le eme na woe, eye edzɔa dzi na Yehowa be wòase alesi míetsɔ ɖe le eme na woe. (Luka 22:32; Yohanes 17:20; Tesalonikatɔwo I, 5:25) Le nyateƒe me, apostolo Paulo ŋlɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:6, 7.

NƆ GBEDODOÐA DZI ÐAA

15. Nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui ne ewɔ abe ɖe womele míaƒe gbedodoɖawo ŋu ɖom o ene?

15 Togbɔ be Mawu ŋuti sidzedze le asiwò sum hã la, awɔ na wò be ɣeaɖewoɣi la, womeɖoa wò gbedodoɖawo ŋu o. Ðewohĩ esi menye ɣeyiɣi si me Mawu aɖo gbedodoɖa ma ŋue o tae. (Nyagblɔla 3:1-9) Yehowa ate ŋu aɖe mɔ le nɔnɔme aɖe ŋu be wòayi edzi vaseɖe ɣeyiɣi aɖe, gake kakaɖedzi li be eɖoa gbedodoɖawo ŋu eye enya ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòaɖo wo ŋu le.—Korintotɔwo II, 12:7-9.

16. Nukatae wòle be míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa, eye aleke esia wɔwɔ akpɔ ŋusẽ ɖe ƒomedodo si le mía kple Mawu dome dzii?

16 Míaƒe gbedodoɖa ɖaa ɖea míaƒe ɖetsɔleme si tso dzi me fiana le nusi gblɔm míele na Mawu me. (Luka 18:1-8) Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu abia Yehowa be nekpe ɖe mía ŋu míaɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ aɖe dzi. Ne míenɔa gbedodoɖa dzi ɖaa eye míewɔa nu wòsɔna ɖe míaƒe kukuɖeɖewo nu la, míeɖea míaƒe didi la ƒe vevienyenye fiana. Ne míele nu biam la, ele be míayɔ nusi tututu hiã mí eye míabiae anukwaretɔe. Ele vevie ŋutɔ be míado gbe ɖa kple moveviɖoɖo ne míele tetekpɔ me tom. (Mateo 6:13) Ne míeyi gbedodoɖa dzi esime míele agbagba dzem be míaɖu nuvɔ̃ ƒe nyaƒoɖeamenu siwo le mía me dzi la, míakpɔ alesi Yehowa kpena ɖe mía ŋui. Esia atu míaƒe xɔse ɖo eye wòado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodo.—Korintotɔwo I, 10:13; Filipitɔwo 4:13.

17. Aleke gbedodoɖa ƒe nɔnɔme ƒe mía si nɔnɔ aɖe vi na mí le Mawu subɔsubɔ mee?

17 Ne míesrɔ̃ gbedodoɖa ƒe nɔnɔme le subɔsubɔ kɔkɔe tsɔtsɔna Yehowa Mawu me la, míava kpɔe be menye mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽ mee míele esubɔm le o. Yehowa ƒe ŋusẽdodo mee míesubɔnɛ le. (Korintotɔwo I, 4:7) Sidzedze esia akpe ɖe mía ŋu be míabɔbɔ mía ɖokui eye wòana ƒomedodo si le mía kplii dome la me nasẽ ɖe edzi. (Petro I, 5:5, 6) Nyateƒee, susu nyuiwo li siwo tae wòle be míanɔ gbedodoɖa dzi ɖaa. Gbe siwo míedona ɖa moveviɖoɖotɔe kple alesi míate ɖe mía Fofo lɔlɔ̃ si le dziƒo ŋu la ŋuti sidzedze xɔasi la akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ le míaƒe agbe me.

NUƑOƑO KPLE YEHOWA MENYE AKPA ÐEKA KO ƑE AGBANƆAMEDZI O

18. Aleke míawɔ aɖo to Mawu?

18 Ne míedi be Mawu nase míaƒe gbedodoɖawo la, ke ele be míase nusi wògblɔna. (Zaxarya 7:13) Mawu megagblɔa eƒe nyawo toa nyagblɔɖila siwo eƒe gbɔgbɔ ʋã la dzi o eye kakaɖedzitɔe la, metoa gbɔgbɔyɔyɔ dzi o. (Mose V, 18:10-12) Gake míate ŋu aɖo to Mawu to eƒe Nya Biblia la sɔsrɔ̃ me. (Romatɔwo 15:4; Timoteo II, 3:16, 17) Abe alesi wòhiã be míana ŋutilãmenuɖuɖu nyui nadzro míi ene la, nenema ke wode dzi ƒo na mí be “gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro [mí] vevie.” Nɔ Mawu ƒe Nya la xlẽm gbesiagbe be gbɔgbɔmenuɖuɖua nanɔ dzrowòm vevie.—Petro I, 2:2, 3; Dɔwɔwɔwo 17:11.

19. Viɖe kawoe tsoa ŋugbledede tso nusi míexlẽna le Biblia me ŋu me na mí?

19 De ŋugble le nusiwo nèxlẽna le Biblia me ŋu. (Psalmo 1:1-3; 77:12, 13) Efia be nàbu nusiwo nèxlẽna ŋu ayi eme nyuie. Àte ŋu atsɔ nusia asɔ kple alesi míaƒe dɔgbo tua nuɖuɖui. Àte ŋu atu wò gbɔgbɔmenuɖuɖu la to alesi nàtsɔ nusi nèxlẽ la asɔ kple nusiwo nènya xoxo la me. Bu alesi nya la ku ɖe wò agbenɔnɔ ŋui ŋu nyuie, alo bu nusi wòfia le Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple alesi wòwɔa nui ŋu la ŋu nyuie. Ne èwɔe alea la, ana be nàto ɖokuisinusɔsrɔ̃ me aɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu si Yehowa nana. Esia ana mia kple Mawu dome nanɔ kplikplikpli wu eye wòakpe ɖe ŋuwò be nàte ŋu adze ŋgɔ gbesiagbekuxiwo.

20. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede tea mí ɖe Mawu ŋui?

20 Ne èɖoa to sea Mawu ƒe Nya la me dzodzro le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, abe alesi Israel-viwo ɖoa to nyuie ne wokpe ta be yewoase Mawu ƒe Se la xexlẽ ene la, eya hã ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàte ɖe Mawu ŋu. Nufiala siwo nɔ anyi ɣemaɣi la xlẽa Sea kple gɔmesese, eye esia kpena ɖe woƒe nyaselawo ŋu wosea nusi wose la gɔme eye wòʋãa wo be woatsɔ wo awɔ dɔe. Esia naa wokpɔa dzidzɔ gã aɖe. (Nexemya 8:8, 12) Eyata na wòanye wò numãme be nàde Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Esia akpe ɖe ŋuwò be nàse sidzedze Mawu gɔme eye nàtsɔe awɔ dɔe le wò agbenɔnɔ me eye esia ana nàkpɔ dzidzɔ. Xexeame katã ƒe Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ me nɔnɔ akpe ɖe ŋuwò be mia kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli. Eye abe alesi míava kpɔe ene la, àte ŋu anɔ dedie vavã le Mawu ƒe amewo dome.

DO WÒ SIDZEDZE KPƆ

Nukatae wòle be nàte ɖe Yehowa ŋu?

Nukawoe nye nudidi siwo ana míate ŋu ate ɖe Mawu ŋu la ƒe ɖewo?

Nukawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa le?

Nukatae wòle be nànɔ gbedodoɖa dzi ɖaa?

Aleke nàte ŋu aɖo to Yehowae egbea?

[Nɔnɔmetata si xɔ axa 157]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe