Nusɔsrɔ̃ 9
Ele Be Mawu Subɔlawo Nanɔ Dzadzɛ
Nukata wòle be míanɔ dzadzɛ le go sia go me? (1)
Nukae wòfia be míanɔ dzadzɛ le gbɔgbɔ me? (2)le agbenɔnɔ me? (3) le susu me? (4) le ŋutilã me? (5)
Nya ƒaƒã kawo tɔgbe gbɔgblɔe wòle be míatsri? (6)
1. Yehowa Mawu le dzadzɛ hele kɔkɔe. Edi tso esubɔlawo si be woanɔ dzadzɛ—le gbɔgbɔ, agbenɔnɔ, susu, kple ŋutilã me. (Petro I, 1:16) Ebia agbagbadzedze vevie be woanɔ dzadzɛ le Mawu ƒe ŋkume. Xexe makɔmakɔ mee míele. Ele be míawɔ avu kple mía ŋutɔwo míaƒe dzodzro vɔ̃wo hã. Gake mele be míana ta o.
2. Gbɔgbɔmedzadzɛnyenye: Ne míedi be míasubɔ Yehowa la, míate ŋu ayi edzi alé alakpasubɔsubɔ ƒe nufiafia alo kɔnu aɖeke me ɖe asi o. Ele be míado le alakpasubɔsubɔ me eye míagado alɔe le mɔ aɖeke nu o. (Korintotɔwo II, 6:14-18; Nyaɖeɖefia 18:4) Ne míenya srɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu ko la, ele be míakpɔ nyuie be amesiwo fiaa alakpanuwo nagable mí o.—Yohanes II, 10, 11.
3. Agbedzadzɛnɔnɔ: Yehowa di be ye subɔlawo nawɔ nu ɣesiaɣi atsɔ aɖee fia be nyateƒe Kristotɔwoe yewonye. (Petro I, 2:12) Ekpɔa nusianu si míewɔna, le ɣaɣlaƒe gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 4:13) Ele be míatsri gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple xexe sia me nuwɔna makɔmakɔ bubuwo.—Korintotɔwo I, 6:9-11.
4. Susumedzadzɛnyenye: Ne míena nu dzadzɛ, siwo le kɔkɔe, xɔ míaƒe susu me la, míaƒe agbenɔnɔ hã anɔ dzadzɛ. (Filipitɔwo 4:8) Gake ne míaƒe susu nɔa nu makɔmakɔwo ŋu la, ana míawɔ nu baɖawo. (Mateo 15:18-20) Ele be míatsri modzakaɖeɖe siwo ƒomevi ate ŋu aƒo ɖi míaƒe susu. Míate ŋu ana nu dzadzɛwo naxɔ míaƒe susu me to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ me.
5. Ŋutilãmedzadzɛnyenye: Esi wònye Mawu teƒee Kristotɔwo le ta la, ele be woana woƒe ŋutilã kple nudodo nanɔ dzadzɛ. Ele be míaklɔ asi ne míetso nugododeƒe, eye ele be míaklɔe hafi aɖu nu alo aka asi nuɖuɖu ŋu. Ne do si me tsi ƒoɖiwo tona si sɔ mele mia si o la, ke ele be miaɖi nugodo si miede la ɖe tome. (Mose V, 23:12, 13) Dzadzɛnɔnɔ le ŋutilã me na wonɔa lãmesẽ me. Ele be Kristotɔ ƒe aƒeme nakɔ eye eme kple egodo siaa nanɔ dzadzɛ. Ele be wòanye kpɔɖeŋu nyui si ɖe dzesi le nutoa me.
6. Nuƒoƒo Dzadzɛ: Ele be Mawu subɔlawo nato nyateƒe ɣesiaɣi. Aʋatsokalawo mayi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea me o. (Efesotɔwo 4:25; Nyaɖeɖefia 21:8) Kristotɔwo megblɔa gbegblẽnyawo o. Womeɖoa to nya ƒaƒãwo kple nya makɔmakɔwo alo gblɔa wo o. Woƒe nuƒo dzadzɛ na wotoa vovo le dɔwɔƒe alo suku kple nuto si me wole me.—Efesotɔwo 4:29, 31; 5:3.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Ele be Mawu subɔlawo nanɔ dzadzɛ le nusianu me