Dzomavɔ—Ðe Wòkpe ɖe Mawu Ƒe Ʋɔnu Dzɔdzɔe Dɔdrɔ̃ Ŋua?
Èkpɔ eteƒe wofia fu ame aɖe kpɔa? Adzɔ dzi na mí ne mèkpɔ eteƒe kpɔ o. Dzivenu tɔŋku wònye be woaɖoe koŋ awɔ funyafunya ame. Ke ne Mawue fiaa fu ame ya ɖe? Èsusu be nu ma ate ŋu adzɔa? Ke hã nusia tututue wodi be woafia le dzomavɔ nufiafia si nye nufiafia si dzi woda asi ɖo le subɔsubɔha geɖe me la me.
Tɔ sẽ nàbu nu dziŋɔ si gbɔna ŋu kpɔ: Wole ame aɖe mem le ga dzodzo dzi. Vevesese helĩhelĩ na wòle ɣli dom sesĩe be woakpɔ nublanui na ye, gake ame aɖeke mele nu dem eme nɛ o. Funyafunyawɔamea le edzi yim gaƒoƒo ɖesiaɖe, gbesiagbe—madzudzɔmadzudzɔe!
Hlɔ̃ ka kee fukpelaa ɖado o, ɖe eƒe nu mawɔ nublanui na wò oa? Ke amesi ɖe gbe be woafia fui ya ɖe? Ðe nàbui be enye ame lɔ̃amea? Kura o! Amesi me lɔlɔ̃ le kpɔa nublanui na ame eye eƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu. Vifofo lɔ̃ame ate ŋu ahe to na viawo baa, gake mafia fu wo gbeɖe o!
Ke hã subɔsubɔha geɖe fiana be Mawu wɔa funyafunya nuvɔ̃lawo le dzomavɔ me. Wogblɔna be nusia nye ʋɔnu dzɔdzɔe Mawu le dɔdrɔ̃m. Ne nyateƒee wònye la, ke amekae wɔ fuwɔame mavɔ teƒe dziŋɔ ma? Eye amekae na wowɔa funyafunya mawo ame vevie le afima? Ewɔ abe ŋuɖoɖoawo dze ƒã ene. Ne nyateƒe wònye be teƒe aɖe li nenema la, ke Mawue anye ewɔla, eye eyae ana woawɔ nusianu si yia edzi le afima.
Àlɔ̃ ɖe nya ma dzia? Bibliaa gblɔ be: “Mawu enye lɔlɔ̃.” (Yohanes I, 4:8) Ðe lɔlɔ̃ ƒe Mawu awɔ funyafunya ƒomevi aɖe ame, evɔ amegbetɔ siwo si nudzeamewɔwɔ ƒe susu sue aɖe ko le gɔ̃ hã bunɛ be egbɔ emea? Kura o!
Nufiafia si Me Susu Mele O
Ke hã ame geɖe xɔe se be ame vɔ̃ɖiwo ayi dzomavɔ aɖe me eye woawɔ funyafunya wo tegbee. Ðe susu le nufiafia sia mea? Ƒe 70 alo 80 koe amegbetɔ ƒe agbenɔƒewo nye. Ne ame aɖe tsɔ nuvɔ̃ɖiwɔwɔ si gbɔ eme ɖo dɔe le eƒe agbemeŋkekewo katã me gɔ̃ hã la, ɖe wòasɔ be woawɔ funyafunyae tegbeea? Ao. Masɔ kura be woawɔ funyafunya ame tegbee ɖe nuvɔ̃ ʋɛ siwo wòwɔ le eƒe agbenɔɣi ta o.
Amekae nya nusi tututu dzɔna ɖe mía dzi ne míeku? Mawu koe ate ŋu agblɔ nya sia na mí, eye egblɔe na mí le eƒe Nya si woŋlɔ, si nye Biblia, si míeyɔ va yi la me. Nusi Biblia gblɔe nye si: “Alesi [lãwo] kunae la, nenema ke [amegbetɔwo] hã kunae, gbɔgbɔ ɖekae le wo katã si . . . Wo katã woyina teƒe ɖeka; anyi me wo katã wotso, eye anyi wo katã woagazu.” (Nyagblɔla 3:19, 20) Womeyɔ dzomavɔ aɖeke le afisia o. Amegbetɔwo trɔna zua anyi—woyia agbemanɔmanɔ me—ne woku.
