Nusɔsrɔ̃ 7
Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
Nukata wòle vevie be nàdo gbe ɖa edziedzi? (1)
Amekae wòle be míado gbe ɖa na, eye alekee? (2,3)
Nukawo ŋue wòsɔ be míado gbe ɖa le? (4)
Ɣekaɣie wòle be nàdo gbe ɖa? (5, 6)
Ðe Mawu ɖoa to gbedodoɖawo katãa? (7)
1. Gbedodoɖae nye nuƒoƒo na Mawu ɖokuibɔbɔtɔe. Ele be nàdo gbe ɖa na Mawu edziedzi. Esia ana nàse le ɖokuiwò me be ye kplii dome le kplikplikpli abe xɔlɔ̃ vevi aɖe ene. Yehowa lolo eye ŋusẽ le esi ale gbegbe, ke hã eɖoa to míaƒe gbedodoɖawo! Èdoa gbe ɖa na Mawu edziedzia?—Psalmo 65:3; Tesalonikatɔwo I, 5:17.
2. Gbedodoɖa nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe. Eyata Mawu, Yehowa, ɖeɖekoe wòle be míado gbe ɖa na. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, edo gbe ɖa na Fofoa ɣesiaɣi, menye na ame bubu aɖeke o. Ele be míawɔ nenema ke. (Mateo 4:10; 6:9) Gake ele be míaƒe gbedodoɖawo katã nato Yesu ƒe ŋkɔ me. Esia fia be míedea bubu Yesu ƒe ɖoƒe ŋu eye be míexɔ eƒe tafevɔsa dzi se.—Yohanes 14:6; Yohanes I, 2:1, 2.
3. Ne míele gbe dom ɖa la, ele be míaƒo nu na Mawu tso míaƒe dzime. Mele be míalé míaƒe gbedodoɖawo ɖe susu me agblɔ alo axlẽ wo tso gbedodoɖagbalẽ aɖe me o. (Mateo 6:7, 8) Míate ŋu ado gbe ɖa le nɔnɔme ɖesiaɖe si ɖea bubu fiana me, le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, kple le teƒe ɖesiaɖe. Mawu ate ŋu ase gbe siwo míado ɖa le míaƒe dzime numaƒomaƒoe gɔ̃ hã. (Samuel I, 1:12, 13) Enyo be míadi teƒe si ɖoɖoezizi le si amewo mele o ne míedi be míawo ɖeɖe míado gbe ɖa.—Marko 1:35.
4. Nukawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa le? Nusianu si ku ɖe mía kplii ƒe xɔlɔ̃dzedze ŋu. (Filipitɔwo 4:6, 7) Kpɔɖeŋugbedodoɖa la ɖee fia be ele be míado gbe ɖa le Yehowa ƒe ŋkɔ kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Míate ŋu abia be woana míaƒe ŋutilãmenuhiahiãwo hã mí, abia míaƒe nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke, kple kpekpeɖeŋu ne míeɖo tetekpɔ me. (Mateo 6:9-13) Mele be ɖokuitɔdidi nadze le míaƒe gbedodoɖawo me o. Ele be míado gbe ɖa abia nusiwo wɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ko.—Yohanes I, 5:14.
5. Àte ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi si wò dzi ʋã wò be nàda akpe na Mawu alo akafui. (Kronika I, 29:10-13) Ele be nàdo gbe ɖa ne èdo go kuxiwo eye wòle wò xɔse dom kpɔ. (Psalmo 55:23; 120:1) Esɔ be nàdo gbe ɖa hafi aɖu nu. (Mateo 14:19) Yehowa kpe mí be míado gbe ɖa “ɣeawokatãɣi.”—Efesotɔwo 6:18.
6. Vevietɔ ele be míado gbe ɖa ne míewɔ nuvɔ̃ gã aɖe. Le ɣeyiɣi mawo me la, ele be míaɖe kuku abia Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke. Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me nɛ eye míedze agbagba vevie be míagawɔ wo o la, Mawu “le klalo be yeatsɔe ake” mí.—Psalmo 86:5, NW; Lododowo 28:13.
7. Ame dzɔdzɔewo ƒe gbedodoɖa koe Yehowa ɖoa toe. Be Mawu nase wò gbedodoɖawo la, ele be nàdze agbagba alesi nàte ŋui anɔ agbe ɖe eƒe sewo nu. (Lododowo 15:29; 28:9) Ele be nàbɔbɔ ɖokuiwò ne èle gbe dom ɖa. (Luka 18:9-14) Ele be nàdze agbagba le nusi nèdoa gbe ɖa biana ŋu. Àto ema me aɖee fia be xɔse le ye si eye be yeka ɖe nya si yegblɔna dzi. Ema ko hafi Yehowa aɖo wò gbedodoɖawo ŋu.—Hebritɔwo 11:6.