INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 12 axa 24-25
  • Bubudede Agbe Kple Ʋu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Bubudede Agbe Kple Ʋu Ŋu
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • De Asixɔxɔ Nunana Si Nye Agbe Ŋu
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Bu Agbe abe Alesi Mawu Bunɛ Ene
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Ale Si Mawu Bunɛ Enea?
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Ðe Nèbua Agbe Nu Xɔasii Abe Mawu Enea?
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 12 axa 24-25

Nusɔsrɔ̃ 12

Bubudede Agbe Kple Ʋu Ŋu

Aleke wòle be míabu agbee? (1) fuɖeɖee? (1)

Aleke Kristotɔwo ɖenɛ fiana be dedienɔnɔ le vevie na yewo? (2)

Ðe wònye nu gbegblẽ be míawu lãwoa? (3)

Nukawoe nye nuwɔna siwo medea bubu agbe ŋu o la dometɔ aɖewo? (4)

Se kae Mawu de le ʋu ŋu? (5)

Ðe ʋudodo hã le esia mea? (6)

1. Yehowa ye nye Agbedzɔƒe. Mawu gbɔe nugbagbewo katã ƒe agbe dzɔ tso. (Psalmo 36:10) Agbe nye nu kɔkɔe na Mawu. Ðevi si womedzi haɖe o si le dadaa ƒe dɔme gɔ̃ hã ƒe agbe xɔ asi na Yehowa. Eɖoɖo koŋ awu vidzĩ si le tsitsim alea la nye nuvɔ̃ le Mawu ŋkume.—Mose II, 21:22, 23; Psalmo 127:3.

2. Kristotɔ vavãwo nɔa ŋudzɔ ɖe dedienɔnɔ ŋu vevie. Wokpɔa egbɔ be yewoƒe ʋuwo kple yewoƒe aƒewo le dedie. (Mose V, 22:8) Mawu subɔlawo metsɔa woƒe agbe dea afɔku me ɖe modzakaɖeɖe alo vivisese ko ta o. Eyata womekpɔa gome le anyrãwɔwɔ ƒe lãmesẽfefe si me woɖonɛ koŋ wɔa nuvevi ame bubuwo le la me o. Wotsria modzakaɖeɖe siwo dea adãwɔwɔ ƒe dzi ƒo.—Psalmo 11:5; Yohanes 13:35.

3. Lãwo ƒe agbe hã nye nu kɔkɔe na Wɔla la. Kristotɔ ate ŋu awu lãwo ɖe nuɖuɖu kple nudodo ta alo be wòatsɔ akpɔ eɖokui ta tso dɔléle alo afɔku me. (Mose I, 3:21; 9:3; Mose II, 21:28) Gake menyo be woawɔ fu lãwo alo awu wo ɖe fefe alo modzakaɖeɖe ta ko o.—Lododowo 12:10.

4. Kristotɔ menoa atama, ɖua betel-ne, hezãa atikewo ɖe vivisese ta o. Nuwɔna siawo menyo o elabena (1) wowɔa mí woƒe kluviwoe, (2) wogblẽa nu le míaƒe ametia ŋu, eye (3) wonye nu makɔmakɔwo. (Romatɔwo 6:19; 12:1; Korintotɔwo II, 7:1) Asiɖeɖe le numãme siawo ŋu ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Gake ele be míaɖe asi le wo ŋu hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋu.

5. Ʋu hã nye nu kɔkɔe le Mawu ŋkume. Mawu gblɔ be luʋɔ, alo agbe, le ʋu la me. Eyata menyo be woaɖu ʋu o. Enye nu gbegblẽ hã be woaɖu lã siwo wometso ʋui nyuie o. Ne wolé ve na lã aɖe wòku alo eku ɖe mɔ̃ me la, mele be woaɖui o. Ne wotɔ akplɔe alo da tui la, ele be woatsoe kaba be ʋua naɖuɖu hafi woaɖui.—Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:13, 14; Dɔwɔwɔwo 15:28, 29.

6. Ðe wònye nu gbegblẽ be woalɔ̃ woado ʋu na amea? Ðo ŋku edzi be Yehowa di be míatsri ʋu. Esia fia be mele be míaxɔ ame bubuwo ƒe ʋu alo mía ŋutɔ míaƒe ʋu si woɖe da ɖi ɖe míaƒe ŋutilã me le mɔ aɖeke nu kura o. (Dɔwɔwɔwo 21:25) Eyata Kristotɔ vavãwo malɔ̃ woado ʋu na wo o. Woalɔ̃ be woazã atike bubuwo atsɔ ada dɔ na yewo, abe atike siwo me ʋu mele o dodo na yewo ene. Wodi be yewoanɔ agbe, gake womadze agbagba be yewoakpɔ yewoƒe agbe ta to Mawu ƒe sewo dzi dada me o.—Mateo 16:25.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míatsri ʋudodo, nɔnɔme makɔmakɔwo, kple nusiwo ahe afɔku dzodzro vɛ

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe