INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ba axa 4-5
  • Agbalẽ Si Ŋu Wogblẽ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbalẽ Si Ŋu Wogblẽ
  • Agbalẽ si Nyo na Amesiame
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia me Nyawo ƒe Gɔmesese Vavãtɔ Kpɔkpɔ
  • Subɔsubɔhawo Gblẽ Eŋu
  • Galileo
    Nyɔ!—2015
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Nyaʋiʋli aɖe Dze Egɔme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Biblia—Ðe Wotsi Tre Ðe Wo Nɔewo Ŋu Vavãa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Dzɔdzɔmeŋutinunya Kple Mawusubɔsubɔ—Masɔmasɔ Si Le Wo Dome
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Agbalẽ si Nyo na Amesiame
ba axa 4-5

Agbalẽ Si Ŋu Wogblẽ

“Nufiafia si nye be anyigba ƒoa xlã nu le go eve me siwo nye eƒe totro kple eƒe xlãƒoƒo ɣea nye alakpa, eye mesɔ kple Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea le go aɖeke me o.” Aleae Roma Katolikoha ƒe Agbalẽmekuha ƒe nyametsotso aɖe gblɔ le ƒe 1616 me.1 Ðe wònye nyateƒe be Biblia mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒewo oa? Alo aʋatsoe woka ɖe esi?

LE ƑE 1609 kple 1610 dome ƒe vuvɔŋɔli la, Galileo Galilei wu eƒe yamenutomekpɔmɔ̃ si wòwɔ yeyee ɖe dzi tsɔ kpɔ dziƒonuwoe eye wòkpɔ be dzinu ene nɔ xlã ƒom ɣletinyigba si nye Jupiter. Nusi wòkpɔ la te fli ɖe dzixɔse si bɔ ɣemaɣi be ele be dziƒonuwo katã naƒo xlã anyigba la me kura. Do ŋgɔ le ƒe 1543 me la, Polandtɔ ɣletiviŋununyala Nicolaus Copernicus gblɔ be ɣea ye ɣletinyigbawo ƒoa xlã. Galileo ɖo kpe edzi be dzɔdzɔmeŋutinunya me nyateƒee nya sia nye.

Gake Katolikotɔwo ƒe mawunyaŋununyalawo ya bu nya sia be enye aglãdzenufiafia. Ha la xɔ edzi se tso gbaɖegbe ke be anyigbae nye xexeame godoo titina.2 Ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso anyigba ŋu be woɖo egɔme anyi “ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o” la ƒe gɔmeɖeɖe ɖe nyawo ŋutɔŋutɔ nu tẽ dzie wotu nukpɔsusu sia ɖo. (Psalmo 104:5) Wosama Galileo be wòava do ɖe Ŋutasẽʋɔnu la ŋkume le Roma. Wowɔ funyafunyae vevie eye wozi edzi be wòagbe nu le nusiwo ŋu wòke ɖo la gbɔ, eye wosikae ɖe eya ŋutɔ ƒe aƒeme eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo.

Le ƒe 1992 me, si nye abe ƒe 350 ene le Galileo ƒe ku megbe la, Katolikoha la va lɔ̃ ɖe edzi mlɔeba be nyateƒee wòto hafi.3 Ne nyateƒee Galileo to la, ke aʋatsoe Biblia kaa?

Biblia me Nyawo ƒe Gɔmesese Vavãtɔ Kpɔkpɔ

Galileo xɔ Biblia dzi se be nyateƒee emenyawo nye. Esi eƒe dzɔdzɔmeŋutinunya me nufɔfɔwo mesɔ kple alesi woɖe Biblia ƒe kpukpui aɖewo gɔmee ɣemaɣi o la, ebui be mawunyaŋununyalawoe mese emenyawo gɔme nyuie o. Eŋlɔ be, ne èbu eŋu kpɔ la, “ne nu eve nye nyateƒe la, womate ŋu atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu o.”4 Egblɔ be alesi woyɔa nui ɖe alesi wòle tututu nu le dzɔdzɔmeŋutinunya me la metsi tre ɖe alesi woŋlɔ Biblia me nyawo ɖe alesi woƒoa nui gbadzaa la ŋu o. Gake mawunyaŋununyalawo gbe eme sese nɛ. Wote tɔ ɖe edzi be ele be woatsɔ nya siwo katã Biblia gblɔ le anyigba ŋu la ɖe alesi tututu wogblɔ woe nu. Esia na be menye Galileo ƒe nufɔfɔwo koe wogbe o ke womete ŋu se nusi tututu Ŋɔŋlɔawo me nyagbɔgblɔ mawo fia hã gɔme o.

Le nyateƒe me la, ele be nuŋububu nyui nakpe ɖe mía ŋu míanya be ne Biblia yɔ “anyigba ƒe dzogoe eneawo” la, mefia be ɖe Biblia-ŋlɔlawo bui be dzogoe ene siwo sɔ kple wo nɔewo mee anyigba le o. (Nyaɖeɖefia 7:1) Alesi amewo ƒoa nui nue woŋlɔ Biblia ɖo, eye zi geɖe la, wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nyui siwo ŋu gɔmesese deto le le eme. Eyata ne Biblia gblɔ be ‘dzogoe ene,’ ‘gɔmeɖokpe’ sesẽ, ‘anyinɔwo,’ kple ‘dzogoedzikpe’ le anyigba si la, menye alesi anyigba la le le dzɔdzɔmeŋutinunya nu gblɔm wòle o; eme kɔ ƒã be kpɔɖeŋu ko wɔm wòle, abe alesi míawo hã míelɔ̃a nya siawo tɔgbe gbɔgblɔ le míaƒe gbesiagbenuƒoƒo mee ene.a—Yesaya 51:13; Hiob 38:6.

Agbeŋutinyaŋlɔla L. Geymonat gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Galileo Galilei me be: “Ðeko mawunyaŋununyala siwo gbea ame bubuwo ƒe susu xɔxɔ eye wodina be yewoaxe mɔ ɖe dzɔdzɔmeŋutinunya nu le nusi Biblia gblɔ ta la ana amewo nagbe Biblia ŋutɔ dzixɔxɔse boŋ.”5 Eye nu ma tututue wowɔ. Le nyateƒe me la, mawunyaŋununyalawo ƒe Biblia gɔmeɖeɖee da mɔxenu siwo me susu mele o ɖe mɔ me na dzɔdzɔmeŋutinunya—menye Biblia ŋutɔe o.

Nenema ke blemakɔnumeléɖeasilawo hã troa Biblia me nyawoe egbea esi wotea tɔ ɖe edzi be gaƒoƒo 24 ƒe ŋkeke adee wotsɔ wɔ anyigbae. (Mose I, 1:3-31) Nukpɔsusu sia mewɔ ɖeka kple dzɔdzɔmeŋutinunya loo alo Biblia o. Abe alesi wòle le míaƒe nuƒoƒo me ene la, le Biblia me la, gɔmesese gbadzaa ye le nya “ŋkeke” ŋu, eye wozãnɛ na ɣeyiɣi ƒe didime vovovo. Woyɔ nuwɔwɔŋkeke adeawo katã be ‘ŋkeke’ ɖeka si me bubuawo katã le le Mose I, 2:4. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le Biblia me be “ŋkeke” la ate ŋu afia ko be enye “ɣeyiɣi didi aɖe.”6 Eyata naneke meli si dzi míanɔ te ɖo le Biblia me ate tɔ ɖe edzi be gaƒoƒo 24 ƒe ŋkekee nuwɔwɔŋkeke ɖesiaɖe nye o. Esi blemakɔnumeléɖeasilawo fia nusi to vo na esia ta la, wogblɔ nusi Biblia megblɔ o.—Kpɔ Petro II, 3:8 hã.

Le ŋutinya katã me la, mawunyaŋununyalawo tro Biblia me nyawo zi geɖe. Kpɔ mɔ bubu siwo nu Kristodukɔa ƒe sɔlemehawo gblẽ Biblia ŋui le ɖa.

Subɔsubɔhawo Gblẽ Eŋu

Zi geɖe la, amesiwo gblɔna be Biblia dzie yewozɔna ɖo ƒe nuwɔnawo gblẽ agbalẽ si ŋu wogblɔna le be yewodea bubui la ŋkɔ. Amesiwo yɔa wo ɖokui be Kristotɔwo kɔ wo nɔewo ƒe ʋu ɖi le Mawu ƒe ŋkɔ me. Evɔ ɖe Biblia xlɔ̃ nu Kristo yomedzelawo be ‘woalɔ̃ wo nɔewo’ hafi.—Yohanes 13:34, 35; Mateo 26:52.

Subɔsubɔhaŋgɔnɔla aɖewo tsɔa amenublenyawo daa adzo ga si woƒe hameviwo dagba kpɔ la le wo si—esia to vovo kura na Ŋɔŋlɔawo me mɔfiame sia si gblɔ be: “Faa miexɔe, faa minae.”—Mateo 10:8; Petro I, 5:2, 3.

Eme kɔ ƒã be womate ŋu atsɔ amesiwo yɔa nya tso Biblia me alo gblɔna be yewonɔa agbe ɖe emenyawo nu ko ƒe nyawo kple nuwɔnawo adrɔ̃ ʋɔnui o. Eyata amesi xɔa aɖaŋuɖoɖo adi be ye ŋutɔ yeakpɔ nusi le Biblia me kple nusitae wònye agbalẽ si ɖe dzesi ale gbegbe la ɖa.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Le kpɔɖeŋu me, ɣletiviŋununyala siwo yɔa nu ɖe alesi wòle tututu nu wu gɔ̃ hã gblɔna be ɣe “dze,” “eɖo to,” eye be ɣletiviwo kple ɣletivihawo “do” eye “wobu”—togbɔ be le nyateƒe me la, anyigba ƒe totro le eɖokui si koe na wòdzena abe ɖe wozɔna ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Galileo ƒe yamenutomekpɔmɔ̃wo dometɔ eve

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Galileo le eƒe ŋutasẽʋɔnudrɔ̃lawo ŋkume

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe