Nusɔsrɔ̃ 16
Wò Nyametsotso be Yeasubɔ Mawu
Nukae wòle be nàwɔ ale be nàva zu Mawu xɔlɔ̃? (1, 2)
Aleke nàɖe adzɔgbee na Mawu? (1)
Ɣekaɣie wòle be nàxɔ nyɔnyrɔ̃? (2)
Aleke nàwɔ akpɔ ŋusẽdodo be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Mawu? (3)
1. Be nàva zu Mawu xɔlɔ̃ la, ele be Biblia me nyateƒea ƒe sidzedze geɖe nasu asiwò (Timoteo I, 2:3, 4), nàxɔ nusiwo nèsrɔ̃ dzi ase (Hebritɔwo 11:6), nàtrɔ dzime tso wò nuvɔ̃wo me (Dɔwɔwɔwo 17:30, 31), eye nàtrɔ le wò agbenɔnɔ me. (Dɔwɔwɔwo 3:19) Azɔ hã ele be wò lɔlɔ̃ na Mawu naʋã wò nàtsɔ ɖokuiwò aɖe adzɔgbe nɛ. Esia fia be le gbe si wò ŋutɔ nàdo ɖa me la, àgblɔ nɛ be yetsɔ ye ɖokui na eyama be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu.—Mateo 16:24; 22:37.
2. Ne èɖe adzɔgbe na Mawu vɔ la, ke ele be nàxɔ nyɔnyrɔ̃. (Mateo 28:19, 20) Nyɔnyrɔ̃xɔxɔ na amesiame nyana be ètsɔ ɖokuiwò ɖe adzɔgbe na Yehowa. Eyata amesiwo tsi ate ŋu atso nya me be yewoasubɔ Mawu la koe ate ŋu axɔ nyɔnyrɔ̃. Ne wona nyɔnyrɔ̃ ame aɖe la, ele be woatsɔ eƒe ŋutilã katã ade tsia te ɣeyiɣi kpui aɖe.a—Marko 1:9, 10; Dɔwɔwɔwo 8:36.
3. Le wò adzɔgbeɖeɖe megbe la, Yehowa akpɔ mɔ be nànɔ agbe wòasɔ ɖe ŋugbe si nèdo la nu. (Psalmo 50:14; Nyagblɔla 5:3, 4) Abosam adze agbagba be yeana nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔ. (Petro I, 5:8) Gake te ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me. (Filipitɔwo 4:6, 7) Srɔ̃ eƒe Nya la gbesiagbe. (Psalmo 1:1-3) Ku ɖe hamea ŋu goŋgoŋ. (Hebritɔwo 13:17) Ne èwɔ nusiawo katã la, ado ŋusẽ wò be nàyi edzi awɔ nuteƒe na Mawu. Ekema àte ŋu awɔ nusiwo Mawu di tso asiwò la ayi ɖe mavɔmavɔ me!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míekafui be nàsrɔ̃ Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, alo agbalẽ ma tɔgbe si Watch Tower Bible and Tract Society tana la atsɔ adzra ɖo ɖe nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ŋu.