Hafi woate ŋu awɔ funyafunya ame la, ele be amea nanɔ nu nyam. Ðe ame kukuwo ganyaa nanea? Ao. “Agbagbeawo nyae be, yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo menya naneke o, fetu aɖeke megali na wo o, eye woŋlɔ woƒe ŋkɔ be.” (Nyagblɔla 9:5) Manya wɔ be ame kuku siwo “menya naneke o” la, nakpe dzomavɔ me nɔnɔ ƒe fu o.
Nufiafia Gblẽnu
Ame aɖewo tea tɔ ɖe edzi be dzomavɔ nufiafia la ɖanye nyateƒe alo aʋatso o, viɖe le eŋu. Nukatae? Wogblɔna be ena amewo vɔ̃na na nuvɔ̃ɖiwɔwɔ. Nyateƒe wònyea? Ðe alesi gbegbe wodoa hlɔ̃ le nuto siwo me woxɔ dzomavɔ dzi se le ɖiɖi wu teƒe bubuwo tɔa? Kura o! Le nyateƒe me la, dzomavɔ nufiafia la gblẽa nu ale gbegbe. Ðe amesi xɔe se be Mawu wɔa funyafunya amewo la alé fu funyafunyawɔamea? Nukata wòalé fui? Zi geɖe la, amesiwo xɔ mawu si sẽa ŋuta dzi se la hã va zua ŋutasẽlawo abe woƒe mawua ke ene.
Mɔ ka ke nue amesi bua nu ŋu abu nyaa ŋu atoe o, mate ŋu alɔ̃ ɖe edzi be dzomavɔ, si nye fuwɔame teƒe, aɖeke li o. Susu mele eme o. Le dzɔdzɔme nu la, amegbetɔ kpɔe be mesɔ o. Vevietɔ wu la, Mawu ƒe Nya hã megblɔ be teƒe aɖe li nenema o. Ne ame ku la, “egbugbɔna yia eƒe anyi gbɔ; gbemagbe eƒe tameɖoɖowo nu yina.”—Psalmo 146:4.
Tohehe Kae Li ne Míewɔ Nuvɔ̃?
Ðe wòfia be womahe to na mí ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta oa? Ao, menye nya lae nye ma o. Mía Mawu kɔkɔe la hea to na nuvɔ̃wɔlawo, gake mewɔa funyafunya wo o. Eye ne nuvɔ̃wɔlawo trɔ dzime la, etsɔna kea wo. Tohehe kae li ne wowɔ nuvɔ̃? Biblia ɖo nyaa ŋu tẽ be: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku.” (Romatɔwo 6:23) Agbe nye nunana tso Mawu gbɔ. Ne míewɔ nuvɔ̃ la, míegadze na agbenɔnɔ o, ale be míekuna.
Ðewohĩ àbia be: ‘Dzɔdzɔenyenye kae le nya sia me? Amesiame kunae!’ Esi mí katã míenye nuvɔ̃mewo tae míekuna ɖo. Le nyateƒe me, ame aɖeke medze na agbenɔnɔ o. “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti.”—Romatɔwo 5:12.
Va ɖo afisia la, ɖewohĩ ànɔ susum ɖe tame be: ‘Nenye be nuvɔ̃e mí katã míewɔ tae míekuna ɖo la, ke nukatae míanɔ agbagba dzem be míawɔ nu nyui? Edze abe alesi wowɔa nu ɖe ame vɔ̃ɖi ŋui la, nenema ke wowɔa nu ɖe amesi dzea agbagba be yeasubɔ Mawu hã ŋui ene.’ Gake mele nenema o. Togbɔ be mí katã míenye nuvɔ̃mewo hã la, Mawu tsɔna kea amesiwo trɔa dzime anukwaretɔe hedzea agbagba be yewoaɖɔ yewoƒe nɔnɔmewo ɖo. Eɖoa agbagba siwo míedzena be ‘míatrɔ míaƒe tamesusu’ awɔ nu nyui la teƒe na mí. (Romatɔwo 12:2) Nyateƒenya siawo dzie mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe nɔ te ɖo.
Nyuiwɔlawo ƒe Fetu
Ne míeku la, míeganɔa agbe o. Gake mefia be nusianu ƒe seƒe koe nye ema o. Nuteƒewɔla Hiob nya be yeayi tsiẽƒe ne yeku. Gake se gbe si wòdo ɖa na Mawu ɖa, ebe: “Oo, ne naxaɣlam ɖe tsiẽƒe, eye nadzram ɖo, vaseɖe esime wò dɔmedzoe nu nafa; naɖo ɣeyiɣi nam, eye naɖo ŋku dzinye emegbe ɖe! Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea? . . . Àyɔm, eye matɔ na wò.”—Hiob 14:13-15.
Hiob xɔe se be ne yewɔ nuteƒe vaseɖe ku me la, Mawu aɖo ŋku ye dzi agafɔ ye ɖe tsitre. Dzixɔse siae nɔ Mawu subɔlawo katã si le blema. Yesu ŋutɔ ɖo kpe dzixɔse sia dzi esime wògblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, le esi me amesiwo katã le [ŋkuɖodziyɔdowo] me la, woase eƒe gbe; eye amesiwo wɔ nu nyuiwo la, woado go hena agbe ƒe tsitretsitsi, ke amesiwo wɔ nu vlowo la, hena ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.”—Yohanes 5:28, 29.
Ɣekaɣie tsitretsitsia adze egɔme? Biblia fia be eteƒe megadidi o. Biblia ƒe nyagblɔɖi fia be xexe sia ge ɖe eƒe ‘ŋkeke mamlɛawo’ me le ƒe 1914 me. (Timoteo II, 3:1) Madidi o, le nusi ame geɖe yɔna be ‘xexeame ƒe nuwuwu’ me la, Mawu aɖe nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa eye wòaɖo xexeme yeye aɖe anyi si anɔ dziƒodziɖuɖu te.—Mateo, ta 24; Marko, ta 13; Luka, ta 21; Nyaɖeɖefia 16:14.
Awɔe be paradiso nava xɔ anyigba bliboa dzi eye amesiwo dze agbagba le anukwareɖiɖi me be yewoasubɔ Mawu la anɔ edzi. Dzo mafia ame vɔ̃ɖiwo le dzomavɔ me o, gake womakpɔ teƒe le Paradiso si gbɔna me hã o. Míexlẽ le Psalmo 37:10, 11 be: “Ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o, eye ne èɖe ŋku ɖe eteƒe la, màgakpɔe o. Ke ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”
Ðe nya siawo katã nye drɔ̃e aɖe koa? Ao, Mawue do ŋugbea. Míexlẽ le Biblia me be: “Mese gbe gã aɖe tso fiazikpui la gbɔ le gbɔgblɔm bena: Kpɔ ɖa, Mawu ƒe agbadɔ la le amewo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woawo hã woanye eƒe dukɔ, eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo, eye wòanye woƒe Mawu. Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Èxɔ nya siawo dzi sea? Ele be nàxɔ wo dzi ase. Mawu ƒe nyawo vaa eme ɣesiaɣi. (Yesaya 55:11) Míele dzi dem ƒo na wò be nàgasrɔ̃ nu bubu geɖe tso tameɖoɖo si le Mawu si na ameƒomea ŋu. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò. Ne èdi be woakpe ɖe ye ŋu la, ke míedi tso asiwò be nàŋlɔ agbalẽ aɖo ɖe adrɛs siwo le ete dometɔ ɖeka.
Biblia ƒe kpukpui siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Agbalẽ siwo Islamtɔwo buna be wole Biblia mee nye esiwo woyɔna be Torah, Psalmowo, kple Nyanyuiawo. Koran ƒe kpukpui 64 ya teti gblɔ be agbalẽ siawo nye Mawu ƒe Nya eye wote gbe ɖe edzi be ehiã be woaxlẽ wo ahawɔ woƒe sededewo dzi. Ame aɖewo hea nya be wotro Torah, Psalmowo, kple Nyanyuiawo me nyawo. Amesiwo hea nya sia le gbɔgblɔm be Mawu mete ŋu kpɔ eya ŋutɔ ƒe Nya ta o.