INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 15 axa 30
  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Agblɔ Nya Nyuia Na Amewo?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • ‘Nane Si Nyo Wu Ŋuti Nyanyui Tsɔtsɔ Yi Na Amewo’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Aleke Wole Gbeƒã Ðem Nya Nyuiae?
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Nàte Ŋu Awɔ Amewo Woanye Nusrɔ̃lawoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 15 axa 30

Nusɔsrɔ̃ 15

Kpekpe Ðe Amewo Ŋu Woawɔ Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu

Nukata nàƒo nu tso nu nyui siwo srɔ̃m nèle ŋu na ame bubuwo? (1)

Amekawoe nàte ŋu agblɔ nyanyuia na? (2)

Ŋusẽ kae wò agbenɔnɔ ate ŋu akpɔ ɖe ame bubuwo dzi? (2)

Ɣekaɣie nàte ŋu awɔ ɖeka kple hamea aɖe gbeƒã? (3)

1. Vaseɖe fifia la, èsrɔ̃ nu nyui geɖe tso Biblia me. Ele be sidzedze sia nana nàtu Kristotɔwo ƒe amenyenye ɖo. (Efesotɔwo 4:22-24) Sidzedze sia le vevie na wò agbe mavɔ kpɔkpɔ. (Yohanes 17:3) Gake ehiã be ame bubuwo hã nase nyanyuia ale be woate ŋu axɔ woawo hã ɖe agbe. Ele be Kristotɔ vavãwo katã naɖi ɖase na ame bubuwo. Mawu ƒe sededee wònye.—Romatɔwo 10:10; Korintotɔwo I, 9:16; Timoteo I, 4:16.

2. Àte ŋu adze egɔme anɔ nu nyui siwo srɔ̃m nèle gblɔm na amesiwo te ɖe ŋuwò. Gblɔ wo na wò ƒometɔwo, xɔlɔ̃wo, sukuhatiwo, kple dɔwɔhatiwo. Ðe dɔmenyo kple dzigbɔɖi fia ne èle esia wɔm. (Timoteo II, 2:24, 25) Ðo ŋku edzi be zi geɖe la, amewo léa ŋku ɖe ame ƒe agbenɔnɔ ŋu wu alesi woɖoa to nya si amea gblɔna. Eyata wò agbenyuinɔnɔ ate ŋu ahe ame bubuwo be woaɖo to gbedasi si nègblɔna.—Mateo 5:16; Petro I, 3:1, 2, 16.

3. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, àdze be nàdze egɔme awɔ ɖeka kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame si le mia gbɔ ayi ava ɖe gbeƒã. Esia nye afɔɖeɖe vevi aɖe le wò ŋgɔyiyi me. (Mateo 24:14) Dzidzɔ kae nye si nàkpɔ ne ète ŋu kpe ɖe ame bubu aɖe hã ŋu wòva zu Yehowa subɔla eye wòkpɔ agbe mavɔ!—Tesalonikatɔwo I, 2:19, 20.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe